Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzɔ Wò Dzitsinya Ŋu

Dzɔ Wò Dzitsinya Ŋu

Dzɔ Wò Dzitsinya Ŋu

EŊUBUBU be yele yameʋu si le zɔzɔm ɖe mɔfiame gbegblẽ dzi me doa ŋɔdzi na ame. Gake tsɔe be ame aɖe gblẽ nane le yameʋua ƒe mɔfianuwo ŋu alo ɖoe tsɔ nyatakaka gbegblẽ de eme! Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, nusia tututue ame aɖe le didim be yeawɔ na wò dzitsinya. Eɖoe kplikpaa be yeagblẽ nu le wò agbenyuinɔnɔ mɔfianu ŋu. Eƒe tameɖoɖoe nye be yeana mia kple Mawu dome nagblẽ!—Hiob 2:2-5; Yohanes 8:44.

Amekae nudomegblẽla vɔ̃ɖi sia nye? Woyɔe le Biblia la me be ‘da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la.’ (Nyaɖeɖefia 12:9) Wokpɔe le Eden-bɔa me wòtsɔ susu vɔ̃ ble Xawa be wògbe nu nyui si wònya dzi wɔwɔ hedze aglã ɖe Mawu ŋu. (Mose I, 3:1-6, 16-19) Tso ɣemaɣi la, Satana kpɔ egbɔ be woɖo amebeble habɔbɔ blibowo be wokplɔ ame gbogbo aɖewo wozu Mawu ƒe futɔwo. Alakpasubɔsubɔe ɖi fɔ wu le habɔbɔ siawo dome.—Korintotɔwo II 11:14, 15.

Alakpasubɔsubɔ Gblẽa Dzitsinya Dome

Le Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me la, woɖe alakpasubɔsubɔ fia be enye kpɔɖeŋugbolo si woyɔna be Babilon Gã. Eƒe nufiafiawo tɔtɔ ame geɖe ƒe nukpɔsusu le agbenɔnɔ ŋu eye wòna wolé fu amesiwo le ha bubu me hesẽa ŋuta le wo ŋu gɔ̃ hã. Le nyateƒe me la, Nyaɖeɖefia gblɔ be alakpasubɔsubɔ koŋue Mawu tɔ ŋkui be eɖi “amesiwo katã wowu le anyigba dzi la” ƒe ʋufɔ, amesiwo dome Mawu ŋutɔ ƒe subɔlawo hã le.—Nyaɖeɖefia 17:1-6; 18:3, 24.

Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo tso alesi gbegbe alakpasubɔsubɔ atro ame aɖewo ƒe dzitsinyae ŋu esime wògblɔ be: “Gaƒoƒo li gbɔna bena, amesiame, si awu mi la, abu xa bena, yele subɔsubɔdɔ wɔm na Mawu.” Aleke gbegbe wogba ŋku na ŋutasẽla siawoe le agbenɔnɔ gome enye si! Yesu gblɔ be: ‘Womenya Fofo la kple nye hã o.’ (Yohanes 16:2, 3) Yesu gblɔ nya sia eteƒe medidi hafi wowu eya ŋutɔ le subɔsubɔhakplɔla aɖewo siwo mena hlɔ̃dodo ɖe fu na woƒe dzitsinya o la ƒe biabia nu. (Yohanes 11:47-50) To vovo na ema la, Yesu gblɔ be lɔlɔ̃ si le ye yomedzela vavãwo domee woatsɔ adze si woawo ya. Gake lɔlɔ̃ sia keke ta wu ema, elabena woɖenɛ fiaa woƒe futɔwo gɔ̃ hã.—Mateo 5:44-48; Yohanes 13:35.

Mɔ bubu si dzi alakpasubɔsubɔ to te ame geɖe ƒe dzitsinya ɖe to enye be wòde agbe ɖesiaɖe nɔnɔ alo gbegblẽa si le tsia dzi ƒe dzi ƒo. Esi apostolo Paulo nɔ esia gblɔm ɖi la, egblɔ be: “Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu.”—Timoteo II, 4:3.

Egbea la, subɔsubɔhakplɔlawo lũa tome na amewo gblɔna na wo be Mawu ate ŋu ada asi ɖe gbɔdɔdɔ srɔ̃maɖemaɖee dzi. Ame bubuwo ŋea aɖaba ƒua ŋutsu siwo dɔa ŋutsu gbɔ ƒe nuwɔnawo dzi. Le nyateƒe me la, subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖewo nye ŋutsu siwo dɔa ŋutsu bubuwo gbɔ. Nyati aɖe si dze le Britaintɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ The Times me gblɔ be wotia “hakplɔla wuietɔ̃ siwo wonya nyuie be wonye ŋutsu siwo dɔa ŋutsu gbɔ” be woanɔ England Sɔlemeha ƒe Adaŋudeha Gã me. Ne sɔlemeha ŋgɔnɔlawo gbe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔsewo dzi wɔwɔ eye woƒe sɔlemehawo mewɔ naneke tso eŋuti o la, dzidzenu kawo dzie hameviawo awɔ ɖo? Mewɔ nuku o be eyae na ame miliɔn geɖe tɔtɔ keŋkeŋ.

Aleke gbegbe wònyo wue nye esi be míana Biblia ƒe agbenyuinɔnɔse si le abe akaɖi le kɔkɔƒe kple gbɔgbɔ me nyateƒe siwo le eme nakplɔ mí! (Psalmo 43:3; Yohanes 17:17) Le kpɔɖeŋu me Biblia fia nu be matrewɔlawo alo ahasiwɔlawo “manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Egblɔ na mí be ŋutsu kple nyɔnu siwo trɔa “dzɔdzɔme ƒe kɔnu wɔ nusi mele dzɔdzɔme nu o” la le ‘nusi nye ŋukpenanu’ wɔm le Mawu ŋkume. (Romatɔwo 1:26, 27, 32) Agbenɔnɔ ŋu nyateƒenya siawo menye esiwo ame madeblibowo to vɛ o; Mawu ƒe dzidzenu siwo tso gbɔgbɔ me, siwo me womete fli ɖo kpɔ o ye wonye. (Galatiatɔwo 1:8; Timoteo II, 3:16) Gake mɔ bubuwo le Satana si siwo dzi wòtona gblẽa nu le dzitsinya ŋuti.

Wɔ Tiatia Nyui le Modzakaɖeɖe Me

Nu vɔ̃ɖi wònye be woazi ame dzi wòawɔ nugbegblẽ, gake ewɔwɔ be ame nadi be yeawɔ nugbegblẽ ya gavloe wu kura. Esiae nye Satana, ‘xexe sia me dziɖula,’ ƒe taɖodzinu. Be wòade eƒe susu vɔ̃ tame kple dzime na bometsilawo alo ŋuɖeɖilawo—vevietɔ ɖeviwo, amesiwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu—la, ezãa agbalẽwo, sinima, hadzidzi, kɔmpiuta dzi fefewo, kple Internet dzi amamaɖeɖe nukpɔƒe siwo ŋu nya ku ɖo.—Yohanes 14:30; Efesotɔwo 2:2.

Wogblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Pediatrics me be: “Ðevi [siwo le United States] kpɔa ŋutasesẽnuwɔna si ade 10000 le ƒe ɖeka me, eye nukpɔkpɔ siwo wowɔ na ɖeviwo mee ŋutasesẽnuwɔnawo sɔ gbɔ le wu.” Egadze le nyatakakaa me be “le ƒe ɖeka me la, ƒewuiviwo kpɔa wɔna 15000 kloe siwo me nuƒoƒo tẽ, ahamasisi, kple hatsekaka le gbɔdɔdɔ ŋu nɔna.” Eye le fiẽ television dzi wɔna siwo ame akpa gãtɔ kpɔna gɔ̃ hã me la, nyatakakaa gblɔ be, “gbɔdɔdɔnuwɔna 8 dzena le gaƒoƒo ɖeka me, si nye ƒe 1976 me tɔ ƒe teƒe ene.” Mewɔ nuku o be edze le numekukua me hã be “nya madzeto gbɔgblɔ hã va le dzidzim ɖe edzi ŋutɔ nenema ke.” Ke hã Biblia kple dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nuŋlɔɖi gbogbo aɖewo xlɔ̃ nu be nusiawo ƒaƒã ɖe ame ɖokui me na wozua ame gblẽku. Eyata ne èdi vavã be yeadze Mawu ŋu eye eme nanyo na wò la, ke wɔ ɖe nuxlɔ̃ame si le Lododo 4:23 dzi, si gblɔ be: ‘Dzɔ wò dzi ŋu, elabena eya me agbe tsona.’—Yesaya 48:17.

Haƒoƒo xɔŋkɔ geɖe hã gblẽa dzitsinya dome. Nyatakaka aɖe si dze le Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ The Sunday Mail me xlɔ̃ nu be hadzila si ƒe ha le tsia dzi wu le Ɣetoɖoƒedukɔ geɖe me la “dzea agbagba etɔxɛe be yeado voɖi na ame.” Woŋlɔ ɖe nyatia me be “eƒe hawo kafua atikevɔ̃ɖizazã, ƒometɔ kplikplikpli gbɔ dɔdɔ, kple amegbɔdɔdɔ akpasesẽe,” eye wogblɔ be “edzia ha be yewu ye srɔ̃ tsɔe ƒu gbe ɖe ta me.” Haawo me nya bubu siwo woyɔ la vloe ale gbegbe be míate ŋu ayɔ wo le afisia o. Ke hã eƒe ha na wòxɔ nunana si ŋu wodea bubui. Ðe nàdi be yeaƒã susu vɔ̃ɖi abe esiwo ƒe nya míegblɔ va yi ene ɖe susu kple dzi me ne wogblɔ wo le hadzidzi me be wòavivi gɔ̃ hã? Mawɔe o baa, elabena amesiwo wɔa nu alea ƒoa ɖi woƒe dzitsinya eye mlɔeba wowɔa “dzi vɔ̃ɖi” na wo ɖokui si naa wova zua Mawu ƒe futɔwo.—Hebritɔwo 3:12; Mateo 12:33-35.

Eyata dze nunya le modzakaɖeɖe siwo nàtia me. Biblia xlɔ̃ nu be: “Nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔ aɖe li, eye ne kafukafu aɖe li la, misusu nusiawo ŋuti.”—Filipitɔwo 4:8.

Hadede Kpɔa Ŋusẽ ɖe Wò Dzitsinya Dzi

Esime Neil kple Franz nye ɖeviwo la, wokpɔ gome le hadede nyuiwo me kple Kristotɔ ɖianukwarewo. * Gake ɣeaɖeɣi megbe la, Neil gblɔ be, “Meva nɔ ha dem kple ame gblẽkuwo.” Emetsonu si va vee mlɔeba enye be eva wɔ nu vlo eye wodee game. Nya ma tɔgbee dzɔ ɖe Franz hã dzi. Efa konyi be: “Mesusu be mate ŋu anɔ xexeame sɔhɛwo dome eye womakpɔ ŋusẽ aɖeke ɖe dzinye o. Gake abe alesi Galatiatɔwo 6:7 gblɔe ene la, ‘Mawu menana woɖoa hehe ɖe eta o! Elabena nusi ke ame ƒãna la, esia ke wòaŋe.’ Dzigbãnya aɖee dzɔ hafi meva kpɔe be Yehowa ƒe nya dzɔ ke tɔnyee medzɔ o. Mele game nye agbemeŋkeke mamlɛawo katã ɖe nu gbegblẽ si mewɔ ta.”

Zi geɖe la, amesiwo le abe Neil kple Franz ene meva zua nuvlowɔlawo kpata o; gbã la, woabui be manyo kura be yewoazu nuvlowɔlawo o. Ðe wonɔa ɖiɖim vivivi, eye zi geɖe la, afɔɖeɖe gbãtɔ nyea ha vɔ̃ dede me nɔnɔ. (Korintotɔwo I, 15:33) Ðewohĩ atikevɔ̃ɖizazã alo ahamumu akplɔe ɖo. Le nyateƒe me la, esɔ be wogblɔ le dzitsinya ŋu be enye “amenyenye ƒe akpa si te ŋu nyina le aha me.” Nuvlowɔwɔ alo agbegbegblẽnɔnɔ gbɔ megadidi tso afisia o.

Ekema nukatae nàɖe afɔ gbãtɔ sia ɖo? Ðe eteƒe la, de ha kple nunyala siwo lɔ̃ Mawu nyateƒe. Woakpe ɖe ŋuwò be nàdo ŋusẽ wò dzitsinya ale be wòate ŋu akplɔ wò nyuie, aɖe wò tso afɔku geɖe me. (Lododowo 13:20) Togbɔ be Neil kple Franz gakpɔtɔ le game hã la, fifia wobua woƒe dzitsinya be enye Mawu ƒe nunana si wòle be woahe nyuie, ẽ, kple nusi woalé be na. Gakpe ɖe eŋu la, wole agbagba dzem vevie be yewoatu yewo kple Mawu, Yehowa, dome ƒomedodo nyui ɖo. Dze nunya, eye nàsrɔ̃ nu tso woƒe vodadawo me.—Lododowo 22:3.

Kpɔ Wò Dzitsinya Ta

Míeɖenɛ fiana be míedi be míakpɔ míaƒe dzitsinya ta ne míetu Mawu dzixɔse kple lɔlɔ̃ na eyama ɖo, eye míetsɔ eyama vɔvɔ̃ si sɔ kpe ɖe eŋu. (Lododowo 8:13; Yohanes I, 5:3) Biblia ɖee fia be dzitsinya si me nusiawo mele o la melia ke le agbenyuinɔnɔ me o. Le kpɔɖeŋu me Psalmo 14:1 ƒo nu tso amesiwo gblɔna le woƒe dzime be ‘Yehowa meli o’ ŋu. Aleke xɔsemanɔamesi sia kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe agbenɔnɔ dzii? Kpukpuia yi dzi be: “Wowɔa nu gbegblẽwo kple nu nyɔŋuwo.”

Etsɔme nyui ƒe mɔkpɔkpɔ like aɖeke hã menɔa amesiwo me Mawu dzixɔse vavã mele o la si o. Eyata wonɔa agbe na egbeŋkekea ko nɔa kɔ ɖim na woƒe ŋutilã me nudzodzrowo. Woƒe nukpɔsusu enye: “Minɛ míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.” (Korintotɔwo I, 15:32) Gake wometsɔa xexeme ƒe dzidzɔkpɔkpɔ siwo nu gbɔna yiyi ge kpuie blea amesiwo ƒe ŋku le agbe mavɔ fetua dzi o. Abe mɔfiamekɔmpiuta si wɔa dɔ nyuie ene la, woƒe dzitsinya si wohe nyuie la na wokpɔa ŋgɔ tẽ ale be woɖoa to Mawu nuteƒewɔwɔtɔe.—Filipitɔwo 3:8.

Hafi ŋusẽ nakpɔtɔ anɔ wò dzitsinya ŋu wòanɔ dɔ wɔm nyuie la, ehiã Mawu ƒe Nya ƒe mɔfiame edziedzi. Biblia na míenya be mɔfiame sia li esime wògblɔe le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ me be: “Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.” (Yesaya 30:21) Eyata ɖo ɣeyiɣi ɖi na Biblia xexlẽ gbesiagbe. Esia ado ŋusẽ wò ahade dzi ƒo na wò ne èle ʋiʋlim be yeawɔ nu nyui alo ne dzitsitsi kple dzimaɖitsitsiwo le fu ɖem na wò. Kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa akplɔ wò le agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔmemenyenye me ne èɖo ŋu ɖe eŋu bliboe. Ẽ, srɔ̃ hakpala si ŋlɔ be: “Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunye me ɖaa; ne ele nye nuɖusi me la, ke maɖe le tenye o.”—Psalmo 16:8; 55:23.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 16 Míetrɔ ŋkɔawo.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 5]

Alakpasubɔsubɔ si woyɔ le Biblia me be “Babilon gã la” ye na ame geɖe ƒe dzitsinya gbɔdzɔ

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Nunɔla le asrafoha yram: U.S. Army Photo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 6]

Ŋutasẽnuwɔwɔ kple agbegbegblẽnɔnɔ kpɔkpɔ agblẽ nu le wò dzitsinya ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mɔfiafia xɔxɔ tso Mawu ƒe Nya me edziedzi adzɔ wò dzitsinya ŋu