Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI NANA WOKPƆA DZIDZƆ

Mɔkpɔkpɔ

Mɔkpɔkpɔ

“Ŋutifafa ƒe tamee [meɖo], ke menye vɔ̃ tɔ o, ne mana mɔkpɔkpɔ mi eye etsɔme nanyo na mi.”​—Yeremiya 29:11.

Agbalẽ aɖe gblɔ be “MƆKPƆKPƆ . . . NYE NU VEVI AÐE LE MÍAƑE MAWU SUBƆSUBƆ ME.” Egagblɔ be “mɔkpɔkpɔ kpena ɖe ame ŋu wònɔa te ɖe akogotsitsi, vɔvɔ̃ kple sese le ame ɖokui me be yetsi asi la nu.”—Hope in the Age of Anxiety.

Biblia ƒo nu tso ale si míehiã na mɔkpɔkpɔ ŋu eye wòɖo aɖaŋu na mí hã be míakpɔ nyuie le mɔkpɔkpɔ siwo mava eme o la ŋu. Psalmo 146:3 gblɔ be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo ŋu loo, alo ɖe amegbetɔvi si mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” Mele be míaɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ŋu be woaxɔ na mí o, ke boŋ anyo wu be míaɖo ŋu ɖe mía Wɔla, ame si si ŋusẽ le be wòana eƒe ŋugbedodowo katã nava eme la ŋu. Nu kawo ƒe ŋugbee wòdo na mí? Bu esiwo gbɔna ŋu kpɔ.

NU VƆ̃ÐI WƆWƆ NU AYI EYE AME DZƆDZƆEWO ANƆ ŊUTIFAFA ME TEGBEE: Psalmo 37:10, 11 gblɔ be: “Esusɔ vie ko ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o . . . Ke ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo geɖe ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Kpukpui 29 lia gblɔ kpee be ‘ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba dzi tegbee.’

AƲAWƆWƆ NU AYI: “[Yehowa atsi] . . . aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi. Eŋea dati, eflia akplɔ kakɛkakɛe, eye wòtɔa dzo aʋatasiaɖamwo.”—Psalmo 46:8, 9.

DƆLÉLE, FUKPEKPE ALO KU MAGANƆ ANYI O: “Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, . . . Atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

NUÐUÐU ABƆ AME SIA AME AÐU: “Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi; woaxɔ towo tame keŋ.”—Psalmo 72:16.

KRISTO ƑE DZIÐUÐU ÐEKA SI NYE DZIÐUÐU DZƆDZƆE AÐU XEXEA KATÃ DZI: “Wotsɔ dziɖuɖu, bubu kple fiaɖuƒe [na Yesu Kristo], ne amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe dolawo katã nasubɔe. Eƒe dziɖuɖu anɔ anyi tegbee, enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe si womatsrɔ̃ o.”—Daniel 7:14.

Aleke míawɔ aka ɖe ŋugbedodo mawo dzi? Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖo kpe edzi be yee nye ame si ava ɖu Fia. Eda dɔ na dɔnɔwo, ena nuɖuɖu ame dahewo eye wòfɔ ame kukuwo ɖe tsitre. Gake eƒe nufiafiawoe nɔ vevie wu elabe mɔfiame siwo akpe ɖe amewo ŋu woanɔ anyi ɖekae le ŋutifafa me tegbee la nɔ nu siwo wòfia la me. Yesu gblɔ nu siwo adzɔ le etsɔme hã ɖi eye wògagblɔ nu siwo afia be míele xexe sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me hã.

NU SIWO LE DZƆDZƆM ÐEE FIA BE NU NYUIWO LE ŊGƆ

Yesu gblɔe ɖi be le ŋkeke mamlɛawo me la, ŋutifafa kple dedienɔnɔ manɔ anyi o, ke tɔtɔ boŋ! Nu siwo ŋu wòƒo nu tsoe be woanye “nuɖoanyia ƒe nuwuɣi” la ƒe dzesiwoe nye dukɔwo dome aʋawɔwɔwo, dɔwuame, dɔvɔ̃wo kple anyigbaʋuʋu dziŋɔwo. (Mateo 24:3, 7; Luka 21:10, 11; Nyaɖeɖefia 6:3-8) Yesu gblɔ hã be: “Le sedzimawɔmawɔ ƒe dzidziɖedzi ta la, ame akpa gãtɔ ƒe lɔlɔ̃ ayi to.”—Mateo 24:12.

Biblia ŋlɔla bubu aɖe gblɔ nu siwo me amewo ƒe lɔlɔ̃ ayi to le la ɖi kaŋ. Egblɔ le 2 Timoteo 3:1-5 be, “le ŋkeke mamlɛawo me la” amewo ƒe susu katã anɔ wo ɖokuiwo, ga kple dzidzɔkpɔkpɔ ko ŋu. Amewo anye dadalawo kple ame wɔadawo. Lɔlɔ̃ manɔ ƒomewo me o, eye ɖeviwo adze aglã ɖe wo dzilawo ŋu. Ame siwo be mawusubɔlawoe yewonye ƒe alakpanuwɔwɔ abɔ.

Ale si nuwo tɔtɔ le xexea me ɖo kpe edzi be xexea le eƒe ŋkeke mamlɛawo me. Esia ɖo kpe edzi hã be eteƒe madidi o Fiaɖuƒea ava ɖɔ nuwo ɖo. Le nyateƒe me la, esi Yesu nɔ nu ƒom tso ŋkeke mamlɛawo ŋu la, egblɔ kakaɖedzinya sia be: “Woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mt 24:14.

Nya nyui sia nye nuxlɔ̃ame na nu gbegblẽ wɔlawo, eye wònaa mɔkpɔkpɔ ame dzɔdzɔewo heka ɖe edzi na wo be yayra siwo ƒe ŋugbe wodo la ava kpuie. Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso yayra siawo ŋua? Ne èdii la, ekema míeɖe kuku kpɔ magazine sia ƒe megbekpaa dzi.