Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Enye Akaɖitsɔla Na Dukɔ Geɖe

Enye Akaɖitsɔla Na Dukɔ Geɖe

Agbemeŋutinya

Enye Akaɖitsɔla Na Dukɔ Geɖe

GEORGE YOUNG ŊUTINYA ABE ALESI RUTH YOUNG NICHOLSON GBLƆE ENE

“Ekema nukata míafia nusiawo le míaƒe kplɔ̃wo ta o? . . . Ameka ƒomeviwoe míanye ne míezi ɖoɖoe ɖe nusiwo ŋu meŋlɔ nu tsoe dzi esi míekpɔ kpeɖodzi le wo ŋu be wonye nyateƒe vɔ megbe? Migana míagbe nyateƒea gbɔgblɔ na ameawo o, eye nyateƒea gbɔgblɔ nagate ɖe mía dzi alo be míagblɔe le bebeme o.”

NYA siawoe nye axa 33 ƒe lɛta si fofonye ŋlɔ tsɔ nɔ biabiam be woaɖe yeƒe ŋkɔ le sɔlemehaa ƒe agbalẽwo me la ƒe akpa aɖe. Ƒe 1913 mee. Tso ɣemaɣi la, eƒo eɖokui ɖe agbenɔnɔ si me yɔ fũ kple nudzɔdzɔwo me si wɔe be wòva zu akaɖitsɔla na dukɔ geɖe. (Filipitɔwo 2:15) Tso esime menye nyɔnuvi sue la, mexɔa nusiwo Papa wɔ ŋu nyawo tso ƒometɔwo gbɔ kple ŋutinya bubu siwo woŋlɔ ɖi me, eye xɔlɔ̃wo kpe ɖe ŋunye be meƒo wo nu ƒu wɔ eƒe agbemeŋutinyae. Alesi Papa nɔ agbee ɖoa ŋku apostolo Paulo tɔ dzi nam le mɔ geɖe nu. Papa nɔ klalo be yeazɔ mɔ atsɔ Yehowa ƒe gbedasia ayi na anyigba kple ƒukpo ɖesiaɖe dzi tɔwo abe alesi ‘dukɔwo ƒe apostolo’ ma hã wɔe ene. (Romatɔwo 11:13; Psalmo 107:1-3) Mina magblɔ fofonye, George Young, ŋutinya na mi.

Ƒe Gbãtɔawo

Papae nye John kple Margaret Young, siwo nye Scotland Presbiteria hameviwo, ƒe viŋutsu suetɔ. Wodzii le September 8, 1886 dzi, esi ƒomea ʋu tso Edinburgh, Scotland, yi British Columbia, le Canada ƒe ɣetoɖoƒe megbe kpuie. Wodzi efoa etɔ̃awo—Alexander, John, kple Malcolm—ƒe ʋɛ aɖewo do ŋgɔ le Scotland. Papa ɖe ƒe eve ɖi na Marion, si nye nyɔnuvi sue le ŋutsuviawo dome, amesi woyɔna vividoɖeŋutɔe be Nellie.

Dzi dzɔa ɖeviawo esime wonɔ tsitsim le agble aɖe dzi si woƒe aƒe le le Saanich, si medidi akpa tso Victoria, British Columbia, gbɔ o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, wosrɔ̃ agbanɔamedziwo tsɔtsɔ. Eyata kaka wo dzilawo nazɔ mɔ ayi Victoria agbɔ la, wowɔa aƒea me dɔwo katã eye aƒea nɔa nɔnɔme nyui me.

Eteƒe medidi o, Papa kple nɔviaŋutsuwo te tomenukuku kple ati dzadzra. Wova nya Young ŋutsuvi siawo nyuie be wonye atiŋudɔwɔlawo (amesiwo léa ŋku ɖe anyigba ŋu akpɔ be woate ŋu ade atigblewo ɖe wo dzi hã) kple amesiwo ƒlea atiwo hedzrana. Papae kpɔa ganyawo dzi.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, alesi Papa tsɔ ɖe le gbɔgbɔmenuwo me wɔe be wòtso nya me be yeazu Presbiteria-nunɔla. Gake le ɣeyiɣi ma me lɔƒo la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla, Charles Taze Russell, ƒe mawunya siwo wotana ɖe nyadzɔdzɔgbalẽwo me la kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe agbe dzi ale gbegbe. Nusi Papa srɔ̃ la ʋãe be wòŋlɔ dodo le haa me ƒe lɛta si ŋu meƒo nu tsoe le gɔmedzedzea me.

Papa zã Biblia kpukpuiwo tufafatɔe gake wòna wòdze ƒã be nusiwo sɔlemehaa fiana be amegbetɔ ƒe luʋɔ mekuna o kple be Mawu awɔ fu amegbetɔwo ƒe luʋɔ le dzomavɔ me tegbee la menye nyateƒe o. Eklo nu le Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafiaa hã dzi heɖo kpe edzi be menye Kristotɔnyenye mee wòdzɔ tso o eye Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖe edzi kura o. Tso ɣemaɣi la, ewɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa abe alesi Yesu Kristo wɔe ene, eye wòzã eƒe ŋutetewo kple ŋusẽ katã tsɔ kɔ Yehowa ŋu.

Le ƒe 1917 me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa na Papa dze subɔsubɔ gɔme wònye mɔzɔla, abe alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo teƒenɔla mɔzɔlawo ene. Eƒo nuƒowo eye wòɖe sinima kple fotoɖeɖefia si ƒe tanyae nye “Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” le duvi kple dugãwo me le Canada godoo. Fefewɔƒewo yɔna taŋtaŋ le Papa ƒe sasrãkpɔɣiwo. Vaseɖe ƒe 1921 me la, eƒe mɔzɔzɔa ƒe ɖoɖowɔɖi dzena le Gbetakpɔxɔ me.

Winnipeg nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya ta be Mawunyagblɔla Young ƒo nu na ame 2,500 eye be ame geɖe mete ŋu kpɔ mɔ ge ɖe akpataa me o elabena amewo yɔe taŋtaŋ. Nyati si ŋu wòƒo nu tsoe le Ottawa enye “Dzomavɔ me Yiyi Kple Tɔtrɔgbɔ.” Ŋutsu tsitsi aɖe ka nya ta le afima be: “Esi nuƒoa wu enu la, George Young kpe subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖewo siwo nɔ anyi ɖe fli ɖeka dzi be woava nuƒolanɔƒea ne woava dzro nyatia me kpli ye, gake wo dometɔ aɖeke metso o. Ɣemaɣie menyae be meke ɖe nyateƒea ŋu.”

Papa dzea agbagba be yeawɔ gbɔgbɔmedɔ geɖe alesi yeate ŋui le yeƒe mɔzɔzɔawo me. Emegbe ewɔna kabakaba va ɖoa ketete yia teƒe bubu si le ɖoɖowɔɖia dzi. Ne ʋue wòaɖo la, edzea mɔ ɖoa ta teƒe si kplɔe ɖo xoxoxo hafi ŋdinuɖuɣi ɖona. Gakpe ɖe eƒe dzonɔameme ŋu la, wonya Papa nyuie be enye amesi bua ame ŋu eye wonyae le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kple dɔmenyonyo ta.

Le takpekpe gbãtɔ geɖe siwo wòde me la, wo dometɔ si dzi wòɖoa ŋkui vevie enye esi wowɔ le Edmonton, Alberta, le ƒe 1918 me. Woƒe ƒome bliboa nɔ eteƒe kpɔ Nellie ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ teƒe. Ema hãe nye zi mamletɔ si ŋutsuviawo nɔ anyi ɖekae. Le ƒe eve megbe la, axamedɔ wu Malcolm. Dziƒogbenɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe nɔ Malcolm si abe alesi wònɔ nɔviaŋutsu etɔ̃awo kple fofoa sii ene, eye wo katã wɔ nuteƒe na Mawu vaseɖe woƒe kugbe.—Filipitɔwo 3:14.

Edzo Yi Dutanyigbawo Dzi

Esi Papa wu gbeƒãɖeɖe mɔzɔzɔ nu le Canada le September 1921 me la, Joseph F. Rutherford, amesi nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi na wòyi ɖe Carib-ƒukpowo dzi. Afisiafi si Papa aɖe “Xexemewɔwɔ ƒe Fotoɖeɖefia” le la, amewo kpɔa dzidzɔ ɖe eŋu. Eŋlɔ tso Trinidad be: “Teƒea yɔ ale gbegbe, eye wona ame gbogbo aɖewo trɔ yi aƒeme. Le zã si kplɔe ɖo me la, amewo yɔ xɔa taŋtaŋ.”

Emegbe le ƒe 1923 me la, woɖo Papa ɖe Brazil. Eƒo nu na nyasela gbogbo aɖewo le afima eye wòdaa amewo be woaɖe nuƒoawo gɔme ɣeaɖewoɣi. Woka nya ta le December 15, 1923, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me be: “Tso June 1 vaseɖe September 30 dzi la, Nɔviŋutsu Young wɔ dutoƒokpekpe 21, si delawo ƒe xexlẽme katã nye 3,600; hame ƒe kpekpe 48 si ame 1,100 de; ema agbalẽ 5,000 siwo le Portugalgbe me femaxee.” Ame geɖe ɖe ɖetsɔleme fia esi Papa ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Ame Miliɔn Geɖe Siwo Le Agbe Fifia Maku Akpɔ O.”

Esime wokɔ alɔdzedɔwɔƒe yeye ŋu le Brazil le March 8, 1997 dzi la, woka nya ta le eŋukɔkɔ ƒe agbalẽ gbadzaa me be: “1923: George Young va ɖo Brazil. Eɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe Rio de Janeiro.” Togbɔ be Biblia-srɔ̃gbalẽwo nɔ Spaingbe me hã la, egahiã be wòanɔ Portugalgbe, si koŋ wodona le Brazil, hã me. Eyata le October 1, 1923 dzi la, wote Gbetakpɔxɔ tata ɖe Portugalgbe me.

Papa ke ɖe ame geɖe siwo maŋlɔ be akpɔ o ŋu le Brazil. Wo dometɔ ɖekae nye Portugaltɔ aɖe si si alɔme nɔ si ŋkɔe nye Jacintho Pimentel Cabral, amesi tsɔ eƒe aƒe na be woawɔ kpekpewo le eme. Eteƒe medidi o, Jacintho xɔ Biblia ƒe nyateƒea eye emegbe wòva zu dɔwɔla le alɔdzedɔwɔƒea. Ame bubue nye Manuel da Silva Jordão, si nye ɖekakpui Portugaltɔ abɔdzikpɔla. Ese dutoƒonuƒo aɖe si Papa ƒo eye wòʋãe be wòtrɔ yi Portugal ɖawɔ nyanyuikakala ƒe dɔ, abe alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo ɣemaɣi ene.

Papa ɖo keteke zɔ mɔ de teƒe geɖe le Brazil katã, eye wòdze agbagba ke ɖe ɖetsɔlemetɔwo ŋu. Le eƒe mɔzɔzɔawo dometɔ ɖeka me la, edo go Bony kple Catarina Green, eye wònɔ wo gbɔ kwasiɖa eve kloe, henɔ Ŋɔŋlɔawo me ɖem na wo. Ɣemaɣi ƒomea me tɔ siwo ade ame adre tsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii.

Ame bubu si wògado goe ye nye Sarah Bellona Ferguson le ƒe 1923 me. Eya kple efoa, Erasmus Fulton Smith, kpakple woƒe ƒomea me tɔ mamlɛawo ʋu tso United States va Brazil le ƒe 1867 me. Exɔa Gbetakpɔxɔ to posu me edziedzi tso ƒe 1899 me ke. Papa ƒe sasrãkpɔ nye mɔnukpɔkpɔ si Sarah, via eneawo, kple ame aɖe si Papa yɔ be Daɖia Sallie, nɔ mɔ kpɔm na xoxoxo bene yewoaxɔ nyɔnyrɔ. March 11, 1924, dzie nye ma.

Eteƒe medidi o, Papa yi gbeƒãɖeɖedɔa dzi le Anyiehe Amerika dukɔ bubuwo me. Le November 8, 1924, dzi la, eŋlɔ lɛta tso Peru be: “Ðeko mewu trakt 17,000 mama nu le Lima kple Callao koe nye esia.” Eyome edzo yi Bolivia be yeava ma traktwo le afima. Eŋlɔ nu tso sasrãkpɔ ma ŋu be: “Mía Fofo le yayram ɖe agbagbadzedzea dzi. Indiatɔ aɖe kpe ɖe ŋunye. Eƒe aƒeme le Amazon tsidzɔƒeawo gbɔ. Exɔ trakt 1,000 kple agbalẽ aɖewo ɖe asi dzoe.”

To Papa ƒe agbagbadzedzewo dzi la, wowu Biblia ƒe nyateƒea ƒe kuwo le Titina kple Anyiehe Amerika dukɔ geɖe me. December 1, 1924, Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ka nya ta be: “Ƒe eve kple edzivɔ enye esia si George Young le Anyiehe Amerika. . . . Enye mɔnukpɔkpɔ na nɔviŋutsu lɔlɔ̃tɔ sia be wòatsɔ nyateƒe gbedasia ayi Punta Arenas, si le Magellan Tɔdomekpo dzi.” Papa xɔ ŋgɔ na gbeƒãɖeɖedɔa le dukɔwo abe Costa Rica, Panama, kple Venezuela ene hã me. Eyi edzi togbɔ be asrã lée eye eƒe lãme gblẽ hã.

Emegbe Eyi Europa

Le March 1925 me la, Papa ɖo tɔdziʋu dze Europa mɔ, afisi wònɔ mɔ kpɔm be yeama Biblia-sɔsrɔ̃ ƒe trakt 300,000 le le Spain kple Portugal ahawɔ ɖoɖo be Nɔviŋutsu Rutherford nava ƒo dutoƒonuƒo. Gake esi Papa ɖo Spain vɔ la, mekɔ lãme nɛ be Nɔviŋutsu Rutherford nava ƒo nuƒoa o le subɔsubɔhawo ƒe mɔmaɖemaɖeɖenuŋu ta.

Nɔviŋutsu Rutherford ŋlɔ agbalẽ tsɔ ɖo eŋu nɛ heyɔ Yesaya 51:16 me nyawo de eme, si gblɔ be: “Metsɔ nye nya de nuwò, eye meɣla wò ɖe nye asi ƒe vɔvɔli te, ne magbugbɔ dziƒo me ahe, maɖo anyigba gɔme anyi, eye magblɔ na Zion be: Nye dukɔ nènye.” Esia na Papa ƒo nya ta be: “Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nu wònye nyateƒe be mawɔ ɖoɖoa ahagblẽ emetsonuawo ɖe eƒe asi me.”

Le May 10, 1925, dzi la, Nɔviŋutsu Rutherford ƒo eƒe nuƒoa to nyagɔmeɖela dzi le Novedades Fefewɔƒea le Barcelona. Amesiwo wu 2,000 ye de, eye dziɖuɖumegã aɖe kple eŋudzɔla tɔxɛ hã nɔ nuƒolanɔƒea. Aleae ɖoɖoa nɔ le Mardrid hã, eye ame 1,200 ye va. Alesi nuƒo siawo na amewo va tsɔ ɖe le emee wɔe be woɖo alɔdzedɔwɔƒe ɖe Spain si wotsɔ de “George Young ƒe dzikpɔkpɔ te,” abe alesi 1978 Yearbook of Jehovah’s Witnesses gblɔe ene.

Le May 13, 1925, dzi la, Nɔviŋutsu Rutherford ƒo nu le Lisbon, Portugal. Togbɔ be subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo dze agbagba be yewoato ɣlidodo kple zikpuiwo gbegblẽ me agblẽ kpekpea me hã la, eƒe afima yiyi hã kpɔ dzidzedze gã aɖe. Le Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒo siwo wòƒo le Spain kple Portugal megbe la, Papa yi “Fotoɖeɖefia” la ɖeɖe dzi, eye wòwɔ ɖoɖo hã be woata Biblia-srɔ̃gbalẽwo ahama wo le teƒe mawo. Eka nya ta le ƒe 1927 me be ‘woɖe gbeƒã nyanyuia le dugã kple duvi ɖesiaɖe me le Spain.’

Gbeƒãɖeɖe le Soviet Union

Teƒe bubu si wogaɖo Papa ɖa na dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔe nye Soviet Union, wòva ɖo afima le August 28, 1928, dzi. October 10, 1928, ƒe lɛta aɖe si wòŋlɔ ƒe akpa aɖe xlẽ be:

“Tso esime meva Russia la, le nyateƒe me medoa gbe ɖa vevie tso dzime be ‘Wò fiaɖuƒe nava.’ Mele gbea srɔ̃m, gake mele tsɔtsɔm o. Nye nyawo gɔmeɖela nye ame tɔxɛ aɖe, enye Yudatɔ, gake exɔ Kristo dzi se eye wòlɔ̃ Biblia. Nuteƒekpɔkpɔ nyui aɖewo su asinye gake ɖeko nyemenya ɣeyiɣi didi si woaɖe mɔ nam be manɔ anyi o. Le kwasiɖa si va yi me la, wona menya be yewo nam gaƒoƒo 24 be madzo gake wokpɔ nyaa gbɔ eyata mate ŋu anɔ anyi wòadidi.”

Woke ɖe Biblia Nusrɔ̃vi aɖewo ŋu le Kharkov, si nye dugã aɖe fifia le Ukraine, eye dzo si ɖekawɔwɔ kpli wo nɔewo de lãme na wo la na wofa dzidzɔvi. Wowɔa takpekpe sue aɖe zã sia zã vaseɖe zãtitina. Emegbe esi Papa nɔ nu ŋlɔm tso kpekpe sia wɔwɔ kple nɔviawo ŋu la, eŋlɔ bena: “Nɔviawo ƒe nu wɔ nublanui, woxɔ agbalẽ ʋɛ siwo le wo si la le wo si eye dziɖuɖumegãwo mekpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu o, ke hã nɔviawo le dzidzɔ kpɔm.”

Woƒo nu tso subɔsubɔdɔ si Papa wɔ le Soviet Union ŋu le agbalẽ gbadza tɔxɛ aɖe si wowɔ na amesiwo de alɔdzedɔwɔƒe yeye ŋukɔƒe le St. Petersburg, Russia, le June 21, 1997, dzi la me. Wogblɔ le agbalẽ gbadzaa me be woɖo Papa ɖe Moscow, eye woka nya ta be ebia mɔ be “yeata agbalẽvi si nye Freedom for the Peoples kple Where Are the Dead?, ɖekaɖeka 15,000 ne woama le Russia.”

Esi Papa tso Russia gbɔ la, wodɔe ɖe dzikpɔla mɔzɔladɔa wɔƒe le United States. Esi wònɔ South Dakota la, eyi Nellena kple Verda Pool, amesiwo nye nɔvianyɔnu siwo va zu dutanyanyuigblɔlawo le Peru, le ƒe aɖewo megbe la ƒe aƒeme. Woɖe ŋudzedzekpɔkpɔ nyui fia ɖe Papa ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ ɖeɖimateameŋutɔe ŋu hegblɔ be: “Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ƒe gbɔgbɔ nɔ nɔviwo me ŋutɔ le tsã ɣeyiɣi mawo me le esi xexe sia me nu ʋɛ aɖewo koe nɔa wo si hafi woyia dutanyigbawo dzi gake woƒe dzi yɔ fũ kple lɔlɔ̃ na Yehowa ta. Esiae nye nusi ʋã wo be wowɔ woƒe dɔwo de goe.”

Srɔ̃ɖeɖe Kple Mɔzɔzɔ Evelia

Le ƒe siawo katã me la, Papa nɔ agbalẽ ŋlɔm na Clara Hubbert si tso Manitoulin Ƒukpo dzi, le Ontario. Wo ame evea de takpekpe si wowɔ le Columbus, Ohio, le July 26, 1931, dzi, esime Biblia Nusrɔ̃viawo tsɔ ŋkɔ si nye Yehowa Ðasefowo. (Yesaya 43:10-12) Woɖe wo nɔewo le kwasiɖa ɖeka megbe. Papa gadzo ake le esia megbe kpuie yi eƒe dutanyanyuigbɔgblɔ mɔzɔzɔ evelia dzi to Carib-ƒukpowo dzi. Ena kpekpeɖeŋu wowɔ ɖoɖo ɖe kpekpewo ŋu eye wòna hehe ame bubuwo le tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me.

Eɖoa fotowo, gbedonamegbalẽviwo, kple lɛtawo ɖa Dada tso Suriname, St. Kitts, kple teƒe bubu geɖe. Lɛtaawo ƒoa nu tsoa ŋgɔyiyi si kpɔm gbeƒãɖeɖedɔa le ŋu eye ɣeaɖewoɣi la, xewo, lãwo, kple numiemie siwo le dukɔ si tututu me wòle ŋu nyatakakawo hã nɔa eme. Le June 1932 me la, Papa wu eƒe dɔdasia nu le Carib-ƒukpoawo dzi, eye abe alesi wòwɔnɛ ɣesiaɣi ene la, eɖo ame tsɛwo nɔƒe le meli aɖe me gbɔ va Canada. Le esia megbe la, eya kple Dada kpɔ gome le ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa me ɖekae eye wonɔ Ottawa nutoawo me kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔwɔlawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le ƒe 1932/33 ƒe vuvɔŋɔli me.

Ƒomeŋutinya Kpui Aɖe

Wodzi nɔvinyeŋutsu, David, le ƒe 1934 me. Esi wònye ɖevi dzaa la, edea Dada ƒe mɔzɔkplo dzi be yele yeƒe “nuƒowo” ƒom. Etsɔ dzo ɖe Yehowa ŋu le eƒe agbemeŋkekeawo katã me abe fofoa ke ene. Wo ame etɔ̃a zɔa mɔ kple ʋu si tame wobla nuƒomɔ ɖo ne wole hameawo srãm kpɔ tso Canada ƒe ɣedzeƒe ƒuta vaseɖe ɣetoɖoƒe ƒuta. Wodzim le ƒe 1938 me esime Papa nɔ subɔsubɔm le British Columbia. David ɖoa ŋku alesi Papa tsɔm mlɔ aba dzi eye Papa, Dada, kple David dze klo ƒo xlãm eye Papa do akpedagbe ɖa ɖe tanye la dzi.

Le ƒe 1939 ƒe vuvɔŋɔli me la, míenɔ Vancouver esime Papa nɔ hame siwo nɔ nuto ma me srãm kpɔ. Lɛta gbogbo siwo míexɔ le ƒea me la dometɔ ɖekae nye esi wòŋlɔ le January 14, 1939 dzi, esime wònɔ Vernon, British Columbia. Papa ŋlɔe na Clara, David, kple Ruth, gblɔ be: “Nugbugbɔ kple asikplakɔ sue aɖe koe.” Gbedasi aɖe nɔ eme na mía dometɔ ɖesiaɖe. Eƒo nu tso alesi nuŋeŋe la sɔ gbɔe gake nuŋelawo mede ha le afima o ŋu.—Mateo 9:37, 38.

Esi Papa gbɔ tso eƒe dɔdasia wɔƒe le Vancouver kwasiɖa ɖeka megbe la, eku ƒenyi le kpekpe aɖe me. Dodokpɔ siwo wowɔ nɛ emegbe ɖee fia be ƒoƒoe vɔ̃ɖi aɖe te eƒe ahɔhɔ̃. Le May 1, 1939, dzi la, ewu eƒe anyigbadzigbenɔnɔ nu. Ɣleti asieke koe mexɔ, eye David yina ƒe atɔ̃ xɔ ge. Mía dada lɔlɔ̃tɔ, amesi hã si dziƒoyiyi ƒe mɔkpɔkpɔ le la, lé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu vaseɖe eƒe kugbe le June 19, 1963, dzi.

Alesi Papa se le eɖokui me ɖe mɔnukpɔkpɔ si su esi be wòtsɔ nyanyuia yi dukɔ geɖe mee la dze nyuie le eƒe lɛta siwo wòŋlɔ na Dada la dometɔ ɖeka me. Egblɔ le akpa aɖe be: “Yehowa ɖe mɔ nam dɔmenyotɔe be mayi dukɔ siawo me abe akaɖi ene be maɖe gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia. Woakafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la. Eƒe ŋutikɔkɔe dze le ŋutetemanɔameŋu kple gbɔdzɔgbɔdzɔ me.”

Fifia la, George kple Clara Young ƒe viwo, tɔgbui kple mama yɔviwo, kpakple tɔgbuitɔgbui kple mamamamɛ yɔviwo hã le mía Mawu lɔlɔ̃tɔ, Yehowa, subɔm. Wogblɔ nam be Papa zãa Hebritɔwo 6:10 edziedzi, afisi gblɔ be: ‘Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta be o.’ Míawo hã míeŋlɔ dɔ siwo Papa wɔ be o.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Fofonye, le ɖusime, kple nɔviaŋutsu etɔ̃awo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Papa (le tsitre) kple Nɔviŋutsu Woodworth, Rutherford kple Macmillan

Ete: Papa (miame ɖaa) le ƒuƒoƒo me kple Nɔviŋutsu Russell

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Fofonye kple Danye

Ete: Woƒe srɔ̃ɖegbe

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Mía kple David kpakple Dada, ƒe aɖewo megbe le Papa ƒe ku megbe