Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Nye Dzigbɔgbɔ Blewu Ƒe Mawu

Yehowa Nye Dzigbɔgbɔ Blewu Ƒe Mawu

 Yehowa Nye Dzigbɔgbɔ Blewu Ƒe Mawu

‘Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuveve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve sɔ gbɔ.’—MOSE II, 34:6.

1, 2. (a) Amekawoe Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu ɖe vi na le blema? (b) Gɔmesese kae le nya “dzigbɔgbɔ blewu” ŋu?

NOAH ŋɔli me tɔwo, Israel-vi siwo zɔ mɔ kple Mose to gbedadaƒo, Yudatɔ siwo nɔ anyi esime Yesu nɔ anyigba dzi—amesiawo katã nɔ agbe le nɔnɔme vovovo me. Gake Yehowa ƒe nɔnɔme vevi aɖe ɖe vi na wo katã—eyae nye dzigbɔgbɔ blewu. Elɔ wo dometɔ aɖewo ƒe agbetsitsi ɖe eme. Eye Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu ate ŋu alɔ míawo hã ƒe agbetsitsi ɖe eme.

2 Nukae nye dzigbɔgbɔ blewu? Ɣekaɣie Yehowa ɖenɛ fiana, eye nukatae? Woɖe “dzigbɔgbɔ blewu” gɔme be enye “dzidodo le vlodoame alo dzikudoname me dzigbɔɖitɔe, ahanɔ mɔ kpɔm be ƒomedodo si me gblẽ la ava ɖɔ ɖo.” Eyata taɖodzinu le nɔnɔme sia ŋu. Amesi gbɔ masɔmasɔa tso ƒe nyonyo koŋ gbɔe wòkpɔna. Gake dzigbɔgbɔ blewu mefia be woade nugbegblẽwɔwɔ dzi o. Ne woɖo dzigbɔgbɔ blewu ƒe taɖodzinua gbɔ alo ne susu aɖeke megali si ta woado dzi atsɔ nɔnɔmea o la, dzi gbɔgbɔ blewu sena ɖe afima.

3. Taɖodzinu kae le Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu ŋu, eye afikae wòase ɖo?

3 Togbɔ be amegbetɔwo te ŋu gbɔa dzi blewu hã la, Yehowae nye nɔnɔme sia ƒe kpɔɖeŋuɖola si ƒo ɖesiaɖe ta. Le ƒe siwo katã va yi tso esime nuvɔ̃ gblẽ Yehowa kple amegbetɔ siwo wòwɔ dome la, mía Wɔla la do dzi dzigbɔɖitɔe eye wòwɔ ɖoɖo si dzi amegbetɔ trɔdzimewo ate ŋu ato aɖɔ woa kplii dome ƒomedodo ɖo. (Petro II, 3:9; Yohanes I, 4:10) Gake ne Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu ɖo eƒe taɖodzinu gbɔ la, atso ɖe nugbegblẽwɔla kɔlialiatɔwo ŋu ana nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nu nayi.—Petro II, 3:7.

Ewɔ Ðeka Kple Mawu ƒe Nɔnɔme Veviwo

4. (a) Aleke woɖe susu si le dzigbɔgbɔ blewu me fia le Hebri Ŋɔŋlɔawo mee? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.) (b) Nya kae nyagblɔɖila Naxum gblɔ le Yehowa ŋu, eye nukae esia ɖe fia le Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu ŋu?

4 Le Hebri Ŋɔŋlɔawo me la, susu si wotsɔ kpɔa dzigbɔgbɔ blewu dze le Hebrigbe me nya eve siwo gɔmesese ŋutɔŋutɔ enye “ŋɔti ƒe didime” me, eye woɖe egɔme le New World Translation Biblia me be “mayɔmayɔ ɖe dzikudodo ŋu.” * Esi nyagblɔɖila Naxum nɔ nu ƒom tso Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu ŋu la, egblɔ be: “Yehowa [meyɔna ɖe dzikudodo ŋu o, NW], eye ŋusẽ gã le esi, ke megbea tohehe o.” (Naxum 1:3) Eyata Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu mefia be ŋusẽe mele esi o eye menye ɖe seɖoƒe mele eŋu o. Alesi Mawu ŋusẽkatãtɔ la meyɔna ɖe dzikudodo ŋu o evɔ ŋusẽ hã le esi fia be ɖe wòɖonɛ koŋ gbɔa dzi ɖi blewu le tameɖoɖo aɖe ta. Ŋusẽ le esi be wòahe to na ame, gake eɖonɛ koŋ gbea tohehe enumake ale be wòanye mɔnukpɔkpɔ na nugbegblẽwɔla la be wòatrɔ. (Xezekiel 18:31, 32) Eyata Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu nye lɔlɔ̃ si le esi ɖeɖe fia, eye eɖea alesi wòzãa eƒe ŋusẽ le nunya mee fia.

5. Mɔ ka nue Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu wɔ ɖeka kple eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ le?

 5 Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu le ɖekawɔwɔ me kple eƒe ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye hã. Eɖe eɖokui fia Mose be yenye “nublanuikpɔla kple [amenuveve] Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” (Mose II, 34:6) Mose dzi kafukafuha na Yehowa le ƒe aɖewo megbe be: “Eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 32:4) Ẽ, Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ, dzigbɔgbɔ blewu, ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃, kple nudzɔdzɔewɔwɔ siaa wɔa nu aduadu.

Yehowa ƒe Dzigbɔgbɔ Blewu Hafi Tsiɖɔɖɔa Nava

6. Dzigbɔgbɔ blewu ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi kae Yehowa ɖe fia Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo?

6 Adam kple Xawa ƒe aglãdzedze le Eden gblẽ ƒomedodo xɔasi si nɔ wo kple wo Wɔla lɔlɔ̃a, Yehowa, dome la me tegbetegbe. (Mose I, 3:8-13, 23, 24) Wo ɖokui tete ɖe aga alea gblẽ nu le woƒe dzidzimevi siwo nyi nuvɔ̃, blibomademade, kple ku ƒe dome la ŋu. (Romatɔwo 5:17-19) Togbɔ be atsu kple asi gbãtɔa nye amesiwo ɖoe koŋ wɔ nuvɔ̃ hã la, Yehowa ɖe mɔ na wo be wodzi viwo. Emegbe ewɔ ɖoɖo lɔlɔ̃tɔe be Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo nato edzi agava nɔ ɖekawɔwɔ me kplii. (Yohanes 3:16, 36) Apostolo Paulo ɖe eme be: “Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wòtsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta. Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me ŋuti la, woaxɔ mí geɖe awu tso dziku la me to eyama me. Elabena ne wolé avu le mía kple Mawu dome to Via ƒe ku me, esime míenye ketɔwo la, woaxɔ mí geɖe awu to eƒe agbe me, esime wolé avu na mí megbe.”—Romatɔwo 5:8-10.

7. Aleke Yehowa gbɔ dzi blewu do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔae, eye nukatae dzidzime si nɔ anyi do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa ƒe tsɔtsrɔ̃ le eteƒe tututu?

7 Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu dze le Noa ŋɔli. Ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ hafi Tsiɖɔɖɔa nava la, “Mawu kpɔ bena, xexeame gblẽ keŋ; elabena amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba dzi.” (Mose I, 6:12) Ke hã Yehowa gbɔ dzi ɖi blewu na ameƒomea vaseɖe ɣeyiɣi aɖe. Egblɔ be: “Nye gbɔgbɔ maganɔ amewo me boo o, elabena ŋutilã wonye le woƒe vodada me, eye woƒe agbe me ŋkekewo nanye ƒe alafa ɖeka kple blave!” (Mose I, 6:3) Ƒe 120 mawo ʋu mɔ na Noa nuteƒewɔla la be wòdzi  viwo eye—esi wona wònya Mawu ƒe nyametsotsoa la—ekpa aɖakaʋu hexlɔ̃ nu eŋɔlimetɔwo tso Tsiɖɔɖɔ si nɔ ŋgɔ ŋu. Apostolo Petro ŋlɔ be: “Esime Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la lala le Noa ƒe ŋkekeawo me, esime wòle aɖakaʋu dzram ɖo, si me woɖe ame ʋee, siwo le luʋɔ enyi la le hetso tsi me.” (Petro I, 3:20) Ele eme baa be amesiwo menɔ Noa ƒe aƒekɔa me tẽ o la ‘metsɔ gbeƒã si ɖem wònɔ vevie o ya.’ (Mateo 24:38, 39) Gake alesi Yehowa na Noa kpa aɖakaʋu hewɔ ‘dzɔdzɔenyenye gbeƒãɖeɖedɔ’ anye ƒe bla nanewo la, mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye wòna Noa ŋɔlimetɔwo be woadzudzɔ woƒe agbe vloa nɔnɔ atrɔ asubɔ Ye. (Petro II, 2:5; Hebritɔwo 11:7) Alesi wòva tsrɔ̃ dzidzime vɔ̃ɖi ma emegbe la nɔ eteƒe tututu.

Dzigbɔgbɔ Blewu na Israel-viwo si Nye Kpɔɖeŋu

8. Aleke Yehowa gbɔ dzi ɖi blewu na Israel-dukɔae?

8 Alesi Yehowa gbɔ dzi blewu na Israel-viwo la teƒe didi wu ƒe 120. Le ƒe 1,500 kple edzivɔ ƒe ŋutinya si me Israel-viwo nye Mawu ƒe ame tiatiawo me la, ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo me koe womete Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu kpɔ ɖo eƒe seɖoƒe o. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo le wo ɖeɖe nukutɔe tso Egipte megbe la, wova trɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu, wònye bubu gã aɖe mademade wo Xɔla la ŋu. (Mose II, 32:4; Psalmo 106:21) Le ƒe bla nane siwo kplɔe ɖo me la, Israel-viwo to nyatoƒoe le nuɖuɖu si Yehowa naa wo nukutɔe le gbedadaƒo la ŋu, woli liʋiliʋi le Mose kple Aron ŋu, wodo nu ɖe Yehowa gbɔ, eye wowɔ ahasi kple trɔ̃subɔlawo, hekpɔ gome le Baal-subɔsubɔ gɔ̃ hã me. (Mose IV, 11:4-6; 14:2-4; 21:5; 25:1-3; Korintotɔwo I, 10:6-11) Yehowa tɔ adzɔ ne ɖe wòtsrɔ̃ eƒe amewo keŋ hafi, gake ɖe wògbɔ dzi ɖi blewu boŋ.—Mose IV, 14:11-21.

9. Aleke Yehowa ɖee fia be yenye dzigbɔgbɔ blewu ƒe Mawu le Ʋɔnudrɔ̃lawo kple fiawo ŋɔli?

9 Israel-viwo de megbe ɖasubɔ trɔ̃wo enuenu le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli. Ne wowɔ nenema la, Yehowa gblẽa wo ɖe woƒe futɔwo si me. Gake ne wotrɔ dzime hebia eƒe kpekpeɖeŋu la, egbɔa dzi blewu heɖoa ʋɔnudrɔ̃lawo be woaxɔ na wo. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:17, 18) Le fiahawo ƒe dziɖuɣi legbeea me la, fia ʋɛ aɖewo koe tsɔ wo ɖokui ɖo anyi na Yehowa ƒe tadedeagu. Eye le fia wɔnuteƒeawo ƒe dziɖuɖu te gɔ̃ hã la, ameawo tsakaa alakpasubɔsubɔ kple nyateƒetɔa. Esi Yehowa ɖo nyagblɔɖilawo be woaxlɔ̃ nu wo tso nuteƒemawɔmawɔ ŋu la, ameawo lɔ̃na boŋ be yewoaɖo to nunɔla vlowo kple aʋatsonyagblɔɖilawo. (Yeremya 5:31; 25:4-7) Le nyateƒe me la, Israel-viawo ti Yehowa ƒe nyagblɔɖila wɔnuteƒeawo yome hewu wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. (Kronika II, 24:20, 21; Dɔwɔwɔwo 7:51, 52) Ke hã Yehowa yi edzi gbɔ dzi blewu.—Kronika II, 36:15.

Yehowa ƒe Dzigbɔgbɔ Blewu Nu Metso O

10. Ɣekaɣie Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu ɖo eƒe seɖoƒe?

10 Gake ŋutinya ɖee fia be seɖoƒe aɖe li  na Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu. Eɖe mɔ le ƒe 740 D.M.Ŋ. me be Asiriatɔwo va xɔ Israel-to ewo fiaɖuƒea hekplɔ emetɔwo yi aboyomee. (Fiawo II, 17:5, 6) Eye le ƒe alafa si kplɔe ɖo ƒe nuwuwu la, eɖe mɔ na Babilontɔwo be wova dze Yuda ƒe to eve fiaɖuƒea dzi hetsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa.—Kronika II, 36:16-19.

11. Aleke Yehowa ɖe dzigbɔgbɔ blewu fia esime wònɔ to hem ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu gɔ̃ hãe?

11 Gake esime Yehowa nɔ to hem na Israel kple Yuda ɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nu hã la, meŋlɔ eƒe dzigbɔgbɔ blewu be o. Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Yeremya dzi gblɔe ɖi be woagagbugbɔ yeƒe dukɔ tiatia la aɖo te. Egblɔ be: “Ne ƒe blaadre de na Babel vɔ la, ekema maɖo ŋku mia dzi, eye mawɔ nye ŋugbe nyui, si medo na mi be, magakplɔ mi ava teƒe sia la dzi. Eye mana miakpɔm, . . . Magaɖo mi te, eye maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo katã dome kple teƒe, siwo katã menyã mi ɖo.”—Yeremya 29:10, 14.

12. Aleke wòanye be Mawue na Yudatɔ susɔe aɖewo trɔ gbɔ va Yuda le Mesia la ƒe vava ta?

12 Yudatɔ siwo nɔ aboyome ƒe ame susɔe aɖewo trɔ gbɔ va Yuda nyateƒe heɖo Yehowa subɔsubɔ le gbedoxɔ si wogbugbɔ tu le Yerusalem la me anyi ake. Le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me vava me la, ame susɔe siawo ava zu abe ‘zãmu tso Yehowa gbɔ,’ si naa agbe yeye gaɖoa amewo me eye nuwo dzea edzi la ene. Dzi hã anɔ wo ƒo eye woasẽ ŋu abe “dzata le gbemelãwo dome” ene. (Mixa 5:6, 7) Nyagbɔgblɔ evelia sia anya va eme le Maccabeewo ŋɔli esime Maccabee-ƒomewo nɔ ŋgɔ na Yudatɔwo wonya woƒe futɔwo dzoe le Ŋugbedodonyigbaa dzi eye wogakɔ gbedoxɔ si wodo gui la ŋu. Eyata wokpɔ dukɔa kple gbedoxɔa ta be nuteƒewɔla susɔe bubu aɖewo nate ŋu anɔ anyi axɔ Mawu ƒe Vi si anye Mesia ne eva.—Daniel 9:25; Luka 1:13-17, 67-79; 3:15, 21, 22.

13. Esi Yudatɔwo wu Yehowa ƒe Vi megbe gɔ̃ hã la, aleke wòyi edzi gbɔ dzi blewu na woe?

13 Esi Yudatɔwo wu Yehowa ƒe Vi la gɔ̃ hã la, egayi edzi gbɔ dzi blewu na wo ƒe etɔ̃ kple afã bubu, eye wòna mɔnukpɔkpɔ woawo koŋ be woayɔ wo woava nye Abraham ƒe gbɔgbɔ me dzidzimevia ƒe akpa aɖe. (Daniel 9:27) * Yudatɔ aɖewo wɔ ɖe yɔyɔ sia dzi do ŋgɔ na ƒe 36 M.Ŋ. kple emegbe, eyata abe alesi Paulo gblɔe emegbe ene la, “[ame] susɔewo susɔ ɖi le amenuveve ƒe tiatia la nu.”—Romatɔwo 11:5.

14. (a) Amekawoe wona mɔnukpɔkpɔe le ƒe 36 M.Ŋ. me be wova zu Abraham ƒe gbɔgbɔmevia ƒe akpa aɖe? (b) Aleke Paulo ɖe eƒe seselelãme gblɔ ɖe alesi Yehowa tia gbɔgbɔ me Israel me tɔwo ŋu?

14 Le ƒe 36 M.Ŋ. me la, woʋu Abraham ƒe gbɔgbɔmevi nyenye ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi zi gbãtɔ na amesiwo menye Yudatɔwo loo alo amesiwo trɔ dzime zu Yudatɔwo o. Amesiwo wɔ ɖe yɔyɔa dzi hã va zu Yehowa ƒe amenuveve kple dzigbɔgbɔ blewu gomekpɔlawo. (Galatiatɔwo  3:26-29; Efesotɔwo 2:4-7) Esi Paulo nɔ ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖem gblɔ ɖe nunya kple tameɖoɖo si ta Yehowa gbɔ dzi blewu nublanuikpɔkpɔtɔe, eye wòto edzi kpɔ ame xexlẽme si ade gbɔgbɔ me Israel me tɔwo nu ŋuti la, egblɔe sesĩe be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!”—Romatɔwo 11:25, 26, 33; Galatiatɔwo 6:15, 16.

Dzigbɔgbɔ Blewu le Eƒe Ŋkɔ Ta

15. Susu vevi ka tae Mawu gbɔa dzi ɖi blewu, eye nya kae hiã ɣeyiɣi hafi woate ŋu akpɔ egbɔ?

15 Nukatae Yehowa gbɔa dzi blewu? Susu vevitɔe nye be yeado yeƒe ŋkɔ ɖe dzi ahaʋli yeƒe dziɖulanyenye ta. (Samuel I, 12:20-22) Nudzɔdzɔewɔwɔ ŋu nya si Satana fɔ ɖe te ku ɖe alesi Yehowa zãa Eƒe dziɖulanyenyee ŋu bia ɣeyiɣi be woakpɔ nyaa gbɔ nyuie nuwɔwɔwo katã nakpɔ. (Hiob 1:9-11; 42:2, 5, 6) Eyata esi wonɔ Yehowa ƒe amewo tem ɖe anyi le Egipte la, egblɔ na Farao be: “Megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.”—Mose II, 9:16.

16. (a) Aleke Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu wɔe be woƒo amewo nu ƒu na eƒe ŋkɔae? (b) Aleke woakɔ Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu ahaʋli eƒe dziɖulanyenye tae?

16 Apostolo Paulo yɔ nya siwo Yehowa gblɔ na Farao esime wònɔ akpa si Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu wɔ le Eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu kɔkɔ me ɖem. Eye Paulo ŋlɔ kpee be: “Ke ne Mawu, esime wòle didim be, yeaɖe eƒe dziku ɖe go afia, eye yeana woanya eƒe ŋusẽ la, tsɔ dzigbɔgbɔ blewu geɖe lé dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ la, ɖe asi, bene yeana woanya eƒe ŋutikɔkɔe ƒe agbɔsɔsɔ hã ɖe nublanuikpɔkpɔ ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena ŋutikɔkɔe la ŋu, ekema aleke wòle? Nenema ke wòyɔ míawo hã, menye tso Yudatɔwo dome ɖeɖe o, ke tso trɔ̃subɔlawo dome hã, abe alesi wogblɔ le Hosea me hã ene bena: ‘[Mayɔ “Amesiwo menye nye dukɔ o be “Nye dukɔ.”’]” (Romatɔwo 9:17, 22-25). Le alesi Yehowa gbɔ dzi blewu ta la, ete ŋu ɖe ‘amewo tso dukɔwo dome na eƒe ŋkɔ.’ (Dɔwɔwɔwo 15:14) Le ‘ame kɔkɔe’ siawo ƒe Ta, Yesu Kristo, te la, wonye Fiaɖuƒe si dzi Yehowa ato akɔ Eƒe ŋkɔ gã la ŋu ahaʋli Eƒe dziɖulanyenye ta ƒe domenyilawo.—Daniel 2:44; 7:13, 14, 27; Nyaɖeɖefia 4:9-11; 5:9, 10.

 Yehowa ƒe Dzigbɔgbɔ Blewu na Wokpɔa Ðeɖe

17, 18. (a) Nuka wɔwɔe ate ŋu ana míabu fɔ Yehowa le manyamanya me ɖe eƒe dzigbɔgbɔ blewu ta? (b) Aleke wode dzi ƒo na mí be míabu Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewui?

17 Tso esime ameƒomea dze nuvɔ̃ me le gɔmedzedzea me vaseɖe fifia la, Yehowa ɖee fia be yenye dzigbɔgbɔ blewu ƒe Mawu. Eƒe dzigbɔɖi hafi Tsiɖɔɖɔa nava na ɣeyiɣi nɔ anyi wotsɔ xlɔ̃ nu amewo eye be woawɔ ɖoɖo ɖe amewo ɖeɖe ŋu. Gake eƒe dzigbɔɖia ɖo eƒe seɖoƒe, eye Tsiɖɔɖɔa va. Nenema ke egbea hã Yehowa gale dzi gbɔm ɖi blewu, eye esia teƒe le didim wu alesi ame aɖewo susui. Gake menye ema tae míana ta o. Ðeko nuwɔwɔ nenema asɔ kple fɔbubu Mawu le eƒe dzigbɔgbɔ blewu la ta. Paulo bia be: “Ðe nèdoa vlo Mawu ƒe dɔmenyonyo kple dzidodo kple dzigbɔgbɔ blewu ƒe agbɔsɔsɔ la, eye mènyae bena, Mawu ƒe dɔmenyonyo kplɔa wò yina ɖe dzimetɔtrɔ me o mahã?”—Romatɔwo 2:4.

18 Mía dometɔ aɖeke mate ŋu anya afisi wòahiã be Mawu nagbɔ dzi ɖi na mí ase ɖo hafi wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu be míedze na ɖeɖekpɔkpɔ o. Paulo ɖo aɖaŋu na mí be ‘míayi edzi atsɔ vɔvɔ̃ kple dzodzo nyanyanya anɔ dɔ wɔm tso míaƒe ɖeɖekpɔkpɔ ŋu.’ (Filipitɔwo 2:12) Apostolo Petro ŋlɔ ɖo ɖe ehati Kristotɔwo be: ‘Menye ɖe Aƒetɔ la le wɔwɔm blewu le eƒe ŋugbedodowo dziwɔwɔ me, abe alesi ame aɖewo bunɛ blewuwɔwɔ la ene o; hafi egbɔ dzi ɖi blewu na mi, esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.’—Petro II, 3:9.

19. Mɔ ka nue míate ŋu awɔ Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu ŋudɔ le?

19 Eyata migana míatsi dzi ɖe alesi Yehowa le nyawo gbɔ kpɔmee ŋu o. Ke boŋ mina míawɔ ɖe aɖaŋu si Petro ɖo kpee dzi eye ‘míabu mía Aƒetɔ ƒe dzigbɔgbɔ blewu la bena, enye na ɖeɖekpɔkpɔ.’ Amekawo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ? Mía ŋutɔwo tɔ, eye ne míakekee ɖe enu la, kple ame gbogbo bubu siwo wògahiã na be woase ‘fiaɖuƒeŋutinya nyuia.’ (Petro II, 3:15; Mateo 24:14) Esia akpe ɖe mía ŋu míade asixɔxɔ dɔmenyo gbogbo si le Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu me la ŋu eye wòaʋã mí be míagbɔ dzi blewu ne míele nu wɔm kple amewo.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Le Hebrigbe me la, wolɔ̃a nya si wozãna na “ŋɔti” alo “ŋɔtime” (si nye ʼaph) zazã na dziku le kpɔɖeŋumɔ nu. Alesi dzikudola nɔa gbɔgbɔm fuxefuxe alo nɔa ŋɔtimetu dam tae.

^ mm. 13 Ne èdi nyagblɔɖi sia me ɖeɖe bubuwo la, ke kpɔ agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La!, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe axa 191-4.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

•Nukae nya “dzigbɔgbɔ blewu” fia le Biblia me?

•Aleke Yehowa ɖe dzigbɔgbɔ blewu fia hafi Tsiɖɔɖɔa va, le aboyomenɔnɔ le Babilon megbe, kple le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me?

•Susu vevi kawo tae Yehowa gbɔ dzi blewu?

•Aleke wòle be míabu Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewui?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu hafi Tsiɖɔɖɔa nava na mɔnukpɔkpɔ sɔgbɔ amewo be woatrɔ dzime

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Le Babilon ƒe anyidzedze vɔ megbe la, Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu ɖe vi na Yudatɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Le ƒe alafa gbãtɔa me la, Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu ɖe vi na Yudatɔwo kple amesiwo menye Yudatɔwo o siaa

[Nɔnɔmetata siwo le axa 12]

Kristotɔ siwo li egbea wɔa Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu ŋudɔ nyuie