Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuxɔxɔ Kple Ŋudzedzekpɔkpɔ Nunana Kple Dzi Blibo

Nuxɔxɔ Kple Ŋudzedzekpɔkpɔ Nunana Kple Dzi Blibo

Nuxɔxɔ Kple Ŋudzedzekpɔkpɔ Nunana Kple Dzi Blibo

YEHOWA, mía Fofo si le dziƒo la, tsɔa ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe vevie. Mawu ƒe Nya la ka ɖe edzi na mí be eléa be na esubɔlawo katã vevie. (1 Pet. 5:7) Mɔ siwo dzi Yehowa tona léa be na mí la dometɔ ɖekae nye kpekpeɖeŋu vovovo siwo wònaa mí ale be míate ŋu asubɔe nuteƒewɔwɔtɔe. (Yes. 48:17) Vevietɔ ne míele go dom kuxiwo eye míele nu xam la, Yehowa dina be míana kpekpeɖeŋu si yenana la naɖe vi na mí. Mose ƒe Sea ɖe nyateƒenya sia fia.

Le Mose ƒe Sea me la, Yehowa wɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe hena kpekpeɖeŋunana “ame dahewo” abe tsyɔ̃eviwo, ahosiwo, kple amedzrowo ene. (3 Mose 19:9, 10; 5 Mose 14:29) Enyae be ye subɔla aɖewo ahiã kpekpeɖeŋu tso wo hatitadeagulawo gbɔ. (Yak. 1:27) Eya ta mele be esubɔlawo dometɔ aɖeke nahe ɖe megbe le kpekpeɖeŋuxɔxɔ tso ame siwo Yehowa ʋã dzi na be woakpe ɖe wo ŋu la gbɔ me o. Togbɔ be ele alea hã la, anyo be nɔnɔme nyuitɔ nanɔ mía si ɖe kpekpeɖeŋu siwo míelɔ̃ xɔ la ŋu.

Le ɣeyiɣi ma ke me la, Mawu ƒe Nya la te gbe ɖe edzi be ele be Mawu ƒe amewo nanye nunalawo hã. Ðo ŋku nuŋlɔɖi si ku ɖe “ahosi dahe” aɖe si ŋu Yesu lé ŋku ɖo le gbedoxɔ si nɔ Yerusalem me ŋu la dzi. (Luka 21:1-4) Anɔ eme be ekpɔ viɖe tso ɖoɖo si Yehowa wɔ lɔlɔ̃tɔe na ahosiwo abe ale si wogblɔe le Sea me ene la me. Ke hã, togbɔ be ahosi sia da ahe hã la, womeɖoa ŋku edzi abe nuxɔla ene o, ke boŋ abe nunala ene. Eƒe nunanagbɔgbɔ sia anya he dzidzɔ vae nɛ, elabena abe ale si Yesu gblɔe ene la, “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔw. 20:35) Esi nyateƒenya ma le susu me na wò la, aleke nàwɔ ate ŋu anɔ “nu nam amewo” ale be wò hã nàkpɔ dzidzɔ si dona tso nunana me?—Luka 6:38.

‘Aleke Maɖo Eteƒe Na Yehowa?’

Hakpala la bia eɖokui be: “Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?” (Ps. 116:12) Dɔmenyo kawoe Yehowa wɔ nɛ? Yehowa lée ɖe te le “hiã kple nuxaxa” ƒe ɣeyiɣiwo me. Gawu la, Yehowa ‘ɖe eƒe luʋɔ tso ku me.’ Fifia eya hã di be ‘yeaɖo eteƒe’ na Yehowa le mɔ aɖe nu. Nu kae hakpalaa ate ŋu awɔ? Egblɔ be: “Maxe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa.” (Ps. 116:3, 4, 8, 10-14) Eɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe ŋugbe tɔxɛ siwo yedo na Yehowa la dzi, eye yeatsɔ agba siwo katã le ye dzi le eŋkume la.

Wò hã àte ŋu awɔ nenema ke. Alekee? Eyae nye be nànɔ agbe nɔm ɖe Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo nu ɣesiaɣi. Eya ta kpɔ egbɔ be wò tadedeagu na Yehowa nayi edzi anye nu vevitɔ na wò le agbe me, eye nàɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ la nanɔ mɔ fiam wò le nu sia nu si nèwɔna la me. (Nyagb. 12:13; Gal. 5:16-18) Le nyateƒe me la, màte ŋu aɖo nu siwo katã Yehowa wɔ na wò la teƒe nɛ bliboe gbeɖe o. Ke hã, ‘edoa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi’ be wòakpɔ wò nàtsɔ wò dzi blibo anɔ esubɔm. (Lod. 27:11) Mɔnukpɔkpɔ gã ka gbegbee nye esi be nàdo dzidzɔ na Yehowa le mɔ sia nu!

Kpe Asi Ðe Hamea Ƒe Nyonyo Ŋu

Ðikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe edzi be Kristo hamea ɖe vi na ye le mɔ geɖewo nu. To hamea dzi la, Yehowa na gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe wò. Èxɔ nyateƒea, eye wòna nèkpɔ ablɔɖe tso subɔsubɔhawo ƒe alakpanufiafiawo kple gbɔgbɔmeviviti me. (Yoh. 8:32) To hame ƒe kpekpewo, takpekpe suewo kple gãwo, siwo ƒe ɖoɖo “kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela” la wɔ dzi la, sidzedze si ana nàkpɔ agbe mavɔ le paradisonyigba dzi, afi si vevesese kple dɔléle aɖeke maganɔ anyi le o la, su asiwò. (Mat. 24:45-47) Ðe nàte ŋu axlẽ viɖe siwo katã nèkpɔ—kple esiwo nàgakpɔ le etsɔme—to Mawu ƒe hamea dzi la? Nu kae nàte ŋu atsɔ aɖo eteƒe na hamea?

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Wokpe ŋutilã blibo la katã pɛpɛpɛ, eye eƒe kpeƒekpeƒe siwo naa nu si hiã le eƒe ŋutinu ɖe sia ɖe ƒe dɔ si wonae be wòawɔ la nu, na wòle dɔ wɔm ɖekae, hekpea asi ɖe ŋutilã la ƒe tsitsi ŋu, hena eɖokui tutu le lɔlɔ̃ me.” (Ef. 4:15, 16) Togbɔ be Kristotɔ amesiaminawo koŋ ŋue mawunyakpukpui sia me nyawo ku ɖo hã la, gɔmeɖose siwo dze le eme la ate ŋu aku ɖe Kristotɔ siwo li egbea katã ŋu. Ɛ̃, hamea me tɔ ɖe sia ɖe ate ŋu akpe asi ɖe hamea ƒe nyonyo kple eƒe tsitsi ŋu. Le mɔ kawo nu?

Míate ŋu awɔ esia to agbagbadzedze ɣesiaɣi be míanye dzideƒo kple gbɔgbɔmetutuɖo tsoƒe na mía nɔviwo. (Rom. 14:19) Míagate ŋu akpe asi ɖe “ŋutilã la ƒe tsitsi ŋu” to Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse la ɖeɖe fia le míaƒe nuwɔwɔ kple haxɔsetɔwo me. (Gal. 5:22, 23) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míate ŋu adi mɔnukpɔkpɔ siwo dzi míato awɔ “nyui na amewo katã, gake vevietɔ la, míawɔe na ame siwo do ƒome kpli mí le xɔse la me.” (Gal. 6:10; Heb. 13:16) Hamea me tɔwo katã—nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—ate ŋu akpɔ gome le ‘ŋutilã la tutu le lɔlɔ̃ me’ me.

Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu azã míaƒe ŋutetewo, ŋusẽ, kple míaƒe nunɔamesiwo atsɔ akpe asi ɖe agbeɖeɖedɔ si hamea wɔna la ŋu. Yesu Kristo gblɔ be: “Faa miexɔe.” Aleke wòle be míawɔ nui? Eɖo eŋu be: “Faa minae.” (Mat. 10:8) Eya ta kpɔ gome bliboe le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔ dɔa me. (Mat. 24:14; 28:19, 20) Ðe nɔnɔme aɖewo wɔe be màte ŋu awɔ geɖe oa? Ðo ŋku ahosi dahe si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la dzi. Nu si wòna la nɔ sue ŋutɔ. Ke hã, Yesu gblɔ be ewɔ geɖe wu ame bubuawo katã. Nu siwo katã eƒe nɔnɔmea ɖe mɔ nɛ be wòana lae nye ema wòna.—2 Kor. 8:1-5, 12.

Nuxɔxɔ Kple Nɔnɔme Nyuitɔ

Ate ŋu ahiã ɣeaɖewoɣi be nàxɔ kpekpeɖeŋu tso hamea gbɔ. Megadzɔ gbeɖe be nàhe ɖe megbe le kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si hamea adi be yeana wò esi nèle akɔ kpem kple nuɖoanyi sia ƒe amemiamiawo la xɔxɔ ŋu o. Yehowa ɖo ŋutsu siwo dze heléa be na ame be ‘woakplɔ hame’ la—ale be woakpe ɖe ŋuwò ne èle dodokpɔwo kple xaxawo me tom. (Dɔw. 20:28) Hamemetsitsiwo kple hamea me tɔ bubuwo di be yewoafa akɔ na wò, ana kpekpeɖeŋu wò ahakpɔ tawò le ɣeyiɣi sesẽwo me.—Gal. 6:2; 1 Tes. 5:14.

Gake kpɔ egbɔ be yeɖe nɔnɔme nyuitɔ fia ne èxɔ kpekpeɖeŋu aɖe si nèhiã na. Kpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si nèxɔna la ŋu ɣesiaɣi. Bu kpekpeɖeŋu si haxɔsetɔwo naa wò la be enye Mawu ƒe amenuveve ɖeɖe fia ye. (1 Pet. 4:10) Nu ka tae esia le vevie? Nu si tae nye be míedi be míaxɔ nu siwo wonaa mí la akpemadamadatɔe abe ale si xexea wɔnɛ ene o.

Da Sɔ Eye Nàse Nu Gɔme

Paulo ŋlɔ ku ɖe Timoteo ŋu le lɛta si wòɖo ɖe hame si nɔ Filipi la me be: “Ame aɖeke mele asinye, si ƒe nɔnɔme sɔ kple etɔ, si alé be na mi vavã le nu siwo ku ɖe mia ŋu la gome, de enu o.” Gake Paulo gblɔ kpee be: “Ame susɔeawo katã le woawo ŋutɔwo ƒe nyonyo dim, menye Kristo Yesu tɔ o.” (Fp. 2:20, 21) Esi ŋkubiãnya ma si Paulo gblɔ le susu me na mí ta la, aleke míawɔ egbea be míatsi dzi fũu ɖe mía “ŋutɔwo ƒe nyonyo” ko ŋu o?

Mele be míadi nu geɖe fũu akpa tso hamea me tɔwo si ne míedi tso wo si be woazã woƒe ɣeyiɣi atsɔ akpe ɖe mía ŋu míakpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ o. Nu ka tae mele be míawɔe nenema o? Bu nya sia ŋu kpɔ: Ðikeke mele eme o be ne nɔvi aɖe na ŋutilãmekpekpeɖeŋu aɖe mí míetsɔ kpɔ hiahiã kpata aɖe gbɔ la, míakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ŋutɔ. Gake ɖe míabia nu geɖe fũu akpa tso nɔvia si ne míele ŋutilãmekpekpeɖeŋu ma dima? Gbeɖe. Le mɔ ma ke nu la, togbɔ be edzɔa dzi na mía nɔvi lɔ̃amewo ɣesiaɣi be yewoana kpekpeɖeŋu mí hã la, ele be míada asɔ ahaɖe nugɔmesese afia le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míekpɔa mɔ be woazã ɖe mía ŋu la gome. Nya lae nye be nu sia nu si míaƒe haxɔsetɔwo awɔ atsɔ akpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi sesẽwo me la, míadi be woawɔe kple dzi faa.

Àte ŋu aka ɖe edzi be nɔviwò Kristotɔwo anɔ klalo ɣesiaɣi ahalɔ̃ faa be yewoana kpekpeɖeŋu wò. Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, manya wɔ be woakpɔ wò hiahiãwo katã gbɔ na wò o. Ne edzɔ alea la, ka ɖe edzi be Yehowa alé wò ɖe te eɖanye dodokpɔ ka ke me tomee nèle o abe ale si wòwɔe na hakpalaa ene.—Ps. 116:1, 2; Fp. 4:10-13.

Eya ta lɔ̃ faa nàxɔ kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si Yehowa ana wò la ŋudzedzekpɔkpɔtɔe, vevietɔ le xaxaɣiwo kple hiãɣiwo. (Ps. 55:23) Yehowa di be nàwɔe nenema. Ke hã, edi hã be nànye ame si “naa nu kple dzidzɔ.” Eya ta ‘ɖoe le wò dzi me’ bliboe be yeana nu sia nu si yeate ŋui le ale si wò nɔnɔme aɖe mɔe nu be nàtsɔ akpe asi ɖe tadedeagu vavã la ŋu. (2 Kor. 9:6, 7) Le mɔ ma nu la, àte ŋu awɔ nu evea siaa—àxɔ nu ŋudzedzekpɔkpɔtɔe ahana nu kple dzi blibo hã.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

“Aleke maɖo dɔmenyo, siwo katã Yehowa wɔ nam la, teƒe nɛ?”​—Ps. 116:12

▪ Di mɔnukpɔkpɔ siwo dzi nàto awɔ “nyui na amewo katã”

▪ Dze agbagba nànye dzideƒo kple gbɔgbɔmetutuɖo tsoƒe na nɔviwo

▪ Kpɔ gome bliboe le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me le ale si wò nɔnɔmewo aɖe mɔe nu