Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 NYATI SI LE AKPAA DZI

Nɔnɔme Nyui Siwo Nana Míezua Ame Ðɔʋuwo

Nɔnɔme Nyui Siwo Nana Míezua Ame Ðɔʋuwo

Christina ƒe nu ku! Eke ɖe akplo yibɔ aɖe si me ga gbogbo aɖe le ŋu, ga si ade eƒe ƒe 20 kple edzivɔ ƒe fetue le eme! Enya ame si ƒe ga wònye hã. Nu ka wɔ ge wòala? Ne wòe ɖe nu kae nàwɔ? Ale si nàɖo nya sia ŋu la aɖe ale si nèbua anukwareɖiɖi kple ale si wònɔa vevie na wòe la afia.

NU KAWOE nye nɔnɔme nyuiwo? Wonye nuwɔna siwo míebuna be wonyo eye wole vevie. Wo dometɔ aɖewoe nye tsɔtsɔke, anukwareɖiɖi, ablɔɖe, lɔlɔ̃, bubudede agbe ŋu kple ɖokuidziɖuɖu. Eya ta nɔnɔme nyui siwo nɔa vevie na mí la kpɔa ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ, nu siwo míebua nu veviwoe kple ƒomedodo si nɔa mí kple ame bubuwo dome kpakple ale si míehea mía viwoe la dzi. Togbɔ be agbe nyui nɔnɔ le vevie hã la, ele to yim.

AGBE NYUI NƆNƆ LE TO YIM

Le ƒe 2008 me la, numekulawo le United States bia gbe sɔhɛ alafa geɖe be woagblɔ ale si wobua nɔnɔme nyuiwoe. David Brooks gblɔ le nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The New York Times me be: “Eɖe dzi le ame ƒo ŋutɔ be womegabua nɔnɔme nyuiwo ɖe nemi me o.” Egblɔ kpee be wo dometɔ geɖe sena le wo ɖokuiwo me be amegbɔdɔdɔ sesẽ kple amewuwu nye nu gbegblẽ, gake “to vovo na nu gbɔme siawo la, womegabua nɔnɔme nyui bubuwo ya ŋu kura o, wobunɛ be naneke megblẽ le eŋu ne ame mu aha hafi le ʋu kum, ne wofi sukudɔdeasiwo kpɔ alo ne ame aɖe le atsuƒe gake to srɔ̃a megbe ŋu o.” Ðekakpui aɖe gblɔ be: “Zi geɖe la, nyemetsia  dzi ɖe nu si nye nyui alo vɔ̃ ŋu o.” Ame geɖewo gblɔna be: ‘Wɔ nu si wò ŋutɔ nèkpɔ be enyo. Wɔ nu si wò dzi gblɔ na wò.’ Ðe nuŋububu alea sɔa?

Togbɔ be amegbetɔ ƒe dzi tea ŋu lɔ̃a ame hesea veve ɖe ame nu vevie hã la, ‘alakpatɔ kple nu gbegblẽ’ wònye. (Yeremiya 17:9) Nyateƒenya wɔnublanui sia dzena le ale si xexea me ƒe dzidzenuwo le tɔtrɔm la me abe ale si Biblia gblɔe ɖi ene. Biblia gblɔe ɖi tso gbe aɖe gbe ke be: ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, adegbeƒolawo, ɖokuidoɖedzilawo, busunyagblɔlawo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o kple ame wɔadãwo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu.’—2 Timoteo 3:1-5.

Ele be esia nyanya naʋã mí míadzro míaƒe dzi me kpɔ, ke menye be míanɔ nu siwo wògblɔna na mí la wɔm eŋumabumabui o! Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ kɔtɛe be: “Ame si ɖoa dzi ɖe eya ŋutɔ ƒe gɔmesese ŋu la, bometsilae.” (Lododowo 28:26) Mawunyakpukpui sia ɖee fia be ele be míatsɔ mɔfiame nyuiwo amla míaƒe dzi hafi wòafia mɔ nyuitɔ mí. Afi kae míate ŋu akpɔ mɔfiame siawo le? Ame geɖe dia mɔfiame tso Biblia ŋutɔ me, eye wokpɔa ŋudzedze ɖe ale si nunya le emenyawo me eye wole eteƒe la ŋu.

NƆNƆME NYUI SIWO ÐEA VI ŊUTƆŊUTƆ!

Nɔnɔme nyui siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me ɖee fia be mí amegbetɔwo tae woli ɖo. Esiawo ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewoe nye lɔlɔ̃, nyuiwɔwɔ, dɔmenyonyo kple anukwareɖiɖi.

Lɔlɔ̃ na amewo.

Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Ne èsrɔ̃ ale si nàlɔ̃ amewo la, ke dzidzɔ aɖe agoo ɖe dziwò.” (Engineering Happiness—A New Approach for Building a Joyful Life) Edze ƒãa be mí amegbetɔwo míehiã lɔlɔ̃. Lɔlɔ̃manɔmee la, míate ŋu akpɔ dzidzɔ vavã o.

Nya si Biblia gblɔ: “Mido lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.” (Kolosetɔwo 3:14) Biblia-ŋlɔla ma ke gblɔ be: “Ne . . . lɔlɔ̃ mele asinye o la, nyemenye naneke o.”—1 Korintotɔwo 13:2.

Lɔlɔ̃ ma menye seselelãme dzro aɖe ko alo lɔlɔ̃ si nɔa srɔ̃tɔwo dome o, ke boŋ enye lɔlɔ̃ si dzidzenuwo fiaa mɔe. Enye lɔlɔ̃ si ʋãa mí míenaa kpekpeɖeŋu ame manyamanya siwo ɖo nɔnɔme sesẽwo me gake menye kple susu be woaɖo eteƒe na mí o. Esia tae 1 Korintotɔwo 13:4-7 gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme. Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o, meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzoo o, mewɔa nu si mesɔ o, media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi kabakaba o. Meŋlɔa vɔ̃ siwo wowɔ ɖe eŋu la ɖi o. Mekpɔa dzidzɔ ɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ŋu o, ekpɔa dzidzɔ ɖe nyateƒe boŋ ŋu. Enɔa te ɖe nuwo katã nu, . . . edoa dzi le nuwo katã me.”

Ne lɔlɔ̃ sia mele ƒome aɖe me o la, ƒomea me tɔwo kpea fu, vevietɔ ɖeviwo. Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Monica gblɔ be esime yenɔ ɖevime la, wowɔa ŋlɔmi le ye ŋu, wometsɔa ɖeke le eme na ye o, eye wodɔ ye gbɔ sesẽe. Egblɔ be: “Womelɔ̃m o, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke hã menɔ asinye o.” Esi wòxɔ ƒe 15 la, eʋu yi ɖatsi tɔgbuia kple mamaa siwo nye Yehowa Ðasefowo la gbɔ.

Monica gblɔ be: “Ƒe eve siwo metsɔ nɔ wo gbɔ la, wokpe ɖe nye, nyɔnuvi si ŋu kpena sia ŋu meva zu ame si doa vivi ɖe ame ŋu, si lɔ̃a ame hetsɔa ɖe le eme na ame. Wokpe ɖe ŋunye meva zu ɖetugbui si ŋu  bubu le.” Fifia Monica ɖe srɔ̃ hele dzidzɔ kpɔm, eye eya kple srɔ̃a kpakple wo vi etɔ̃awo ɖea lɔlɔ̃ fia ame bubuwo to Biblia me gbedeasia gbɔgblɔ na wo me.

Lɔlɔ̃ ƒe futɔ si menya kpɔna dzea sii bɔbɔe o lae nye ŋutilãmenuwo yome titi, si nye ale si ame geɖe susunɛ be kesinɔnuwo ƒe amesinɔnɔ kple agbeɖuɖue nye nu vevitɔwo. Ke hã, numekulawo ɖo kpe edzi enuenu be nukutɔe la ga geɖe kpɔkpɔ menana wokpɔa dzidzɔ o. Le nyateƒe me la, ame siwo tia ga yome la le nuxaxa ƒlem na wo ɖokui, eye Biblia hã da asi ɖe nya sia dzi. Nyagblɔla 5:9 gblɔ na mí be: “Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye ame si lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o. Esia hã toflokoe.” Biblia gblɔ hã be: “Mina miaƒe agbenɔnɔ navo tso galɔlɔ̃ me.”—Hebritɔwo 13:5.

Nyuiwɔwɔ kple dɔmenyonyo.

Nyati aɖe si numekuƒe aɖe si le United States ŋlɔ la gblɔ bena: “Ðe madzɔ dzi na wò ŋutɔ be nàkpɔ dzidzɔ mavɔ aƒle le fiase me oa? Menye drɔ̃eƒenya dzro aɖe ko nya sia nye abe ale si nàsusui ene o. Ɣesiaɣi si nèƒle nane be wòaɖe vi na ame aɖe la esia tututu wɔm nèle.” (The Greater Good Science Center si le California Yunivɛsiti, Berkeley) Nu si nya sia fiae nye be: Nunana amewo nana míekpɔa dzidzɔ wu be woana nu mí.

Nya si Biblia gblɔ: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.”—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Zi geɖe la, nu nyuitɔ siwo míate ŋu ana amewoe nye míawo ŋutɔwo, si lɔ míaƒe ɣeyiɣi kple míaƒe ŋusẽ ɖe eme, eye esia ɖea vi wu. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Karen kpɔ nyɔnu aɖe kple via nyɔnu eve wonɔ anyi ɖe ʋu aɖe me, eye wòkpɔ be ʋua ƒe ŋgɔgbe le ʋuʋu. Nyɔnua kple viawo dometɔ ɖeka yina yameʋu ɖo ge gake woƒe ʋua gbe dzo eye taksi si woyɔ la hã tsi megbe. Togbɔ be abia be Karen naku ʋu miniti 45 hafi aɖo yameʋudzeƒea hã la, edoe ɖe wo gbɔ be yeakɔ wo ayii. Eye wolɔ̃. Esi Karen trɔ tso yameʋudzeƒea gbɔna la, ekpɔ nyɔnua ƒe vi nyɔnu evelia wògakpɔtɔ nɔ lalam le eƒe ʋu la me le ʋutɔɖoƒe.

Nyɔnua gblɔ nɛ be: “Srɔ̃nye le mɔ dzi gbɔna.”

Karen ɖo eŋu nɛ be: “Edo dzidzɔ nam be èle dedie. Meyina seƒoƒowo me dzra ge ɖo le míaƒe Fiaɖuƒe Akpata me, alo míaƒe tsɔtsi.”

Nyɔnua biae be: “Yehowa Ðasefoe nènyea?”

Karen ɖo eŋu nɛ be: “Ɛ̃e.” Eye woɖo dze vie.

Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, Karen xɔ lɛta aɖe. Lɛta me nya aɖewo yi ale: “Nye kple danye míeŋlɔ nyui si nèwɔ na mí la be o. Míete ŋu ɖo yameʋua le kpekpeɖeŋu si nèna mí ta! Nɔvinye gblɔ na mí be Yehowa Ðasefoe nènye, esia na míese nu si tae nèwɔ nyui sia na mí ɖo la gɔme. Ðasefoe danye hã nye, eye nye ŋutɔ hã gbeƒãɖela si dzudzɔ gbeadzidedee menye. Gake eteƒe madidi o matrɔ asi le nye nɔnɔmea ŋu!” Karen kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be yete ŋu kpe ɖe haxɔsetɔ eve ŋu. Egblɔ be: “Mefa dzidzɔvi.”

Agbalẽŋlɔla Charles D. Warner ŋlɔ bena: ‘Teƒeɖoɖo siwo nyo wu le agbe me la dometɔ ɖekae nye be ame si dze agbagba vevie wɔ nyui na ame aɖe la, ewɔ nyui na eɖokui.’  Alea wòle, elabena ɖe Mawu wɔ amegbetɔwo be woaɖe yeƒe nɔnɔme xɔasiwo afia, ke menye be woanye ɖokuitɔdilawo o.—1 Mose 1:27.

Anukwareɖiɖi.

Nɔnɔme nyui sia hiã vevie na amegbetɔwo ƒe ƒuƒoƒo deŋgɔ ɖe sia ɖe. Anukwaremaɖimaɖi nana wovɔ̃na na ame, womegakana ɖe ame dzi o eye wògblẽa hadomegbenɔnɔ me.

Nya Si Biblia Gblɔ: ‘Ame kae adze Mawu ƒe agbadɔ me?’ Ŋuɖoɖoae nye: “Ame si fɔɖiɖi mele eƒe zɔzɔme ŋu o, . . . eye wòtoa nyateƒe le eƒe dzi me.” (Psalmo 15:1, 2) Ɛ̃, anukwareɖiɖi si tso dzi me nye nɔnɔme si nɔa ame si abe ale si wòle le nɔnɔme bubu siwo me míedzro gome ene. Mele be woaɖi anukware le esi nɔnɔmea dea ame dzi ta ko o.

Èɖo ŋku Christina si ke ɖe akplo si me ga le ŋu la dzia? Ɛ̃, eƒe dzimedidie nye be yeadze Mawu ŋu, ke menye be yeazu kesinɔtɔ o. Eya ta esi ŋutsu si ƒe ga bu eye wòtsi dzi vevie la trɔ va la, Christina gblɔ nɛ be yeke ɖe eƒe gaa ŋu. Ewɔ nuku nɛ ŋutɔ be Christina ɖi anukware alea. Nenema kee wòwɔ nuku na Christina ƒe dɔmemegã hã, eya ta edo Christina ɖe ŋgɔ wòva zu fiasedzikpɔlawo ƒe tatɔ. Ame siwo dzi woka ɖo vevie ye wodana ɖe ɖoƒe sia. Aleke esia ɖo kpe 1 Petro 3:10 ƒe nyateƒenyenye dzie nye esi! Afi ma gblɔ be: “Ame si di be yealɔ̃ agbe, eye yeakpɔ ŋkeke nyuiwo la, nekpɔ eƒe . . . nuyiwo dzi ɖe amebeble ŋu.”

TO “AME NYUIWO ƑE MƆ DZI”

Nɔnɔme nyui siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la ɖee fia be Wɔla la lɔ̃ mí vevie, elabena nɔnɔme siawo nana míetoa “ame nyuiwo ƒe mɔ dzi.” (Lododowo 2:20; Yesaya 48:17, 18) Ne míenɔ agbe ɖe mɔfiame mawo nu la, míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mawu eye esia ɖea vi geɖe na mí. Le nyateƒe me la, Biblia do ŋugbe sia be: ‘Lé ŋku ɖe Mawu ƒe mɔwo ŋu, ekema ado wò ɖe dzi, ne nànyi anyigba la dome, eye ne woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo la, àkpɔ eteƒe.’—Psalmo 37:34.

Ɛ̃, etsɔme wɔnuku ka gbegbee nye esi le ame siwo ɖea nɔnɔme nyui siwo ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me la fiana la lalam! Ame siawo ava nɔ agbe le ŋutifafa me le anyigba dzi, afi si vɔɖivɔ̃ɖi aɖeke manɔ o. Vavãe, ele be míatu nɔnɔme nyui siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la ɖo.