Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzemea?

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzemea?

Àte Ŋu Akpɔ Dzidzemea?

Amerikatɔ agbalẽŋlɔla Henry Thoreau ŋlɔ le keke ƒe 1854 me ke be: “Ame akpa gãtɔ xaxa le wo ɖokui me hafi le agbe gake womia nu ɖe edzi.”

Edze ƒã be ame akpa gãtɔ ƒe dzi medze eme le eƒe ɣeyiɣia me o. Gake ema anye ƒe 150 siwo va yi. Ðe nuwo trɔ egbea? Alo ɖe Thoreau ƒe nyawo gakpɔtɔ nye nyateƒea? Ke aleke nuwo le le gowòme? Ðe wò dzi dze emea, èle ŋutifafa mea? Alo be mèle dedie o, mènya alesi etsɔme ava nɔ o, eye ne míazã Thoreau ƒe nyawo le mɔ bubu nu la, be ‘èxaxa hezi kpia’?

NUBLANUITƆE la, nu geɖe le xexeame siwo nana be amewo ƒe dzi medzea eme o. Mina míatɔ asi wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko dzi. Le dukɔ geɖe me la, dɔmakpɔwɔe kple fetu si mede naneke o hea hiãkame kple eƒe gakuxiwo vɛ. Le dukɔ bubuwo me la, ame geɖe zãa woƒe ŋusẽ ƒe akpa gãtɔ ɖe kesinɔnuwo kple ŋutilãmenunɔamesiwo yometiti ŋu. Ke hã dzimaɖitsitsi koe hoʋiʋligbenɔnɔ si wòlɔ ɖe eme la hena vɛ zi geɖe, menye dzidzeme o. Dɔléle, aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, numadzɔmadzɔwɔwɔ, kple ameteteɖeanyi hã mena amewo nɔa ŋutifafa me o.

Wodi Dzidzeme

Ame geɖe medi be yewoatsɔ nɔnɔmeawo nenema abe alesi wòle xexeame ene o. Antônio * nye dɔwɔlawo ƒe ŋgɔnɔla le adzɔnuwɔƒe gã aɖe le São Paulo, Brazil. Esi wòdi be yeana agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi ta la, enɔa eme wolɔa gbɔ tsia tre ɖe dɔmemegãwo ŋu gake esia mena eƒe susu dze akɔ anyi o.

Ame aɖewo kpɔa mɔ be srɔ̃ɖeɖe ana yewoakpɔ tomefafa aɖe sinu le agbe me, gake meva nɔa nenema na wo o. Marcos nye asitsala kpɔdzidzedze aɖe. Eƒo eɖokui ɖe dunyahehe me eye wòva zu dugã si me dɔwɔƒe gãwo le dzi kpɔla. Gake nuwo menɔ nyonyom le eƒe ƒomea me kura o. Esi viawo dzo le aƒeme la, eya kple srɔ̃a dome klã le masɔmasɔ siwo gbɔ womete ŋu kpɔ o ta.

Gerson, si nye ɖevi aɖe si tsi ablɔ dzi le Salvador, Brazil, di be yeatsa akpɔ nuteƒe. Ezɔa mɔ kple agbatsɔʋukulawo tso du me yi du me. Eteƒe medidi hafi wòzu atikevɔ̃ɖizãla henɔa fi fim be yeatsɔ ayi yeƒe nugbegblẽwɔwɔa dzii o. Kpovitɔwo lée zi geɖe. Gake togbɔ be Gerson nye akpasesẽnuwɔla kple adãnuwɔla hã la, edi vevie be yeƒe dzi nadze eme. Ðe wòate ŋu ava kpɔe gbaɖegbea?

Vania dada ku esime wònye ɖevi, eye aƒea kple nɔvianyɔnu si nye dɔnɔ dzi kpɔkpɔ va nɔ Vania dzi. Vania dea sɔleme gake ese le eɖokui me be Mawu gblẽ ye ɖi. Le nyateƒe me la, eƒe susu medze akɔ anyi o.

Marcelo hã li. Nusi ko dim Marcelo nɔ enye be yeaɖu agbe. Kplɔ̃ɖoƒewo dede kple sɔhɛ bubuwo—anɔ ɣe ɖum, anɔ aha nom, ahanɔ atike vɔ̃ɖiwo zãm yakayaka—dzɔa dzi nɛ. Ɣeaɖeɣi la, eda kɔ kple sɔhɛ bubu aɖe eye wòde abi eŋu. Emegbe la, evee be yewɔ nu nenema eye wòdo gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu. Eya hã di be yeƒe susu nadze akɔ anyi.

Nuteƒekpɔkpɔ siawo ɖe nɔnɔme aɖewo siwo ate ŋu agblẽ ame ƒe tomefafa me la fia. Ðe mɔ aɖe li si dzi dɔwɔlawo ŋgɔnɔla la, dunyahela la, ɖevi si tsi ablɔ dzi, nyɔnuvi si dzi agba gã nɔ, kple kplɔ̃ɖoƒedela la ate ŋu ato akpɔ dzidzeme si dim wonɔ la? Ðe nusi dzɔ ɖe wo dzi la fia nane mía? Biabia eveawo ƒe ŋuɖoɖoe nye ẽ, abe alesi míakpɔe le nyati si kplɔe ɖo me ene.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Ðe nèdia dzidzeme veviea?