Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðekakpui Aɖe Ƒe Dzinɔameƒo

Ðekakpui Aɖe Ƒe Dzinɔameƒo

Na Sɔhɛwo

Ðekakpui Aɖe Ƒe Dzinɔameƒo

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be ye hã yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 1 SAMUEL 17:1-11, 26, 32-51.

Aleke nèsusu be Goliat ƒe dzedzeme nɔ? Aleke eƒe gbe nɔ?

․․․․․

Togbɔ be David menye Israel ƒe asrafowo dometɔ ɖeka o hã la, nu kae ʋãe wòkpe aʋa kple Goliat? (Kpɔ kpukpui 26.)

․․․․․

Kpeɖodzi kawoe nɔ David si siwo na wòka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe ye ŋu? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 34-37.)

․․․․․

WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆE.

Zã numekugbalẽ siwo le asiwò nàtsɔ adi

(1) Goliat ƒe kɔkɔme. (1 Samuel 17:4)

Abɔkuglui ade kple asi ɖeka = ․․․․․.

(2) Goliat ƒe gawu la ƒe kpekpeme. (1 Samuel 17:5)

Akɔbli sekel 5,000 = ․․․․․.

(3) Goliat ƒe akplɔ la ŋutɔ ƒe kpekpeme. (1 Samuel 17:7)

Gayibɔ sekel 600 = ․․․․․.

TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI.

Dzinɔameƒo. ․․․․․.

Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu, ke menye ɖe wò ŋutɔ wò ŋusẽ ŋu o.

․․․․․

MƆ BUBU SIWO NU NÀTSƆE AWƆ DƆ LE.

Kuxi siwo sesẽ abe Goliat ene kawoe wòhiã be nàkpe akɔ kple?

․․․․․

Nuteƒekpɔkpɔ (wò ŋutɔ tɔwòwo alo ame bubuwo tɔwo) kawoe na nèka ɖe edzi be Yehowa magblẽ ye ɖi o?

․․․․․

NU KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU LE NUŊLƆÐI SIA ME, EYE NU KA TAE?

․․․․․