Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexe si me Womedoa Vivi Ðe Ame Ŋu le O me Vava!

Xexe si me Womedoa Vivi Ðe Ame Ŋu le O me Vava!

Xexe si me Womedoa Vivi Ðe Ame Ŋu le O me Vava!

XEXE si me ŋlɔmiwɔwɔ, fafa, vivimadoɖeameŋu le, xexe si me yɔ fũ kple nuteɖeamedzi mee wodzia vidzĩwo ɖo egbea. Togbɔ be vidzĩ mate ŋu aɖe eƒe seselelãme agblɔ o hã la, dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo susui be hafi woava dzii gɔ̃ hã la, fugboea nyaa nusiwo le dzɔdzɔm.

Agbalẽ si nye The Secret Life of the Unborn Child (Vi Nɔdɔme ƒe Agbe Ɣaɣla La) gblɔ be: “Míenyae azɔ be vi nɔdɔme nye amegbetɔ si te ŋu nyana be nane le dzɔdzɔm, hewɔa nu kple seselelãme, eye tso ɣleti ade le eƒe fufɔfɔ megbe (eye ɖewohĩ do ŋgɔ na ema gɔ̃ hã) dzi heyina la, nu wɔa dɔ ɖe edzi.” Togbɔ be ɖewohĩ vidzĩa maɖo ŋku edzi o hã la, dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo bua eŋu be yewoanya ne alesi wokpe fu le edzidzi me la ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe agbe dzi emegbe.

Le vidzidzi megbe la, nuteɖeamedzia yia edzi. Esi vidzĩa megale dadaa ƒe ƒodo me o ta la, nunyiamewo megayia eƒe lãme le wo ɖokui si o. Ƒoƒolika si me ɔksidzin kple nunyiamewo tona la megali o. Be wòatsi agbe la, ele nɛ be wòadze egɔme anɔ ya gbɔm ahanɔ nunyiamewo ɖum. Ehiã be ame aɖe nanae nuɖuɖu ahakpɔ eƒe ŋutilãmenuhiahiã bubuwo gbɔ.

Ele hã be vidzĩa natsi le susu, seselelãme, kple gbɔgbɔ me. Eyata ele be ame aɖe nanyi vidzĩa. Amekae awɔ esia nyuie wu? Nukae vidzĩa hiã tso edzilawo gbɔ? Aleke woawɔ akpɔ nuhiahiã siawo gbɔ nyuie wu? Nyati siwo kplɔe ɖo akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia siawo ŋu.