Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Ðe susu aɖewo li siwo tae Pontio Pilato vɔ̃ na Kaisaroa?

Esi Yuda subɔsubɔhakplɔlawo di be yewoaƒoe ɖe Romatɔwo ƒe Nutomefia Pontio Pilato nu wòatso kufia na Yesu la, wogblɔ nɛ be: “Ne èɖe asi le ame sia ŋu la, ekema mènye Kaisaro xɔlɔ̃ o.” (Yohanes 19:12) “Kaisaro” si ŋu woƒo nu tsoe le afi sia lae nye Roma Fiagã Tiberio. Ðe susu aɖewo li siwo tae Pilato vɔ̃ na Kaisaro sia?

Ame ka ƒomevie Kaisaro Tiberio nye? Ƒe aɖewo do ŋgɔ na ʋɔnudɔdrɔ̃ Yesu la, Tiberio zu “ame si tsia dzi ɖe kɔɖiɖi na eya ŋutɔ ƒe dzodzrowo ko ŋu hetoa mɔ manyomanyowo dzi be yeƒe asi nasu wo dzi.” (The New Encyclopædia Britannica) Nazãbubu na be wòwɔa fu ame sia ame si wòsusu be eɖo tame vɔ̃ ɖe ye ŋu eye wòwunɛ. Numekugbalẽ ma ke gblɔ be, “Nenye be ŋutinyaŋlɔla siwo nɔ anyi le eƒe ɣeyiɣia me lɔƒo la ƒe nyawo nye nyateƒe la, ke fefe siwo dzɔa dzi nɛ wu la nye esiwo me wowɔa ŋutasẽnuwo kple ŋunyɔnuwo le. Ne wogblɔ nya nyui ɖe eŋu gɔ̃ hã la, ewua ame ŋutasesẽtɔe eye wòwua ame sia ame si dze eŋu.”

Eya ta, anye ale si Tiberio xɔ ŋkɔ le anyrawɔwɔ me lae na Pilato lɔ̃ wɔ ɖe Yuda subɔsubɔhakplɔlawo ƒe didiwo dzi hede se be woawu Yesu ɖo.—Yohanes 19:13-16.

Nu ka tae Yesu klɔ afɔ na eƒe apostoloawo?

Le blema Israel la, ame geɖe yia woƒe gbe sia gbe dɔwo gbe afɔ ƒuƒlu. Le ame siwo doa afɔkpa gome la, woƒe afɔkpawo nyea atokota siwo ŋu ka nɔna woblana ɖe afɔ kple afɔkɔe dzi ko. Esi wònye be ʋuʋudedi alo ba nɔa woƒe mɔwo dzi ta la, amewo ƒe afɔwo aƒo ɖi godoo.

Eya ta le woƒe kɔa nu la, amedzro ɖea eƒe atokotawo ne ege ɖe aƒe aɖe me teti. Amedzrowɔwɔ bia be woaklɔ afɔ na amedzroa. Aƒea tɔ loo alo subɔvi aɖee aklɔ afɔ na amedzroa. Nuŋlɔɖi geɖe le Biblia me ku ɖe nuwɔna sia si bɔ le nuto ma me la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, Abraham gblɔ na amedzro siwo va eƒe agbadɔ me la be: “Woaku tsi vi aɖe vɛ, ne miaklɔ miaƒe afɔwo ŋuti; emegbe la miagbɔ ɖe eme vie, eye matsɔ abolo vi aɖe vɛ, ne miado ŋusẽ mia ɖokui.”—1 Mose 18:4, 5; 24:32; 1 Samuel 25:41; Luka 7:37, 38, 44.

Nyatakaka siawo siwo ku ɖe nuto ma me tɔwo ŋu na míese nu si tae Yesu klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo le Ŋutitotoŋkekenyui mamlɛtɔ si wòɖu kpli wo la ɖuɣi. Gbe ma gbe la, aƒetɔ alo subɔvi aɖeke menɔ anyi aklɔ afɔ na wo o, eye edze ƒãa be eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖeke hã metsɔ eɖokui na be yeawɔe o. Eya ta esi Yesu ku tsi ɖe agba gã aɖe me tsɔ klɔ afɔ na eƒe nusrɔ̃lawo hetsɔ papahũ tutu afɔ na wo la, efia nu wo ku ɖe lɔlɔ̃ kple ɖokuibɔbɔ ŋu.—Yohanes 13:5-17.