Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Biblia Me Nyawo Wɔ Ðeka Kple Dzɔdzɔmeŋutinunya?

Ðe Biblia Me Nyawo Wɔ Ðeka Kple Dzɔdzɔmeŋutinunya?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ɛ̃, togbɔ be Biblia menye dzɔdzɔmeŋutinyagbalẽ o hã, emenyawo de pɛpɛpɛ nenye be eƒo nu tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu. Bu kpɔɖeŋu siwo ɖee fia be Biblia me nyawo wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya, eye be nyateƒenya siwo ku ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu le Biblia me, siwo to vovo kura na dzixɔse siwo nɔ ame siwo nɔ anyi le Bibliaŋlɔɣi la si ŋu kpɔ.

  •   Gɔmedzedze li na xexea. (1 Mose 1:1) Gake blema nyakpakpa geɖewo gblɔ be menye ɖe wowɔ xexea o, ke boŋ edzɔ tso zitɔtɔ manɔɖoɖonu aɖe me. Babilontɔwo xɔe se be mawu siwo na xexea dzɔ la tso atsiaƒu gbahoo eve me. Blemaxotutu aɖewo hã gblɔ be azi gã aɖe mee xexea dzɔ tso.

  •   Dzɔdzɔmesewo dzie xexea zɔna ɖo gbe sia gbe, ke menye mawu aɖewo siwo wɔa nu eŋumabumabui woe kpɔ ŋusẽ ɖe xexe gbahoo la dzi o. (Hiob 38:33; Yeremiya 33:25) Nyakpakpawo le xexea ƒe akpa vovovowo, siwo fiana be wɔna aɖeke mele amegbetɔwo ŋu le mawu siwo dzi womate ŋu aka ɖo o eye nublanuikpɔkpɔ hã mele woƒe nuwɔnawo me o, la si me o.

  •   Womeku anyigba ɖe naneke ŋu o. (Hiob 26:7) Ame geɖe siwo nɔ anyi le blema xɔe se be anyigba la le gbadzaa eye ame dzɔtsu alo lã gã aɖe, abe to alo klo ene, dzie wònɔ.

  •   Ɣea hea tsi tsoa atsiaƒu kple tsi bubuwo me yia yame eye wòtrɔna zua tsi, sno alo kpetsi dzana ɖe anyigba dzi eye wogasina yia tɔsisiwo kple tsidzɔƒewo me. (Hiob 36:27, 28; Nyagblɔla 1:7; Yesaya 55:10; Amos 9:6) Gake blema Helatɔwo susui be tsi siwo le anyigbaa gɔmee ŋɔna yia tɔsisiwo me, susu sia nɔ amewo si kaka va ɖo ƒe alafa 18-awo me.

  •   Towo hona ɖe dzi eye wogabuna, eye to siwo li egbea nɔ atsiaƒu gɔme kpɔ. (Psalmo 104:6, 8) Gake nyakpakpa geɖewo gblɔna be mawuawoe wɔ to siwo li egbea.

  •   Dzadzɛnyenye kpɔa ame ƒe lãmesẽ ta. Ðoɖo aɖewo nɔ Se si wotsɔ na Israel-dukɔa me, siwo bia tso wosi be woaklɔ wo ɖokuiwo ŋu nenye be woka asi nukuku alo amekuku aɖe ŋu, woaɖe ame siwo ŋu dɔxɔleameŋu le la ɖe aga, eye woaɖi woƒe nugodowo ɖe do me. (3 Mose 11:25-28; 13:1-5; 5 Mose 23:13) To vovo na ema la, esime wona se sia Israel-dukɔa, Egiptetɔwo wɔa atike aɖe si me amegbetɔwo ƒe nugodo le tsɔ ɖoa abi.

Ðe vodadawo le nya siwo Biblia gblɔ tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋua?

 Biblia me dzodzro yi ŋgɔe ɖee fia kɔtɛe be vodadawo mele eme o. Susu totro siwo le amewo si ku ɖe ale si Biblia me nyawo wɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya la ƒe ɖewoe nye esiawo:

 Nyakpakpa: Biblia gblɔ be ŋkeke ade siwo dometɔ ɖe sia ɖe nye gaƒoƒo 24 ye wotsɔ wɔ xexea katã.

 Nyateƒea: Biblia megblɔ ɣeyiɣi tututu si me Mawu wɔ xexea o. (1 Mose 1:1) Azɔ hã, nuwo wɔwɔ ƒe ŋkeke si ŋu woƒo nu tsoe le Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ la nye ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ me si womeyɔ o. Le nyateƒe me la, woyɔ ɣeyiɣi si wotsɔ wɔ anyigba kple dziƒo la katã hã be “ŋkeke” ɖeka.​—1 Mose 2:4.

 Nyakpakpa: Biblia gblɔ be wowɔ numiemiewo hafi va wɔ ɣea, ale be numiemiewo nazã ɣea ƒe ŋusẽ atsɔ awɔ woƒe nuɖuɖu.​—1 Mose 1:11, 16.

 Nyateƒea: Biblia ɖee fia be wowɔ ɣea, si nye ɣletivi siwo le “dziƒo” la dometɔ ɖeka hafi va wɔ numiemiewo. (1 Mose 1:1) Kekeli si tso ɣea gbɔ la ɖo anyigba dzi flukpee le nuwɔwɔ ƒe “ŋkeke” gbãtɔ dzi. Esi yame nɔ kɔkɔm va ɖo nuwɔwɔ ƒe “ŋkeke” etɔ̃lia dzi la, ɣea ƒe keklẽ nu sẽ va ɖo afi si numiemiewo te ŋu zãe tsɔ wɔ woƒe nuɖuɖu. (1 Mose 1:3-5, 12, 13) Ɣeyiɣi aɖe megbe ko hafi ɣea va te dzedze nyuie.​—1 Mose 1:16.

 Nyakpakpa: Biblia gblɔ be ɣea ƒoa ɣla anyigba la.

 Nyateƒea: Nyagblɔla 1:5 gblɔ be: “Ɣe dzena, eye wòɖoa to, eye wòɖea abla gatrɔna yia afi si wòdzena tso.” Ke hã, ɖeko nya sia le ale si amegbetɔwo kpɔa ɣea wòtsona ɣedzeƒe va yina ɣetoɖoƒe la ɖɔm. Egbea gɔ̃ hã, amegbetɔwo tea zãa nya siwo nye “ɣe dze” kple “ɣe ɖo to,” evɔ wonyae be anyigbae ƒoa xla ɣea.

 Nyakpakpa: Biblia gblɔ be anyigba la le gbadzaa.

 Nyateƒea: Biblia zã nyagbe si nye “anyigba ƒe seƒe ke,” gake mefia be anyigba la le gbadzaa alo seƒe le eŋu o. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Nenema kee nyagbe si nye “anyigba ƒe go eneawo” nye kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si fia anyigba dzi godoo; eye ame aɖe ate ŋu azã taɖoƒefianu (compass alo la boussole) ƒe dzesi eneawo wòafia kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ ma ke.​—Yesaya 11:12; Luka 13:29.

 Nyakpakpa: Biblia gblɔ be togodo ƒe ɣlaƒoƒo ɖeka ƒe dzidze nye fli si tso eƒe toga ɖeka yi kemea ƒe teƒe etɔ̃ pɛpɛpɛ, gake togodo ƒe ɣlaƒoƒo ƒe dzidze ŋutɔŋutɔ anɔ abe 3.1416 si nye (pi alo π).

 Nyateƒea: “Gazɔ gã la” si ƒe nya wogblɔ le 1 Fiawo 7:23 kple 2 Kronika 4:2 ɖee fia be eƒe didime tso to ɖeka yi kemea nye abɔklugui ewo eye “ka didime abɔklugui blaetɔ̃e” hiã hafi “akpee ɖo.” Ate ŋu anɔ eme be woatsɔ nu sue aɖe kpe xexlẽme siawo alo aɖee le eme hafi woade pɛpɛpɛ. Anɔ eme hã be gazɔa ƒe togodo kple eƒe didime tso eƒe toga ɖeka yi kemea tsi tsitre ɖi na gazɔa me kple egodo ƒe dzidze.