Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsidzadza Èdaa Akpe Ðe Eta?

Tsidzadza Èdaa Akpe Ðe Eta?

Tsidzadza Èdaa Akpe Ðe Eta?

NU KAE míate ŋu awɔ tsidzadza manɔmee? Enye nyateƒe be tsidzadza fũu akpa ate ŋu ahe tsiɖɔɖɔ gblẽnuwo avae. Gakpe ɖe eŋu la, ame siwo le teƒe siwo fana miamiamia, teƒe siwo tsi dzana le kabakaba alo teƒe siawo tɔgbi makpɔ dzidzɔ ɖe tsidzadza ŋu ɣesiaɣi o. (Ezra 10:9) Ke ame miliɔn gbogbo siwo le anyigba xɔdzowo dzi kple teƒe siwo tsi medzana le o ya ɖe? Le ame siawo gome la, ne tsi va dza mlɔeba la, aleke gbegbee dzi dzɔa woe nye esi!

Aleae wònɔna le anyigba siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe, abe Asia Sue, afi si apostolo Paulo wɔ eƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa le, ene, la dzi. Esime Paulo nɔ afi ma la, egblɔ na blema Likaoniatɔwo be: “[Mawu] medzudzɔ ɖaseɖiɖi le eya ŋutɔ ɖokui ŋu hafi o, esi wòwɔa nyui, eye wònana tsidzadza mi tso dziƒo, kple ɣeyiɣi siwo me nuɖuɖu dona, eye wòtsɔa nuɖuɖu kple dzidzɔ yɔa miaƒe dziwo me fũu.” (Dɔwɔwɔwo 14:17) De dzesii be Paulo yɔ tsidzadza gbã, elabena tsidzadza manɔmee la, nu miemie aɖeke mate ŋu atsi o, eye “ɣeyiɣi siwo me nuɖuɖu dona” aɖeke hã manɔ anyi o.

Biblia gblɔ nya geɖe tso tsidzadza ŋu. Hebrigbe kple Helagbe me nya siwo wozãna na tsidzadza dze le Biblia me wu zi alafa ɖeka sɔŋ. Àdi be yeanya nu geɖe tso nunana wɔnuku si nye tsidzadza la ŋua? Eye le ɣeyiɣi ma ke me la, àdi be xɔse si le asiwò be Biblia me nyawo sɔ pɛpɛpɛ le dzɔdzɔmeŋutinunya gome la me nagasẽ ɖe edzi wua?

Nya Siwo Biblia Gblɔ Tso Tsidzadza Ŋu

Yesu Kristo he susu yi nane si hiã vevie hafi tsi nate ŋu adza la dzi. Egblɔ be: “Mia Fofo . . . [naa] eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mateo 5:45) Ède dzesii be Yesu ƒo nu tso ɣe la ŋu hafi ƒo nu tso tsidzadza ŋua? Esia sɔ, elabena menye ɖeko ɣea naa ŋusẽ si atiwo hiã bene woatsi la wo ko evɔ o, egawɔa akpa aɖe le ale si tsi wɔna dzana la hã me. Nyateƒee, ɣe ƒe dzoxɔxɔe naa atsiaƒumetsi si axɔ teƒe si ƒe didime, kekeme, kple kɔkɔme de kilometa 400,000 togodo la yia yame abe afu si dzaa tsi ene ƒe sia ƒe. Esi wònye be Yehowa Mawue wɔ ɣea ta la, woyɔe wòsɔ nyuie be ame si hea tsi yia yame wòzua tsidzadza.

Biblia gblɔ ale si tsi wɔna dzana ale: “[Mawu hea] tsi toŋtoŋwo yia dzii, eye eƒe afuwo dzaa tsi, woɖuɖuna tsoa alilikpowo me, eye wonyɔna ɖe ame geɖewo dzi.” (Hiob 36:26-28) Tso esime woŋlɔ nya mawo siwo de pɛpɛpɛ le dzɔdzɔmeŋutinunya gome ɖi ƒe akpe geɖewoe nye esia la, amegbetɔwo zã ɣeyiɣi geɖe tsɔ dze agbagba be yewoase ale si tsi wɔna dzana la gɔme. Nusrɔ̃gbalẽ aɖe si wota le ƒe 2003 me gblɔ be: “Fifi laa la, ame aɖeke mese ale si tsidzudzɔ wɔna zua tsi toŋtoŋwo la gɔme keŋkeŋ o.”—Water Science and Engineering.

Nu si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo nyae nye be nu suesuesue aɖewo siwo womate ŋu akpɔ kple ŋku ƒuƒlu o ye wɔa alilikpo me tsi gege suesuesue siwo ƒoa ƒu va zua tsi toŋtoŋwo. Ele be tsi gege suesuesue siawo dometɔ ɖe sia ɖe nadzi ɖe edzi teƒe miliɔn ɖeka alo esi wu nenema hafi ate ŋu azu tsi toŋtoŋ ɖeka. Nu siawo katã gɔme sese mele bɔbɔe o, eye ate ŋu axɔ gaƒoƒo geɖe hafi alilikpo me tsi gege suesuesuewo naƒo ƒu awɔ tsi toŋtoŋ ɖeka. Dzɔdzɔmeŋutinunya nusrɔ̃gbalẽ aɖe gblɔ be: “Nufiafia geɖewo li ku ɖe ale si alilikpo me tsi gege suesuesuewo wɔna va zua tsi toŋtoŋwo la ŋu, eye numekulawo gakpɔtɔ le nu me kum le numeɖeɖe vovovo siwo amewo na ku ɖe esia ŋu la ŋu.”—Hydrology in Practice.

Ame si wɔ ɖoɖo ɖe tsidzadza ŋu la te ŋu bia Hiob nya siwo ana ame nabɔbɔ eɖokui be: ‘Ðe fofo li na tsidzadza, eye zãmũ ƒe tagegewo la, ame ka dzi wo? Ame ka tsɔ nunya ɖo alilikpo tsiɖitsiɖi me. Ame ka tsɔ nunya xlẽ alilikpowoe, eye ame ka trɔ dziƒotsigoewo ƒo ɖe anyi.’ (Hiob 38:28, 36, 37) Togbɔ be ƒe 3,500 aɖewoe nye esi va yi hã la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mekpɔ kpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo o.

Afi Kae Tsi Tsona Hafi Dzana?

Hela xexemenunyalawo fia nu be, menye tsidzadza gbɔe tɔsisiwo me tsiwo tsona o, ke boŋ atsiaƒumetsi ye sina to anyigba ƒe tume yia towo tame va zua tometsi fafɛ. Biblia gɔmeɖela aɖe gblɔ be Salomo xɔ nya mawo dzi se. Bu nya siawo siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Salomo wògblɔ ŋu kpɔ. Egblɔ be: ‘Tɔwo katã sina yia atsiaƒu me, ke atsiaƒu meyɔna gbeɖe o; afi si tɔwo sina yina la, afi ma woyina ɖaa.’ (Nyagblɔla 1:7) Ðe Salomo nɔ gbɔgblɔm be atsiaƒumetsiwoe toa anyigba ƒe tume yina ɖe towo me heva zua tɔsisiwoa? Be míaɖo nyabiase ma ŋu la, na míakpɔ du si me Salomo nɔ me tɔwo ƒe susu ku ɖe ale si tsi wɔna dzana ŋu ɖa. Ðe nukpɔsusu masɔmasɔwo nɔ woawo hã si le nya sia ŋua?

Ƒe alafa ɖeka kloe le Salomo ƒe ŋkekea megbe la, Mawu ƒe nyagblɔɖila Eliya ɖe sidzedze si su esi ku ɖe go si me tsidzadza tsona ŋu la gblɔ. Le eƒe ŋkekea me la, kuɖiɖi gã aɖe va anyigba ma dzi ƒe etɔ̃ kple edzivɔ. (Yakobo 5:17) Yehowa Mawu ye he dzɔgbevɔ̃e sia va eƒe dukɔa dzi, elabena wogbee hedze Kanaantɔwo ƒe tsidzadzamawu Baal yome. Gake Eliya kpe ɖe Israel viwo ŋu wotrɔ dzi me, eya ta elɔ̃ azɔ be yeado gbe ɖa abia be tsi nadza. Esime Eliya nɔ gbea dom ɖa la, ebia tso eƒe subɔvi si be wòakpɔ “ƒu gome ɖa!” Esi Eliya ƒe dɔlaa gblɔ nɛ be yekpɔ “alilikpovi aɖe le abe ame ƒe asi ene, tso ƒu gome gbɔna” la, Eliya kpɔe dze sii be woɖo yeƒe gbedodoɖa ŋu na ye. Nuŋlɔɖia gblɔ be, “Alilikpo xe dziƒo enumake tsiɖitsiɖi, ya le ƒoƒom, eye tsi gã aɖe dza.” (1 Fiawo 18:43-45) To esia dzi la, Eliya ɖee fia be yenya nu tso ale si tsi wɔna dzana la ŋu. Enyae be alilikpowo dona ɖe atsiaƒu dzi, eye ya ƒoa wo ɖona ɖe ɣedzeƒe gome ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi. Va se ɖe egbea la, alea koe tsi wɔna dzana ɖe anyigba ma dzi.

Anɔ abe ƒe alafa ɖeka ene le Eliya ƒe gbedodoɖa ma megbe la, agbledela ɖokuibɔbɔla aɖe si ŋkɔe nye Amos hã te gbe ɖe nyatakaka vevi aɖe si ku ɖe ale si tsi wɔna dzana ŋu la dzi. Mawu na Amos gblɔ nya ɖi ɖe Israel viwo ŋu le esi wonɔ ame dahewo tem ɖe anyi henɔ ta dem agu na alakpamawuwo ta. Be Mawu magatsrɔ̃ wo o la, Amos xlɔ̃ nu wo be “midi Yehowa, be mianɔ agbe.” Eye Amos ɖe nu me be Yehowa ɖeka koe wòle be woasubɔ, elabena eyae nye Wɔla si “[yɔ] atsiaƒu me tsiwo vɛ hetrɔ wo ƒo ɖe anyigba dzi.” (Amos 5:6, 8) Emegbe la, Amos gbugbɔ ƒo nu tso nyateƒenya sia si ku ɖe ale si tsi wɔna dzana kple ale si atsiaƒumetsiwo yia dziƒo hafi dzana la ŋu. (Amos 9:6) Amos to esia dzi ɖee fia be atsiaƒu me koŋue tsi siwo dzana le anyigba dzi la tsona.

Dzɔdzɔmeŋutinunyala Edmond Halley ɖo kpe nyateƒenya sia dzi le ƒe 1687 me. Ke hã, exɔ ɣeyiɣi geɖe hafi ame bubuwo va lɔ̃ ɖe Halley ƒe nyawo dzi. Nyatakakatsoƒe si nye Encyclopædia Britannica Online gblɔ be: “Amewo yi edzi lé nukpɔsusu si nye be tsitoƒe aɖe le Anyigba ƒe tume, si me atsiaƒumetsiwo sina tona yia towo tame hetsrana ɖe anyigba dzi la, me ɖe asi va se ɖe ƒe alafa 18 lia ƒe gɔmedzedze me ke.” Egbea la, ame geɖewo nya nu tso nyateƒenya si ku ɖe afi si tsidzadza tsona la ŋu. Nyatakakatsoƒe ma ke gblɔ be: “Ɣe ƒe dzoxɔxɔ lɔa atsiaƒumetsiwo abe afu ene yia yame, woblana zua alilikpo hezua tsi dzana ɖe Anyigba dzi, eye mlɔeba la, wosina yina ɖe tɔsisiwo me hegbugbɔ yina ɖe atsiaƒu me ake.” Edze ƒãa be ale si tsi wɔna dzana si ŋuti nyatakakatsoƒe ma ƒo nu tsoe la ke ko ŋu nya gblɔmee Salomo hã nɔ le Nyagblɔla 1:7.

Nu Kae Wòle Be Esia Naʋã Wò Nàwɔ?

Nyateƒe si wònye be Biblia ŋlɔla vovovowo ƒo nu tso ale si tsi wɔna dzana ŋu wòde pɛpɛpɛ nye kpeɖodzi ɖedzesi gbogbo, siwo ɖee fia be ameƒomea Wɔla, Yehowa Mawu, ye ʋã amewo woŋlɔ Biblia la, dometɔ ɖeka. (2 Timoteo 3:16) Ele eme be edze abe ale si amegbetɔwo le anyigbadzinuwo dome gblẽm la na be yame ƒe nɔnɔmewo megale ɖoɖo nu o, eye esia na be tɔɖɔɖɔ gãwo gblẽa nu vevie le teƒe aɖewo, eye ku ɖina le teƒe bubuwo ene ya. Gake Yehowa Mawu, ame si nye tsidzadza Wɔla la, do ŋugbe tso gbe aɖe gbe ke be yeava de asi nyawo me mlɔeba, eye yeahe “gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.”—Nyaɖeɖefia 11:18.

Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, aleke nàte ŋu aɖee afia be yekpɔ ŋudzedze ɖe Mawu ƒe nunana siwo dometɔ ɖekae nye tsidzadza la ŋu? Àte ŋu awɔ esia to eƒe Nya, Biblia la, sɔsrɔ̃ kple agbenɔnɔ ɖe nu siwo nèsrɔ̃ la nu me. Ne èwɔe alea la, ekema mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be nàtsi agbe age ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me, afi si nàte ŋu awɔ Mawu ƒe nunanawo katã ŋu dɔ le bliboe tegbee. Elabena le nyateƒe me la, “nunana nyui ɖe sia ɖe kple nunana blibo ɖe sia ɖe” tso Yehowa Mawu, ame si nye tsidzadza Dzɔtsoƒe la gbɔ.—Yakobo 1:17.

[Nuwo ƒe nɔnɔme/​Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

← ← TSI ƑE BABLA

↓ ↑ ↑

TSIDZADZA TSI SI TSOA ATIWO ME TSI SI TSOA ATSIAƑU ME

TSI TSATSRA

TOMETSI

↓ → →

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Esime Eliya nɔ gbea dom ɖa la, eƒe subɔvia nɔ “ƒu gome” kpɔm