GBETAKPƆXƆ No. 1 2020

Ale Si Amewo Le Nyateƒe Dimee

Le xexe sia si me amewo megakana ɖe amewo dzi o eye nyatakaka siwo mele eteƒe o bɔ ɖo me la, afɔɖeɖe aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖo na biabia siwo le vevie wu le agbe me.

Biblia—Nyateƒetsoƒe Si Ŋu Kakaɖedzi Le

Àte ŋu aka ɖe edzi bliboe be Biblia me nyawo nye nyateƒe.

Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Kple Kristo Ŋu

Vovototo kae le Yehowa Mawu kple Yesu Kristo dome?

Nyateƒe Si Ku Ðe Mawu Fiaɖuƒea Ŋu

Biblia na míenya ame si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia, afi si Fiaɖuƒea le, taɖodzinu si le eŋu, ame siwo aɖu fia, kple Fiaɖuƒea teviwo.

Nyateƒe Si Ku Ðe Etsɔme Ŋu

Ka ɖe nya siwo Mawu gblɔ ku ɖe ale si anyigba anɔ le etsɔme kple ame siwo anɔ edzi ŋu la dzi.

Ale Si Nyateƒea Ate Ŋu Aɖe Vi Na Wò

Nyateƒe si le Mawu ƒe Nyaa me nyanya ɖea vi geɖe.