Dɔwɔwɔwo 26:1-32

  • Paulo ʋli eɖokui ta le Agripa ŋkume (1-11)

  • Paulo ƒo nu tso eƒe dzimetɔtrɔ ŋu (12-23)

  • Nya siwo Festo kple Agripa gblɔ (24-32)

26  Agripa+ gblɔ na Paulo be: “Mɔɖeɖe li be nàɖe ɖokuiwò nu.” Ale Paulo do abɔ ɖe dzi, eye wòʋli eɖokui ta gblɔ be:  “Fia Agripa, edzɔ dzi nam ŋutɔ be ŋkuwòmee mele ɖokuinye ta ʋli ge le egbe sia le nya siwo katã Yudatɔwo+ tsɔ ɖe ŋunye la ŋu,  vevietɔ esi wònye ènya nu tso kɔnuwo kple nyaʋiʋli siwo katã le Yudatɔwo dome ŋu nyuie ta. Eya ta meɖe kuku na wò be nàgbɔ dzi ɖi aɖo tom.  “Nyateƒee, agbe si ƒomevi menɔ tso nye ɖekakpuime le nye dukɔmeviwo dome* kple esi menɔ le Yerusalem la le nyanya na Yudatɔwo katã nyuie;+  wo dometɔ siwo nyam tsã ate ŋu aɖi ɖase be menɔ agbe ɖe míaƒe subɔsubɔ ƒe kɔmama, si sẽ wu la, ƒe nudidiwo nu pɛpɛpɛ+ abe Farisitɔ ene.+  Ke hã, ŋugbe si Mawu do na mía tɔgbuiwo la ŋuti mɔkpɔkpɔ+ tae mele tsitre ɖe ʋɔnu sia ɖo;  evɔ ŋugbedodo sia ke me vavae míaƒe to wuieveawo le mɔ kpɔm na hafi, eye esia tae wowɔa subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu vevie zã kple keli ɖo. Oo Fia, mɔkpɔkpɔ sia tae Yudatɔwo+ le nunye tsom ɖo.  “Nu ka tae miesusu be womate ŋu axɔe ase be Mawu fɔa ame kukuwo ɖe tsitre o?  Nye la, mexɔe se tsã be ele be mawɔ nu geɖewo atsɔ atsi tsitre ɖe Yesu Nazaretetɔ la ƒe ŋkɔ la ŋu. 10  Eye esia tututue mewɔ le Yerusalem, eye mede ame kɔkɔewo dometɔ geɖewo gaxɔ me,+ elabena mexɔ ŋusẽ tso nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ;+ eye ne wobe woawu wo la, medaa asi ɖe edzi. 11  Eye mehe to na wo zi geɖe le ƒuƒoƒeawo katã tsɔ zia wo dzi be woagbe nu le woƒe xɔse gbɔ; esi medo dziku ɖe wo ŋu vevie ta la, metia wo yome yia du bubuwo hã me. 12  “Esia dzie mele hexɔ mɔɖeɖe kple ŋusẽ blibo tso nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ dze mɔ yina Damasko, 13  eye le ŋdɔ ga wuieve me esi mele mɔa dzi la, Oo Fia, mekpɔ kekeli aɖe si nu sẽ wu ɣe ƒe keklẽ la wòtso dziƒo klẽ ƒo xlãm, eye wòƒo xlã ame siwo le mɔa zɔm kplim hã.+ 14  Eye esi mí katã míedze anyi la, mese gbe aɖe wògblɔ nam le Hebrigbe me be: ‘Saul, Saul, nu ka ŋuti nèle yonyeme tim? Ne èle afɔ tum nutɔnu* la, nu vevi awɔ wò.’ 15  Ke megblɔ be: ‘Wò ame kae, Aƒetɔ?’ Eye Aƒetɔ la gblɔ be: ‘Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle la. 16  Ke hã, fɔ nàtsi tsitre. Esia tae meɖe ɖokuinye fia wò ɖo, be matia wò nànye dɔla kple ɖasefo le nu siwo nèkpɔ kple nu siwo maɖe afia wò tso ŋunye la ŋu.+ 17  Eye maɖe wò tso ame siawo kple dukɔ siwo gbɔ mele dɔwòm ɖo la si me,+ 18  be nàʋu woƒe ŋkuwo,+ be nàtrɔ wo tso viviti me+ ava kekeli me,+ tso Satana ƒe ŋusẽ+ me ava Mawu gbɔ, ne woatsɔ woƒe nu vɔ̃wo ake wo+ eye woakpɔ domenyinu akpe ɖe ame siwo xɔ dzinye se eye wokɔ wo ŋu la ŋuti.’ 19  “Eya ta Fia Agripa, nyemegbe ŋutega si woɖe fiam tso dziƒo la dzi wɔwɔ o, 20  ke boŋ metsɔ gbedeasi la yi na ame siwo le Damasko+ la gbã, eye emegbe la, na ame siwo le Yerusalem+ kple Yudea nuto blibo la me kpakple dukɔwo hã, be woatrɔ dzi me, eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu ahawɔ dɔ siwo dze dzimetɔtrɔ la.+ 21  Esia tae Yudatɔwo lém le gbedoxɔa me hete kpɔ be yewoawum ɖo.+ 22  Ke esi Mawu kpe ɖe ŋunye ta la, meyi edzi le ɖase ɖim na ame ŋkutawo kple ame tsɛwo siaa va se ɖe egbe sia, nya siwo Nyagblɔɖilawo kple Mose gblɔ be woava dzɔ la ko gblɔm nye hã mele,+ 23  be Kristo la akpe fu,+ eye esi wònye eyae anye ame gbãtɔ si woafɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome+ ta la, aɖe gbeƒã kekeli na ame siawo kple dukɔwo siaa.”+ 24  Ke esi Paulo le nya siawo gblɔm tsɔ le eɖokui ta ʋlim la, Festo gblɔ kple gbe sesẽ be: “Paulo, èle aɖaʋa dzem! Agbalẽsɔsrɔ̃ vivivo na nèle aɖaʋa dzem!” 25  Ke Paulo gblɔ be: “Bubutɔ Festo, nyemele aɖaʋa dzem o, nye susu le te, eye nyateƒenyawo ko gblɔm mele. 26  Le nyateƒe me la, fia si mele nu ƒom na faa dziɖeɖitɔe la nya nu siawo nyuie; meka ɖe edzi be nu siawo dometɔ ɖeka pɛ hã mele ɣaɣla ɖee o, elabena menye bebemee wowɔ nu siawo le o.+ 27  Fia Agripa, èxɔ Nyagblɔɖilawo dzi sea? Menya be èxɔ wo dzi se.” 28  Ke Agripa gblɔ na Paulo be: “Esusɔ vie ko nàna matrɔ nye susu azu Kristotɔ.” 29  Ke Paulo gblɔ nɛ be: “Eɖanye ɣeyiɣi vi aɖe alo ɣeyiɣi didi aɖe megbe o, madi be Mawu nawɔe be, menye wò ɖeɖe ko o, ke boŋ ame siwo katã le nye nyawo sem egbea hã, nazu abe nye ene, negbe woagade ga miawo ya alea o.” 30  Eye fia la tso, eye nutodziɖula la kple Bernike kpakple ame siwo katã nɔ anyi kpli wo hã tso. 31  Ke esi wodzo yina la, wogblɔ na wo nɔewo be: “Ame sia mewɔ naneke si dze ku alo gamenɔnɔ o.”+ 32  Eye Agripa gblɔ na Festo be: “Ne ɖe ŋutsu sia mebia be Kaisaro nagbugbɔ nya la adrɔ̃ na ye o la, anye ne woate ŋu aɖe asi le eŋu hafi.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “dukɔ me.”
Enye atikplɔ si ƒe nu le tsutsuẽ si wotsɔ kplɔa lãwo.