Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusiwo Ðeviwo Hiã Nana Wo

Nusiwo Ðeviwo Hiã Nana Wo

Nusiwo Ðeviwo Hiã Nana Wo

EME kɔ be ɖeviwo hiã ŋkuléleɖeŋu geɖe, eye edze ƒã be womele nusi wohiã la nam wo dometɔ geɖe o. Sɔhɛwo ƒe nɔnɔme egbea ɖee fia nyateƒe be nusiwo wohiã la meka wo si o. Toronto, Canada, ƒe The Globe and Mail gblɔ numekula aɖe ƒe konyifafa ale: “Womeɖe míaƒe sɔhɛwo ɖa le wo dzilawo ŋu, nuteƒekpɔkpɔ kple nunya si sɔ na agbenɔnɔ ƒe wo si manɔmanɔ, alea gbegbe kpɔ o.”

Nukae nye vodadaa? Ðe kuxia ƒe akpa aɖe ya teti, tso alesi wodo kpo ekpɔkpɔ dze sii be woalé ŋku ɖe ɖeviawo ŋu esime wogakpɔtɔ nye vi fẽwo gbɔa? Susuŋutinunyala aɖe si kpena ɖe nyɔnu siwo dzi nu mede le ganyawo gome boo o ŋu be woasrɔ̃ alesi woakpɔ woƒe vidzĩwo dzie ɖe nu me be: “Ele be mí katã míasrɔ̃ dzilanyenye ƒe aɖaŋuwo. Eye ehiã be míanyae be woaɖo ɣeyiɣi si míezãna ɖe mía vi fẽwo ŋu egbea la teƒe na mí geɖe.”

Vidzĩwo gɔ̃ hã hiã nufiame edziedzi. Menye miniti ʋɛ aɖewo ƒe nufiafia ɣeaɖewoɣi ko o, ke boŋ edziedzi—ẽ, le ŋkekea katã me. Ɣeyiɣi siwo woazã ɖe ɖeviwo ŋu le woƒe vidzĩmenɔɣi le vevie hena woƒe tsitsi nyuie.

Dzadzraɖo Wɔwɔ Hiã

Be dzilawo natsɔ agbanɔamedzi kpekpe si le wo dzi la, ehiã be woadzra ɖo ɖe wo via ƒe vava ŋu. Woate ŋu asrɔ̃ nu tso gɔmeɖose aɖe si Yesu Kristo gblɔ ku ɖe ɖoɖowɔwɔ do ŋgɔ ŋu me. Egblɔ be: “Ameka le mia dome, ne ele didim be, yeatu mɔ̃ la, mabɔbɔ nɔ anyi gbã, eye wòabu eŋu kɔnta . . . o mahã?” (Luka 14:28) Vinyinyi—si wolɔ̃a yɔyɔ zi geɖe be ƒe 20 dɔwɔna—la sesẽ boo wu mɔ̃ tutu. Eyata vihehe dzidzedzetɔe bia be nuwɔwɔ ƒe ɖoɖowɔɖi, abe alesi xɔ ƒe nɔnɔmetata nɔa xɔtula si ene, nanɔ asiwò.

Gbã la, dzadzraɖo le susu kple gbɔgbɔ me ɖe wò dzilanyenye ƒe agbanɔamedziawo tsɔtsɔ ŋu le vevie. Numekuku aɖe si wowɔ le nyɔnu funɔ 2,000 ŋu le Germany ɖee fia be vidada siwo nɔ mɔ kpɔm na ƒome ɖoɖo anyi la ƒe viwo nɔ lãmesẽ me—le seselelãme kple ŋutilã gome—wu vidada siwo medzra ɖo ɖe vidzidzi ŋu hafi o la ƒe viwo. Le go bubu me la, numekula aɖe bu akɔnta be nyɔnu si ƒe srɔ̃ɖeɖe me kuxi sesẽwo le adzi vi si ŋu nu agblẽ le le seselelãme alo ŋutilã gome zi gbɔ zi 237 le alafa me wu nyɔnu si ƒe srɔ̃gbenɔnɔ me dedienɔnɔ le.

Eyata eme kɔ be vifofowo wɔa akpa vevi aɖe le ɖevi ƒe tsitsi dzidzedzetɔe me. Ðk. Thomas Verny de dzesii be: “Nusiwo gblẽa nu le ɖeviwo ŋu le seselelãme kple ŋutilã gome mesɔ gbɔ de esiwo dona tsoa vifofo si wɔa ŋlɔmi le srɔ̃a funɔ ŋu alo metsɔa ɖeke le eme nɛ o me nu o.” Le nyateƒe me la, wogblɔna zi geɖe be nunana nyuitɔ kekeake si ɖevi ate ŋu axɔ la enye vifofo si lɔ̃a ɖevia dadaa.

Lãmetsi siwo na wotsia dzimaɖi hexaa nu, la ƒe dzadza ɖe vidada ƒe ʋu me, ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe fugboea dzi. Ke hã, edze abe dzimaɖitsitsi si nu sẽ henɔa anyi ɣeyiɣi didi, ke menye ɣeaɖewoɣi ƒe dzidzɔmakpɔmakpɔ ƒe seselelãmewo alo nuteɖeamedzi ƒe nɔnɔmewo ko o, lae gblẽa nu ene. Edze abe nusi ŋu woabu vevie lae nye alesi funɔ la sena le eɖokui me ɖe vinɔdɔmea ŋu ene. *

Ke ne èfɔ fu gake srɔ̃wo mele kpekpeɖeŋu aɖeke nam wò o alo dɔme le vewòm le esi nègbɔna vidada zu ge ta ya ɖe? Edzɔna zi geɖe be nɔnɔme aɖewo ana nyɔnu nalé blanui le fu si wòfɔ ta. Gake ɖo ŋkui ɣesiaɣi be menye vinɔdɔmea ƒe vodadae o. Ekema, aleke nàte ŋu awɔ aɖu wò gbɔgbɔ dzi togbɔ be èle nɔnɔme sesẽwo me tom hã?

Mɔfiame nyui si le Mawu ƒe Nya, Biblia me, la kpe ɖe ame miliɔn geɖe ŋu. Egblɔ be: “Le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” Awɔ nuku na wò be nàkpɔe be nya siawo dzi wɔwɔ akpe ɖe ŋuwò nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Àse le ɖokuiwò me be Wɔla, amesi ate ŋu alé be na wò la, le asi kpem ɖe ye ŋu.—Petro I, 5:7.

Menye Nyamadzɔkpɔ Ye O

Le vidzidzi kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, vidada matsimatsi aɖewo toa blanuiléle kple ɖekematsɔleme ƒe nɔnɔme manyatalenu aɖewo me. Nyɔnu siwo kpɔ dzidzɔ be yewodzi vi gɔ̃ hã te ŋu va léa blanui. Menye nusi mele dzɔdzɔme nu o ye seselelãme ƒe tɔtrɔ siawo nye o. Nusi gbɔ wòtso enye be le vidzidzi megbe la, nyɔnuwo ƒe lãmetsi trɔna le mɔ ɖedzesiwo nu. Ebɔ hã be nusiwo vidadanyenye biana—nonana ɖevia, goduiwo ɖɔliɖɔli, kple vidzĩa ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ enumake—wua tsɔtsɔ na vidada yeye la.

Vidada aɖe se le eɖokui me be ɖeko ye via le avi fam tsɔ le fu wɔm ye. Eyata mewɔ nuku o be vinyinyiŋutinunyala aɖe si le Japan gblɔ be: “Ame aɖeke medo le nuxaxa si vinyinyi hena vɛ me o.” Vinyinyiŋutinunyala sia gblɔ be “nusi le vevie wu na vidada enye be wòagaɖe eɖokui ɖe aga o.”

Ne vidada lé blanui ɣeaɖewoɣi hã la, ate ŋu akpɔ via ta ale be eƒe seselelãme ƒe tɔtrɔ nagakpɔ ŋusẽ ɖe edzi o. Time magazine ka nya ta be: “Ahɔhɔ̃ si wɔa dɔ le nɔnɔme nyui me wu lae nɔa vidada blanuiléla siwo te ŋu ɖua woƒe blanuilélea dzi, kpɔa wo viwo gbɔ nyuie, hefena kpli wo la, ƒe viwo si.” *

Alesi Vifofo Ate Ŋu Ana Kpekpeɖeŋui

Zi geɖe la, vidzĩa fofoe ana kpekpeɖeŋu kple alɔdodo si hiã la nyuie wu. Ne ɖevia le avi fam le zã titina la, zi geɖe vifofoa ate ŋu akpɔ ɖevia ƒe nuhiahiãwo gbɔ ale be srɔ̃a nate ŋu adɔ alɔ̃. Biblia gblɔ be: “Ele na srɔ̃ŋutsuwo be woawɔ nu ɖe wo srɔ̃wo ŋu le ameŋububu me le woƒe agbenɔnɔ ɖekae me.”—Petro I, 3:7, The Jerusalem Bible.

Yesu Kristo ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi na srɔ̃ŋutsuwo be woasrɔ̃. Etsɔ eƒe agbe gɔ̃ hã na ɖe eyomedzelawo ta. (Efesotɔwo 5:28-30; Petro I, 2:21-24) Eyata srɔ̃ŋutsu siwo lɔ̃ faa be yewoaɖe asi le dzidzeme si woate ŋu akpɔ la ŋu ahakpe asi ɖe wo viwo nyinyi ŋu la le Kristo srɔ̃m. Vavãe hamedɔ, agbagbadzedze ɖekae si me wòhiã be dzila eveawo katã nakpɔ gome lee vinyinyi nye.

Atsu Kple Asi ƒe Dɔe

Yoichiro, amesi nye vinyɔnuvi aɖe si xɔ ƒe eve fofo gblɔ be: “Abe atsu kple asi ene la, míedzro alesi míahe mía vinyɔnuviae la me tsitotsito. Ɣesiaɣi si nya aɖe do mo ɖa la, míedzroa alesi wòle be míakpɔ egbɔe la me.” Yoichiro kpɔe dze sii be ye srɔ̃ hiã ɖiɖiɖeme, eye enaa via nyɔnuvia kplɔnɛ ɖo ne eyi nane gbɔ kpɔ ge le teƒe kpui aɖe.

Le blema ɣeyiɣi siwo me ƒomewo lolona henɔa anyi kplikplikpli ɖekae me la, vi tsitsiwo kple ƒometɔ bubuwo kpena ɖe dzilawo ŋu le ɖeviwo gbɔ kpɔkpɔ me. Eyata mewɔ nuku o be nyɔnu aɖe si wɔa dɔ le Vihehe me Kpekpeɖeŋunana Dɔwɔƒe si le Kawasaki, Japan gblɔ be: “Le go geɖe me la, vidadawo akpɔ gbɔdzɔe ne woƒo nu tso nya la ŋu na ame bubuwo. Le kpekpeɖeŋu vi aɖe si wona vidadawo ta la, wo dometɔ geɖe te ŋu nɔ te ɖe kplamatsedonuwo nu.”

Parents magazine gblɔ be dzilawo “hiã kpekpeɖeŋunala siwo ŋu woate ŋu ate ɖo agblɔ woƒe dzimaɖitsitsiwo na.” Afikae woate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋunala siawo le? Ne vidada kple vifofo yeyewo lɔ̃na faa xɔa ame bubuwo ƒe nukpɔsusu heɖoa to woa ŋutɔwo dzilawo alo wo towo kple wo lɔ̃xowo la, ate ŋu aɖe vi na wo geɖe. Gake ele be tɔgbuiwo kple mamawo nalɔ̃ ɖe edzi be srɔ̃tɔ yeyeawo ŋutɔe awɔ nyametsotso mamlɛtɔwo. *

Ame bubu siwo hã ŋu dzila yeyewo ate ŋu ate ɖo zi geɖee nye hati haxɔsetɔwo. Le Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le nutoa me me la, àkpɔ amesiwo si ƒe geɖe ƒe nuteƒekpɔkpɔ le le vihehe ŋu siwo alɔ̃ faa aɖo to wò kuxiwo. Woate ŋu aɖo aɖaŋu aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwò la na wò. Zi geɖe la, àte ŋu abia kpekpeɖeŋu tso “nyɔnu tsitsiwo”—abe alesi Biblia yɔ amesiwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe wu su le Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me ene—siwo lɔ̃na be yewoakpe ɖe ɖetugbiwo ŋu la gbɔ.—Tito 2:3-5.

Nyateƒee, ehiã be dzilawo nawɔ tiatia le ame bubuwo ƒe nukpɔsusuwo xɔxɔ me. Yoichiro gblɔ be: “Kasia amesiwo dome míenɔ la va zu vihehe ŋutinunyalawo.” Srɔ̃anyɔnua Takako lɔ̃ ɖe edzi be: “Le gɔmedzedzea me la, aɖaŋu siwo ame bubuwo nɔ ɖoɖom nam la ɖea fu nam, elabena mese le ɖokuinye me be wonɔ fɔ bumem ɖe nuteƒekpɔkpɔ si mesu asinye abe dzila ene o ta.” Ke hã, nusɔsrɔ̃ tso ame bubuwo gbɔ kpe ɖe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu geɖe ŋu be nukpɔsusu si da sɔ nanɔ wo si ɖe nusi wo viwo hiã la nana wo ŋu.

Kpekpeɖeŋu Nyuitɔ Kekeake si Li

Ne edze abe ame aɖeke meli akpe ɖe ŋuwò ene o hã la, ŋusẽtsoƒe aɖe si ŋu kakaɖedzi le la li. Eyae nye Yehowa Mawu, amesi ƒe ŋku te ŋu kpɔa amesiwo wodzi le anyigba dzi ƒe “ʋukɔe” gɔ̃ hã. (Psalmo 139:16) Yehowa gblɔ nya aɖe si woŋlɔ ɖe eƒe Nya Biblia me na eƒe amesiwo nɔ anyi le blema kpɔ be: “Ðe nyɔnu aŋlɔ eƒe vidzĩe be, eye eƒe dɔme agbe tɔtrɔ ɖe eƒe dɔmevi ŋua? Ne woawo ŋlɔe be hã, nyea nyemaŋlɔ wò be o!”—Yesaya 49:15; Psalmo 27:10.

Ao, Yehowa meŋlɔa dzilawo be o. Ena mɔfiame nyuiwo ku ɖe vihehe ŋu le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, ƒe 3,500 kloe enye esia la, Mawu ƒe nyagblɔɖila Mose ŋlɔ be: “Tsɔ wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kpakple wò ŋusẽ katã lɔ̃ Yehowa, wò Mawu la.” Emegbe Mose gblɔ be: “Nya, [siwo lɔ nuxɔxlɔ̃ be woalɔ̃ Yehowa ahasubɔe ɖe eme] siwo megblɔ na wò egbe la, natsi dzi me na wò. Ku wo ɖe to me na viwòwo, eye naƒo nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.”—Mose V, 6:5-7.

Nukae nèsusu be eyae nye nyati vevitɔ le mɔfiafia sia si le Mawu ƒe Nya la me me? Menye eyae nye be ele be nufiafia viwòwo nanye ɖoɖo aɖe si dzi woanɔ wɔwɔm ɖo edziedzi, nusi woanɔ wɔwɔm gbesiagbe oa? Le nyateƒe me la, ɖoɖowɔwɔ ɖe nusi woyɔna be ɣeyiɣi kpui nyuitɔ ŋu na viwòwo ɣeaɖewoɣi ko ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Esi wònye zi geɖe la dzeɖoɣi vevitɔwo menyea esiwo ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo do ŋgɔ o ta la, ehiã be nàɖe mɔ le ɖokuiwò ŋu na viwòa ɣesiaɣi. Esia wɔwɔ ana nàwɔ ɖe Biblia ƒe sededea dzi be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu.”—Lododowo 22:6.

Ðeviwo hehe nyuie lɔ nuxexlẽ na wo hã ɖe eme. Biblia gblɔ na mí be ƒe alafa gbãtɔ me nusrɔ̃la Timoteo ‘nya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo tso ɖevime ke.’ Eyata edze ƒã be dadaa, Eunike, kple mamaa Loide xlẽ nu nɛ esime wògakpɔtɔ nye vidzĩ. (Timoteo II, 1:5; 3:14, 15) Enyo be nàdze esia wɔwɔ gɔme ne ènya dze nuƒoƒo na viwòa gɔme teti ko. Gake agbalẽ kae nàte ŋu axlẽ, eye aleke nàte ŋu afia nu vidzĩ gɔ̃ hã nyuie?

Xlẽ Biblia na viwòa wòase. Edze ƒã be eyae woxlẽ na Timoteo. Agbalẽ geɖe li siwo ana ɖeviwo nanya nu tso Biblia ŋu to foto dzeani siwo le wo me la dzi. Esiawo kpena ɖe ɖevia ŋu wòkpɔa nusiwo fiam Biblia le la le susu me. Le kpɔɖeŋu me, Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo kple Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽwo li. Agbalẽ siawo tɔgbe wɔe be Biblia ƒe nufiafiawo tsi susu kple dzi me na ɖevi miliɔn geɖe.

Abe alesi Biblia gblɔe ene la, “ŋutsuviwo [kple nyɔnuviwo] nye domenyinu tso Yehowa gbɔ, eye fufɔfɔ enye fetu.” (Psalmo 127:3) Wɔwòla tsɔ ‘domenyinu aɖe’ na wò, vidzĩ si nàlɔ̃, si ate ŋu anye atsyɔ̃ kple dzidzɔ na wò. Ðeviwo hehe, vevietɔ be woanye wo Wɔla kafulawo, nye dɔ si me teƒeɖoɖo le vavã!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Menye lãmetsi siwo na woxaa nu koe gblẽa nu le fugboea ŋu o, ke boŋ atama, aha sesẽ, kple atikemuame bubuwo hã gblẽa nu le eŋu. Ele be funɔwo naƒo asa na atike ɖesiaɖe si zazã me afɔku le. Hekpe ɖe eŋu la, ele vevie be woabia ɖɔkta anya ne atike aɖe si vidadaa azã akpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe fugboea dzi.

^ mm. 15 Ne vidadaa lé blanui vevie eye mɔkpɔkpɔ bu ɖee ale gbegbe eye wòse le eɖokui me be yedi be yeaɖe ye ɖokui ɖe aga le vidzĩa kple xexeame ŋu la, ke ɖewohĩ vidzidzi megbe blanuilélee le fu ɖem na eyama. Ne edzɔ nenema la, ele be wòakpɔ vixexeŋununyala. Taflatse kpɔ Nyɔ! August 8, 2002, axa 14-18 kple Eŋlisigbe me Nyɔ! June 8, 2003, axa 21-3.

^ mm. 22 Taflatse xlẽ nyati si nye “Tɔgbuiwo Kple Mamawo​—Woƒe Dzidzɔwo Kple Kuxiwo” si le April 8, 1999, ƒe Nyɔ! me.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Vidada ƒe seselelãme ɖe vinɔdɔmea ŋu le vevie ŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Togbɔ be vidada yeye ƒe seselelãmewo ate ŋu atrɔ le vidzidzi megbe hã la, nu geɖe li wòate ŋu awɔ ana vidzĩa nase le eɖokui me be wolɔ̃ ye eye yele dedie

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Agba le vifofowo dzi be woakpe asi ɖe ɖevia gbɔ kpɔkpɔ ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ele be woadze nuxexlẽ na ɖevi gɔme tso eƒe vidzĩmenɔɣi ke