1 Fiawo 7:1-51
7 Salomo tsɔ ƒe wuietɔ̃ tu eya ŋutɔ ƒe xɔ*+ hafi wu enu keŋkeŋ.+
2 Eye wòtu Lebanon Ƒe Avexɔ+ la ɖe sedertisɔti siwo le agbaka ene me la dzi, eye woda sedertiwo+ ɖe sɔtiawo dzi; xɔa didi abɔklugui* alafa ɖeka, ekeke abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkɔ abɔklugui blaetɔ̃.
3 Woklã sedertiwo ɖe xɔ la ƒe daɖedzi siwo le sɔtiawo dzi la dzi; woƒe xexlẽme le blaene vɔ atɔ̃, wuiatɔ̃ le agbaka ɖeka me.
4 Fesre siwo le fesretiwo me hele agbaka etɔ̃ me keŋ la le eŋu, eye fesreawo dze ŋgɔ wo nɔewo etɔ̃etɔ̃.
5 Xɔmɔnuawo kple woƒe ʋɔtrutiawo katã le dzogoe ene me, eye fesre siwo dze ŋgɔ wo nɔewo etɔ̃etɔ̃ hã le dzogoe ene me.
6 Etu Sɔtiwo Ƒe Akpata la wòdidi abɔklugui blaatɔ̃, eye wòkeke abɔklugui blaetɔ̃, eye wogatsɔ sɔtiwo tu akpata bubu si wogba la ɖe Sɔtiwo Ƒe Akpata la nu.
7 Azɔ hã etu Fiazikpui Ƒe Akpata+ la, afi si wòadrɔ̃ ʋɔnu le—eyae nye Ʋɔnudrɔ̃kpata+ la, eye woklã sederʋuƒo ɖe eme tso anyigba yi ɖatɔ dzisasrãtiawo.
8 Eƒe xɔ* si me wòanɔ le xɔxɔnu kemɛa+ la le adzɔge tso Akpata* la gbɔ, eye wòtui abe Akpata la ke ene. Salomo tu xɔ si le abe Akpata sia ene na Farao vinyɔnu si wòɖe la hã.+
9 Kpe xɔasi siwo+ wofu ɖe dzidze nu, eye wotsɔ laxalaxa sẽ wo ŋkume kple wo kɔgo wòzrɔ̃ lae wotsɔ tu wo katã, tso gɔmeɖoanyi la dzi va ɖo etamekpeawo dzi, tso gota va se ɖe xɔxɔnu gã la gbɔ.+
10 Wotsɔ kpe gãgã xɔasiwo ɖo xɔ la ƒe gɔmeɖoanyiawo; ɖewo ƒe didime le abɔklugui ewo, eye bubuwo le abɔklugui enyi.
11 Kpe xɔasi siwo wofu le dzidze nu kpakple sedertiwo le dzi gome.
12 Eɖo kpe fufu amli etɔ̃ kple sederti ɖoɖo ɖeka ƒo xlã xɔxɔnu gã la godoo va kpe, abe ale si wòwɔ Yehowa ƒe xɔ la ƒe xɔxɔnu emetɔ+ kple xɔ la ƒe akpata la ene.+
13 Fia Salomo dɔ woyi ɖakplɔ Hiram+ tso Tiro vɛ.
14 Enye ahosi aɖe si tso Naftali-toa me la ƒe vi, eye fofoa nye Tirotɔ akɔblinutula;+ eye wòyɔ fũu kple nunya kple nugɔmesese+ kpakple sidzedze hena akɔblinu* ɖe sia ɖe wɔwɔ. Ale wòva Fia Salomo gbɔ, eye wòwɔ eƒe dɔwo katã nɛ.
15 Elólo akɔbli tsɔ wɔ sɔti eveawo;+ ɖe sia ɖe kɔ abɔklugui wuienyi, eye ka didime abɔklugui wuieve ye akpe sɔtiawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖo.+
16 Eye wòlólo akɔbli tsɔ wɔ ta eve be woatsɔ aɖo sɔtiawo tame. Ta ɖeka kɔ abɔklugui atɔ̃, eye evelia hã kɔ abɔklugui atɔ̃.
17 Wolɔ̃ gaɖɔwo, eye wogbi atsyɔ̃ɖonu siwo le abe kɔsɔkɔsɔwo+ ene ɖe ta ɖe sia ɖe si le sɔtiawo dzi la ŋu; adre le ta ɖeka ŋu, eye adre le ta evelia hã ŋu.
18 Eye wòwɔ yevuboɖawo ɖe agbaka eve me ɖe gaɖɔawo dometɔ ɖeka ŋu, ne woaxe sɔtiawo ƒe tawo ŋu; aleae wòwɔe ɖe ta evelia hã ŋui.
19 Wowɔ dzogbenya ƒe nɔnɔme ɖe ta siwo le sɔti siwo le akpataa nu dzi la ŋu, eye wokɔ abɔklugui ene.
20 Taawo le sɔti eveawo dzi, gaɖɔ le ta ɖe sia ɖe ƒe afi si le nogoo la ŋu; eye yevuboɖa alafa eve le agbakawo me godoo le ta ɖe sia ɖe ŋu.+
21 Etu gbedoxɔ*+ la ƒe akpata la ƒe sɔtiawo. Etu ɖusimesɔti* la hena ŋkɔe be Yakin,* eye wòtu miamesɔti* la hena ŋkɔe be Boaz.*+
22 Wowɔ dzogbenya ƒe nɔnɔme ɖe sɔtiawo ƒe tawo ŋu. Ale wowu sɔtiawo ŋu dɔwo nu.
23 Elólo ga kɔ̀ gazɔ gã la.+ Ele kotoo, eye tso eƒe to ɖeka va se ɖe to kemɛ le abɔklugui ewo, ekɔ abɔklugui atɔ̃, eye ka didime abɔklugui blaetɔ̃e akpee ɖo.+
24 Nɔnɔmetata siwo le abe gotsetse+ ene le kɔme nɛ godoo va kpe, ewo le abɔklugui ɖeka ɖe sia ɖe me ƒo xlã gazɔ gã la; gae wolólo tsɔ wɔ nɔnɔmetata siwo le abe gotsetse ene lae, eye wole agbaka eve me le eŋu, wokɔ̀e kple zɔ la ɖekae.
25 Gazɔ la le nyitsu wuieve+ dzi, etɔ̃ dze ŋgɔ dziehe, etɔ̃ dze ŋgɔ ɣetoɖoƒe, etɔ̃ dze ŋgɔ anyiehe, eye etɔ̃ dze ŋgɔ ɣedzeƒe; eye gazɔ gã la le wo dzi, eye wo katã wotrɔ agɔnu ɖo ɖe titina.
26 Gazɔ la tri asiƒome ɖeka;* eto le abe kplu ƒe to ene, eye wòɖi dzogbenyaseƒoƒo. Tsi baf* akpe eve anɔ eme.
27 Etsɔ akɔbli wɔ keke*+ ewo. Keke ɖe sia ɖe ƒe didime le abɔklugui ene, eƒe kekeme le abɔklugui ene, eye wòkɔ abɔklugui etɔ̃.
28 Ale wowɔ kekeawoe nye esi: wotsɔ ga gbadzɛwo xe woƒe axawo dzi, eye wode ga gbadzɛawo gakpo siwo wotsɔ tso ga wo nɔewo me la dome.
29 Woɖe dzatawo,+ nyitsuwo kple kerubiwo+ ɖe ga gbadzɛ siwo le gakpoawo dome la dzi, eye woɖe wo ɖe gakpo siwo wotsɔ tso ga wo nɔewo la hã dzi nenema ke. Wowɔ seƒoƒotsihewo ɖe dzataawo kple nyitsuawo tame kple wo te.
30 Akɔblifɔti ene le keke ɖe sia ɖe te, eye akɔbligakpowo le afɔtiawo dome, eye gakpo ene siwo le dzogoe eneawo dzi la lé kekea ɖe te. Anyinɔwo le ze la te, eye gae wolólo tsɔ wɔ wo kple seƒoƒotsihe siwo le axa ɖe sia ɖe.
31 Tso kekea nu le zea me le anyinɔawo dzi yi dzi le abɔklugui ɖeka; eye keke la nu le kotoo, eye wòle abɔklugui ɖeka kple afã, azɔ hã, woɖe nɔnɔmetatawo ɖe zea nu. Eye ga gbadzɛ siwo le zea nu ƒe kɔgo le dzogoe ene me, womele kotoo o.
32 Afɔti eneawo le axawo te, eye afɔtilénuawo lé ɖe kekea ŋu, afɔti ɖe sia ɖe kɔ abɔklugui ɖeka kple afã.
33 Afɔtiawo le abe tasiaɖamfɔtiwo ene. Gae wolólo tsɔ wɔ woƒe afɔtilénuawo, afɔtia me ga kotooawo, dometsogaawo kple dometsogakpeƒeawo katã.
34 Gakpo ene siwo lé kekea ɖe te la le eƒe dzogoe eneawo dzi; eye wolólo ga tsɔ kɔ̀ wo kple keke la ɖekae.
35 Azɔ hã, wowɔ kɔ ɖe keke la dzi, si kɔ abɔklugui afã, eye wòle kotoo; le kekea ƒe dzigbe gome la, wolólo ga kɔ̀ eƒe kɔ ƒe dometsogaawo, ekɔgoga gbadzɛwo kple keke la siaa ɖekae.
36 Azɔ hã, eɖe kerubiwo, dzatawo kple detiwo ƒe nɔnɔme ɖe dometsogaawo kple ekɔgoga gbadzɛwo ŋu, ɖe afi sia afi si teƒe nya le ko, eye wòɖe seƒoƒotsihewo ɖe eŋu godoo.+
37 Aleae wòwɔ keke+ ewoawo katãe; gae wolólo tsɔ kɔ̀ wo katã wosɔ,+ dzidzeme ɖeka kple nɔnɔme ɖekae li na wo katã.
38 Etsɔ akɔbli wɔ ze+ ewo; zeawo dometɔ ɖe sia ɖe xɔa tsi baf blaene. Wo dometɔ ɖe sia ɖe le abɔklugui ene.* Ze ɖeka le keke ewoawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi.
39 Azɔ etsɔ keke atɔ̃ da ɖe xɔ la ƒe ɖusime, eye wòtsɔ atɔ̃ da ɖe xɔ la ƒe miame, etsɔ gazɔ gã la ŋutɔ da ɖe xɔ la ƒe ɖusime le anyieheɣedzeƒe gome.+
40 Hiram+ wɔ zewo, sofiwo+ kple agba goboewo+ hã.
Hiram wu dɔ siwo katã wòwɔ le Yehowa ƒe xɔ la ŋu na Fia Salomo la nu.+
41 Ewɔ sɔti+ eveawo kple ta mligo siwo le sɔti eveawo dzi; gaɖɔ+ eve siwo le ta mligo eve siwo le sɔtiawo dzi;
42 yevuboɖa+ alafa eneawo be woanɔ gaɖɔ eveawo ŋu, ewɔ yevuboɖa siwo le agbaka eve me ɖe gaɖɔ ɖe sia ɖe ŋu be woatsyɔ ta mligo eve siwo le sɔti eveawo dzi la ŋu,
43 keke+ ewoawo kple ze+ ewo siwo le kekeawo dzi;
44 Gazɔ+ gã la kple nyitsu wuieve siwo le gazɔ la te;
45 dzofilɔgbaawo, sofiawo kple agba goboeawo kpakple nuzazã siwo katã Hiram tsɔ akɔbli si ŋu wozrɔ̃ la wɔ na Fia Salomo hena Yehowa ƒe xɔ la.
46 Fia la na wolólo ga kɔ̀ wo ɖe nɔnɔme si wotsɔ anyi wɔ la me le Yordan-nuto la me, le Sukot kple Zaretan dome.
47 Salomo mena woda nuzazã siawo katã o, elabena wosɔ gbɔ ale gbegbe. Womebu akɔbli la ƒe kpekpeme o.+
48 Salomo wɔ Yehowa ƒe xɔ la me nuzazãwo katã: sikavɔsamlekpui+ la kple sikakplɔ̃+ si dzi ŋkumeɖobolo la nɔna;
49 etsɔ sika nyuitɔ wɔ akaɖitiawo,+ wo dometɔ atɔ̃ le ɖusime, eye atɔ̃ le miame le xɔ ememetɔ la ŋgɔ; etsɔ sika+ wɔ seƒoƒoawo,+ akaɖigbɛawo kple ɖovulãnuawo;*
50 etsɔ sika nyuitɔ wɔ gagbaawo, dzotsinuawo,+ agba goboeawo, kpluawo+ kple dzoɖenuawo;+ etsɔ sika wɔ xɔ ememetɔ,+ si nye Kɔkɔeƒewo Ƒe Kɔkɔeƒe la, kple gbedoxɔ+ la ƒe ʋɔtruawo ƒe megbegawo.
51 Ale Fia Salomo wu dɔ siwo katã wòle be wòawɔ le Yehowa ƒe xɔ la ŋu la nu. Eye Salomo tsɔ nu siwo ŋu fofoa David kɔ la va da ɖe eme;+ etsɔ klosalo kple sika kpakple nu bubuawo da ɖe Yehowa ƒe xɔ la ƒe kesinɔnudzraɖoƒe.+
Etenuŋɔŋlɔ
^ Alo, “fiasã.”
^ Abɔklugui ɖeka le sentimeta 44.5. Kpɔ Megbenyawo B14.
^ Alo, “fiasã.”
^ Egɔmeɖeɖe tẽe, “Akpataxɔ.”
^ Alo, woyɔe be “gadzẽ,” le afi sia kple teƒe bubu siwo wòdze le le ta sia me.
^ Alo “anyiehesɔti.”
^ Ðewohĩ Egɔmee nye, “Le Ŋusẽ Me.”
^ Alo, “dziehesɔti.”
^ Egɔmee nye, “Neli [Yehowa Neli] Kee Sesĩe.”
^ Kɔkɔeƒe lae wowɔnɛ le afi sia.
^ Anɔ abe sentimeta 7.4 ene. Kpɔ Megbenyawo B14.
^ Baf ɖeka le lita 22. Kpɔ Megbenyawo B14.
^ Alo, “keke siwo me tsi nɔna.”
^ Alo, “ekeke abɔklugui ene.”
^ Alo, “abè.”