1 Fiawo 9:1-28

  • Yehowa gaɖe eɖokui fia Salomo (1-9)

  • Nunana siwo Salomo ɖo ɖe Fia Hiram (10-14)

  • Dɔ bubu siwo Salomo wɔ (15-28)

9  Esi Salomo wu Yehowa ƒe xɔ la kple fia ƒe xɔ*+ la tutu nu, eye Salomo wɔ nu siwo katã dzroe wòdi be yeawɔ vɔ ko la,+ 2  Yehowa ɖe eɖokui fia Salomo zi evelia, abe ale si wòɖe eɖokui fiae le Gibeon ene.+ 3  Yehowa gblɔ nɛ be: “Mese wò gbedodoɖa kple koko si nèƒo be woave ye nu la. Mekɔ xɔ sia si nètu la ŋu hetsɔ nye ŋkɔ ɖo afi ma tegbee,+ eye nye ŋkuwo kple nye dzi anɔ afi ma ɣeawokatãɣi.+ 4  Ne èzɔ le ŋkunyeme abe ale si fofowò David zɔ+ le dzi dzadzɛ+ kple dzɔdzɔenyenye+ me ene, eye nèwɔ nu siwo katã ƒe se mede na wò la dzi,+ eye nèlé nye sewo kple ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo me ɖe asi la,+ 5  ekema nye hã mali ke wò fiaɖuƒe ƒe fiazikpui ɖe Israel dzi ɖaa, abe ale si medo ŋugbe na fofowò David ene be, ‘Wò ƒomea me tɔ siwo abɔbɔ nɔ Israel ƒe fiazikpui dzi la nu matso o.’+ 6  Gake ne wò kple viwòwo mietrɔ le yonyeme, eye mielé nye sedede kple nye ɖoɖo siwo metsɔ ɖo mia ŋkume la me ɖe asi o, eye mieyi ɖasubɔ mawu bubuwo hede ta agu na wo la,+ 7  ekema nye hã maɖe Israel ɖa le anyigba si metsɔ na wo la dzi,+ eye matsɔ xɔ sia si ŋu mekɔ na nye ŋkɔ la aƒu gbe le ŋkunyeme,+ eye Israel azu vlodonu* kple alɔmeɖenu le dukɔwo katã dome.+ 8  Eye xɔ sia azu glikpo.+ Ame sia ame si ato eŋu ayi la ƒe nu aku wòalia aku agblɔ be, ‘Nu ka tae Yehowa wɔ anyigba sia kple xɔ sia alea?’+ 9  Eye woagblɔ be, ‘Esi wogblẽ Yehowa woƒe Mawu, ame si kplɔ wo tɔgbuiwo tso Egipte-nyigba dzi la ɖi, eye woku ɖe mawu bubuwo ŋu, eye wode ta agu na wo hesubɔ wo la tae Yehowa he vɔ̃ siawo katã va wo dzi ɖo.’”+ 10  Le ƒe blaeve siwo Salomo tsɔ tu xɔ eve siwo nye Yehowa ƒe xɔ kple fia la ƒe xɔ*+ ƒe nuwuwu la, 11  Tiro-fia Hiram+ na sedertiwo kple sesewutiwo kpakple sika ale si nu Salomo di lae,+ eye Fia Salomo tsɔ du blaeve na Hiram le Galilea-nyigba dzi. 12  Eye Hiram tso Tiro va be yeakpɔ du siwo Salomo tsɔ nɛ la ɖa, ke womedze eŋu o. 13  Eya ta ebiae be: “Nɔvinye, du ka ƒomeviwoe nye esiawo nètsɔ nam?” Eye wona ŋkɔ wo be Kabul-nyigba* va se ɖe egbe sia. 14  Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Hiram ɖo sika talento alafa ɖeka blaeve* ɖe fia la.+ 15  Ke esiae nye dɔ+ si Fia Salomo zi amewo dzi wowɔ tsɔ tu Yehowa ƒe xɔ+ la kple eya ŋutɔ ƒe xɔ* la, kpakple Kpo*+ la, eye wòɖo gli ɖe Yerusalem, Hazor,+ Megido+ kple Gezer+ ŋu lae nye esi. 16  (Do ŋgɔ la, Egipte-fia Farao ho va xɔ Gezer hetɔ dzoe, eye wòwu Kanaantɔ+ siwo le dua me. Eye wòtsɔe do mɔ* vianyɔnu+ si nye Salomo srɔ̃.) 17  Salomo tso Gezer, Anyigbe Bet-Horon,+ 18  Baalat+ kple Tamar si le gbedzi le eƒe anyigbaa dzi, 19  kple Salomo ƒe nudzraɖoƒeduwo katã, tasiaɖamduwo+ kple sɔdolawo ƒe duwo kpakple nu siwo dzro Salomo wòdi be yeatu ɖe Yerusalem kple Lebanon kpakple anyigba blibo si dzi wòɖu la dzi. 20  Ke ame siwo katã kpɔtɔ le Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo+ dome, siwo menye Israel-viwo o la,+ 21  ƒe vi siwo kpɔtɔ ɖe anyigbaa dzi, siwo Israel-viwo mete ŋu tsrɔ̃ gbidigbidi o la, Salomo na wowɔ kluvidɔ sesẽ va se ɖe egbe sia.+ 22  Ke Salomo mewɔ Israel-vi aɖeke kluvii o,+ elabena woawoe nye eƒe aʋawɔlawo, subɔviwo, amegãwo, asrafomegãwo, kpakple tasiaɖamdolawo kple sɔdolawo ƒe tatɔwo. 23  Dɔdzikpɔla alafa atɔ̃ blaatɔ̃ ye le Salomo ƒe dɔwo nu, eye woawoe le dɔwɔlaawo nu.+ 24  Ke Farao vinyɔnu+ la ʋu le David Ƒe Du+ la me yi eya ŋutɔ ƒe xɔ si Salomo tu nɛ me; emegbe wòtu Kpo*+ la. 25  Salomo saa numevɔwo kple ŋutifafavɔwo le vɔsamlekpui si wòɖi na Yehowa la dzi zi etɔ̃ le ƒe ɖeka me,+ eye wodoa dzudzɔ le vɔsamlekpui si le Yehowa ŋkume la dzi,+ eye wòwu xɔ la nu.+ 26  Fia Salomo kpa tɔdziʋuwo le Ezion-Geber,+ le Elot xa, ɖe Ƒudzĩ la nu le Edom-nyigba dzi.+ 27  Eye Hiram ɖo eya ŋutɔ ƒe subɔvi siwo nye ƒudzidɔwɔla bibiwo la ɖe tɔdziʋuawo me+ be woawɔ dɔ kple Salomo ƒe subɔviwo. 28  Eye woyi Ofir+ ɖatsɔ sika talento alafa ene blaeve tso afi ma vɛ na Fia Salomo.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “fiasã.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “lodonu.”
Alo, “fiasã.”
Agate ŋu afia, “Anyigba Si Menyo Na Naneke O.”
Talento ɖeka le kilogram 34.2.
Alo, “Milo.” Hebrigbe me nya si gɔmee nye “afi si woƒu kpo ɖo.”
Alo, “fiasã.”
Alo, “wòtsɔe wɔ srɔ̃ɖenunana na.”
Alo, “Milo.” Hebrigbe me nya si gɔmee nye “afi si woƒu kpo ɖo.”