“Mɔɖeɖe na Subɔsubɔhawo ƒe Ŋkeke”
“Mɔɖeɖe na Subɔsubɔhawo ƒe Ŋkeke”
DZE aɖe si nyɔnu sukudzikpɔla aɖe si le Poland ɖo kple Yehowa Ðasefowo nyɔ eƒe ɖetsɔleme wòɖo “Mɔɖeɖe na Subɔsubɔhawo ƒe Ŋkeke” aɖe ɖi le eƒe sukua me. Edo susua ɖa be sukuviawo dometɔ siwo lɔ̃ faa—Katolikotɔwo, Buddhatɔwo, kple Yehowa Ðasefowo—nadzra woƒe dzixɔse kple nuwɔnawo ŋuti nuƒo kpuiwo ɖo ava ƒo be sukuvi bubuwo nanya nu tso wo ŋu. Enumake ƒewuivi etɔ̃ siwo nye Yehowa Ðasefowo tsɔ wo ɖokui na.
Esi nuƒoa ƒogbe ɖo la, ame gbãtɔ si ƒo nue nye ƒe 15 vi Malwina. Nya siwo wògblɔ ƒe ɖewoe nye: “Mia dometɔ geɖe nya mí hafi míete suku sia dede elabena míevaa miaƒe aƒewo me. Ðewohĩ miabia be nuka gɔ̃ tae míewɔa ema ɖo. Esi míele Yesu Kristo, Kristotɔnyenye Ðoanyila, ƒe kpɔɖeŋu srɔ̃m tae. Eɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le afisiafi si wòkpɔ amewo le. Apostolowo kple Kristotɔ gbãtɔ bubuwo wɔ nenema ke. Le teƒe geɖewo la, Yehowa Ðasefowo toa xɔse ƒe dodokpɔ sesẽwo me, gake enye dzidzɔ na mí be mi katã miena míawo ya míele ŋutifafa me le míaƒe sukua me. Míeda akpe na mi ɖe ema ta!”
Le Malwina ƒe nuƒoa ta ƒoƒo me la, egblɔ be: “Susu bubu aɖe gali si ta míevaa miaƒe aƒewo me ɖo. Míetsɔ ɖe le eme na mi. Biblia gblɔ be eteƒe madidi o nudzɔdzɔ siwo aʋuʋu xexeame ava ameƒomea dzi. Eyata ɣebubuɣi si míaƒo ʋɔ na mi la, taflatse midze agbagba miaɖo to. Míadi be míagblɔ alesi míawɔ anɔ anyi ɖekae le paradiso me le anyigba dzi la na mi.”
Nuƒola si kplɔe ɖoe nye Mateusz, eya hã xɔ ƒe 15. Mateusz gblɔ na eƒe nyaselawo be le ƒe siwo va yi me la, Yehowa Ðasefowo zã mɔnu vovovowo tsɔ kaka nyanyui lae. Le kpɔɖeŋu me le ƒe 1914 me—si nye ɣeyiɣi siwo me woɖea sinima siwo me gbeɖiɖi menɔna o me—la, Ðasefowo nɔ “Xexeamewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia,” si nye fotoɖeɖefia si me gbeɖiɖi nɔ ɖem fia.
Mateusz ƒo nu tso akpa si radio wɔna le Fiaɖuƒegbedasia kaka me ŋu, emegbe eƒo nu
tso kɔmpiuta nuŋlɔɖoɖo tɔxɛ si ŋlɔa gbegbɔgblɔ vovovowo si woyɔna be (MEPS) si Yehowa Ðasefowo to vɛ la ŋu. Eƒo nu tso alesi Yehowa Ðasefowo kpe ɖe Ðɔktawo ŋu wonya nu tso dɔwɔwɔ na ame ʋumadomadoe ƒe mɔnuwo ŋu hã ŋu. Egblɔ be: “Fifiaa, Poland tikewɔla xɔŋkɔwo ƒoa nu nyui tso míaƒe nukpɔsusua ŋu eye wòte gbe ɖe edzi be ƒe sia ƒe la, wowɔa dɔ na dɔnɔ gbogbo aɖewo siwomenye Ðasefowo o ʋumadomadoe.”Mateusz ƒo nu tso Fiaɖuƒe Akpata siwo tum wole ŋu tsɔ ƒo eƒe nyaa tae hegblɔ be: “Miadi be miaɖi tsa asrã mí kpɔ le mía tɔ mea? Womexɔa ga hafi amewo gena ɖe xɔa me o, eye womedzɔa ga le amewo si o.” Esime Mateusz nɔ nu ƒom tso takpekpewɔƒe si le Sosnowiec ŋu la, egblɔ be: “Ele be miaɖi tsa ava kpɔ takpexɔ gã sia si zãm míele la kple miaƒe ŋku. Nukata miana mí katã míayi ɖekae o? Míedi be míado susu aɖe ɖa, eye mía xɔlɔ̃ Katarzyna aƒo nu tso eŋu na mi.”
Emegbe ƒe 15 vi Katarzyna gblɔ dzonɔamemetɔe be: “Míele mia kpem va Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe me le Sosnowiec. Woadzro nyati siwo ku ɖe sɔhɛwo ŋu me.” Katarzyna ƒo nu tso azã vevi si Kristotɔwo ɖuna hã ŋu—si nye Yesu Kristotɔ ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizã. Ede dzi ƒo na eƒe nyaselawo be: “Le ƒe si va yi me la, ame miliɔn 14 kple edzivɔe de azã ma ɖuƒe le xexeame katã. Nukata miawɔ ɖeka kpli mí ɣebubuɣi o?”
Le woƒe nuƒoawo ƒoƒo megbe la, Malwina, Mateusz, kple Katarzyna tsɔ agbalẽ si nye Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom kpakple videokasɛt eve siwo ƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse kple dɔwɔnawo ŋu na nufialaawo. * Nufialaawo xɔe heda akpe ɖe wo ta geɖe, eye wogblɔ be yewoazã wo le klasseawo ƒe ŋutinya srɔ̃ɣiwo.
Le wɔnaawo megbe la, ƒe 12 vi Martyna ƒo hadzidzi si ƒe tanyae nye “Yehowa, Míeda Akpe Na Wò” le mɔ̃ dzi ƒuƒoƒea katã se. Ƒewuivi Ðasefo siawo ‘lé dzi ɖe ƒo le woƒe Mawu me’ heɖi ɖase nyui aɖe. (Tesalonikatɔwo I, 2:2) Kpɔɖeŋu nyui kae nye si wonye na Ðasefo sɔhɛwo le afisiafi!
[Etenuŋɔŋlɔ]
^ mm. 9 Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Malwina do ŋgɔ dzra nuƒoa ɖo ŋkeke ʋɛ aɖewo hafi ɖaƒoe le sukua
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Katarzyna le mawunyakpukpui siwo woazã le nuƒoa me la dim