Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mɔkpɔkpɔ Si Li na Dɔnɔawo

Mɔkpɔkpɔ Si Li na Dɔnɔawo

Mɔkpɔkpɔ Si Li na Dɔnɔawo

TSÃ la, amewo ƒoa asa na seselelãme trama dɔwo lélawo. Ewɔnɛ be womegabua dɔ sia lélawo ɖe ɖeke me o. Wowɔa nu ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu ameŋkumekpɔkpɔtɔe le dɔwɔnyawo me. Bubuwo ƒe ƒometɔwo ŋutɔ ƒoa asa na wo. Zi geɖe la, ɖeko esia naa kuxia nu sẽna ɖe edzi eye wòxea mɔ na amesiwo dze dɔa be woagaxɔ kpekpeɖeŋu o.

Gake le ƒe siawo me la, wowɔ afɔɖeɖe nyuiwo le blanuiléledɔ si nu sẽ kple nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ gɔmesese me. Fifia wonyae le afisiafi be woate ŋu ada dɔ siawo. Gake kpekpeɖeŋua xɔxɔ menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Nukatae?

Dzesiawo Kpɔkpɔ Dze Sii

Wometoa ʋudodokpɔ alo fotoɖeɖe dzro ko dzi nyana ne seselelãme trama dɔe dze ame dzi o. Ke boŋ, woléa ŋku ɖe amea ƒe nuwɔna, tamebubu, kple nyametsotsowo ŋu hena ɣeyiɣi aɖe. Ele be woakpɔ dzesi aɖewo hafi ate ŋu anya esi ƒomevie le fu ɖem nɛ. Nusi nyea kuxia ɣeaɖewoɣi enye be, ƒomea me tɔ kple xɔlɔ̃wo menyana be nusiwo kpɔm yewole la nye seselelãme trama dɔ ƒe dzesiwo o. Ðk. David J. Miklowitz ŋlɔ bena: “Ne amewo lɔ̃ ɖe alesi ame aɖe ƒe nuwɔna megadzea ga dzi o dzi hã la, susu vovovowo ate ŋu anɔ wo si ku ɖe nusitae amea va le nu wɔm nenema ɖo la ŋu.”

Gakpe ɖe eŋu la, ne ƒometɔwo se le wo ɖokui me be nɔnɔmea ɖo eƒe sesẽaƒe gɔ̃ hã la, be woana dɔnɔa nase egɔme be ehiã be yewoakplɔe ayi kɔdzi te ŋu nyea nu sesẽ. Alo ne wòe nye dɔnɔa la, madzro wò be woakpe ɖe ŋuwò o. Ðk. Mark S. Gold ŋlɔ bena: “Ne èlé blanui la, ɖewohĩ nusi nèbu la dzi koe nàxɔ ase—be asixɔxɔ aɖeke mele ye ŋu o, eyata viɖe ka tae wòle be yeayi kɔdzi alo woakpe ɖe ye ŋu ɖo, esi mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na ame abe ye ene o la. Ðewohĩ àdi be yeagblɔe na ame aɖe gake agahabui be blanuiléle nye ŋukpenanu aɖe, eye be yeƒe vodadae wònye. . . . Ðewohĩ menyae be seselelãme si le ye me nye blanuiléle o.” Ke hã, ele vevie be amesiwo blanuiléle si gbɔ eme le fu ɖem na nayi kɔdzi.

Enye nyateƒe be dzi medzɔa ame ɣeaɖewoɣi o, eye esia menye seselelãme trama dɔ kokoko o. Gake ne seselelãme siawo nu sẽ wu dzidzɔmakpɔmakpɔ ɣeaɖewoɣi dzro ko ya ɖe? Ke ne enɔ anyi eteƒe didi wu alesi dze—ɖewohĩ kwasiɖa eve alo wu ema—ya ɖe? Gawu la, tsɔe be blanuiléle ƒe seselelãmeawo na be wò nuwɔnawo megate ŋu le mɔ ɖeka tom o, le dɔme loo, le suku loo, alo le hadome o. Le go sia me la, nunya anɔ eme be nàte ɖe eŋutinunyala bibi aɖe si ate ŋu anya blanuiléle tramawo dometɔ si wòanye ahadae la ŋu.

Ne lãmetsi siwo meda sɔ o gbɔe wòtso la, woate ŋu aŋlɔ atikewo na dɔnɔa. Le go bubuwo me la, anyo be woanɔ nu xlɔ̃m dɔnɔa be wòakpe ɖe eŋu wòanya alesi wòanɔ te ɖe eƒe nɔnɔmea nui. Ɣeaɖewoɣi la, mɔnu evea siaa ŋudɔwɔwɔ aduadu ɖea vi. * Nusi le vevie enye be woayi aɖaxɔ kpekpeɖeŋu. Lenore, si nye nu tramawo wɔwɔ dɔ léla si ŋkɔ míeyɔ le nyati si do ŋgɔ me gblɔ be: “Zi geɖe la, dɔnɔawo vɔ̃na eye woƒe nɔnɔmea kpea ŋu na wo. Gake nusi nye ŋukpenanua ŋutɔe nye ebubu be kuxi aɖe le ye ŋu evɔ mele kpekpeɖeŋu si hiã na wò vevie la dim o.”

Nusi dzɔ ɖe Lenore dzi gblɔmee eya ŋutɔ le. Egblɔ be: “Metsi aba dzi ƒe ɖeka kloe. Gake gbeɖeka esime mese le ɖokuinye me be mehaya vie la, metso nya me be maƒo ka na ɖɔkta aɖe ahawɔ ɖoɖo kplii.” Wova kpɔe be nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔe le fu ɖem na Lenore, eye wodae ɖe atikewo dzi. Esia na eƒe agbenɔnɔ trɔ keŋkeŋ. Lenore gblɔ be: “Ne meno nye atikeawo la, meɖoa ɖokuinye me togbɔ be ehiã be manɔ ŋku ɖom edzi na ɖokuinye edziedzi be ne medzudzɔ enono la, dzesi gbegblẽawo agatrɔ agbɔ hã.”

Alea ƒomevie wòle le Brandon, amesi blanuiléle ɖea fu na, hã gomee. Egblɔ be: “Esi menɔ nye ƒewuiwo me la, mebua ɖokuinye wuwu ŋu edziedzi le esi mesena le ɖokuinye me vevie be viɖe aɖeke mele ŋunye o ta. Enɔ alea vaseɖe esime meɖo nye ƒe 30-awo me hafi meyi ɖɔkta aɖe gbɔ.” Abe Lenore ene la, Brandon hã noa atikewo tsɔ nɔa te ɖe eƒe nu trama wɔwɔa nui, gake nu geɖe hã kpe ɖe eŋu. Egblɔ be: “Be wòate ŋu ade dzinye la, mekpɔa nye susu kple nye ametia dzi. Meɖina ɖe eme henɔa ŋudzɔ ɖe nusi meɖuna ŋu. Mena be Biblia me nukpɔsusu nyuiwo hã xɔ nye susu kple dzi me.”

Gake Brandon gblɔ le blanuiléle si nu sẽ ŋu be—menye gbɔgbɔmedɔe wònye o. Esia nyanya wɔa akpa vevi aɖe le dɔnɔa ƒe hayahaya me. Brandon gblɔ be: “Ɣeaɖeɣi la, hati Kristotɔ nyuidinamela aɖe gblɔ nam be esi wònye Galatiatɔwo 5:22, 23 gblɔ be dzidzɔ nye Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetse ta la, anɔ eme be mele nane wɔm si le mɔ xem na gbɔgbɔ ma. Ema na mese le ɖokuinye me be meɖi fɔ eye melé blanui wu. Gake esi menya te kpekpeɖeŋu xɔxɔ ko la, dzidzɔmakpɔmakpɔ si nɔ menye la dzi te ɖeɖe kpɔtɔ. Nye lãme ka ɖe eme wu! Ðe menya la, ne míebia kpekpeɖeŋua kaba.”

Aʋaa Dzi Ðuɖu

Ne woke ɖe dɔa ŋu hete atikewɔwɔ gɔ̃ hã la, seselelãme trama dɔ ate ŋu ayi edzi anɔ kplamatse dom dɔnɔa edziedzi. Kelly, amesi tea kame kple blanuiléle si gbɔ eme ƒe dɔ da akpe geɖe na ame bibi siwo kpɔ eƒe nɔnɔmea ƒe akpa si bia kɔdzidede gbɔ la. Gake, tsɔ kpe ɖe eŋu la, ekpɔe be kpekpeɖeŋu si ame bubuwo ana la le vevie. Gbã la, Kelly medi be yeate ɖe amewo ŋu o elabena medi be woabu ye be yenye agba na wo o. Egblɔ be: “Menye alesi woabia kpekpeɖeŋu koe wòhiã be masrɔ̃ o ke boŋ be maxɔe hãe. Esime meɖe nye dzimenyawo gblɔ ko hafie mete ŋu tɔ te blanuilélea si nɔ fu ɖem nam edziedzi la.”

Esi Yehowa Ðasefoe Kelly nye ta la, edea kpekpewo kple haxɔsetɔwo le Fiaɖuƒe Akpata me. Gake ɣeaɖewoɣi la, nɔnɔmea ɖea fu nɛ le dzidzɔɣeyiɣi siawo me gɔ̃ hã. “Zi geɖe la, akaɖiawo, amewo ƒe yiyi kple gbɔgbɔ, kple toɣliɖeɖe te ŋu kpea ame dzi. Ekema fɔɖiɖi ƒe seselelãmea dzea egɔme, eye blanuilélea dzina ɖe edzi elabena mesena le ɖokuinye me be nye nu trama wɔwɔa afia be nyemenye gbɔgbɔmeme o.” Aleke Kelly nɔ te ɖe nɔnɔme sia nui? Egblɔ be: “Mesrɔ̃e be blanuiléle nye dɔléle aɖe si nu wòle be woanɔ te ɖo. Menye lɔlɔ̃ si le asinye na Mawu alo na hati Kristotɔwo ɖeɖe fiae wònye o. Menye nye gbɔgbɔmemenyenye akuakua ɖeɖe fiae wònye o.”

Lucia, si ŋkɔ míeyɔ le nyati siwo do ŋgɔ me, da akpe ɖe alesi wokpɔ egbɔ nyuie le kɔdzi la ta. Egblɔ be: “Susuŋutinunyala bibi aɖe gbɔ yiyie wɔ akpa vevi aɖe le alesi manɔ te ɖe nye seselelãmewo ƒe tɔtrɔ si zɔna kple dɔléle sia nu la sɔsrɔ̃ me.” Lucia hã te gbe ɖe ɖiɖiɖeme ƒe vevienyenye dzi. Egblɔ be: “Alɔ̃ nye nu vevi aɖe le tenɔnɔ ɖe dzidzɔkpɔkpɔ manyatalenu nu me. Ne alɔ̃ mesum o la, nye dɔa sẽna ɖe edzi. Ne alɔ̃ mele tsɔyem o gɔ̃ hã la, le esi teƒe be mafɔ la, mekpla ɖokuinye be mamlɔ aba dzi aɖi ɖe eme.”

Sheila, si hã ƒe ŋkɔ míeyɔ va yi, kpɔe be anyo be agbalẽ aɖe nanɔ ye si si me yeanɔ yeƒe seselelãmewo ŋlɔm ɖo gbesiagbe. Ekpɔe be yeƒe lãmea le kakam ɖe eme. Ke hã, kuxiwo li. Sheila gblɔ be: “Le susu aɖe ta la, ɖeɖiteameŋu naa susu madeamedziwo vaa tame nam. Gake mesrɔ̃ alesi maɖo asi wo dzi alo aɖe wo dzi akpɔtɔ ya teti.”

Akɔfaname si Le Mawu ƒe Nya Me

Biblia nye ŋusẽdoamenu na ame geɖe siwo ‘ŋugble geɖe dede’ ɖea fu na. (Psalmo 94:17-19, 22) Le kpɔɖeŋu me, Cherie kpɔe be Psalmo 72:12, 13 dea dzi ƒo na ye ŋutɔ. Le afima la, hakpala la gblɔ le Fia si Mawu ɖo, Yesu Kristo, ŋu be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.” Apostolo Paulo ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Romatɔwo 8:38, 39 hã de dzi ƒo na Cherie be: “Menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃ . . . la gbɔ o.”

Elaine, si nye nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ léla, kpɔe be ye kpakple Mawu dome ƒomedodo le dedie. Hakpala ƒe nya siwo gblɔ be, “Mawu, màdo vlo dzi gbagbã, si tugu la o” dea dzi ƒo nɛ ale gbegbe. (Psalmo 51:19) Egblɔ be: “Le nyateƒe me la, enyea akɔfafa be míanya be míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ, Yehowa, sea nu gɔme na mí. Tete ɖe eyama ŋu le gbedodoɖa me, vevietɔ le dzimaɖitsitsi kple nuxaxa vevie ƒe ɣeyiɣiwo me, doa ŋusẽ ame.”

Abe alesi míakpɔe ene la, tenɔnɔ ɖe seselelãme trama dɔ aɖe nu nye kuxi si sesẽ. Ke hã, Cherie kple Elaine kpɔe be ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu gbedodoɖatɔe tsɔ kpe ɖe dɔyɔyɔ si sɔ ŋu kpe ɖe yewo ŋu yewoƒe nɔnɔmea nyo ɖe edzi. Gake aleke ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo ate ŋu akpe ɖe amesiwo nu tramawo wɔwɔ ƒe dɔ alo blanuiléle ɖea fu na ŋui?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Nyɔ! mekafua dɔdamɔnu aɖe koŋ be eyae nyo wu o. Ele be Kristotɔwo nakpɔ egbɔ be dɔdamɔnu ɖesiaɖe si dzi yewoalɔ̃ ɖo matsi tre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]

“Esi menya te kpekpeɖeŋu xɔxɔ ko la, dzidzɔmakpɔmakpɔ si nɔ menye la dzi te ɖeɖe kpɔtɔ. Nye lãme ka ɖe eme wu!”—BRANDON

[Aɖaka si le axa 9]

Srɔ̃ŋutsu aɖe ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo

“Hafi Lucia nadze dɔ la, alesi wòsea nu gɔmee na ame la wɔ dɔ ɖe ame geɖe dzi. Fifia gɔ̃ hã la, ne amewo va srã srɔ̃nye kpɔ eye wòle modzeanyi me la, eƒe vividodoɖeameŋua wɔnɛ be wotena ɖe eŋu. Nusi ame akpa gãtɔ medea dzesi o nye alesi Lucia ƒe nɔnɔmewo trɔna tso blanuiléle gbɔ yina dzidzɔkpɔkpɔ manyatalenu gbɔe. Esiae nye nu tramawo wɔwɔ dɔ ƒe dzesiwo, si me wòdo dzi le le ƒe ene siwo va yi me.

“Le dzidzɔkpɔkpɔ manyatalenu ƒe ɣeyiɣiawo me la, Lucia nɔa ŋu vaseɖe zã ga ɖeka, ga eve, alo ga etɔ̃ gɔ̃ hã, eye aɖaŋuwo nɔa susu me tom nɛ. Ðeko ɖeɖi tea eŋu. Nu suetɔ kekeake nana wòwɔa nu gbɔa eme eye wozãa ga yakayaka. Aƒo eɖokui ɖe nɔnɔme siwo me afɔku le ŋutɔŋutɔ me, anɔ sesem le eɖokui me be womele ye kpɔm o, be afɔku aɖeke mele eme—le agbenɔnɔ, ŋutilã, alo go aɖeke me—o. Nusi ate ŋu ado tso vlavonuwɔna sia mee nye eɖokuiwuwu. Nusi kplɔna dzidzɔ manyatalenua kpɔkpɔ ɖo enye blanuiléle, si ƒe sesẽ sɔna kple dzidzɔkpɔkpɔ manyatalenu si do ŋgɔ nɛ la.

“Nye agbenɔnɔ trɔ kuraa. Togbɔ be wole dɔa dam na Lucia hã la, nusi míate ŋu awɔ egbea ato vovo tso nusi míewɔ etsɔ si va yi alo awɔ le etsɔ si gbɔna me gbɔ. Wɔnawo trɔna abe alesi míaƒe nɔnɔmeawo trɔnae ene. Eƒoe ɖe nunye be manɔ tɔtrɔm ɖe nɔnɔmea nu wu alesi mebui gɔ̃ hã be mate ŋu awɔe.”—Mario.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ne Wòda Wò Ðe Atike Dzi

Ame aɖewo bui be atikenono nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi. Gake bu eŋu alea kpɔ: Ele be suklidɔléla nawɔ ɖe dɔdada ƒe ɖoɖo si wonɛ la dzi, si ƒe akpa aɖee anye suklidɔ ƒe abi dodo. Ðe esia nye kpododonu ƒe dzesia? Kura o! Alesi woawɔ ana ŋutilãa me amenyinuwo nada asɔ ale be dɔnɔa ate ŋu anɔ lãmesẽ me koe wònye.

Nenema tututue wòle le blanuiléle si nu sẽ kple nu tramawo wɔwɔ dɔ ƒe atikewo nono gomee. Togbɔ be woto nuxɔxlɔ̃ ame ƒe ɖoɖowo dzi kpe ɖe ame geɖe ŋu be wose woƒe dɔlélea gɔme hã la, ehiã be woaɖɔ ŋu ɖo. Ne lãmetsi siwo meda sɔ o gbɔe wòtso la, womate ŋu axlɔ̃ nu ame ko dɔlélea navɔ o. Steven, si nye nu tramawo wɔwɔ dɔ léla aɖe gblɔ be: “Ðɔkta aɖe si kpɔ gbɔnye la ɖɔe ale: Àte ŋu afia ʋukukuɖaŋu siwo katã le xexeame la ame, gake ne ètsɔ ʋu si ŋu kuɖɔ alo nusi wotsɔna tɔa ʋuae mele o nɛ la, ekema nu boo aɖeke mado tso nusiwo katã nèfiae la me o. Nenema kee nuxlɔ̃ame si de to dzro ko nana amesi lé blanui mate ŋu ahe taɖodzinu si tae wonae ɖo la vɛ o. Kpekpe ɖe amea ŋu be eƒe tamesusuwo nada asɔ nye afɔ vevi gbãtɔ si wòle be woaɖe.”

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Biblia nye ŋusẽdoamenu na amesiwo tamesusu manyomanyowo ɖea fu na