Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale si nànɔ te ɖe gbɔtotsotso ƒe kuxiwo nu

Ale si nànɔ te ɖe gbɔtotsotso ƒe kuxiwo nu

“Menɔa anyi ko léa blanui zi ɖeka eye nyemenyaa nu si gbɔ wòtsona alo kpɔa dzesi aɖeke doa ŋgɔ o. Mefaa avi eye mebiaa ɖokuinye be tsu kum mele hã.”—Rondro, * exɔ ƒe 50.

“Èfɔ gbe ɖeka ŋdi hekpɔe be wò aƒe me katã le nyamaa. Èdi wò nuwo do kpoe. Nu siwo nèwɔna bɔbɔe ƒe geɖewoe nye esia la wɔwɔ zu dɔ na wò, eye mènya nu si gbɔ wòtso o.” —Hanta, exɔ ƒe 55.

MENYE dɔ lém nyɔnu siawo le o. Ke boŋ ɖe wole gbɔtotsotso (si fia be wodzudzɔ dzinukpɔkpɔ alo asiɖoɖo anyi) ƒe ɣeyiɣi me tom. Esia nye dzɔdzɔmenu si me nyɔnuwo tona le agbe me eye wònyea woƒe vitsoɣi hã. Ne nyɔnue nènye la, ɖe nèle ɣeyiɣi ma gogoma? Alo ɖe nèle ɣeyiɣi ma me fifia? Aleke kee wòɖale o, ne wò kple wò ame veviwo mienya nu tso ɣeyiɣi sia ŋu nyuie la, akpe ɖe mia ŋu geɖe ŋutɔ miate ŋu anɔ te ɖe kuxi siwo vana le ɣeyiɣi sia me la nu dzidzedzetɔe.

Gbɔtotsotso Ƒe Ɣeyiɣi

Gbɔtotsotso ƒe ɣeyiɣiwo lɔ ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ teti na gbɔtotsotso kple gbɔtotsotsoa ŋutɔ siaa hã ɖe eme. * Gake zi geɖe la, ne wozã nya gbɔtotsotso la, efia ɣeyiɣi mawo katã.

Nyɔnu geɖewo dzudzɔa asiɖoɖo anyi le woƒe ƒe 40-awo me, gake bubuwo tɔ ya dzea egɔme ne wole woƒe ƒe 60-awo me. Zi geɖe la, ɖe asiɖoanyi nɔa tsotsom vivivi. Esi lãmetsiwo megadzina ɖe lã me na nyɔnuwo ɖe ɖoɖo nu le ɣeyiɣi sia me o ta la, ɣeaɖewoɣi la nyɔnu aɖewo mekpɔa dzinu o alo kpɔa dzinu le vo me alo ʋu gbogbo aɖewo dona le wo ŋu le woƒe asiɖoanyiɣi. Nyɔnu ʋɛ aɖewo hã dzudzɔa asiɖoɖo anyi gbe ɖeka kple eƒe zãdodo.

Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Nyɔnu ɖe sia ɖe kple nu si me wòtona ne edzudzɔ asiɖoɖo anyi.” (Menopause Guidebook) Agbalẽa gblɔ hã be: “Nu siwo me nyɔnu geɖewo tona ne wodzudzɔ asiɖoɖo anyie nye be woƒe lã me xɔa dzo gbãgbãgbã,” eye vuvɔ tea ŋu wɔa wo vevie le esia megbe. Esia nana be wometea ŋu dɔa alɔ̃ o, eye woƒe lã me gbɔdzɔna. Ɣeyiɣi didi kae nɔnɔme sia nɔa anyi? Le agbalẽ bubu  (The Menopause Book) aɖe ƒe nya nu la, “nyɔnu aɖewo ƒe lã me xɔa dzo tso ɣeyiɣi yi ɣeyiɣi hena ƒe ɖeka alo ƒe eve sɔŋ ne wodzudzɔ asiɖoɖo anyi. Nyɔnu bubuwo ya tɔ nɔa anyi ƒe geɖe, eye ame ʋɛ aɖewo hã tɔ yia edzi le woƒe agbe me katã.” *

Lãmetsiwo ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie tea ŋu nana be nu tena ɖe nyɔnu aɖewo dzi, wonɔa anyi ko léa blanui alo doa dziku, esia wɔnɛ be wofaa avi, wotɔtɔna eye wonɔa nu ŋlɔm be edziedzi. Agbalẽa gagblɔ be: “Mebɔ kura be nu siawo katã nadzɔ ɖe ame ɖeka dzi o.” (The Menopause Book) Le nyateƒe me la, nu siawo dometɔ ʋɛ aɖewo koe dzɔna ɖe ame aɖewo dzi, eye le ame bubuwo hã gome la, ɖeke kura medzɔna ɖe wo dzi o.

Ale Si Nànɔ Te Ðe Enui

Asiɖeɖe le nuwɔna aɖewo ŋu ate ŋu aɖe kuxi siawo dometɔ aɖewo dzi akpɔtɔ. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu siwo noa sigarɛt ate ŋu ana woƒe lã me ƒe dzoxɔxɔ naɖiɖi akpɔtɔ nenye be wodzudzɔ sigarɛt-nono. Eɖea vi na nyɔnu geɖewo ne woƒo asa na nuɖuɖu aɖewo. Nuɖuɖu siawo dometɔ aɖewoe nye esiwo me nu ʋeʋĩwo kpakple sukli le fũu akpa kple aha sesẽ kpakple caffeine-nono, elabena nu siawo tea ŋu nana be ame ƒe lã me xɔa dzo. Ke hã, ele vevie be nàɖu nu siwo me nunyiame le.

Kamedede hã tea ŋu ɖea kuxi siwo doa mo ɖa ne nyɔnuwo dzudzɔ asiɖoɖo anyi la dzi kpɔtɔna. Le kpɔɖeŋu me, kamedede ate ŋu aɖe alɔ̃madɔmadɔ dzi akpɔtɔ, eye wòaɖe ale si nyɔnu aɖewo nɔa anyi sẽe ko doa dziku alo léa blanui la dzi akpɔtɔ. Enana hã be ŋusẽ ɖoa ƒuwo ŋu eye wòdea ame ƒe lãmesẽ bliboa hã dzi. *

Ðo Dze Tso Wò Nɔnɔmea Ŋu Faa

Rondro si ƒe nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Mègamia nu ɖe wò kuxia dzi o. Ne èɖo dze tso eŋu na ame bubuwo la, womagatsi dzi fũu akpa ne wode dzesi nu si le dzɔdzɔm ɖe dziwò o.” Le nyateƒe me la, ɖe woagbɔ dzi ɖi ahase nu gɔme na wò geɖe wu boŋ. Biblia gblɔ be: “Lɔlɔ̃ gbɔa dzi blewu, eye wònyoa dɔme.”—1 Korintotɔwo 13:4.

Gbedodoɖa hã ɖea vi na nyɔnu geɖewo, siwo dometɔ aɖewoe nye nyɔnu siwo le nu xam le esi wotso vi ta. Biblia na kakaɖedzi mí be: “[Mawu] faa akɔ na mí le míaƒe xaxa blibo la katã me.” (2 Korintotɔwo 1:4) Nu si hã gafaa akɔ na amee nye enyanya be ɣeyiɣi kpui aɖe koe kuxi siwo me ame tona ne edzudzɔ asiɖoɖo anyi la nɔa anyi. Ne ɣeyiɣi mawo va yi la, ŋusẽ yeye gaɖoa nyɔnu siwo léa be na wo ɖokuiwo la ŋu eye wogatea ŋu sea vivi le agbe me hena ƒe geɖe.

^ mm. 2 Míetrɔ ŋkɔawo.

^ mm. 6 Ne ɖɔktawo kpɔe be nyɔnu aɖe meɖo asi anyi o ɣleti 12 tre ɖe enu la, woƒoa nya ta be edzudzɔ asiɖoɖo anyi.

^ mm. 8 Dɔléle aɖewo abe vehlomedɔ kple dɔ xɔleameŋuwo kpakple dɔdamɔnu aɖewo hã tea ŋu nana be ame ƒe lã me xɔa dzo. Anyo be woado amea kpɔ akpɔ kpeɖodzi be menye nu siawo gbɔe wòtso o hafi aƒo nya ta be esi amea dzudzɔ asiɖoɖo anyi tae eƒe lã me xɔ dzo ɖo.

^ mm. 12 Ðɔktawo tea ŋu ŋlɔa atike vovovowo abe lãmetsitikewo, nuɖuɖutikewo kple blanuilélenutsitikewo ene na nyɔnu siwo le kuxi siwo doa mo ɖa ne wodzudzɔ asiɖoɖo anyi la me tom eye esia wɔnɛ be wotea ŋu nɔa te ɖe kuxi siawo nu nyuie. Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o.