Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔ Alẽkplɔlawo, ‘Mikeke Miaƒe Dzi’!

Kristotɔ Alẽkplɔlawo, ‘Mikeke Miaƒe Dzi’!

 Kristotɔ Alẽkplɔlawo, ‘Mikeke Miaƒe Dzi’!

“YEHOWA enye kplɔlanye, naneke mehiãam o.” Dawid gblɔ nya mawo tsɔ ɖe alesi gbegbe wòka ɖe eƒe Mawu dzi bliboe fia. Yehowa kplɔe le gbɔgbɔ me gome yi “lãnyiƒe damawo” kple “gbɔɖemeƒe tɔwo nu,” hefia mɔe to “toƒe dzɔdzɔewo.” Esi tsitretsiɖeŋulawo tso ɖe Dawid ŋu la, exɔ megbeda kple dzideƒoname, si na wògblɔ na Yehowa be: “Nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye.” Esi Alẽkplɔla Gã sia gbegbe le Dawid si ta la, eɖoe kplikpaa be “[yeanɔ] Yehowa ƒe me ɖaa.”—Psalmo 23:1-6.

Mawu ƒe Tenuvi la hã kpɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ƒe ametakpɔkpɔ, eye eɖe belélename sia tututu fia eƒe nusrɔ̃lawo esime wònɔ anyigba dzi. Eyata woyɔe le Ŋɔŋlɔawo me be “alẽkplɔla nyui la,” “alẽwo ƒe kplɔla gã la,” kple ‘alẽkplɔla vevi la.’—Yohanes 10:11; Hebritɔwo 13:20; Petro I, 5:2-4.

Yehowa kple Yesu Kristo yi edzi le amesiwo lɔ̃ wo kplɔm. Woƒe alẽkpɔkplɔa ƒe akpa aɖe dze le alẽkplɔlateviwo ƒe lɔlɔ̃ mɔnuɖoɖo si woɖo ɖi le hamea me la me. Paulo ƒo nu na alẽkplɔlatevi siawo esi wògblɔ be: ‘Mikpɔ mia ɖokui kple alẽha blibo la katã, si dzikpɔlawo gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖo mi la dzi, be mianyi Mawu ƒe hame, si wòƒle kple ye ŋutɔ Via ƒe ʋu la.’—Dɔwɔwɔwo 20:28.

Alẽha la kpɔkplɔ le kpɔɖeŋu si Yehowa kple Kristo Yesu ɖo ɖi nu menye dɔ bɔbɔe o, gake eva hiã vevie fifia wu tsã. Bu Ðasefo miliɔn ɖeka kple edzivɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ le ƒe etɔ̃ siwo va yi me ŋu kpɔ ko! Gbɔgbɔ me tenɔnɔ si tɔgbe sua amesiwo wɔ nyateƒea ŋudɔ ƒe geɖe si la mekpɔ su ame yeye siawo si haɖe o. Bu ɖevi kple ƒewuivi siwo nye Ðasefo hã ŋu kpɔ. Menye wo dzilawo ƒe kpekpeɖeŋu koe wohiã o, ke wohiã alẽkplɔlatevi siwo le hamea me hã tɔ.

Le nyateƒe me la, Kristotɔ ɖesiaɖe doa go ame bubuwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo, si me hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu hã le. Ele be amesiame naʋli atsi tre ɖe agbeblibaɖuɖu si xexeame ƒona ɖe ame nu ƒe ameheŋusẽ ŋu vevie. Le dukɔ aɖewo me la, dzi ate ŋu aɖe le Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒo le esi amewo meɖoa to woƒe gbedasia o ta. Lãmegbegblẽ sesẽwo ɖea fu na gbeƒãɖela geɖe. Gakuxiwo ƒe fuɖename ate ŋu awɔe be Fiaɖuƒea didi gbãgbiagbã ƒe didi sesẽ si le ame aɖewo me nu nafa. Le nyateƒe me la, mí katã—hekpe ɖe amesiwo le nyateƒea me eteƒe didi ŋu—míehiã alẽkplɔla lɔ̃amewo ƒe kpekpeɖeŋu godoo.

Ameʋãŋusẽ Nyuitɔ

Woxlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be: ‘Woakeke woƒe dzi’! (Korintotɔwo II, 6:11-13) Anyo be Kristotɔ hamemegãwo nawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi le woƒe alẽkpɔkplɔdɔa wɔwɔ me. Aleke woate ŋu awɔe? Ke subɔsubɔdɔwɔla, siwo dometɔ geɖe gbɔna alẽkplɔlawo zu ge le etsɔme ya ɖe?

Ne Kristotɔ hamemegãwo anye yayra na alẽha la, ele be nusi aʋã wo nade ŋgɔ wu didi be yewoawɔ dɔ si wode yewo si ko. Woxlɔ̃ nu wo be: “Minyi Mawu ƒe alẽha, si wode asi na mi la; menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa.” (Petro I, 5:2, NW) Eyata alẽkpɔkplɔ nyuie bia be ame nalɔ̃ atsɔ dzi faa asubɔ ame bubuwo. (Yohanes 21:15-17) Efia dzesidede alẽawo ƒe nuhiahiãwo ahatso ɖe wo gbɔ kpɔkpɔ ŋu kpata. Efia Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyui siwo nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse ɖeɖefia le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me.—Galatiatɔwo 5:22, 23.

 Nɔviwo sasrãkpɔ le aƒe me ɣeaɖewoɣi nye alẽkpɔkplɔdɔa ƒe akpa aɖe. * Gake alẽkplɔla siwo ‘kekea woƒe dzi’ tsɔa wo ɖokui kena faa. Ema fia be, wowɔa nusi yi ŋgɔ wu alẽawo sasrãkpɔ ɣeaɖewoɣi ko. Wowɔa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe ŋudɔ tsɔ kpena ɖe ame bubuwo ŋu le alẽha la me.

Hehenana Ame Bubuwo Woazu Alẽkplɔlawo

Eɖanye ƒe ka kee le nɔviŋutsu ɖesiaɖe si le ‘dzikpɔladɔ minyãm’ si o ‘ele dɔwɔwɔ nyui dim.’ (Timoteo I, 3:1) Subɔsubɔdɔwɔla geɖe ɖe didi be yewoaxɔ mɔnukpɔkpɔ bubuwo akpee fia. Eyata edzɔa dzi na hamemegãwo be yewoakpe ɖe nɔviŋutsu siawo siwo di be yewoaɖe afɔ vevi sia ŋu be ‘woaminyã dzikpɔladɔ.’ Esia fia hehenana wo woazu alẽkplɔla bibiwo.

Esi Yehowa ƒe Kristotɔwo ƒe hamea léna ɖe Mawu ƒe dzidzenu kɔkɔwo ŋu goŋgoŋ ta la, yeaɖi alẽkplɔla siwo ƒomevi ŋu woƒo nu tsoe le Xezekiel 34:2-6 dometɔ aɖeke megblẽ nu le eŋu o. Nusiawo nye ŋunyɔnu le Yehowa ŋkume eye esɔ nenema hã. Le esi teƒe be woanyi alẽhaa la, wo ɖokui boŋue wonyina. Wodo kpo ŋusẽdodo alẽ siwo gbɔdzɔ, womeyɔ dɔ esiwo ƒe lãme gblẽ o, womebla abi na esiwo ŋe o, alo be woagbugbɔ esiwo ka hlẽ alo bu agbɔe o. Woƒe nuwɔna ɖi amegãxiwo tɔ wu alẽkplɔlawo tɔ, eye woɖu aƒetɔ ɖe alẽha la dzi. Alẽha siwo wogblẽ ɖi ka hlẽ henɔ tsaglãla tsam, ame aɖeke meli akplɔ wo o.—Yeremya 23:1, 2; Naxum 3:18; Mateo 9:36.

To vovo na alẽkplɔla maɖianukware mawo la, Kristotɔ alẽkplɔlawo srɔ̃a Yehowa ƒe kpɔɖeŋu. Wokplɔa alẽha la yia “lãnyiƒe damawo” kple “gbɔɖemeƒe tɔwo nu.” Wodzea agbagba be woafia mɔ wo to “toƒe dzɔdzɔewo” le kpekpeɖeŋu nana wo be woase Yehowa ƒe Nya la me nyuie ahatsɔ wo ade dɔwɔna me. Woate ŋu awɔ esia nyuie elabena ‘wonya nufiafia.’—Timoteo I, 3:2.

Hamemegãwo ƒe nufiafia akpa gãtɔ yia edzi le hamea ƒe kpekpewo wɔɣi le nuƒolanɔƒea. Gake hamemegãwo fiaa nu ame ɖekaɖekawo hã. Enye nyateƒe be nufiafia ame ɖekaɖekawo nya wɔna na wo dometɔ aɖewo wu, eye bubuwo bi ɖe nuƒowo ƒoƒo le nuƒolanɔƒea me ya. Gake nufiafiaŋutete si mele ame aɖe si boo le nufiafia ƒe akpa aɖe me o la mefia kokoko be medze anye nufiala o. Hamemegãwo wɔa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si ʋu ɖi ŋudɔ tsɔ fiaa nui, hekpe ɖe alẽkpɔkplɔ ŋu. Wowɔa ɖoɖo ɖe alẽkpɔkplɔ ƒe akpa aɖewo ŋu tẽ, abe sasrãkpɔ siwo woɖo koŋ wɔna ene. Gake woate ŋu awɔ alẽkpɔkplɔdɔa ƒe akpa gãtɔ ne menye sasrãkpɔ wɔm wole o hã, si hã ŋu viɖe geɖe le.

Alẽkplɔlawo Kple Nufialawo Ɣesiaɣi

Ðɔkta hiã nunya kple nuteƒekpɔkpɔ be wòate ŋu awɔ eƒe dɔ. Gake eƒe dɔnɔwo akpɔ ŋudzedze ɖe dɔ si wòwɔ na wo ŋu ne ekɔ dɔme, kpɔ nublanui, tsi dzi ɖe wo ŋu, eye wòɖe ɖetsɔleme vavãtɔ fia wo. Ele be nɔnɔme siawo nadze le eyama ŋu ɣesiaɣi. Nenema ke wòle be nɔnɔme siawo nanye amesi nye nufiala nyui kple alẽkplɔla ƒe nɔnɔme si wòɖena fiana gbesiagbe. Nufiala adodoea anɔ dzadzraɖoɖi be yeafia nu amesiwo dome yele ɣesiaɣi si wòhiã. Lododowo 15:23 gblɔ be: ‘Aleke nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi vivinae enye si!’ Nyaa ‘gblɔɣi’ ate ŋu anye ɣeyiɣi si me wòle nu ƒom le nuƒolanɔƒea, le gbeƒã ɖem tso aƒeme yi aƒeme, alo le dze ɖom kple ame aɖe le Fiaɖuƒe Akpata me alo telefon dzi. Nenema ke alẽkplɔla nyui dzea agbagba be yeaɖe ɖetsɔleme ƒe nɔnɔme nyuiwo afia ɣesiaɣi, menye le alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔɣiwo ko o. Esi ‘wòkeke eƒe dzi’ ta la, awɔ mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si aʋu nɛ ŋudɔ atsɔ akplɔ alẽawoe, ahatsɔ beléle si wohiã ana wo le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Esiae ana be alẽawo malɔ̃ nu le egbɔ o.—Marko 10:43.

Wolfgang, si nye hamemegã fifia la ɖo ŋku subɔsubɔdɔwɔla aɖe kple srɔ̃a siwo va srã woƒe ƒomea kpɔ la dzi. Egblɔ be: “Ðetsɔleme si woɖe fia mía viwo kple dzidzɔ si míekpɔ le  sasrãkpɔɣia do dzidzɔ na wo ŋutɔ. Wogaƒoa nu tsoa eŋu kokoko.” Ẽ, subɔsubɔdɔwɔla sia ɖee fia be yetsɔa ɖe le eme na ame; ‘ekeke eƒe dzi.’

Mɔnukpɔkpɔ bubu si me ‘woakeke ame ƒe dzi’ le enye dɔnɔwo sasrãkpɔ, dzideƒonamenya kpuiwo ŋɔŋlɔ aɖo ɖe wo, alo wo yɔyɔ le telefon dzi—nusianu si míawɔ atsɔ aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme na wo! Na kpekpeɖeŋu ne ehiã. Ðo to nyuie ne wodi be yewoaƒo nu. Ƒo nu tso teokrasidɔ tuameɖo dodzidzɔname siwo wɔm wole le miaƒe hamea me kple le teƒe bubuwo ŋu. Kpe ɖe wo ŋu woƒe susu nanɔ etsɔme dodzidzɔname si wodzra ɖo ɖi na amesiwo lɔ̃ Yehowa la ŋu.—Korintotɔwo II, 4:16-18.

Tsɔ Kpe Ðe Alẽkpɔkplɔ ƒe Sasrãkpɔwo Ŋu

Taɖodzinu si le alẽkpɔkplɔdɔa ŋu léle ɖe susu me ana míakpɔe adze sii be togbɔ be alẽkpɔkplɔ ƒe sasrãkpɔ si woaɖo koŋ ayi nɔviwo gbɔ le woƒe aƒeme le vevie hã la, enye nusi alẽkpɔkplɔdɔa bia ŋutɔŋutɔ ƒe akpa aɖe ko. Alẽkplɔla lɔ̃ame si ‘kekea eƒe dzi’ nye amesi ŋu wote ŋu tena ɖo le nɔnɔme kple ɣeyiɣi ɖesiaɖe me. Ƒomedodo nyui si wòtuna ɖo le woa kple nɔviawo dome naa kakaɖedzi sua wo si be mele  be woavɔ̃ le ɣeyiɣi sesẽwo me o, esi wonyae be yewo nɔviŋutsu lɔlɔ̃a, Kristotɔ alẽkplɔla la, tsɔ ɖe le eme na yewo.—Psalmo 23:4.

Ẽ, mi Kristotɔ alẽkplɔlawo katã, ‘mikeke miaƒe dzi.’ Miɖe lɔlɔ̃ vavãtɔ fia mia nɔviwo—mide dzi ƒo na wo, mifa akɔ na wo, mitu wo ɖo le mɔ ɖesiaɖe si miate ŋui nu le gbɔgbɔ me. Mikpe ɖe wo ŋu woanɔ tsitre sesĩe le xɔse la me. (Kolosetɔwo 1:23) Woayra Kristotɔ alẽkplɔla siwo ‘keke woƒe dzi,’ si wɔe be naneke mahiã alẽha la o. Abe Dawid ene la, woaɖoe kplikpaa be yewoanɔ Yehowa ƒe me ɖaa. (Psalmo 23:1, 6) Ne alẽkplɔla lɔ̃ame medi esia o ɖe, ke nukae wòagadi?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Alẽawo sasrãkpɔ ŋuti ɖaŋuɖoɖowo dze le Gbetakpɔxɔ, September 15, 1993, axa 20-3, kple March 15, 1996, axa 24-7.

[Aɖaka si le axa 30]

Kristotɔ Alẽkplɔlawo

• Tsɔa lɔlɔ̃nu faa kple dzi faa subɔna

• Nyia alẽha la heléa be na wo

• Kpena ɖe ame bubuwo ŋu be woadze azu dzikpɔlawo

• Srãa dɔnɔwo kpɔna eye woléa be na wo

• Wonɔa ŋudzɔ ɖe kpekpeɖeŋunana wo nɔviwo ŋu ɣesiaɣi

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Eɖanye gbeadzi, kpekpewo me, alo hadomewɔnawo wɔƒee hamemegãwo le o, wonye alẽkplɔlawo ɣesiaɣi