Hiob 26:1-14

  • Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-14)

    • ‘Aleke nèhekpe ɖe ŋusẽmanɔsitɔ ŋue nye esi!’ (1-4)

    • ‘Mawu meku anyigba la ɖe naneke ŋu o’ (7)

    • ‘Wonye eƒe mɔwo ƒe nugbɔ ko’ (14)

26  Hiob ɖo eŋu be:   “Oo, aleke nèhekpe ɖe ŋusẽmanɔsitɔ ŋue nye esi! Aleke nèhexɔ na alɔ beli lae nye esi!+   Aleke nèheɖo aɖaŋu deŋgɔ na ame manyanui ale!+ Eye nèdudu wò nunya vavã kɔ ɖie nye esi!   Ame kae nèle nu ƒom na,Eye ame kae dɔ wò be nàgblɔ nya siawo?*   Ame siwo ku, eye ŋusẽ aɖeke megale wo ŋu o gɔ̃ hã dzona nyanyanya;Woɖiɖi ɖe anyi wu tsiwo kple wo me nuwo gɔ̃ hã.   Tsiẽƒe* le ƒeƒle le Mawu ŋkume,+Eye tsɔtsrɔ̃ƒe* le nuvo.   Ekeke dziehedziŋgɔli me ɖe yame,+Eye meku anyigba la ɖe naneke ŋu o;   Eblaa tsiwo ɖe eƒe alilikpowo me,+Ale be alilikpoawo megbãna le woƒe kpekpeme ta o;   Exea eƒe fiazikpui la ŋkume,Ekekea eƒe alilikpo ɖe edzi.+ 10  Eɖe liƒo godoo ɖe tsiawo dzi;+Eɖo seƒe ɖi na kekeli kple viviti. 11  Dziƒosɔtiwo ke hã ʋuʋu;Eye ne eblu la, wodzona kpekpekpe. 12  Eƒe ŋusẽ nana atsiaƒu dzea agbo,+Eye wòtsɔ eƒe nunya gbã ƒumelã klitsu* la gudugudu.+ 13  Etsɔ eƒe yagbɔgbɔ na dziŋgɔli me kɔ;Eƒe asi ŋɔ da si dzi asi mesuna bɔbɔe o la.* 14  Kpɔ ɖa! Esiawoe nye eƒe mɔwo ƒe nugbɔ ko;*+Eye nya si míese le eŋu la nye dalĩdodo ko! Ke ame kae ate ŋu ase eƒe gbeɖeɖe sesẽ la gɔme?”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Eye ame ka ƒe gbɔgbɔe do tso mewò?”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “Abadon.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Rahab.”
Alo, “da si le yiyim mii la.”
Alo, “eƒe dɔwo ƒe sue aɖe ko.”