Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Yehowa Ðasefowo Gblẽa Amewo Ƒe Srɔ̃ɖeɖe Mea?

Ðe Yehowa Ðasefowo Gblẽa Amewo Ƒe Srɔ̃ɖeɖe Mea?

Ðe Yehowa Ðasefowo Gblẽa Amewo Ƒe Srɔ̃ɖeɖe Mea?

“NE SRƆ̃TƆWO dometɔ ɖeka nya ɖo subɔsubɔha bubu me ko la, srɔ̃ɖeɖea me agblẽ.” Nenemae ame geɖewo gblɔna. Ɣeaɖewoɣi la, wonaa nuxlɔ̃ame sia srɔ̃tɔawo dometɔ si tiae be yeazu Yehowa Ðasefo. Gake ɖe nya sia nyea nyateƒe ɣesiaɣia?

Eme kɔ be, ne srɔ̃tɔ aɖe te ɖetsɔtsɔ le subɔsubɔnyawo me alo ɖe asi le subɔsubɔdzixɔse si nɔ esi ɣeyiɣi didi aɖe ŋu la, ate ŋu adze srɔ̃a kpo. Ate ŋu ana srɔ̃a natsi dzimaɖi, dzi naɖe le eƒo, alo ado dziku kura gɔ̃ hã.

Zi geɖe la, srɔ̃nyɔnuwoe senɛ le wo ɖokui me gbã be ehiã be yewoatrɔ yewoƒe subɔsubɔ. Ne ènye srɔ̃ŋutsu, eye Yehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kple srɔ̃wò la, aleke esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe miaƒe srɔ̃ɖeɖea dzi? Ne srɔ̃nyɔnu si le ha dem kple Yehowa Ðasefowoe nènye la, nu kae nàte ŋu awɔ atsɔ aɖe srɔ̃wò ƒe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ?

Nya Si Srɔ̃ŋutsu Aɖe Gblɔ

Mark nye srɔ̃ŋutsu aɖe le Australia; Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kple srɔ̃a le woƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe ƒe 12 lia me. Mark gblɔ be: “Menɔ dzidzɔ kpɔm le srɔ̃ɖeɖe me, eye dɔwɔɖui nyui aɖe nɔ asinye.” Egblɔ yi edzi be: “Agbea nɔ vivim. Tete srɔ̃nye ɖoe be Yehowa Ðasefowo neva nɔ Biblia srɔ̃m kpli ye. Mese le ɖokuinye me enumake be, nuwo le tɔtrɔ ge le nye agbe me. Le gɔmedzedzea me la, ɖeko wòɖe fu nam vie be srɔ̃nye va tsɔ ɖe le Biblia me etɔxɛ, gake esi wògblɔ nam be yeɖoe be yeaxɔ nyɔnyrɔ azu Yehowa Ðasefo la, metsi dzimaɖi vevie.”

Mark va nɔ eɖokui biam nenye be ye srɔ̃ ƒe xɔse yeyea ana be yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me nagblẽ. Ede ŋugble tso eŋu be ɖe yeana ye srɔ̃ nadzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃ eye yeade se nɛ be megade ha kple Ðasefowo ake o mahã. Ke hã, esi Mark nawɔ nu dzitsitsitɔe teƒe la, eɖoe be yeaɖe asi le nya la ŋu ne ya naƒo to eme vie. Nu kae dzɔ ɖe woƒe srɔ̃ɖeɖea dzi?

Mark gblɔ be: “Dzidzɔtɔe la, míaƒe srɔ̃ɖekadodoa me gasesẽ fifia kura wu tsã. Míaƒe srɔ̃ɖeɖea yi edzi le nyonyom ɖe edzi tso esime srɔ̃nye xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo ƒe 15 enye esia.” Nu kae na woƒe srɔ̃ɖeɖea kpɔ dzidzedze? Mark gblɔ be: “Ne metrɔ kpɔ megbe la, magblɔ be, esi srɔ̃nye wɔna ɖe aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me dzi koŋ tae. Edzea agbagba ɣesiaɣi be yeawɔ nu ɖe ŋunye bubutɔe.”

Aɖaŋu Si Srɔ̃nyɔnu Kpɔdzidzedzewo Ðo

Ne srɔ̃nyɔnu si le ha dem kple Yehowa Ðasefowoe nènye la, nu kae nàte ŋu awɔ, eye nya kawoe nàte ŋu agblɔ atsɔ aɖe srɔ̃wò ƒe dzimaɖitsitsi dzi akpɔtɔ? Se nya siwo nyɔnu siwo tso xexea ƒe akpa vovovowo gblɔ la ɖa.

Sakiko, tso Japan: “Ƒe 31 ye nye esia mele atsuƒe eye vi etɔ̃e le mía si. Menye Yehowa Ðasefo ƒe 22 ye nye esia. Srɔ̃ŋutsu si menye Ðasefo o gbɔ nɔnɔ sesẽna ɣeaɖewoɣi. Ke hã, medzea agbagba be mawɔ ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo be ‘ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu le dziku me’ la dzi. (Yakobo 1:19) Medzea agbagba be mawɔ nu ɖe srɔ̃nye ŋu nyuie, eye mawɔ ɖe eƒe didiwo dzi nɛ nenye be wometsi tsitre ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋu o. Esia na míaƒe srɔ̃ɖeɖea kpɔ dzidzedze.”

Nadezhda, tso Russia: “Meɖe srɔ̃ ƒe 28 ye nye esia, eye mexɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefo ƒe 16 ye nye esia. Hafi madze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, nyemebui kpɔ be srɔ̃nyee wòle be wòanye ƒomea ƒe ta o. Mewɔa nyametsotso geɖewo le ɖokuinye si. Ke hã, ʋɛʋɛʋɛ la, meva kpɔe be Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ na be ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ va le míaƒe ƒomea me. (1 Korintotɔwo 11:3) Vivivi la, eva nɔ bɔbɔe nam wu be mabɔbɔ ɖokuinye, eye srɔ̃nye de dzesi tɔtrɔ siawo le ŋunye.”

Marli, tso Brazil: “Vi evee le asinye, eye ƒe 21 ye nye esia si mele atsuƒe. Ƒe 16 ye nye esia si mexɔ nyɔnyrɔ zu Ðasefo. Meva srɔ̃e be Yehowa Mawu di be srɔ̃tɔwo nanɔ anyi ɖekae, ke menye be woaklã o. Eya ta medzea agbagba be manye srɔ̃nyɔnu nyui, maƒo nu ahawɔ nu siwo ana Yehowa kple srɔ̃nye siaa nakpɔ dzidzɔ.”

Larisa, tso Russia: “Esi meva zu Yehowa Ðasefo ƒe 19 ye nye esi va yi la, mede dzesii be nu vevitɔ si wòle be mawɔe nye be mawɔ tɔtrɔwo le nye agbenɔnɔ me. Srɔ̃nye te ŋu kpɔe be Biblia kpɔ ŋusẽ nyui aɖe ɖe dzinye—ekpɔe be ekpe ɖe ŋunye meva kpɔ ŋudzedze ɖe ye ŋu geɖe wu. Le gɔmedzedzea me la, míaƒe nu mesɔna le ɖeviawo hehe me o, gake míeva kpɔ masɔmasɔ mawo gbɔ. Srɔ̃nye ɖea mɔ mekplɔa mía viwo yia Ðasefowo ƒe kpekpewo, elabena enyae be nu si aɖe vi na woe wofiaa wo le teƒe mawo.”

Valquíria, tso Brazil: “Vi ɖeka ye le asinye, eye ƒe 19 ye nye esia si meɖe srɔ̃. Mezu Yehowa Ðasefo ƒe 13 ye nye esia. Gbã la, srɔ̃nye medina be mayi aɖaɖe gbeƒã nya nyuia na amewo o. Gake mesrɔ̃ ale si maɖo nya siwo ŋu wòtsi dzi ɖo la ŋu tufafatɔe. Mekpe ɖe eŋu wòkpɔe be Biblia nɔ ŋusẽ nyui aɖe kpɔm ɖe nye amenyenye dzi. Ʋɛʋɛʋɛ la, srɔ̃nye va kpɔ ale si gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me le vevie nam la dze sii. Egbea, edoa alɔm bliboe le mawusubɔsubɔdɔa me. Ne meyina Biblia srɔ̃ ge kple amewo le kɔƒe saɖeagawo me la, ekɔam ɖe ʋu me yina, eye wòlalana le gota dzigbɔɖitɔe va se ɖe esime mewɔ vɔ.”

Ekpɔa Ŋusẽ Nyui Ðe Srɔ̃ɖeɖea Dzi

Ne srɔ̃wò le ha dem kple Yehowa Ðasefowo la, mèganɔ vɔvɔ̃m be esia ava gblẽ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me o. Abe ale si srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu siwo tso xexea ƒe akpa vovovowo dometɔ geɖe va de dzesii ene la, Biblia kpɔa ŋusẽ nyui ɖe srɔ̃ɖeɖe dzi.

Srɔ̃ŋutsu aɖe si menye Yehowa Ðasefo o gblɔ anukwaretɔe be: “Le gɔmedzedzea me la, evem ŋutɔ esi srɔ̃nye va zu Yehowa Ðasefo. Gake mesena le ɖokuinye me be vivi si sem mele fifia sɔ gbɔ wu veve si mese va yi.” Srɔ̃ŋutsu bubu aɖe gblɔ tso srɔ̃a ŋu be: “Srɔ̃nye ƒe nuteƒewɔwɔ, tameɖoɖo kplikpaa, kple anukwareɖiɖi na be meva kpɔ ŋudzedze ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ale gbegbe. Eƒe subɔsubɔdzixɔsewo ɖe vi geɖe na mí le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me. Míesea nu gɔme na mía nɔewo, eye míeɖenɛ fiana be míedi be míayi edzi anɔ mía nɔewo gbɔ zi ale si míekpɔtɔ le agbe.”

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 13]

Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Srɔ̃ɖeɖee?

Yehowa Ðasefowo bua Biblia be enye Mawu ƒe Nya si wòzã eƒe gbɔgbɔ tsɔ ʋã amewo woŋlɔ. Eya ta wobua nya si Biblia gblɔ tso srɔ̃ɖeɖe ŋu la nya vevii. Kpɔ ale si Biblia ɖo nyabiase siwo gbɔna ŋui ɖa.

Ðe Yehowa Ðasefowo dea dzi ƒo na woƒe hamea me tɔwo be woaklã ɖa tso wo srɔ̃ siwo menye Ðasefowo o la gbɔa? Ao. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ne nyɔnu dzimaxɔsetɔ aɖe le nɔvi aɖe si, eye nyɔnua lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, ŋutsua negadzo le egbɔ o; eye ne nyɔnu aɖe srɔ̃ nye dzimaxɔsetɔ, gake ŋutsua lɔ̃ be yeanɔ egbɔ la, nyɔnua negadzo le egbɔ o.” (1 Korintotɔwo 7:12, 13) Yehowa Ðasefowo wɔna ɖe sedede sia dzi.

Ðe Yehowa Ðasefowo dea dzi ƒo na woƒe hamea me tɔ siwo srɔ̃wo menye Ðasefowo o la be woagbe wo srɔ̃wo ƒe didiwo dzi wɔwɔ na woa? Ao. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mi srɔ̃nyɔnuwo hã, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, ale be ne wo dometɔ aɖewo meɖoa to nya la o la, wo srɔ̃wo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔmagblɔe naɖe wo, esi wokpɔa miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ kple bubu deto la ta.”—1 Petro 3:1, 2.

Ðe Yehowa Ðasefowo fiana be seɖoƒe meli na srɔ̃ŋutsu ƒe ŋusẽ oa? Ao. Apostolo Paulo gblɔ be: “Medi be mianya be ŋutsu sia ŋutsu ƒe tae nye Kristo la; eye nyɔnu hã ƒe tae nye ŋutsu; ke Kristo la hã ƒe tae nye Mawu.” (1 Korintotɔwo 11:3) Ele be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ nade bubu srɔ̃a ŋu abe ƒomea ƒe ta ene. Gake seɖoƒe li na srɔ̃ŋutsu ƒe ŋusẽ abe ƒomea ƒe ta ene. Abu akɔnta na Mawu kple Kristo. Eya ta ne srɔ̃ŋutsu aɖe bia tso srɔ̃a si be wòawɔ nane si ada Mawu ƒe se dzi la, srɔ̃nyɔnu Kristotɔ aɖo “to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29.

Ðe Yehowa Ðasefowo fiana be se meɖe mɔ be woagbe srɔ̃ oa? Ao. Yesu Kristo gblɔ be: “Mele egblɔm na mi be ame sia ame si gbe srɔ̃a, ne menye le agbe gbegblẽ nɔnɔ ta o, eye wòɖe bubu la, ewɔ ahasi.” (Mateo 19:9) Eya ta Yehowa Ðasefowo xɔe se be agbe gbegblẽ nɔnɔ nye nu si dzi woate ŋu anɔ te ɖo agbe ame srɔ̃. Gake woxɔe se vevie hã be mele be woanɔ te ɖe nu maɖinuwo dzi agbe srɔ̃ o. Wodea dzi ƒo na woƒe hamea me tɔwo be woawɔ ɖe Yesu ƒe nya siawo dzi be: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka. . . . Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.”—Mateo 19:5, 6.