Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔɖeŋu Nyuiwo—Wole Vi Ðem na Wòa?

Kpɔɖeŋu Nyuiwo—Wole Vi Ðem na Wòa?

Kpɔɖeŋu Nyuiwo—Wole Vi Ðem na Wòa?

“MIETRƆ zu kpɔɖeŋu na amesiwo katã xɔnɛ sena le Makedonia kple Axaya.” Apostolo Pauloe ŋlɔ nya mawo ɖo ɖe Kristotɔ nuteƒewɔla siwo nɔ Tesalonika. Kpɔɖeŋu si woɖo ɖi na haxɔsetɔwo dze na kafukafu nyateƒe. Ke hã kpɔɖeŋu si Paulo kple eƒe zɔhɛwo ɖo la srɔ̃m Tesalonikatɔwo ŋutɔ hã nɔ. Paulo gblɔ be: “Míaƒe nyanyui la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã, abe alesi mienya amesi ƒomeviwo míenye le mia dome le mia ta la ene. Eye miawo miezu míawo . . . srɔ̃lawo.”—Tesalonikatɔwo I, 1:5-7.

Ẽ, menye mawunya koe Paulo gblɔ o. Eƒe agbenɔnɔ ŋutɔ hã nye mawunyagbɔgblɔ—enye xɔse, dzidodo, kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe kpɔɖeŋu. Le esia ta la, Paulo kple eƒe zɔhɛwo va zu kpɔɖeŋu sẽŋu le Tesalonikatɔwo ƒe agbenɔnɔ me, eye wòʋã wo be woxɔ nyateƒea “le xaxa geɖe me.” Gake menye Paulo kple eƒe hadɔwɔlawo ɖeɖekoe kpɔ ŋusẽ nyui ɖe xɔsetɔ mawo dzi o. Ame bubu siwo do dzi le xaxa me hã ƒe kpɔɖeŋu de dzi ƒo na wo. Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Tesalonikatɔwo be: “Miawo, nɔviwo, miezu Mawu [ƒe] hame, siwo le Yudea le Kristo Yesu me la, srɔ̃lawo; elabena miawo hã miekpe fu mawo ke tso mia ŋutɔwo mia dumeviwo gbɔ, abe alesi woawo hã wokpee tso Yudatɔwo gbɔ la ene.”—Tesalonikatɔwo I, 2:14.

Kristo Yesu—Kpɔɖeŋuɖola Vevitɔ

Togbɔ be Paulo ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu si dze be woasrɔ̃ hã la, egblɔ be Yesu Kristo ye nye kpɔɖeŋuɖola vevitɔ si wòle be Kristotɔwo nasrɔ̃. (Tesalonikatɔwo I, 1:6) Kristoe nye míaƒe Kpɔɖeŋuɖola vevitɔ eye egakpɔtɔ nyee hã. Apostolo Petro ŋlɔ be: “Esia ŋuti woyɔ mi vɛ ɖo; elabena Kristo hã kpe fu le mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, bene miadze eƒe afɔɖoƒewo yome.”—Petro I, 2:21.

Gake Yesu wu eƒe amegbetɔgbenɔnɔ nu ƒe 2,000 kloe enye si va yi. Enye gbɔgbɔmenuwɔwɔ makumaku eye ‘wòle kekeli si ŋu womate ŋu ate ɖo o me’ fifia. Eyata ‘ame aɖeke megakpɔe kpɔ alo agate ŋu akpɔe o.’ (Timoteo I, 6:16) Ekema aleke míate ŋu asrɔ̃e? Mɔ ɖekae nye be míasrɔ̃ Biblia me nuŋlɔɖi ene siwo ƒo nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu. Numekɔkɔ le Nyanyuigbalẽawo me ku ɖe eƒe amenyenye, eƒe agbenɔnɔ, kple eƒe ‘tamesusu’ ŋu. (Filipitɔwo 2:5-8) Míagate ŋu akpɔ numekɔkɔ akpee ne míesrɔ̃ agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ nyuie; agbalẽ sia dzro nusiwo dzɔ le Yesu ƒe agbenɔnɔ me tsitotsito eye wògblɔ wo ɖe ɣeyiɣi siwo me wodzɔ ɖo nu. *

Ðokuitsɔtsɔsavɔ ƒe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe apostolo Paulo dzi. Egblɔ na Korinto Kristotɔwo be: “Nye la melɔ̃na ŋutɔ bena, magblẽ [nye ŋusẽ], eye mana woagblẽ nye ŋutɔ le miaƒe luʋɔwo ta.” (Korintotɔwo II, 12:15) Kristo ƒe nɔnɔme ka gbegbee nye si! Esi míele ŋugble dem le Kristo ƒe kpɔɖeŋu debliboa ŋu la, ele be wòaʋã míawo hã be míasrɔ̃e le míaƒe agbenɔnɔ katã me.

Le kpɔɖeŋu me, Yesu fia nu mí be míaɖo ŋu ɖe ŋugbe si Mawu do be yeana ŋutilãmenuwo mí la ŋu. Gake ewɔ nusi wu ema. Eɖe xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu fia gbesiagbe. Egblɔ be: “Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o.” (Mateo 6:25; 8:20) Ðe dzimaɖitsitsi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu xɔ wò tamesusu kple nuwɔnawo mea? Alo ɖe wò agbenɔnɔ le eɖem fia be èle Fiaɖuƒea dim gbãgbiagbãa? Ke nɔnɔme si le asiwò ɖe Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa ŋu ya ɖe? Ðe wòle abe míaƒe Kpɔɖeŋuɖola, Yesu, tɔ enea? Biblia ɖee fia be menye ɖeko Yesu ƒo nu tso dzonɔameme ŋu ko o ke eɖe dzonɔameme sẽŋu fia zi geɖe hã. (Yohanes 2:14-17) Gakpe ɖe eŋu la, kpɔɖeŋu si Yesu ɖo le lɔlɔ̃ gome nyo ale gbegbe! Etsɔ eya ŋutɔ ƒe agbe sa vɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta gɔ̃ hã! (Yohanes 15:13) Ðe nèsrɔ̃a Yesu ale be nèɖea lɔlɔ̃ fiaa nɔviwò Kristotɔwoa? Alo ɖe nèɖea mɔ wo dometɔ aɖewo ƒe blibomademade xea mɔ be mèɖea lɔlɔ̃ fiaa wo oa?

Le míaƒe agbagbadzedze me be míasrɔ̃ Kristo ƒe kpɔɖeŋua la, míada ƒu zi gbɔ zi geɖe. Gake agbagba siwo míadze be ‘míado Aƒetɔ Yesu Kristo’ la adze Yehowa ŋu godoo.—Romatɔwo 13:14.

‘Amesiwo Nye Kpɔɖeŋu na Alẽha La’

Ðe ame aɖewo le hamea me egbea siwo ate ŋu anye kpɔɖeŋu na mía? Woli vavã! Ele vevie ŋutɔ be nɔviŋutsu siwo wotsɔ ɖo agbanɔamedzinɔƒewo naɖo kpɔɖeŋu. Paulo gblɔ na Tito, amesi subɔ hamewo le Kreta eye wòɖo dzikpɔlawo la be, hamemegã ɖesiaɖe si woɖo la nanye ‘mokaka manɔŋutɔ.’ (Tito 1:5, 6) Nenema ke apostolo Petro hã xlɔ̃ nu be “hamemegãwo” ‘nanye kpɔɖeŋu na alẽha la.’ (Petro I, 5:1-3) Ke amesiwo nye subɔsubɔdɔwɔlawo hã ɖe? Ele be woawo hã nanye “amesiwo subɔna nyuie.”—Timoteo I, 3:13.

Le nyateƒe me ne míekpɔ mɔ be hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla ɖesiaɖe nabi ŋutɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia akpa la, manya wɔ o. Paulo gblɔ na Kristotɔ siwo nɔ Roma be: “Amenuvevenunana, siwo le vovovo la, le mía si le amenuveve, si wona mí la nu.” (Romatɔwo 12:6) Nɔvi ɖesiaɖe kple nusi me wòdzea agbagba le. Susu manɔ eme be míakpɔ mɔ be hamemegãwo awɔ nusianu wòade blibo o eye be woagblɔ nya sia nya hã pɛpɛpɛ o. Biblia gblɔ le Yakobo 3:2 be: “Mí katã [míedaa] vo le nu geɖewo me. Ne ame aɖe meda vo le nuƒoƒo me o la, eyae nye ame blibo, eye wòkpɔ ŋusẽ bena, wòaɖu ŋutilã blibo la katã hã dzi.” Gake togbɔ be hamemegãwo awɔ nu madeblibowo hã la, woate ŋu “[anye] kpɔɖeŋu na xɔsetɔwo le nya me, le anyinɔnɔ me, le lɔlɔ̃ me, le gbɔgbɔ me, le xɔse me, le dzadzɛnyenye me,” abe Timoteo ene. (Timoteo I, 4:12) Ne hamemegãwo wɔ nu nenema la, alẽha la me tɔwo alɔ̃ faa atsɔ aɖaŋuɖoɖo si le Hebritɔwo 13:7 awɔ dɔe, afisi gblɔ be: “Miɖo ŋku mia nunɔlawo . . . dzi, eye mikpɔ woƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu la ɖa, ne miasrɔ̃ woƒe xɔse.”

Egbeŋkekea me Kpɔɖeŋu Bubuwo

Le ƒe bla nane siwo va yi nyitsɔ laa me la, ame bubu geɖe ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo. Ke dutanyanyuigblɔla ɖokuitsɔtsɔsavɔla akpe geɖe siwo “gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi” be yewoawɔ dɔ si wode Kristotɔwo si le dutanyigbawo dzi ya ɖe? (Mateo 19:29) Azɔ bu dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo, ŋutsu kple nyɔnu siwo nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒewo, kpakple mɔɖela siwo wɔa subɔsubɔdɔ na hamewo ŋu kpɔ. Ðe kpɔɖeŋuɖola siawo ate ŋu ade dzo ame bubuwo mea? Kristotɔ nyanyuigbeƒãɖela aɖe si le Asia ɖo ŋku dutanyanyuigblɔla aɖe si do le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Biblia Gilead Suku ƒe klass enyilia dzi. Egblɔ be nɔviŋutsu nuteƒewɔla sia “lɔ̃ faa kpe mũ sɔgbɔ kple yame ƒe dzoxɔxɔ sesẽ ƒe fu. . . . Nusi gawɔ dɔ ɖe ame dzi wue nye alesi wòte ŋu ɖea gbeƒã le China kple Malaysia gbewo me togbɔ be England ye wòtso hã gake.” Nukae do tso kpɔɖeŋu nyui sia me? Nɔviŋutsua gblɔ be: “Eƒe tufafa kple dzinɔameƒo ʋãm medi be nye hã mazu dutanyanyuigblɔla ne metsi.” Mewɔ nuku o be nɔviŋutsu sia va zu dutanyanyuigblɔla hã.

Agbemeŋutinya gbogbo aɖewo siwo dze le Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo me la le Watch Tower Publications Index me. Ŋutinya siawo fia alesi ame aɖewo gblẽ xexemedɔwo kple taɖodzinuwo ɖi, woɖu gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi, wowɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo le woƒe agbenɔnɔ me, woɖe nɔnɔme ɖɔʋu fia le xaxa me, eye wowɔ dɔ sesẽ, wodo dzi, wowɔ nuteƒe, wobɔbɔ wo ɖokui, eye woɖe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ fia. Nuxlẽla aɖe ŋlɔ nu tso ŋutinya siawo ŋu be: “Ne mexlẽ nusiwo me ame bubuwo to la, wowɔnɛ be meganyea Kristotɔ ɖokuibɔbɔla kple akpedala ɖe edzi, eye wokpe ɖe ŋunye be nyemebua ɖokuinye ŋu akpa alo dia ɖokuinye tɔ o.”

Gakpe ɖe eŋu la, mègaŋlɔ kpɔɖeŋu nyui ɖola siwo le miaƒe hamea me be o: ƒome ƒe ta siwo medoa kpo woƒe ƒomewo ƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ o; nɔvinyɔnu—vinɔ srɔ̃manɔsitɔwo hã le eme—siwo kpea akɔ kple vinyinyi me kuxiwo hafi gakpɔa gome le subɔsubɔdɔa me kple ŋkubiã; ame tsitsiwo kple lãmegbegblẽtɔ siwo kpɔtɔ le nuteƒe wɔm togbɔ be wole gbɔdzɔgbɔdzɔm ɖe edzi eye woƒe lãme mesẽ o hã. Ðe kpɔɖeŋuɖola siawo ƒe nu meʋãa wò oa?

Ele eme be kpɔɖeŋu gbegblẽ ɖolawo bɔ ɖe xexeame ya. (Timoteo II, 3:13) Ke hã bu nuxlɔ̃amenya si Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Yudea ŋu kpɔ. Esi apostolo Paulo gblɔ kpɔɖeŋugbe si blematɔ ŋutsu kple nyɔnu geɖe nɔ vɔ la, ede dzi ƒo na wo be: “Eyata míawo hã, esi ɖaseɖilawo ƒe alilikpo gã ŋutɔ ƒo xlã mí la, mina . . . míatsɔ dzidodo anɔ dudimekeke, si woɖo na mí la dzi, eye míakpɔ Yesu, si nye xɔse ƒe gɔmeɖola kple nuwula la ɖa.” (Hebritɔwo 12:1, 2) Kpɔɖeŋu nyui ɖolawo ƒe “alilikpo gã” aɖe ƒo xlã Kristotɔ siwo li egbea hã—blematɔwo kple egbeŋkekea me tɔwo siaa. Ðe wole vi ɖem na wò nyateƒea? Woate ŋu aɖe vi na wò ne èɖoe kplikpaa be ‘yeanye nu nyui srɔ̃la, ke menye nu vɔ̃ɖi srɔ̃la o.’—Yohanes III, 11.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Etalawoe nye Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 20]

Ne míekpɔ mɔ be hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla ɖesiaɖe nabi ŋutɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa sia akpa la, manya wɔ o

[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]

Wodi tso hamemegãwo si be ‘woanye kpɔɖeŋu na alẽha la’