Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsatsadada—Enye Nusi Doa Dzidzɔ Na Amewo Le Xexeame Godoo

Tsatsadada—Enye Nusi Doa Dzidzɔ Na Amewo Le Xexeame Godoo

Tsatsadada​—Enye Nusi Doa Dzidzɔ Na Amewo Le Xexeame Godoo

JOHN, amesi tsi le Scotland, kpɔa mɔ be yeaɖu loto. Egblɔ be: “Medaa loto kwasiɖa ɖesiaɖe. Ga sue aɖe koe megblẽna, gake tikiti ma naa mɔkpɔkpɔm be nusianu si medi la asu asinye.”

Kazushige, si le Japan la kpɔa dzidzɔ ɖe sɔwo ƒe duɖimekeke ŋu vevie. Egblɔ be: “Gbetsotso ɖe sɔwo ƒe duɖimekeke dzi nyea nusi doa dzidzɔ nam ale gbegbe, eye meɖua ga gbogbo aɖe ɣeaɖewoɣi.”

Linda, amesi le Australia la gblɔ be: “Bingo nye akɔdada si melɔ̃ vevie. Numame sia na megblẽa dɔlar 30 kwasiɖa ɖesiaɖe, gake mɔkpɔkpɔ be mava ɖui la doa dzidzɔ nam.”

John, Kazushige, kple Linda bua tsatsadada be enye modzakaɖeɖe si ŋu naneke megblẽ le tututu o. Nukpɔsusu ma kee le ame miliɔn nane siwo le xexeame godoo la si. Gallup numekuku aɖe si wowɔ le ƒe 1999 me ɖee fia be, Amerikatɔ eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me da asi ɖe tsatsadada dzi. Le ƒe 1998 me la, Amerikatɔ siwo nye tsatsadalawo zã dɔlar biliɔn 50 ɖe tsatsadada si ŋu se ɖe mɔ ɖo ŋu—ga sia sɔ gbɔ wu esi wozã ɖe sinimawo, ɣeɖuƒewo, kamedefefewo, modzakaɖeƒewo, kple video fefewo ƒe ƒuƒoƒo ŋu sasasã.

Le numekuku aɖe si wowɔ nyitsɔ laa nu la, Australiatɔ siwo wu 80 le alafa me daa tsatsa zi ɖeka ya teti le ƒe ɖeka me, eye wo dometɔ 40 le alafa me danɛ kwasiɖa ɖesiaɖe. Ame tsitsi siwo le dukɔ ma me zãa (United States) dɔlar 400 le mama dedie nu tsɔ daa tsatsa ƒe sia ƒe, si nye ga si Europa kple Amerika tɔwo zãna ƒe teƒe eve, si na be Australiatɔwo va nye amesiwo dana tsatsa wu le xexeame katã la dometɔ ɖeka.

Pachinko, si nye kplɔ̃ dzi bɔl ƒoƒo tsatsadada aɖe la va zu numame na Japantɔ geɖe, eye le ƒe ɖeka me la wozãa ga dɔlar biliɔn 240 tsɔ tsoa gbe ɖe edada dzii. Le Brazil la, wozãna dɔlar biliɔn 4 ƒe sia ƒe ɖe tsatsadada ŋu, eye loto ye xɔna eƒe akpa gãtɔ. Gake menye Braziltɔwo ɖeɖekoe lɔ̃ lotodada o. Wobu akɔnta nyitsɔ laa le magazine si nye Public Gaming International me be, “loto ƒomevi vovovo 306 ye le dukɔ 102 me.” Tsatsadada nye nusi doa dzidzɔ na amewo le xexeame godoo nyateƒe—enye dzidzɔdonamenu si ŋu ame geɖe gblɔna le be ehea viɖe geɖe vɛ.

Sharon Sharp, si nye Fefewɔwɔwo Ŋuti Numekuha teƒenɔla gblɔ be tso ƒe 1964 va ɖo ƒe 1999 le United States la, loto na “dziɖuɖua kpɔ ga si anɔ dɔlar biliɔn 125, eye ga sia ƒe akpa gãtɔ te vava tso ƒe 1993 me.” Wowɔ ɖoɖo be woatsɔ ga sia ƒe akpa gãtɔ akpɔ agbalẽsrɔ̃nyawo, dukɔa ƒe abɔwo, kple dukɔa ƒe kamedefefewɔƒewo gbɔ. Tsatsadadadɔa ganye ame gbogbo aɖewo ƒe dɔwɔɖui, eye le Australia ɖeɖe la, amesiwo ade 100,000 sɔŋ ye wɔa dɔ le tsatsadadɔwɔƒe vovovo 7,000.

Esia ta amesiwo doa tsatsadada ɖe ŋgɔ ʋlia nya be tsɔ kpe ɖe modzakaɖenu si wònye ŋu la, tsatsadada si ŋu se ɖe mɔ ɖo naa wokpɔa dɔ wɔna, enye nusi me wokpɔa adzɔ le, eye wònaa nutowo ƒe ganyawo nyona ɖe edzi.

Eyata ame geɖe abia be, ‘Nukae gblẽ le tsatsadada ŋu?’ Biabia sia ƒe ŋuɖoɖo, si me wodzro le nyati si kplɔe ɖo me la ate ŋu atrɔ nukpɔsusu si le asiwò ɖe tsatsadada ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

John

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Kazushige

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Linda