Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa Si Maria Wɔ Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me

Akpa Si Maria Wɔ Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me

 Akpa Si Maria Wɔ Le Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me

GBE ɖeka le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔɣi la, nyɔnu aɖe kɔ gbe dzi le ameha la dome gblɔ be: “Dzidzɔtɔe nye vidzidɔ si me nèmlɔ kple no si nèno!” Ne Yesu di be woade bubu tɔxɛ ye dada ŋu la, esia nye mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe si ʋu ɖi nɛ be wòade esia wɔwɔ ƒe dzi ƒo na amewo. Ðe ema teƒe la, eɖo eŋu be: “Ao, ke boŋ: Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo le Mawu ƒe nya la sem, eye wole edzi wɔm!”—Luka 11:27, 28.

Yesu mede subɔsubɔ ƒe bubu tɔxɛ aɖeke dadaa ŋu o, eye mebia tso eyomedzelawo si kpɔ be woawɔ nenema o. Ne míetsɔ esia sɔ kple subɔsubɔ ƒe bubu tɔxɛ si xɔsetɔ dovevienu geɖewo tsɔna naa Maria la, nya kae míagblɔ? Mina míatsɔ nufiafia siwo ku ɖe Yesu dada ŋu, siwo dzi ame geɖewo lɔ̃ ɖo la, asɔ kple nya siwo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gblɔ la kpɔ.

“Amenuveve Yɔ Wò Fũu,” “Woayra Wò Le Nyɔnuwo Dome”

Mawudɔla Gabriel gblɔ akpa si Maria awɔ le Mawu ƒe tameɖoɖo me la nɛ. Gbe ma gbe la, edo gbe nɛ be: “Medo gbe na wò, wò ame si nu wove ŋutɔ, Yehowa li kpli wò.” (Luka 1:28) Biblia gɔmeɖeɖe bubu aɖe ɖe gbedoname sia gɔme be: “Medo gbe na wò, amenuveve yɔ wò fũu, Aƒetɔ la li kpli wò.” Le ema megbe kpuie la, Elisabet do gbe na Maria be: “Woayra wò le nyɔnuwo dome, eye woayra wò dɔmevi la!” (Luka 1:42) Ðe nya siawo meɖee fia be ele be woade subɔsubɔ ƒe bubu tɔxɛ Maria ŋu oa?

Le nyateƒe me la, ŋuɖoɖoae nye, ao. Togbɔ be Katolikotɔwo gblɔa nya siawo le gbe aɖe si wodona ɖa na Maria me hã la, Biblia ŋutɔ megblɔ nya aɖeke si tae wòle be  woado gbe ɖa na Maria o. Gabriel kple Elisabet lɔ̃ ɖe mɔnukpɔkpɔ ɖedzesi si su Maria, ame si afɔ Mesia la ƒe fu, si la dzi, gake Ŋɔŋlɔawo megblɔ le afi aɖeke be woado gbe ɖa nɛ o. Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae be wòafia gbedodoɖa yewo la, megblɔ be woado gbe ɖa na ye dada o, ɖe wògblɔ boŋ be ele be woado gbe ɖa na ye Fofo. Le nyateƒe me la, Yesu dze eƒe kpɔɖeŋugbedodoɖa xɔŋkɔ la gɔme be: “Mía Fofo si le dziƒowo.”—Mateo 6:9.

Ele Dziɖulawo Dome

Nufiafia bubu si dzi ame geɖe lɔ̃ ɖoe nye be Maria ye nye “Dziƒofianyɔnu La” fifia. Biblia meyɔ dzesideŋkɔ sia nɛ kpɔ o. Ke hã, Biblia ɖee fia be ele ɖoƒe tɔxɛ aɖe le Mawu ƒe dziƒoɖoɖoa me. Ðoƒe kae nye ema?

Yesu gblɔ be yeƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒe aɖewo aɖu fia kpli ye le yeƒe Fiaɖuƒea me. (Luka 22:28-30) Yesu ana ŋusẽ ame tiatia siawo be woanye “nunɔlawo na mía Mawu la, eye woaɖu fia ɖe anyigba la dzi.” (Nyaɖeɖefia 5:10) Biblia ƒe numeɖeɖe si me kɔ ƒãa na míekpɔe be Maria le ame siwo wona mɔnukpɔkpɔ be woanɔ ɖoƒe kɔkɔ sia la dome. Nu ka tae míate ŋu aƒo nya ta alea?

Àɖo ŋku edzi be le Yesu ƒe ku megbe la, Maria kple Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpakple Yesu nɔviŋutsuwo “nɔ gbedodoɖa dzi.” Nusrɔ̃la 120 ye ƒo ƒu henɔ gbea dom ɖa, eye “nyɔnu aɖewo” hã nɔ wo dome. (Dɔwɔwɔwo 1:12-15) Biblia gblɔ be, “esi Pentekoste ŋkekenyui la nɔ edzi yim la, wo katã wonɔ teƒe ɖeka.” Ɣemaɣie wokɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖe wo dzi si wɔe be wote ŋu do dutagbewo.—Dɔwɔwɔwo 2:1-4.

Esi wònye be Maria nɔ ame siwo dzi wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖo la dome ta la, edze ƒãa be wotia woa kple nyɔnu bubu siwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea hã be woaɖu fia kple Yesu le eƒe Dziƒofiaɖuƒe la me. Eya ta esia nye kpeɖodzi be Maria le fia ɖum kple Yesu le ŋutikɔkɔe me le dziƒo fifia. (Romatɔwo 8:14-17) Na míakpɔ mɔnukpɔkpɔ siwo asu woa kple Yesu ƒe hatidziɖula bubuwo si le Mawu ƒe tameɖoɖowo me vava me la ɖa.

Woahe Yayra Wɔnukuwo Avae

Biblia gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia gblɔ be woafɔ ame 144,000 ɖe tsitre be woaɖanɔ ŋutikɔkɔe me kple Yesu le dziƒo anye nunɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, kple fiawo. (Nyaɖeɖefia 14:1, 4; 20:4, 6) Abe nunɔlawo ene la, woakpe ɖe Yesu ŋu bene woawɔ Yesu ƒe tafevɔsa la ŋu dɔ na ameƒomea me tɔ toɖolawo katã ahana woaɖo gbɔgbɔ, agbenɔnɔ, kple ŋutilã me blibodede gbɔ. (Nyaɖeɖefia 21:1-4) Mɔnukpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye esi wòanye na Yehowa subɔla wɔnuteƒewo katã be woanɔ agbe akpɔ nu wɔnuku siawo teƒe! *

Maria wɔ akpa aɖe le Yehowa ƒe tameɖoɖowo me vava me va yi eye wògakpɔtɔ le akpa aɖe wɔm. Eƒe ɖokuibɔbɔ, xɔse, toɖoɖo, kple veviedodonu abe vidada ene, kpakple esi gayi ŋgɔ wu si nye eƒe dzidodo le dodokpɔwo me na wòdze be míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. Esi wònye be eyae dzi Mesia la, eye wòawɔ akpa aɖe le yayra mavɔwo hehe vae na ameƒomea me ta la, ele be woade bubu gã aɖe eŋu.

Ke hã, nu vevi si míasrɔ̃ tso Maria gbɔe nye be, eya kple Mawu subɔla wɔnuteƒe bubuwo dea ta agu na Yehowa ke menye na mawu bubu aɖeke o. Maria kple Kristo ƒe hatidziɖula bubu siwo le dziƒo kɔa woƒe gbe dzi gblɔna be: “Ame si bɔbɔ nɔ anyi ɖe fiazikpui la dzi [Yehowa Mawu] kple Alẽvi la [Yesu Kristo] tɔ nanye yayra kple bubu kple ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ gã tso mavɔ me yi mavɔ me.”—Nyaɖeɖefia 5:13; 19:10.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 13 Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 8 lia hena nyatakaka bubuwo ku ɖe yayra siwo woahe avae ŋu. Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 10]

Edze be míasrɔ̃ Maria ƒe ɖokuibɔbɔ, xɔse, kple toɖoɖo