Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nugbeɖoɖo Aɖe Si Trɔ Va Dze Eɖolawo Ŋutɔ Dzi!

Nugbeɖoɖo Aɖe Si Trɔ Va Dze Eɖolawo Ŋutɔ Dzi!

Na Sɔhɛwo

Nugbeɖoɖo Aɖe Si Trɔ Va Dze Eɖolawo Ŋutɔ Dzi!

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be ye hã yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene. Na nudzɔdzɔa nanye nu ŋutɔŋutɔ na wò.

DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ DANIEL 6:2-29.

Nu kae nèsusu? Ame ka ƒomevie Dario nye? Aleke nèsusu be eƒe dzedzeme nɔ. Gbe kae nèsusu be Dario tsɔ ƒo nui? (Gbugbɔ xlẽ Daniel 6:15, 17, 19-21.)

․․․․․

Aleke dzatawo ƒe doa nɔ, eye aleke nèsusu be dzatawo nɔ?

․․․․․

Nu kae nèsusu be edzɔ esi wotsɔ Daniel ƒu gbe ɖe doa me hetu nu ɖe enu megbe teti?

․․․․․

WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆE.

Nu ka tae Dario ƒe dziɖuɖumegãwo ʋã ŋu Daniel? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 3.)

․․․․․

Nu ka tae Daniel tiae be yeado gbe ɖa le afi si ame sia ame ate ŋu akpɔe le evɔ ate ŋu ado gbe ɖa le bebeme hafi? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 11, 12.)

․․․․․

Anya nye nu ka tae susu si amewo do ɖa be woade se be ame aɖeke nagado gbe ɖa o la do dzidzɔ na Dario? (Gbugbɔ xlẽ kpukpui 8.)

․․․․․

TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI.

Ale si dzi anɔ ƒowò ne wotsi tsitre ɖe ŋuwò.

․․․․․

Ale si gbedodoɖa le vevie.

․․․․․

Ale si Yehowa léa be na esubɔla nuteƒewɔlawo.

․․․․․

NU KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU LE NUŊLƆÐI SIA ME, EYE NU KA TAE?

․․․․․