Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mose—Alesi Eƒe Agbenɔnɔ Ka Wòe

Mose—Alesi Eƒe Agbenɔnɔ Ka Wòe

Mose​—Alesi Eƒe Agbenɔnɔ Ka Wòe

LE AGBALẼNYALA kple ɖeklemiɖela geɖewo gbɔ la, glimeme aɖe koe Mose nye. Wogbe Biblia me nuŋlɔɖia, eye wozãa nukpɔsusu siwo ate ŋu ana woagblɔ be Plato kple Socrates hã nye glimemewo tsɔ dzidzenɛ.

Gake abe alesi míekpɔe ene la, susu nyui aɖeke meli si ta woagbe Biblia ƒe nuŋlɔɖi ku ɖe Mose ŋu dzixɔxɔse o. To vovo na woƒe nyawo la, xɔsetɔwo nya be ɖaseɖiɖi gbogbo aɖewo li si fia be Biblia bliboa nye “Mawu ƒe nya.” * (Tesalonikatɔwo I, 2:13; Hebritɔwo 11:1) Le amesiawo gbɔ la, nusɔsrɔ̃ tso Mose ƒe agbemeŋutinya me menye sidzedze dzro tutuɖo ko o, ke boŋ enye nuwɔna aɖe si tua woƒe xɔse ɖo.

Amesi Tututu Mose Nye

Zi geɖe la, sinimawɔlawo hea susu yia Mose ƒe kalẽwɔwɔ kple dzinɔameƒo—siwo nye nɔnɔme si nukpɔlawo lɔ̃na vevie—dzii. Ele eme baa be Mose nye dzinɔameƒotɔ ya. (Mose II, 2:16-19) Gake vevietɔ la, enye amesi si xɔse le. Mawu nye ame ŋutɔŋutɔ na Mose—enye ame ŋutɔŋutɔ nɛ ale gbegbe be apostolo Paulo va gblɔ le Mose ŋu emegbe be enye amesi ‘do dzi, abe ɖe wòle Amesi womekpɔna o la kpɔm ene.’—Hebritɔwo 11:24-28.

Eyata Mose fia mí be ele vevie be míatu ƒomedodo kple Mawu ɖo. Míawo hã míate ŋu awɔ nu abe ɖe míele Mawu kpɔm ene le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me! Ne míewɔe alea la, míawɔ nu le mɔ si madze eŋu nu akpɔ gbeɖe o. Gade dzesii be ɖe woƒã xɔsea ɖe Mose me esime wònye vidzĩ ko. Eƒe xɔsea nu sẽ ale gbegbe be wòte ŋu nɔ te sesĩe esi wofia “Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã” hãe. (Dɔwɔwɔwo 7:22) Dzideƒonamenu kae nye esia na dzilawo be woadze nufiafia wo viwo ku ɖe Mawu ŋu gɔme tso woƒe vidzĩme ke!—Lododowo 22:6; Timoteo II, 3:15.

Nusi gaɖe dzesi enye Mose ƒe ɖokuibɔbɔ. “[Efa] wu amesiwo katã le anyigba dzi.” (Mose IV, 12:3) Eyata Mose lɔ̃na be yeaʋu yeƒe vodada me. Eŋlɔ alesi eya ŋutɔ do kpo aʋatsotso na via. (Mose II, 4:24-26) Eʋu alesi wodo kpo ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu le ɣeyiɣi aɖe me kpakple tohehe sesẽ si Mawu tsɔ nɛ la me anukwareɖiɖitɔe. (Mose IV, 20:2-12; Mose V, 1:37) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mose lɔ̃na xɔa aɖaŋuɖoɖo tso amewo gbɔ hã faa. (Mose II, 18:13-24) Ðe manyo ŋutɔ be srɔ̃ŋutsuwo, vifofowo, kple ame bubu siwo le agbanɔamedzinɔƒewo nasrɔ̃ Mose oa?

Nyateƒee, ɖeklemiɖela aɖewo kea ɖi ne enye nyateƒe ŋutɔŋutɔ be Mose nye ɖokuibɔbɔla, eye wofiaa asi ŋutasesẽnu aɖe siwo wòwɔ. (Mose II, 32:26-28) Nuŋlɔla Jonathan Kirsch gblɔ be: “Mose si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la mebɔbɔa eɖokui alo fa kura o, eye menye ɣesiaɣie woate ŋu abu eƒe nuwɔna be ele dzɔdzɔe o. Le ɣeyiɣi dziŋɔ aɖewo me la, . . . edzena ƒã be Mose nye dadala, amesi lɔ̃a ʋukɔkɔɖi, kple ŋutasẽnuwɔla.” Nazãbubu dzro koe ɖeklemiɖeɖe siawo nye. Woŋe aɖaba ƒu nyateƒe si wònye be menye ŋutasesẽ le ame ŋue na Mose ɖe afɔ siawo o, ke boŋ nudzɔdzɔewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ sẽŋu si le eme kple mɔmaɖemaɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋue ʋãe la dzi. Le míaƒe ŋkeke siawo si me woŋea aɖaba ƒua agbegbegblẽnɔnɔ dzi le la, Mose ƒe afɔɖeɖe nye ŋkuɖodzinu na mí be ele be míalé agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu me ɖe asi sesĩe.—Psalmo 97:10.

Domenyinu si Mose ƒe Nuŋlɔɖiawo Nye

Mose gblẽ nuŋlɔɖi gbogbo aɖe ɖi na mí. Eƒe ɖewoe nye hakpanyawo (Hiob, Psalmo 90), ŋutinyawo (Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, Evelia, kple Enelia), dzidzimegbalẽwo (Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, ta 5, 11, 19, 22, 25), kple se gbogbo ŋutɔ aɖewo si woyɔna be Mose ƒe Sea (Mose ƒe Agbalẽ Evelia, ta 20-40; Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia; Enelia; kple Atɔ̃lia). Nufiafia, se, kple gɔmeɖose siwo de ŋgɔ sasasã wu dziɖuɖu bubu siwo nɔ anyi ɣemaɣi tɔe le Mawu ƒe Se sia si tso gbɔgbɔ me la me.

Le dukɔ siwo me dukplɔla la kee ganye Sɔlemeha la ƒe ta la, nazãbubu, subɔsubɔhawo yometiti, kple ŋusẽ zazã ɖe mɔ gbegblẽ nue dona tsoa eme. Gɔmeɖose si bia be Subɔsubɔnyawo naɖe vovo na Dukplɔnyawo la hã le Mose ƒe Sea me. Womeɖe mɔ na fia be wòawɔ nunɔlawo ƒe dɔ o.—Kronika II, 26:16-18.

Dzadzɛnyenye kple asaƒoƒo na dɔléle, abe dɔlélawo ɖeɖe ɖe aga kple afɔdzi ɖiɖi ɖe tome ene hã le Mose ƒe Sea me, si wɔ ɖeka kple egbegbe ƒe dzɔdzɔmeŋutinunya. (Mose III, 13:1-59; 14:38, 46; Mose V, 23:13) Esia ɖe dzesi ne míetsɔe sɔ kple alesi Egiptetɔwo ƒe atikewɔwɔ akpa gãtɔ nɔ le Mose ŋɔli si nyea atike madzemadze siwo me afɔku le, siwo ŋu aʋatsodzixɔsewo kpe ɖo. Woate ŋu akpɔ ame miliɔn geɖe ta le dukɔ madeŋgɔwo me egbea be womaxɔ dɔ o ne wowɔ ɖe dzadzɛnyenye ƒe dzidzenu siwo Mose fia dzi.

Womebia tso Kristotɔwo si be woawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi o. (Kolosetɔwo 2:13, 14) Gake esɔsrɔ̃ fifia gɔ̃ hã ɖea vi ŋutɔ. Sea de dzi ƒo na Israel-viwo be woasubɔ Mawu ɖeɖeko ahatsri trɔ̃subɔsubɔ. (Mose II, 20:4; Mose V, 5:9) Ede se na ɖeviwo be woabu wo dzilawo. (Mose II, 20:12) Sea tsi tre ɖe amewuwu, ahasiwɔwɔ, fififi, alakpadada, kple ŋukeklẽ hã ŋu. (Mose II, 20:13-17) Kristotɔwo dea asixɔxɔ gã aɖe gɔmeɖose mawo ŋu egbea.

Nyagblɔɖila abe Mose Ene

Míele ɣeyiɣi sesẽwo me. Ameƒomea hiã kplɔla si le abe Mose ene vavã—ame aɖe si menye ŋusẽ kple ŋusẽnɔƒe koe le esi o, ke boŋ enye ame aɖe si léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi, si ƒo dzi le, si kpɔa nublanui helɔ̃a dzɔdzɔenyenye tso dzi me. Esime Mose ku la, ɖewohĩ Israel-viwo abia be, ‘Ðe woagakpɔ amesia tɔgbe le xexeamea?’ Mose ŋutɔ ɖo nya ma ŋu.

Gbã la, Mose ƒe nuŋlɔɖiawo ɖe alesi dɔléle kple ku wɔ va dzɔ tsɔ kpe ɖe nusita Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu wòle edzi yim me. (Mose I, 3:1-19; Hiob, ta 1, 2) Woŋlɔ Mawu ƒe nyagblɔɖi gbãtɔ ɖe Mose I, 3:15—si nye ŋugbedodo be woava aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa! Le mɔ ka nu? Nyagblɔɖia fia be woadzi ame aɖe si dzi xɔxɔ ato ava. Ŋugbedodo sia ƒã mɔkpɔkpɔ ɖe amewo me be Mesia aɖe ado si ava aɖe ameƒomea. Gake amekae anye Mesia sia? Mose kpe ɖe mía ŋu be míakpɔe adze sii ɖikekemanɔŋutɔe.

Le Mose ƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me la, egblɔ nyagblɔɖinya sia ɖi be: “Yehowa, wò Mawu, le nyagblɔɖila aɖe ɖo ge na wò tso nɔviwòwo dome abe nye ene, ame sia miaɖo toe!” (Mose V, 18:15) Emegbe apostolo Petro zã nya siawo na Yesu tẽ.—Dɔwɔwɔwo 3:20-26.

Yudatɔ numedzrola akpa gãtɔ hea glãka vevie be Mose mesɔ kple Yesu le mɔ aɖeke nu o. Wogblɔna be nya sia ku ɖe nyagblɔɖila vavã ɖesiaɖe si va ɖe Mose yome la ŋu. Ke hã Tanakh—The Holy Scriptures si Yudatɔwo ƒe Agbalẽtaha (Jewish Publication Society) ta gblɔ be Mose V, 34:10 gblɔ be: “Nyagblɔɖila aɖeke meganɔ Israel kpɔ abe Mose ene—amesi AƑETƆ la tia le bubuawo dome, ŋkume kple ŋkume—o.”

Nyateƒee, nyagblɔɖila wɔnuteƒe geɖewo abe Yesaya kple Yeremya ene va ɖe Mose yome. Gake ƒomedodo tɔxɛ si nɔ Mawu kple Mose dome menɔ wo dometɔ aɖeke si o—si nye nuƒoƒo kplii “ŋkume kple ŋkume.” Eyata ele be ŋugbe si Mose do ku ɖe nyagblɔɖila aɖe ‘abe eya ene’ ŋu nanye ame ɖeka aɖe—Mesia la! Ele be míade dzesii be do ŋgɔ na Kristotɔwo ŋɔli—kple ɣeyiɣi si me aʋatso Kristotɔwo ti Kristotɔwo yome—la, Yudatɔwo agbalẽnyalawo hã bui nenema. Nya sia ƒe ɖewo dze le Yudatɔwo ƒe agbalẽwo me, siwo ƒe ɖee nye Midrash Rabbah si ƒo nu tso Mose ŋu be enye ŋgɔdola na “Ðela megbetɔ,” alo Mesia la.

Womate ŋu ake ɖi le Yesu ƒe Mose ɖiɖi le mɔ geɖe nu ŋu o. (Kpɔ aɖaka si nye “Yesu—Nyagblɔɖila abe Mose Ene.”) Ŋutete kple dziɖuŋusẽ le Yesu si. (Mateo 28:18, 19) Yesu ƒe ‘dɔme fa eye wòbɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me.’ (Mateo 11:29) Yesu lé fu sedzimawɔmawɔ kple madzɔmadzɔnyenye. (Hebritɔwo 1:9) Eyata ate ŋu ana kpɔkplɔ si míehiã vevie la mí! Eyae nye amesi aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa kpuie eye wòatrɔ anyigba wòazu Paradiso si ke ŋu Biblia ƒo nu tsoe. *

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Kpɔ agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? si Yehowa Ðasefowo ta.

^ mm. 20 Ne èdi be yeanya nu bubuwo tso Biblia ƒe ŋugbedodo ku ɖe anyigba dzi paradiso si anɔ Kristo ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te ŋu la, taflatse kpɔ Yehowa Ðasefowo. Adzɔ dzi na wo be yewoasrɔ̃ Biblia kpli wò femaxee.

[Aɖaka si le axa 28]

Mose​—Eŋuti Nyateƒeawo Kple Nyakpakpawo

Nusiwo sinimawɔlawo ɖena fiana le Mose ŋu na nyakpakpa kple vodada geɖe va tsi susu me na amewo. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo koe nye esiawo:

Nyakpakpa: Mose menya be Yudatɔ yenye o.

Nyateƒea: Mose dada si nye Yudatɔe na noe, anɔ eme be ena noe ƒe geɖe. Dɔwɔwɔwo 7:23-25 ɖee fia be Mose bu Yudatɔ kluviwo ‘nɔviawoe.’

Nyakpakpa: Mose ʋli Egipte fiazikpuia.

Nyateƒea: Biblia megblɔ nya sia tɔgbe aɖeke o. Agbalẽ si nye Daily Bible Illustrations si John Kitto ŋlɔ gblɔ be susu aɖeke meli si ta woaxɔe ase be Mose “va zu fiazikpuia domenyila le exɔxɔ nyi ta o. . . . Edze abe ɖe womehiã viŋutsu si ava nyi fiazikpuia dome o ene.”

Nyakpakpa: Mose trɔ yi Egipte be wòava kpe kple eƒe futɔ.

Nyateƒea: Biblia gblɔ be eƒe futɔwo katã ku esime wòtrɔ yi.—Mose II, 4:19.

Nyakpakpa: Mose yi Sinai-toa dzi hafi Mawu gblɔ Se Ewoawo fia zi gbãtɔ.

Nyateƒea: Mawu to eƒe dɔla dzi gblɔ Se Ewoawo na Israel dukɔ bliboa. Esi vɔvɔ̃ ɖo Israel-viwo la, wobia tso Mose si emegbe be wòayi toa dzi aɖaƒo nu ɖe yewo nu.—Mose II, 19:20–20:19; 24:12-14; Dɔwɔwɔwo 7:53; Hebritɔwo 12:18, 19.

Nyakpakpa: Farao ya tsi agbe esime eƒe aʋakɔ la tsrɔ̃ le Ƒudzĩa me.

Nyateƒea: “Farao kple eƒe aʋakɔ” lae tsrɔ̃ le Ƒudzĩa me.—Mose II, 14:28; Psalmo 136:15.

[Aɖaka si le axa 29]

Yesu​—Nyagblɔɖila abe Mose Ene

Esiawoe nye mɔ aɖewo nu si Yesu le abe Mose ene le vavã:

▲ Mose kple Yesu siaa te ŋu si le vidzĩ gbogbo aɖewo si fia si nɔ dzi ɖum le woƒe ɣeyiɣi me de se be woawu la nu.—Mose II, 1:22; 2:1-10; Mateo 2:13-18.

▲ Woyɔ Mose tsɔ kpe ɖe Yehowa ƒe “ŋgɔgbevi” Israel-dukɔa ŋu tso Egipte. Woyɔ Yesu si nye Mawu ƒe Ŋgɔgbevi la tso Egipte.—Mose II, 4:22, 23; Hosea 11:1; Mateo 2:15, 19-21.

▲ Mose kple Yesu siaa tsi nu dɔ ŋkeke 40 le gbedzi.—Mose II, 34:28; Mateo 4:1, 2.

▲ Mose kple Yesu siaa nye ame fafa kple ɖokuibɔbɔla ŋutɔŋutɔwo.—Mose IV, 12:3; Mateo 11:28-30.

▲ Mose kple Yesu siaa wɔ nukunuwo.—Mose II, 14:21-31; Psalmo 78:12-54; Mateo 11:5; Marko 5:38-43; Luka 7:11-15, 18-23.

▲ Mose kple Yesu siaa subɔ abe domenɔlawo ene na Mawu kple Eƒe amewo dome nubablawo.—Mose II, 24:3-8; Timoteo I, 2:5, 6; Hebritɔwo 8:10-13; 12:24.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Yesu ɖeka koe nye nyagblɔɖila si le abe Mose ene ŋutɔŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Dzadzɛnyenye ƒe gɔmeɖose si wofia le Mose ƒe Sea me ate ana woaƒo asa na dɔxɔxɔ