Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ènyaa?

Ènyaa?

Ènyaa?

Nu ka tae Yudatɔwo kaka ɖe du vovovowo me nenema gbegbe le Yesu ƒe anyigba dzi nɔɣi?

Esime Yesu gblɔ na Yudatɔ aɖewo siwo wònɔ nu ƒom na la be, afi si yeyina la womate ŋu ava o la, wobia wo ɖokuiwo be: “Afi kae ame sia ɖo be yeayi . . . ? Alo ɖe wòɖoe be yeayi Yudatɔ siwo kaka ɖe Helatɔwo dome la [gbɔa]?” (Yohanes 7:32-36) Ema megbe kpuie la, Kristotɔ dutanyanyuigblɔlawo yi ɖaɖe gbeƒã nya nyuia na Yudatɔ siwo kaka ɖe Mediterranea Ƒua ƒe nutoawo katã me.—Dɔwɔwɔwo 2:5-11; 9:2; 13:5, 13, 14; 14:1; 16:1-3; 17:1; 18:12, 19; 28:16, 17.

Yudatɔwo kaka, elabena dukɔ siwo ɖu wo dzi la kplɔ wo yi aboyo me. Asiriatɔwoe ɖe aboyo wo gbã le ƒe 740 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me, emegbe Babilontɔwo hã va ɖe aboyo wo le ƒe 607 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me. Yudatɔ siwo woɖe aboyo dometɔ ʋɛ aɖewo koe gbugbɔ va Israel nyigba dzi. (Yesaya 10:21, 22) Ame susɔeawo kaka ɖe dukɔwo dome.

Eya tae Yudatɔwo ƒe duwo nɔ Persia Fiaɖuƒea ƒe nuto 127-awo me le ƒe alafa atɔ̃lia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me ɖo. (Ester 1:1; 3:8) Agbagba siwo Yudatɔwo dze be yewoana amewo natrɔ dzi me ahaɖo Yudasubɔsubɔ me wɔe be ame gbogbo aɖewo va nya nu tso Yehowa kple Se si wòtsɔ na Yudatɔwo la ŋu. (Mateo 23:15) Yudatɔwo tso du vovovowo me va Yerusalem hena ƒe 33 Mía Ŋɔli ƒe Pentekosteŋkekea ɖuɖu, eye wogblɔ Yesu ŋuti nya nyuia na wo. Eya ta ale si Yudatɔwo kaka ɖe Roma Fiaɖuƒea katã mee wɔe be Kristotɔnyenye kaka kabakaba le nuto mawo me.

Sika agbɔsɔsɔme ka gbegbee nɔ Fia Salomo si?

Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Hiram, Tiro fia, ɖo sika tɔn ene ɖe Salomo, Seba fianyɔnu la hã nae agbɔsɔsɔme ma tɔgbi, eye Salomo ƒe tɔdziʋuwo he sika tɔn 15 tso Ofir gbɔ va nɛ. Nuŋlɔɖia gblɔ be, “Sika, si vana na Salomo le ƒe ɖeka me la ƒe dadame le sika talento alafa ade kple blaade vɔ ade” alo sika si awu tɔn 25. (1 Fiawo 9:14, 28; 10:10, 14) Ðe esia ate ŋu anye nyateƒea? Sika ƒe agbɔsɔsɔme ka gbegbee tea ŋu nɔa fiawo si le blema?

Blemanuŋlɔɖi aɖe si ŋu nuŋlɔɖiwo ŋuti nunyalawo buna be kakaɖedzi le la, gblɔ be, Egipte fia Farao Tutmose III (ƒe akpe evelia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli) tsɔ sika tɔn 13.5 wɔ nunanae na Amun-Ra ƒe gbedoxɔ si le Karnak. Le ƒe alafa enyilia Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli me la, Tiro tsɔ sika ƒe agbɔsɔsɔme si wu tɔn 4 xe adzɔ na Asiria Fia Tiglath-pileser III, eye Sargon II hã tsɔ agbɔsɔsɔme ma ke wɔ nunanae na Babilon mawuwo. Wogblɔ be Makedonia Fia Philip II (ƒe 359-336 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli) kua sika tɔn 28 kple edzivɔwo ƒe sia ƒe le Pangaeum sikakuƒe si nɔ Thrace.

Wogblɔ be esime Aleksanda Gãtɔ, (ƒe 336-323 Do Ŋgɔ Na Mía Ŋɔli) si nye Fia Philip II ƒe viŋutsu, xɔ Persia du Susa la, elɔ sika tɔn 1,180 dzoe, eye wòlɔ sika agbɔsɔsɔme si ade tɔn 7,000 kloe dzoe le Persia fiaɖuƒea katã me. Eya ta ne míetsɔ sika agbɔsɔsɔme si nɔ Fia Salomo si sɔ kple fia mawo tɔ la, míakpɔe be sika agbɔsɔsɔme si Biblia gblɔ be enɔ Fia Salomo si la menye amiɖeɖe ɖe nya o.