Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Amewo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui

Alesi Amewo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui

Alesi Amewo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui

ÐEWOHĨ ènya ame aɖe si le blanuiléle alo nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ lém. Nenye nenemae la, alekee nàte ŋu akpe ɖe eŋui? D. J. Jaffe, si nye Ðekawɔwɔ ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Tagbɔdɔlélawo ƒe Nyawo Gbɔ me tɔ, ɖo aɖaŋu nyui sia be: “Mègabu amea abe dɔa ene o; ke boŋ lé fu dɔlélea gake nàlɔ̃ amea.”

Dzigbɔɖi kple lɔlɔ̃ nɔ nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Susanna si wòwɔe alea pɛpɛpɛ. Exɔlɔ̃ aɖe nɔ nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ lém. Susanna gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, mete ŋu nɔa gbɔnye kura o. Le esi teƒe be Susanna naɖe asi le eƒe nya me la, ewɔ numekuku srɔ̃ nu tso nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔlélea ŋu. Susanna gblɔ be: “Azɔ menya alesi dɔlélea gblẽ nu le xɔ̃nyea ƒe agbenɔnɔ ŋui.” Susanna kpɔe be agbagbadzedze be yease nu gɔme na dɔnɔa ate ŋu ahe viɖe nyui aɖe vɛ. Egblɔ be: “Ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be wò lɔlɔ̃ na ame si dze dɔa kple asixɔxɔ si nèdea eŋu la nanɔ dzidzim ɖe edzi.”

Ne amesi dze dɔa nye wò ƒometɔ la, kpekpeɖeŋu nana tso dzi blibo me le vevie. Mario, srɔ̃, Lucia—si ŋkɔ míeyɔ va yi le nyati siawo me—si nye nu tramawo wɔwɔ dɔ léla la, srɔ̃ nu sia do ŋgɔ. Egblɔ be: “Nusiwo kpe ɖe ŋunye le gɔmedzedzea mee nye srɔ̃nye kpɔkplɔ yi eƒe ɖɔkta gbɔ kple nusɔsrɔ̃ tso dɔ manyatalenu sia ŋu ale be mate ŋu anya nusi dze ŋgɔ mí la nyuie. Mía kple Lucia míeɖoa dze geɖe hã hetrɔna ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe si do mo ɖa ŋu esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim.”

Kristo Hamea ƒe Kpekpeɖeŋu

Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo katã be ‘woafa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo’ eye be ‘woagbɔ dzi ɖi na amewo katã.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Gbã la, ele vevie be nàse vovototo si le susumedɔléle kple gbɔgbɔmedɔléle gɔme. Le kpɔɖeŋu me, Biblia ŋlɔla Yakobo de dzesii be gbedodoɖa ate ŋu ana gbɔgbɔmedɔléla nahaya. (Yakobo 5:14, 15) Ke hã, Yesu gblɔ be amesiwo dze ŋutilãmedɔ la hiã na gbedala. (Mateo 9:12) Le nyateƒe me la, esɔ eye wòkpena ɖe ame ŋu be woado gbe ɖa na Yehowa tso nusianu si ŋu ame tsi dzi ɖo la ŋu, si me lãmesẽ hã le. (Psalmo 55:23; Filipitɔwo 4:6, 7) Gake Biblia megblɔ be gbɔgbɔmedɔwɔnawo dzidziɖedzi akpɔ dɔlénya siwo li egbea gbɔ o.

Eyata Kristotɔ senugɔmewo ƒoa asa na gbɔgblɔ be blanuiléla ŋutɔwo ƒe nuwɔna gbɔe woƒe dɔlélea tso. Nya siawo maɖe vi aɖeke o abe alesi Hiob ƒe akɔfala alakpatɔwo ƒe nyawo meɖe vi aɖeke o ene. (Hiob 8:1-6) Nyateƒeae nye be le go geɖe me la, blanuilélea maka ɖe eme o negbe ɖee woadae le kɔdzi hafi. Esia hiã ŋutɔ ne amea lé blanui vevie eye ɖewohĩ wòate ŋu awu eɖokui. Le go siawo me la, ele vevie be wòayi kɔdzi.

Ke hã, nu geɖe li si hati Kristotɔwo ate ŋu awɔ atsɔ ana kpekpeɖeŋui. Le nyateƒe me la, ebia dzigbɔɖi. Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔwo ƒe dɔwɔna aɖewo magadzro seselelãme trama dɔ lélawo kura o. Nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔléla aɖe si ŋkɔe nye Diane gblɔ be: “Ele sesẽm nam be makpɔ gome le subɔsubɔdɔa me. Enyea nu sesẽ be magblɔ nyanyui kple dzidzɔnya si le Biblia me la na amewo esime nyemele nyuie o eye dzi mele dzɔyem le ememe o.”

Be nàte ŋu akpe ɖe amesiawo ŋu la, dze agbagba nanye veveseɖeamenula. (Korintotɔwo I, 10:24; Filipitɔwo 2:4) Dze agbagba nàbu nyawo ŋu abe alesi dɔnɔa bua woe ene tsɔ wu alesi nèbua woe. Mègadi tso dɔnɔa si be ele kokoko be wòawɔ nusiwo gbɔ eƒe ŋutetewo mate ŋu aɖo o. Carl, si blanuiléle le fu ɖem na, gblɔ be: “Ne wode bubu ŋunye togbɔ be nɔnɔme sia le ŋunye hã la, mesena le ɖokuinye me be bubu si nɔ ŋunye tsã la le ŋunye ɖom vivivi. Le xɔlɔ̃ tsitsi ʋɛ aɖewo ƒe kpekpeɖeŋu si me dzigbɔɖi le me la, mete ŋu tu ƒomedodo si le kplikplikpli wu ɖo kple Mawu eye mekpɔ dzidzɔ gã aɖe le kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã nawɔe nenema me.”

Ne wokpe ɖe amesiwo dze dɔa ŋu la, woate ŋu akpɔ gbɔdzɔe tso woƒe fukpekpea me. Bu nyɔnu Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Brenda, si nye nu tramawo wɔwɔ dɔléla ŋu kpɔ. Egblɔ be: “Xɔ̃nye siwo le hamea me la kpena ɖe ŋunye ŋutɔ eye wosea nu gɔme nam le nye blanuiléɣiwo eye womebuam be ɖe megbɔdzɔ le gbɔgbɔ me o. Wona mekplɔa wo ɖo yia gbeadzi ɣeaɖewoɣi eye meɖoa to wo ko alo léa zikpui nam le Fiaɖuƒe Akpata me ale be mate ŋu ava ne metsi megbe hã.”

Hamemegã lɔ̃ame senugɔmenamewo ƒe kpekpeɖeŋu ɖe vi na Cherie, si ŋu blanuiléledɔ le la ale gbegbe. Egblɔ be: “Ne hamemegãwo ka ɖe edzi nam be Yehowa lɔ̃m, xlẽ Mawu ƒe Nya, Biblia, ƒe akpa aɖewo nam, heƒo nu tso paradiso si ƒe tame Yehowa ɖo, si me ŋutifafa kple lãmesẽ anɔ ŋu nam, eye ne wodo gbe ɖa kplim—le telefon dzi gɔ̃ hã—la, mesena le ɖokuinye me be agbaa dzi ɖe kpɔtɔ. Menyae be Yehowa alo nɔvinyewo megblẽm ɖi o eye ema doa ŋusẽm.”

Ðikeke aɖeke mele eme o be to kpekpeɖeŋu ɖɔʋu nana dzi la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ate ŋu awɔ akpa vevi aɖe le dɔnɔ aɖe ƒe nyonyo me. Lucia gblɔ be: “Ewɔ nam be menya alesi manɔ agbee azɔ. Mía kple srɔ̃nye míedze agbagba vevie to nusia me ɖekae, eye nuwo ka ɖe eme na mí wu.”

Ame geɖe siwo le ʋiʋlim le tagbɔdɔ vovovowo ŋu nyae be kametete kple dɔ dziŋɔ sia nye ɣeyiɣi didi aɖe ƒe nu. Ke hã, Biblia do ŋugbe be le Mawu ƒe xexeme yeyea me la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” (Yesaya 33:24) Dɔléle kple nuwɔame donuxaxaname siwo ɖea fu na ame geɖe egbea la nu ayi. Enye nusi doa dzidzɔ na ame nyateƒe be woade ŋugble le xexeme yeye aɖe si ƒe ŋugbe Mawu do si me dɔlélewo katã—tsɔ kpe ɖe seselelãme trama dɔwo ŋu—nu ayi tegbee le la ŋu. Biblia gblɔ be ɣemaɣi la, “konyifafa kple ɣlidodo kple veve” maganɔ anyi gbeɖegbeɖe o.—Nyaɖeɖefia 21:4.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 12]

Yesu gblɔ be amesiwo dze dɔ la hiã na gbedala.—MATEO 9:12

[Nya si ɖe dzesi si le axa 13]

Biblia do ŋugbe be le Mawu ƒe xexeme yeyea me la, “duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.”—YESAYA 33:24