Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusɔsrɔ̃ tso Ƒe Alafa Gbãtɔ me Kristotɔwo Gbɔ

Nusɔsrɔ̃ tso Ƒe Alafa Gbãtɔ me Kristotɔwo Gbɔ

Nusɔsrɔ̃ tso Ƒe Alafa Gbãtɔ me Kristotɔwo Gbɔ

“Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.”—Kolosetɔwo 2:8.

ALEAE apostolo Paulo xlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ku ɖe afɔku siwo le xexemenunya yomenɔnɔ eŋumabumabui ŋu. Woate ŋu aɖo ŋu ɖe mɔfiame si ŋu kakaɖedzi le si Yesu kple eƒe apostolowo na ŋu, si nye nufiafia si ɖe vi gbogbo aɖe na wo xoxo, alo atiae be yewoazu aboyomewo na nufiafia siwo nɔa tɔtrɔm ɣesiaɣi si nye nuwɔna si he vevesese kple nuxaxa vɛ na ame miliɔn geɖewo.—Korintotɔwo I, 1:19-21; 3:18-20.

Agbenɔnɔ ‘ɖe Kristo ƒe Kpɔɖeŋu Nu’

Atitsogaʋawɔla siwo nɔ anyi ƒe akpe ɖeka enye esi va yi la da ƒu esi womenya be agbenɔnɔ ‘ɖe Kristo ƒe kpɔɖeŋu nu’ lɔ nu geɖe ɖe eme wu emeʋuʋu be Yesu Kristo ƒe akpa dzie yewole la ko o. (Mateo 7:21-23) Efia be woanɔ agbe wòasɔ pɛpɛpɛ kple Yesu ƒe nufiafia abe alesi wodze le Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me, si nye Biblia la me ene. (Mateo 7:15-20; Yohanes 17:17) Yesu Kristo gblɔ be, ‘Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye.’ (Yohanes 8:31) Egblɔ be, ‘Amewo katã woanyae bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.’—Yohanes 13:35.

Le nyateƒe me la, atitsogaʋawɔla mawo zu aboyomewo na ‘beble dzodzro le amewo ƒe nuɖoanyi la nu.’ Eye mewɔ nuku o be woflua ameha mawo ne subɔsubɔhakplɔla, siwo nye woƒe bisiɔpwo ŋutɔ “va zu asrafo xɔŋkɔwo.” Cyclopedia of Biblical, Theological, and Ecclesiastical Literature si McClintock kple Strong ŋlɔ la gblɔ be: “Aʋawɔgbɔgbɔ ƒomevi aɖe va xɔ aƒe ɖe hakplɔlawo dome ale gbegbe be wonɔa klalo na aʋawɔwɔ ɣesiaɣi si wokpɔ be yewoakpɔ viɖe aɖe [tso eme].”

Nukae he nɔnɔme wɔnublanui sia vɛ? Le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ apostolowo ƒe ku megbe la sɔlemehakplɔla xɔsegbelawo yi edzi tra mɔ tso Kristo ƒe nufiafia la gbɔ, abe alesi tututu wogblɔe ɖi le Mawu ƒe Nya la me ene. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Mlɔeba la, sɔlemeha si dome wogblẽ va nɔ eɖokui ƒom ɖe dukɔmevinyahehewo me vĩ. Woxɔe se be le ƒe alafa enelia mee Roma Fiagã Konstantino zu Kristotɔ le eƒe kuba dzi. Emegbe Cyclopedia la gblɔ be, “Atitsoga dzesi si va xɔ ɖe legba dzesia teƒe la ƒoe ɖe Kristotɔ ɖesiaɖe nu be wòazu asrafo.”

Le nyateƒe me la, dɔ sia ƒe ɖeke menye Kristotɔwo tɔ o. Gake amegbetɔwo ƒe xexemenunya ƒe “nyaƒoɖeamenu” na be wotra mɔ kura tso nusi Kristo fia la gbɔ. (Kolosetɔwo 2:4) Wozãa ameblenya aɖewo tso gbaɖegbe ke tsɔ ʋlia aʋa siwo amegbetɔwo wɔna la ta. Cyclopedia la gblɔ be, ne nublanuikpɔla alo mawuvɔ̃la aƒo eɖokui ɖe “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nuwɔna si yia edzi le aʋawɔwɔ me me, abe alesi wowɔe va yi tsã kple le egbeŋkekeawo me siaa ene la, ekema mɔ aɖeke meli be wòawɔ ɖeka kple . . . Kristotɔnyenye ƒe gɔmeɖosea o.”

Subɔsubɔha bubu siwo mele Kristodukɔa me o hã trɔ ɖe aʋawɔwɔ ŋu le ƒe alafa siwo va yi la me. Abe alesi Kristodukɔa wɔe ene la, wowu woawo ŋutɔ ƒe hametɔwo kple ha bubu me tɔwo ɖe dukɔmevinyahehewo, dunyahenyawo, kple subɔsubɔ me masɔmasɔwo ta. Wotsɔ ŋutasesẽ alo ŋɔdzidodo zi dzimetɔtrɔ ɖe ame bubuwo dzi be woazu yewoƒe subɔsubɔha me tɔwo. Wo dometɔ aɖewo kpɔ gome le ʋukɔkɔɖi dziŋɔwo me le ŋutinya me be woatsɔ aɖo woƒe taɖodzinua gbɔe. Wometo vovo kura tso Kristodukɔa gbɔ o.

Woɖe Wo Ðokui Ða tso Xexeame

Nukatae Kristotɔ gbãtɔwo te ŋu ƒo asa na ʋukɔkɔɖiʋa kple dunyahehe si yi edzi le woƒe ŋkekeawo me? Gɔmeɖose vevi evee kpe ɖe wo ŋu. Gbãtɔe nye Yesu ƒe se si wòde na apostolo Petro esime wòzã yi be yeatsɔ aʋli etae: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.” (Mateo 26:52) Evelia enye Yesu ƒe nya si wòtsɔ ɖo Pilato ƒe nya siwo wòbia ku ɖe Yesu ƒe fianyenye ƒe nɔnɔme ŋu: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o; nye fiaɖuƒe, ɖe wòtso xexe sia me la, ne nye dɔlawo aʋli tanye, bena womagadem asi na Yudatɔwo o; ke azɔ la nye fiaɖuƒe metso afisia o.”—Yohanes 18:36.

Aleke ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo wɔ ɖe gɔmeɖose mawo dzii? Woɖe wo ɖokui ɖa tso xexeame keŋkeŋ, eye womede akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo kple asrafonyawo siaa me o. (Yohanes 15:17-19; 17:14-16; Yakobo 4:4) Wogbe lãnuwo tsɔtsɔ ɖe wo haviwo ŋu. Ŋutinya na eme kɔ ƒã be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo meƒo wo ɖokui ɖe Yuda dukɔmevinyenye ƒe habɔbɔwo me loo alo Roma fiaɖuƒea ƒe asrafoha me o. Nenema ke womedzea agbagba be yewoagblɔ nusi wòle be dunyahedziɖulawo nawɔ la na wo o, esi ema nye dziɖulawo ƒe dɔ ta.—Galatiatɔwo 6:5.

Justin Martyr si nɔ anyi le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me la, ŋlɔ tso Kristotɔwo ŋu be ‘wotsɔ woƒe yiwo tu agblenuwoe.’ (Mixa 4:3) Le nyaŋuɖoɖo na amesiwo tsia tre ɖe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ŋu la, Tertullian bia be: “Ðe wòanye nusi le se nu be woaƒo ame ɖokui ɖe dɔ si me wozãa yi le me esime Aƒetɔ la gblɔ be amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woea?”

‘Bu Mawu Dziɖulae Wu Amewo’

Kristotɔ gbãtɔwo ƒe aʋa mayimayi mena nuwo nɔ bɔbɔe na wo o. Etsi tre ɖe nusi dzi amewo xɔ se ɣemaɣi la ŋu. Celsus, amesi nye Kristotɔwo ƒe futɔ la ɖu fewu le woƒe akpaɖekedzimademade ŋu. Eƒe nukpɔsusue nye be ele be amesiame nayi aʋa ne amesiwo si ŋusẽ le la nya bia tso wo si ko. Togbɔ be tsitretsiɖeŋu sesẽwo nɔ anyi hã la, Kristotɔ gbãtɔwo gbe be yewomawɔ ɖe amegbetɔwo ƒe xexemenunya si mewɔ ɖeka kple Kristotɔwo ƒe nufiafia o la dzi o. Wogblɔ be: ‘Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.’—Dɔwɔwɔwo 4:19; 5:29.

Yehowa Ðasefo siwo li egbea hã dze woƒe kpɔɖeŋua yome. Le kpɔɖeŋu me, le Nazi Germany la, woɖoe kplikpaa be yewomaƒo yewo ɖokui ɖe Hitler ƒe ŋutasẽʋawo me o. Wonɔ klalo be yewoanɔ te ɖe yometiti dziŋɔwo nu, eye yewoaku boŋ tsɔ wu be yewoada le yewoƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade dzi. Woka nya ta be Nazitɔwo lé woƒe “afã de gaxɔ me eye wowu akpa enelia le woƒe Biblia ƒe gɔmeɖose me léle ɖe asi ta. (Of Gods and Men) Eyata Yehowa Ðasefo aɖeke mekpɔ gome le ame miliɔn gbogbo siwo wowu le Xexemeʋa II me la me o. Le esi teƒe be woawu ame bubuwo la, Ðasefowo nɔ klalo be yewoatsɔ yewoƒe agbe asa vɔe, abe alesi wònɔ le wo dometɔ geɖe gome ene.

Nusi Míate Ŋu Asrɔ̃ tso Eme

Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusi dzɔ va yi la me? Edze ƒã be wo dometɔ ɖekae nye: Amegbetɔwo ƒe xexemenunya nana dukɔwo léa fu wo nɔewo eye wokɔa ʋu ɖi ɣesiaɣi. Nyagblɔla 8:9 gblɔe wòsɔ nyuie be: “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” Eye nusita koŋ wòle alea dze le Yeremya 10:23, afisi Mawu ƒe Nya la gblɔ le be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle o, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.” Ao, Mawu mewɔ amegbetɔwo be woakpɔ woƒe nyawo gbɔ dzidzedzetɔe eyama manɔmee o. Womena ŋutete sia wo o. Nusiwo katã dzɔ va yi le ŋutinya me ɖo kpe esia dzi.

Azɔ la mía dometɔ aɖeke mate ŋu atrɔ afɔku siwo dukplɔlawo gbugbɔ hena vɛ o, eye womena ŋusẽ mí be míate kpɔ be míaƒo nya ɖe wo nu be woawɔ nu le mɔ aɖe nu o. Gake mahiã be woakplɔ mí ade woƒe aʋawɔwɔwo me eye míava zu wo dometɔ aɖewo o. Yesu gblɔ le eyomedzelawo ŋu be: ‘Wometso xexeame o, abe alesi nye hã nyemetso xexeame o ene.’ (Yohanes 17:14) Be míaƒo asa na xexe sia me nyaʋiʋliwo la ele be míana Mawu ƒe Nya Biblia la nafia mɔ mí—ke menye amegbetɔwo ƒe xexemenunya si trɔna ɣesiaɣi la o.—Mateo 7:24-27; Timoteo II, 3:16, 17.

Etsɔme Wɔnuku Aɖe

Menye nusiwo dzɔ va yi kple egbeŋkekeawo ƒe numekɔkɔ koe Mawu ƒe nya si ŋu kakaɖedzi le la nana o. Enana mɔfiafia si ŋu kakaɖedzi le ku ɖe etsɔme si gbɔna hã ŋu. (Psalmo 119:105; Yesaya 46:9-11) Enana míenyaa Mawu ƒe tameɖoɖo ku ɖe ɣletinyigba sia ŋu eme kɔna nyuie. Maɖe mɔ amegbetɔwo nato ŋusẽ gã si dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya na wo la zazã dzi numanyamanyatɔe atsrɔ̃ anyigba la o. Akpɔ egbɔ be anyigba sia ɖo Paradiso ƒe nɔnɔme me abe alesi wòɖoe le gɔmedzedzea me ene.—Luka 23:43.

Mawu ƒe Nya la gblɔ ku ɖe esia ŋu be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.” (Lododowo 2:21, 22) Esia adzɔ kpuie, elabena ɣeyiɣi vɔ̃ siawo le kpe ɖom edzi be míele nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke “mamlɛawo” me. (Timoteo II, 3:1-5, 13) Eye eme kɔ ƒã be woɖo seɖoƒe na ŋkeke mamlɛ siawo; eye wole vɔvɔm. Biblia ƒe nyagblɔɖiwo fia mí be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17; Daniel 2:44.

Madidi o Mawu ‘atsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la’ eye wòatsɔ xexeme yeye si me “dzɔdzɔenyenye anɔ la” aɖo egbegbetɔ si me nuvlowɔwɔ le la teƒe. (Nyaɖeɖefia 11:18; Petro II, 3:10-13) Emegbe “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le” amesiwo tsi agbe ƒe “ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.” (Nyaɖeɖefia 21:1-4) Aʋawɔwɔ kple ʋunyaʋunyawɔwɔ nu ayi tegbee, esime nyagblɔɖi si le Yesaya 2:4 ava eme bliboe be: “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o.” Wò hã àte ŋu akpɔ gome le etsɔme wɔnuku mavɔ sia me ne èsrɔ̃ nu tso nusiwo dzɔ va yi la me.—Yohanes 17:3.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 27]

Yehowa Ðasefowo srɔ̃ nu tso ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]

Yesu gblɔ be yeƒe Fiaɖuƒe metso xexe sia me o

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Mawu ƒe Nya do agbe tegbee nɔnɔ le nɔnɔme deblibo me le paradisonyigba dzi ƒe ŋugbe