Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyateƒe Si Ku Ðe Etsɔme Ŋu

Nyateƒe Si Ku Ðe Etsɔme Ŋu

Ðe nèbu ale si etsɔme ava nɔ ŋu kpɔa? Biblia na míenya be nu ɖedzesi aɖewo gbɔna dzɔdzɔ ge kpuie siwo akpɔ ŋusẽ ɖe anyigbadzinɔlawo katã dzi.

Yesu gblɔ ale si míawɔ ‘ade dzesii be Mawu Fiaɖuƒe la gogo’ la na mí. (Luka 21:31) Egblɔe ɖi be aʋawɔwɔ dziŋɔwo, anyigbaʋuʋu gãwo, nuɖuɖu ƒe veve, dɔ vɔ̃wo kple bubuawo, ava eye míele nu siawo teƒe kpɔm egbea.—Luka 21:10-17.

Biblia gblɔ be nu siwo adzɔ le “ŋkeke mamlɛawo” me le amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu te la dometɔ ɖeka hãe nye nɔnɔme siwo amewo anɔ ɖeɖem fia. Àte ŋu axlẽ nu tso nɔnɔme mawo ŋu le 2 Timoteo 3:1-5. Ne ètsɔ nɔnɔme mawo sɔ kple ale si amewo le agbe nɔm egbea la, ɖikeke mele eme o be àlɔ̃ ɖe edzi be Biblia me nyagblɔɖi sia le eme vam nyateƒe.

Nu kae esia fia? Esusɔ vie ko Mawu Fiaɖuƒea nahe tɔtrɔ gãwo ava anyigba dzi, si awɔe be agbea nanyo ɖe edzi wu sãsãsã. (Luka 21:36) Mawu do ŋugbe nyuiwo le Biblia me ku ɖe anyigba la kple ame siwo anɔ agbe le edzi la ŋu. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esi.

DZIÐUÐU NYUI

“Wotsɔ dziɖuɖu, bubu kple fiaɖuƒe [na Yesu], ne amehawo, dukɔwo kple gbegbɔgblɔ ɖe sia ɖe dolawo katã nasubɔe. Eƒe dziɖuɖu anɔ anyi tegbee, enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe nye fiaɖuƒe si womatsrɔ̃ o.”DANIEL 7:14.

Nu si esia fia: Àte ŋu ase vivi na agbea le dziɖuɖu si de ŋgɔ sãsãsã wu, si Mawu ɖo anyi be wòaɖu xexea katã dzi eye wòtsɔ Via ɖo Fiae ɖe enu la te.

LÃMESẼ DE BLIBO

“Dua me tɔ aɖeke magblɔ be, ‘Mele dɔ lém’ o.”YESAYA 33:24.

Nu si esia fia: Màgalé dɔ alo anye nuwɔametɔ akpɔ gbeɖe o, eye àte ŋu anɔ agbe tegbee.

ŊUTIFAFA BLIBO

“Etsia aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi.”PSALMO 46:9.

Nu si esia fia: Màgase aʋawɔwɔ kple fukpekpe siwo wòhena vanɛ la ƒe ŋkɔ azɔ o.

AME NYUIWO AYƆ ANYIGBA LA DZI

“Ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o . . . Ame fafawo anyi anyigba la dome.”PSALMO 37:10, 11.

Nu si esia fia: Ame vɔ̃ɖiwo maganɔ anyi o, ke ame siwo ɖoa to Mawu tso dzi me la ɖeɖe koe anɔ anyigba la dzi.

ANYIGBA BLIBOA AZU PARADISO

“Woatu xɔ anɔ eme, eye woade waingble aɖu eme kutsetse.”YESAYA 65:21, 22.

Nu si esia fia: Woatrɔ asi le anyigba bliboa ŋu wòanya kpɔ. Mawu aɖo gbe si míedona ɖa nɛ be wòana eƒe lɔlɔ̃nu nava eme le “anyigba dzi” la ŋu.—Mateo 6:10.