Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èle Agbe Nɔm Ðe Lɔlɔ̃ Ƒe Mɔ Si “De Ŋgɔ Wu” La Nua?

Èle Agbe Nɔm Ðe Lɔlɔ̃ Ƒe Mɔ Si “De Ŋgɔ Wu” La Nua?

Èle Agbe Nɔm Ðe Lɔlɔ̃ Ƒe Mɔ Si “De Ŋgɔ Wu” La Nua?

“MAWU nye lɔlɔ̃.” Apostolo Yohanes ƒe nya siawo ɖe Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ fia. (1 Yoh. 4:8) Lɔlɔ̃ si le Mawu si na ameƒomea ye wɔe be míetea ŋu tena ɖe eŋu henɔa ƒomedodo me kplii. Mɔ bubu kawo nue Mawu ƒe lɔlɔ̃ kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi le? Wogblɔna be: “Nu si míelɔ̃na la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe amenyenye kple nɔnɔme dzi.” Esia nye nyateƒe. Ke hã, enye nyateƒe be ame si míelɔ̃na kple ame si lɔ̃a mí hã kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe amenyenye kple nɔnɔme dzi. Esi wowɔ mí ɖe Mawu ƒe nɔnɔme nu ta la, ŋutete le mía si be míaɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ afia le míaƒe agbe me. (1 Mose 1:27) Eya ta apostolo Yohanes ŋlɔ bena, míelɔ̃a Mawu “elabena eyae lɔ̃ mí gbã.”—1 Yoh. 4:19.

Nya Ene Siwo Wotsɔ Ðɔ Lɔlɔ̃

Apostolo Paulo ɖɔ lɔlɔ̃ be enye “mɔ aɖe si de ŋgɔ wu.” (1 Kor. 12:31) Nu ka tae wòɖɔ lɔlɔ̃ alea? Lɔlɔ̃ ka ƒomevi ŋu nya gblɔmee Paulo nɔ? Be míakpɔ ŋuɖoɖoawo la, mina míadzro gɔmesese si le nya “lɔlɔ̃” ŋu la me nyuie kpɔ.

Nya vevi enee nɔ blema Helatɔwo si wotsɔ ɖɔa lɔlɔ̃e, eye wozãa wo le mɔ vovovowo nu. Woawoe nye: stor·geʹ, eʹros, phi·liʹa, kple a·gaʹpe. Le wo dome la, a·gaʹpe ye wozã tsɔ ɖɔ Mawu si “nye lɔlɔ̃” la. * Nufialagã William Barclay gblɔ tso lɔlɔ̃ sia ŋu le eƒe agbalẽ si nye New Testament Words me be: “Agapē ku ɖe susu la ŋu: menye seselelãme si vana le eɖokui si le míaƒe dzi me ko o; enye gɔmeɖose si nu míeɖonɛ koŋ nɔa agbe ɖo. Lɔlɔ̃nu koŋ dzie agapē nɔa te ɖo.” Le go sia me la, a·gaʹpe nye lɔlɔ̃ si dzi gɔmeɖose kpɔa ŋusẽ ɖo, ke hã, zi geɖe la, enyea lɔlɔ̃ si ŋu seselelãme deto kpena ɖo. Esi wònye be gɔmeɖose nyuiwo kple gbegblẽawoe li ta la, edze ƒãa be ele be gɔmeɖose nyuiwo, siwo nye gɔmeɖose siwo Yehowa Mawu ŋutɔ ɖe fia le Biblia me, nafia mɔ Kristotɔwo. Ne míetsɔ ale si Biblia ƒo nu tso a·gaʹpe ŋu sɔ kple nya bubu siwo wotsɔ ɖɔ lɔlɔ̃ le Biblia me la, míakpɔ lɔlɔ̃ si wòle be míaɖe afia la adze sii nyuie wu.

Lɔlɔ̃ Si Nɔa Ƒometɔwo Dome

Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònyena be ame nanɔ ƒome wɔɖeka si me lɔlɔ̃ le me! Stor·geʹ ye nye Helagbe me nya si wozã zi geɖe tsɔ ɖɔ dzɔdzɔmelɔlɔ̃ si nɔa ame siwo nye ƒome ɖeka me tɔwo dome. Kristotɔwo dzea agbagba ɖea lɔlɔ̃ fiaa woƒe ƒometɔwo. Paulo gblɔe ɖi be, le ŋkeke mamlɛawo me la, ame geɖe anye “ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o.” *2 Tim. 3:1, 3.

Ewɔ nublanui be dzɔdzɔmelɔlɔ̃ si wòle be wòanɔ ƒometɔwo dome la megabɔ le egbexexea me o. Nu ka tae funɔ geɖe ɖea fu ɖo? Nu ka tae ƒome geɖewo megatsɔa ɖeke le eme na wo dzila tsitsiwo o? Nu ka tae srɔ̃gbegbe yi edzi le dzidzim ɖe edzi kabakaba nenema gbegbe? Ŋuɖoɖoa ŋutɔŋutɔ ye nye be, Amewo megalɔ̃a ame ƒe nya o.

Gakpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ be: “Dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã.” (Yer. 17:9) Míaƒe dzi kple seselelãmewo wɔa akpa aɖe le lɔlɔ̃ si nɔa mía si na míaƒe ƒometɔwo me. Eɖe dzesi ŋutɔ be Paulo zã a·gaʹpe tsɔ ɖɔ lɔlɔ̃ si wòle be srɔ̃ŋutsu naɖe afia srɔ̃a. Paulo tsɔ lɔlɔ̃ ma sɔ kple lɔlɔ̃ si Kristo ɖe fia hame la. (Ef. 5:28, 29) Wotu lɔlɔ̃ sia ɖe gɔmeɖose siwo Yehowa, ame si nye ƒomea ƒe Gɔmeɖoanyilaa, na la dzi.

Lɔlɔ̃ vavã si le mía si na míaƒe ƒomea me tɔwo ʋãa mí míetsɔa ɖe le eme na mía dzila tsitsiwo alo míetsɔa agba si le mía dzi be míakpɔ mía viwo dzi la. Eʋãa dzilawo hã be wohea to na wo viwo le lɔlɔ̃ me ne ehiã, eye wòkpena ɖe wo ŋu be womenɔa te ɖe seselelãme dzro ko dzi wɔa nu, si awɔe be woanɔ mɔ ɖem ɖe nuwo ŋu fũu akpa na wo viwo o.—Ef. 6:1-4.

Akpa Si Biblia Me Gɔmeɖosewo Wɔna Le Ŋutsu Kple Nyɔnu Dome Lɔlɔ̃ Me

Ŋutilãmelɔlɔ̃ si nɔa atsu kple asi dome le srɔ̃ɖeɖoɖoa me la nye nunana tso Mawu gbɔ vavã! (Lod. 5:15-17) Ke hã, ame siwo gbɔgbɔ ʋã woŋlɔ Biblia la mezã nya eʹros si nye lɔlɔ̃ si nɔa ŋutsu kple nyɔnu dome la o. Nu ka tae? Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, Gbetakpɔxɔ ka nya ta be: “Egbea la, ewɔ abe xexe sia gakpɔtɔ le vodada si blema Helatɔwo wɔ la wɔm ene. Wodea ta agu na Eros abe mawu aɖe ene, wodea ta agu le eƒe vɔsamlekpui ŋgɔ hesaa vɔ nɛ. . . . Gake ŋutinya ɖee fia be ŋukpenanuwɔwɔ, agbe baɖa nɔnɔ, kple ƒomewo ƒe gbagbã koe tadedeagu na gbɔdɔdɔ ƒe lɔlɔ̃ ma he vae. Ðewohĩ esia tae Biblia ŋlɔlawo mezã nya sia o ɖo.” Be míaƒo asa na mía ɖokuiwo ƒoƒo ɖe ƒomedodo siwo nɔ te ɖe ame nɔewo ƒe nu ƒe dzi léle na ame ko dzi la, ele be míana Biblia me gɔmeɖosewo nakpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsu kple nyɔnu dome lɔlɔ̃ si le mía si la dzi alo woana wòada asɔ. Eya ta bia ɖokuiwò be, ‘Ðe metsɔa lɔlɔ̃ vavã kpena ɖe lɔlɔ̃ si nɔa ŋutsu kple nyɔnu dome si le asinye na nye kpeɖeŋutɔ la ŋu be wòada asɔa?’

Le “sɔhɛnyenye” me, esime gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro nu sẽna ŋutɔ ɖe ame me zi geɖe la, sɔhɛ siwo kuna ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu la ayi edzi anɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ gome. (1 Kor. 7:36; Kol. 3:5) Míebua srɔ̃ɖeɖe be enye nunana kɔkɔe tso Yehowa gbɔ. Yesu gblɔ ku ɖe srɔ̃tɔwo ŋu be: “Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.” (Mat. 19:6) Le esi míayi edzi anɔ mía nɔewo gbɔ zi ale si míaƒe nu galéa dzi na mía nɔewo ko teƒe la, míeyia edzi tsɔa mía ɖokui ɖoa anyi na míaƒe srɔ̃ɖeɖea bliboe. Ne kuxiwo do mo ɖa le srɔ̃ɖeɖea me la, míedia mɔ bɔbɔe si dzi míato aɖe ta le eme o, ke boŋ míedzea agbagba vevie ɖea mawumenɔnɔme siwo naa ƒomewo kpɔa dzidzɔ la fiana. Agbagbadzedze siawo ahe dzidzɔ si nɔa anyi eteƒe didina la avae.—Ef. 5:33; Heb. 13:4.

Xɔlɔ̃wo Dome Lɔlɔ̃

Xɔlɔ̃wo manɔmee la, agbenɔnɔ ati ame! Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” (Lod. 18:24) Yehowa di be xɔlɔ̃ vavãwo nanɔ mía si. Ame geɖe nya nu tso xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo sẽŋu si nɔ David kple Yonatan dome la ŋu. (1 Sam. 18:1) Eye Biblia gblɔ be Yesu “melɔ̃a nu le” apostolo Yohanes “gbɔ” o. (Yoh. 20:2) Helagbe me nya si wozãna na “numalɔ̃leamegbɔ” alo “xɔlɔ̃wɔwɔ” lae nye phi·liʹa. Naneke megblẽ le eŋu be xɔlɔ̃ vevi nanɔ mía si le hamea me o. Ke hã, le 2 Petro 1:7 la, wode dzi ƒo na mí be míatsɔ lɔlɔ̃ (a·gaʹpe) akpe ɖe míaƒe “nɔvilɔlɔ̃” (phi·la·del·phiʹa, nya si nye phiʹlos si nye ale si woyɔa “xɔlɔ̃” le Helagbe me kple a·del·phosʹ, si nye ale si woyɔa “nɔvi” le Helagbe me la, ƒe ƒuƒoƒo) la ŋu. Be mía kple ame bubuwo dome xɔlɔ̃dzedze nanɔ anyi eteƒe nadidi la, ehiã be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi. Eya ta anyo be míabia mía ɖokuiwo be, ‘Ðe menaa Biblia me gɔmeɖosewo kpɔa ŋusẽ ɖe lɔlɔ̃ si le asinye na xɔ̃nyewo la dzi ale be wòdana sɔna?’

Mawu ƒe Nya la kpena ɖe mía ŋu míeƒoa asa na nuwɔwɔ ɖe mía xɔlɔ̃wo ŋu ameŋkumekpɔkpɔtɔe. Míewɔa dzidzenu vovovo eve ŋu dɔ o: míaƒe nya me nabɔbɔ ne míele nu wɔm ɖe mía xɔlɔ̃wo ŋu evɔ míaƒe nya me nasẽ wu ne míele nu wɔm kple ame siwo menye mía xɔlɔ̃wo o. Gakpe ɖe eŋu la, míezãa numevivinyawo tsɔ dzea xɔ̃woe o. Vevietɔ wu la, Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ wɔwɔ naa gɔmesese si hiã be míatia xɔlɔ̃ nyuiwo ahaƒo asa na ‘hadede vɔ̃’ siwo “gblẽa nɔnɔme nyuiwo” la sua mía si.—1 Kor. 15:33.

Lɔlɔ̃ Ƒe Nublanu Tɔxɛ La!

Nublanu si blaa Kristotɔwo ɖekae la le etɔxɛe vavã! Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Migana alakpanuwɔwɔ aɖeke nanɔ miaƒe lɔlɔ̃ la me o. . . . Milɔ̃ mia nɔewo vevie abe dadaviwo ene.” (Rom. 12:9, 10) Vavãe, Kristotɔwo ɖoa ‘lɔlɔ̃ (a·gaʹpe) si me alakpanuwɔwɔ aɖeke mele o’ na wo nɔewo. Menye seselelãme sẽŋu aɖe si nyɔna ɖe ame me koe lɔlɔ̃ sia nye o. Ke boŋ enyea esi wotu ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi sesĩe. Ke hã, Paulo ƒo nu tso “nɔvilɔlɔ̃” (phi·la·del·phiʹa) kple ‘ame nɔewo lɔlɔ̃ vevie’ (phi·loʹstor·gos, si nye phiʹlos kple stor·geʹ ƒe ƒuƒoƒo) hã ŋu. Le agbalẽnyala aɖe ƒe nya nu la, “nɔvilɔlɔ̃” fia “numalɔ̃leamegbɔ ƒe lɔlɔ̃, dɔmenyonyo, veveseɖeamenu, kple kpekpeɖeŋunana ame.” Ne wotsɔ a·gaʹpe kpe ɖe eŋu la, enaa xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe kadodo sẽŋu nɔa Yehowa subɔlawo dome. (1 Tes. 4:9, 10) Zi ɖeka koe nyagbɔgblɔ si gɔme woɖe be ‘ame nɔewo lɔlɔ̃ vevie’ la dze le Biblia me, eye efiaa ƒomedodo kplikplikpli si me lɔlɔ̃ le si nɔa amewo dome abe ale si wònɔa ƒometɔwo dome ene. *

Nublanu si blaa mí Kristotɔ vavãwo ɖekae lae nye lɔlɔ̃ si nɔa mía si na míaƒe ƒomea me tɔwo kple esi nɔa mía si na mía xɔlɔ̃ vavãwo la ƒe ƒuƒoƒo, eye lɔlɔ̃ si wotu ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi kpɔa ŋusẽ ɖe ƒomedodo siawo katã dzi. Menye hadomehabɔbɔ, alo xexemehabɔbɔ aɖee Kristo hamea nye o, ke boŋ enye ƒome si me tɔwo wɔ ɖeka le Yehowa Mawu subɔsubɔ me siwo dome le kplikplikpli. Míeyɔa míaƒe haxɔsetɔwo be nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, eye míebua wo nenema hã. Wonye míaƒe gbɔgbɔmeƒome la me tɔwo, míelɔ̃a wo abe xɔlɔ̃wo ene, eye míewɔa nu ɖe wo ŋu ɣeawokatãɣi wòwɔa ɖeka kple Biblia me gɔmeɖosewo. Lɔlɔ̃ siae nye mɔ si “de ŋgɔ wu” la. Mina mí katã míayi edzi akpe asi ɖe eŋu be lɔlɔ̃ ƒe nublanu si blaa Kristotɔwo ɖekae eye wòdea dzesi Kristo hame vavã la nanɔ hamea me.—Yoh. 13:35.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Wozãa a·gaʹpe wòkuna ɖe nu manyomanyowo hã ŋu.—Yoh. 3:19; 12:43; 2 Tim. 4:10; 1 Yoh. 2:15-17.

^ mm. 7 Woɖe nyagbɔgblɔ si nye “ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o” tso nya stor·geʹ, si wotsɔ Helagbe me nugbegbenyakui “a,” si gɔmee nye “manɔmee” do ŋgɔ na la me.—Kpɔ Romatɔwo 1:31 hã.

^ mm. 18 Le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe ƒe yevugbe me tɔ me la, woɖe Helagbe me nya bubu aɖewo hã gɔme be ‘ame nɔewo lɔlɔ̃ vevie.’ Eya ta menye Romatɔwo 12:10 koe ‘ame nɔewo lɔlɔ̃ vevie’ dze le le Biblia gɔmeɖeɖe ma me o, edze le Filipitɔwo 1:8 kple 1 Tesalonikatɔwo 2:8 hã.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

Aleke nèkpea asi ɖe eŋu be lɔlɔ̃ ƒe nublanu si blaa mí ɖekae la nɔa anyi?