Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawɔ Agbe Gbɔdɔnyawo Le Suku?

Aleke Mawɔ Agbe Gbɔdɔnyawo Le Suku?

 Sɔhɛwo Biana Be . . .

Aleke Mawɔ Agbe Gbɔdɔnyawo Le Suku?

“Sukuviwo ɖoa dze tsoa gbɔdɔnyawo ŋu gbesiagbe. Nyɔnuviwo kura gɔ̃ hã va nɔa ahiã dim ŋutsuviwo, eye wodɔa wo nɔewo gbɔ le sukua me kura gɔ̃ hã.”—Eileen si xɔ ƒe 16.

“Le míaƒe suku la, ŋutsuviwo dɔa ŋutsuviwo gbɔ, eye nyɔnuviwo hã dɔa nyɔnuviwo gbɔ le sukuvi bubuwo ŋku me, evɔ mekpea ŋu na wo hã o.”—Michael si xɔ ƒe 15. *

ÐE WÒ sukuxɔmehatiwo ɖoa dze tsoa gbɔdɔnyawo ŋu gbesiagbea? Ðe wo dometɔ aɖewo nɔa agbegbegblẽ kura gɔ̃ hã? Ne nenemae la, ekema àse le ɖokuiwò me abe alesi nyɔnuvi ƒewuivi aɖe se le eɖokui me ene, be suku nɔnɔ le ko abe “dɔ wɔwɔ le gbɔdɔdɔ ŋuti sinimawo wɔƒe” ene. Nya lae nye be mɔnukpɔkpɔ geɖe ʋuna ɖi na sɔhɛwo edziedzi be woaɖo dze tso gbɔdɔnyawo ŋu alo akpɔ gome le eme kura gɔ̃ hã.

Ðewohĩ àse wò sukuxɔmehatiwo nagblɔ be yewodɔ kple amesiwo menye yewoƒe ahiãviwo o gɔ̃ hã. Le go aɖewo me la, sukuvi aɖewo dɔna kple amesiwo womedze si nyuie o. Le go bubuwo me la, wodɔna kple amesiwo wodo go zi gbãtɔ, le dze ɖoɖo kpli wo le Internet dzi megbe. Le esiawo katã me la, menye esi wolɔ̃ ameawo tae o. Danielle si xɔ ƒe 19 gblɔ be: “Nusi ame eve awɔ atsɔ aɖi akɔ na woƒe dzodzrowo koe wònye.”

Eyata mewɔ nuku o be gbɔdɔnyawo gbɔgblɔ va bɔ le suku geɖe me, eye ame akpa gãtɔ doa dzidzɔ ɖe eŋu. Nyɔnuvi ƒe-17-vi aɖe ŋlɔ ɖe woƒe suku nyadzɔdzɔgbalẽ me be: “Ne míetrɔ va suku le Dzoɖagbe la, gbɔdɔdɔnuwɔna siwo me sukuviwo kpɔ gome le le kwasiɖanuwuwua ŋu koe wonɔa dze ɖom tsoe le xɔa me, eye xɔlɔ̃wo gblɔa alesi wowɔ nuawo ŋutɔŋutɔe la na wo nɔewo.”

Ne wò ya èle agbagba dzem be yeawɔ Biblia ƒe dzidzenuwo dzi la, ekema amesiwo ƒoa nu tsoa gbɔdɔnyawo ŋu dome nɔnɔ ana nàse le ɖokuiwò be yetsi akogo. Eye ne mèwɔa ɖeka kpli wo o la, woate ŋu anɔ kowòm. Le mɔ aɖe nu la, ele be nànɔ mɔ kpɔm na esia, elabena Biblia gblɔ be ne amewo mese nusita wò nuwɔnawo to vovo ɖo gɔme o la, woate ŋu ‘agblɔ busunyawo ɖe ŋuwò.’ (Petro I, 4:3, 4) Gake ame aɖeke medina be woanɔ fewu ɖum le ye ŋu o. Eyata aleke nàwɔ agbe gbɔdɔnyawo le suku evɔ wòaganye dada na wò be yegbe  wo? Gbã la, ele vevie be nàse nusitae gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu sẽ nenema le ame me la gɔme.

Dze Si Ðokuiwò

Ne èle ɖekakpui alo ɖetugbi me ɖom la, ekema tɔtrɔ geɖe vana le wò ŋutilã kple seselelãme gome kabakaba. Ne èle ɣeyiɣi sia me tom la, ekema gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu asẽ le mewò. Nyae be menye dzodzro gbegblẽ aɖekee wònye o. Eyata ne miaƒe sukuvi aɖewo ƒe nu va le ŋuwò nyom ŋutɔ la, megawɔ na wò be ame gbegblẽe yenye wodzi alo be yemate ŋu anɔ agbe dzadzɛ gbeɖe o. Àte ŋu anɔ agbe dzadzɛ ne wò ŋutɔ èlɔ̃ ko!

Tsɔ kpe ɖe dzɔdzɔmedzodzro si nɔa ƒewuiviwo me ŋu la, nu bubu aɖe hã li si wòle be nànya. Esi wònye ame aɖeke mede blibo o ta la, nu gbegblẽ wɔwɔ dzroa mí katã. Apostolo Paulo kura gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be: “Mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.” Paulo gblɔ be yeƒe blibomademade na yese le ye ɖokui me be yenye “nublanuitɔ.” (Romatɔwo 7:23, 24) Gake eɖu dzi, eyata wò hã àte ŋui!

Se Nu Gɔme na Wò Sukuxɔmehatiwo

Abe alesi míegblɔe va yi ene la, ɖewohĩ wò sukuxɔmehatiwo anɔ dze ɖom tso gbɔdɔnyawo ŋu ɣesiaɣi alo aƒo adegbe tso gbɔdɔdɔnuwɔna siwo me wokpɔ gome le ŋu. Ele be nànyae be woate ŋu akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe dziwò. (Korintotɔwo I, 15:33) Gake mele be nàbu wò sukuxɔmehatiwo abe wò futɔwo ene o. Nukata?

Didi si le mewò la kee le wò sukuxɔmehatiwo hã me. Nugbegblẽwɔwɔ dzroa woawo hã. Gake esi wò ya nèto vovo na wo ta la, wo dometɔ aɖewo ate ŋu anye “amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu.” Alo woƒe ƒometɔwo nye “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o.” (Timoteo II, 3:1-4) Ðewohĩ wò sukuxɔmehati aɖewo dzilawo mehe wo le agbenyuinɔnɔ gome lɔlɔ̃tɔe o.—Efesotɔwo 6:4.

Esi wònye nunya si tso Mawu ƒe Nya Biblia me le wò ya asiwò evɔ mele wò sukuxɔmehatiwo ya si o ta la, ɖewohĩ womenya afɔku siwo dzodzro ɖesiaɖe dzi wɔwɔ hena vanɛ o. (Romatɔwo 1:26, 27) Ðeko wòle abe alesi wo dzilawo natsɔ ʋu sesẽ aɖe na wo be woatsɔ ayi dɔ aɖe gbe le ʋumɔgã aɖe dzi, evɔ womefia ʋu kuku wo o ene. Ekuku avivi wo nu ɣeyiɣi kpui aɖe ya, gake afɔku le ŋgɔ na wo godoo. Ekema nukae nàwɔ ne wò sukuxɔmehatiwo te dze ɖoɖo tso gbɔdɔnyawo ŋu le gbɔwò, alo wodi be yewoaƒoe ɖe nuwò wò hã nàkpɔ gome le agbegbegblẽnɔnɔ me?

Tsri Gbegblẽnyawo Gbɔgblɔ

Ne wò sukuxɔmehatiwo te dze ɖoɖo le gbɔdɔnyawo ŋu la, ɖewohĩ adzro wò be yeaɖo to asee alo akpɔ gome le eme, ale be womagakpɔ be yeto vovo o ko. Gake de ŋugble tso alesi woabu nuwɔna mae ŋu kpɔ. Ðe gome kpɔkpɔ kpli wo le dzeɖoɖoa me aɖe amesi nènye alo di be yeanye la afia ŋutɔŋutɔa?

Ekema nukae nàwɔ ne miele dze ɖom tso nane ŋu, eye agbegbegblẽnɔnɔ ŋu nyawo va ge ɖe eme? Ðe wòle be nàtso ko adzo le wo gbɔa? Ẽ, nu ma tututue wòle be nàwɔ! (Efesotɔwo 5:3, 4) Biblia gblɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui.” (Lododowo 22:3) Eyata ne èdzo la, mefia amemabumabu o, efia boŋ be nunyalae nènye.

Le nyateƒe me la, mele be ŋu nakpe wò be nàdzo ne dzeɖoɖoa va trɔ ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu o. Godoo la, dzeɖoɖo ƒomevi aɖewo anɔ anyi siwo me màdi be yeakpɔ gome le o, evɔ makpe ŋu na wò hã o, vevietɔ ne nusi ŋu wole dze ɖom tsoe la medzɔa dzi na wò o alo mèdi be yeakpɔ gome le  eme o. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be wò sukuxɔmehati aɖewo te nu ƒoƒo tso adzodada ame aɖe ŋu. Ànɔ afima anɔ woƒe ɖoɖowo semaa? Ne ènɔ afima la, woate ŋu abu be wò hã ède wo dzi. Eyata nunya anɔ eme be nàtso adzo. Nusia kee wòle be nàwɔ ne dzeɖoɖoa trɔ ɖe agbegbegblẽnɔnɔ nyawo ŋu. Zi geɖe la, àte ŋu ato mɔ aɖe dzi adzo gake mawɔ na amewo be ènye ɖokuiŋudzela si ta woako wò ɖo o.

Ele eme ya be manya wɔ ɣesiaɣi be nàƒo asa na nɔnɔme aɖewo o. Le kpɔɖeŋu me, amesiwo te ɖe ŋuwò le sukuxɔa me adi be yewoana nàkpɔ gome le gbɔdɔnyawo gbɔgblɔ me. Ne edzɔ nenema la, ekema àte ŋu atsɔ moveviɖoɖo agblɔe na wo bubutɔe be woadzudzɔ fu ɖeɖe na ye. Ne ema medze edzi o la, ekema àte ŋu awɔ nusi Brenda wɔ. Egblɔ be: “Megblɔe na nufialaa le woƒe manyamanya me be wòaɖɔ li nɔƒe nam.”

Ðɔ Ŋu Ðo

Gbeɖeka godoo la, wò sukuxɔmehati aɖewo adi be yewoanya nusitae mèkpɔa gome kpli wo le gbegblẽnyawo gbɔgblɔ me o. Ne wobia nusitae mèkpɔa gome le wo me o la, ɖɔ ŋu ɖo le alesi nàɖo eŋu na woe me. Ele eme baa be wo dometɔ aɖewo abiae kple susu be yewoaɖu fewu le ŋuwò, ke menye be woase wò nukpɔsusua gɔme o. Gake ne ewɔ na wò be susu nyui ye le amea si la, ekema ƒo nu tso wò dzixɔsewo ŋu dzidzɔtɔe. Sɔhɛ geɖe zã agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work [Les jeunes s’interrogent — Réponses pratiques] tsɔ kpe ɖe woƒe sukuxɔmehatiwo ŋu wokpɔ viɖe siwo le Biblia ƒe dzidzenuwo dzi wɔwɔ me. *

Ðo Tame Kplikpaa

Nukae wòle be nàwɔ ne mia tɔ sukuvi aɖe do dzi lé teƒe aɖe na wò madzemadzee alo gbugbɔ nu na wò le vo me? Ne èɖe mɔ nɛ la, ekema èle dzi dem ƒo nɛ be wòayi edzi anɔ ewɔm. Biblia ƒo nu tso ɖekakpui aɖe si ɖe mɔ gbolo aɖe lée hegbugbɔ nu nɛ ŋu. Ðekakpuia ɖe mɔ gboloa gblɔ ahiãnyawo nɛ. Nukae do tso eme? “Ekplɔe ɖo kɔ̃ enumake abe nyitsu, si yina ɖe ewuƒe ene.”—Lododowo 7:13-23.

Gake kpɔ alesi Yosef ya wɔ nui wòto vovo le nɔnɔme ma ƒomevi me ɖa. Eƒe aƒetɔ srɔ̃ ble enu edziedzi, gake Yosef gbe gbidii. Esi mlɔeba nyɔnua dze agbagba be yealée sesẽe la, eɖe afɔ kpata hesi.—Mose I, 39:7-12.

Abe Yosef ene la, ehiã be nàwɔ nu moveviɖoɖotɔe ne wò sukuxɔmehati aɖe alo ame nyanyɛ bubu aɖe lé teƒe aɖe na wò madzemadzee. Eileen gblɔ be: “Ne ɖekakpui aɖe di be yeaka asi ŋunye la, megblɔna nɛ be nedzudzɔ nu ma. Ne medzudzɔ o la, medoa ɣli ɖe eta be wòaɖe asi le ŋunye.” Eileen gblɔ tso ɖekakpui siwo le eƒe suku ŋu be: “Ne wò ŋutɔ nèdi be woade bubu ye ŋu hafi woadee ŋuwò.”

Wò sukuxɔmehatiwo ade bubu wò hã ŋuwò ne mèɖoa to sea woƒe gbegblẽnyawo o, ne èɖea nusita mèkpɔa gome le eme o la me na wò ne ehiã, eye nègbea ahiãnyawo. Viɖe bubu si ado tso emee nye be dzi adzɔ wò ŋutɔ hã. Vevietɔ wu la, Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò!—Lododowo 27:11.—g3/06.

BU NYA SIAWO ŊU

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

▪ Nya kae nàte ŋu agblɔ be nàdzo ne dzeɖoɖoa va trɔ ɖe gbɔdɔnyawo ŋu?

▪ Nya kae nàgblɔ, eye nukae nàwɔ, ne wò sukuxɔmehati aɖe le ahiã dim wò?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

^ mm. 22 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ne dzeɖoɖoa va trɔ ɖe gbegblẽnyawo ŋu ko la, dzo enumake

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Gbe ahiãnyawo gbidii