Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yi Edzi Nàtsɔ Ðokuiwò Ana Le Wò Srɔ̃ɖeɖea Me

Yi Edzi Nàtsɔ Ðokuiwò Ana Le Wò Srɔ̃ɖeɖea Me

Nu Vevi Siwo Naa Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Yi Edzi Nàtsɔ Ðokuiwò Ana Le Wò Srɔ̃ɖeɖea Me

Srɔ̃nyɔnua gblɔ be: “Mede dzesii ɣeaɖeɣi be srɔ̃nye Michael megadoa vivi ɖe ŋunye o, eye megakɔa ŋkume ɖe ɖeviawo hã o. * Ete nɔnɔme sia ɖeɖe fia esi míexɔ Internet ɖe aƒe me teti ko, eye ewɔ nam be enɔa amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm le kɔmpiuta dzi. Le zã aɖe me, esime ɖeviawo yi ɖamlɔ anyi la, meƒoe ɖe enu wòʋu eme be, yenɔa amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔm le Internet dzi. Nye dzi gbã vevie. Nyemexɔe se be nu sia ate ŋu adzɔ ɖe dzinye o. Nyemegaka ɖe eya amea dzi kura o. Nu si gagblẽ nya la ɖe edzie nye be nye dɔwɔhati aɖe te ahiãmoɖoɖo nam nyitsɔ laa.”

Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Ɣeaɖeɣi va yi la, srɔ̃nye Maria kpɔ foto aɖe le míaƒe kɔmpiuta dzi, eye wòbia nyam ku ɖe eŋu. Esi meʋu eme nɛ be mekpɔa amamaɖeɖenuwɔnawo le Internet dzi edziedzi la, edo dziku vevie. Edze ŋukpe dzi nam ŋutɔ, eye nye dzitsinya bu fɔm vevie. Ðeko mesusu be míaƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe nuwuƒee nye ema.”

NU KAE nèsusu be eyae nye kuxia le Michael kple Maria ƒe srɔ̃ɖeɖea me? Ðewohĩ àsusui be amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ koŋ ye nye Michael ƒe kuxia. Gake abe ale si Michael va kpɔe dze sii ene la, nane si yi ŋgɔ wu gbɔe kuxia tso—eyae nye be wometsɔ wo ɖokuiwo na wo nɔewo le srɔ̃ɖeɖea me o. * Esime Michael kple Maria ɖe wo nɔewo teti la, wonɔ mɔ kpɔm be lɔlɔ̃ kple vivisese anɔ yewoƒe srɔ̃ɖeɖea me. Gake abe ale si wònɔna le atsu kple asi geɖewo gome ene la, woƒe ɖokuitsɔtsɔ na wo nɔewo le srɔ̃ɖeɖea me me va gbɔdzɔ, eye womegava nɔa kplikplikpli o.

Ðe nèsena le ɖokuiwò me be kadodo si le mia kple srɔ̃wò dome la me va gbɔdzɔ esime ƒeawo va le yiyima? Àdi be yeaɖɔ nɔnɔmea ɖoa? Ne èɖo eŋu be ɛ̃ la, ke ahiã be nàkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase etɔ̃ siawo: Nu kae wòfia be nàtsɔ ɖokuiwò ana le wò srɔ̃ɖeɖea me? Kuxi kawoe ate ŋu agblẽ ɖokuitsɔtsɔna sia me? Eye nu kae nàte ŋu awɔ bene wò ɖokuitsɔtsɔna le srɔ̃ɖeɖea me me nagasẽ ɖe edzi?

Nu Kae Wòfia Be Woatsɔ Ame Ðokui Ana Le Srɔ̃ɖeɖea Me?

Aleke nàɖe ɖokuitsɔtsɔna le srɔ̃ɖeɖe me gɔmee? Ame geɖe agblɔ be efia be nàtsɔ wò agbanɔamedzi le srɔ̃ɖeɖea me. Le kpɔɖeŋu me, atsu kple asi aɖe akpɔtɔ anɔ wo nɔewo gbɔ le ɖeviawo ta, alo esi wobui be enye yewoƒe agbanɔamedzi tso Mawu, ame si nye srɔ̃ɖeɖe Gɔmeɖoanyila, la gbɔ ta. (1 Mose 2:22-24) Kakaɖedzitɔe la, susu nyuiwoe nye emawo, eye woate ŋu akpe ɖe srɔ̃tɔwo ŋu woanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu dzidzedzetɔe. Gake hafi srɔ̃tɔwo nate ŋu akpɔ dzidzɔ le srɔ̃ɖeɖea me la, menye ɖeko woabui be enye yewoƒe agbanɔamedzi be yewoanɔ yewo nɔewo gbɔ ko o, ke boŋ ebia nu geɖe wu ema.

Yehowa Mawu ɖoe be srɔ̃ɖeɖe nahe dzidzɔ kple dzidzeme deto vae na srɔ̃tɔwo. Eɖoe be ŋutsu ‘nakpɔ dzidzɔ le srɔ̃a ŋu,’ eye srɔ̃nyɔnu nalɔ̃ srɔ̃a ahase le eɖokui me be ye srɔ̃ lɔ̃ ye abe ale si wòlɔ̃a eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ene. (Lododowo 5:18; Efesotɔwo 5:28) Be ɖekawɔwɔ ma nanɔ anyi la, ele be srɔ̃tɔwo nasrɔ̃ ale si woaka ɖe wo nɔewo dzi. Ele vevie hã be woana xɔlɔ̃wɔwɔ si nɔa anyi ɖaa nanɔ wo dome. Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu dzea agbagba be yewoaka ɖe yewo nɔewo dzi ahazu xɔlɔ̃ veviwo la, woƒe ɖokuitsɔtsɔna le srɔ̃ɖeɖea me adzi ɖe edzi. Wo dome ava nɔ kplikplikpli ale gbegbe be ɖeko wo ame evea woava nɔ abe “ŋutilã ɖeka” ene abe ale si Biblia ɖɔe ene.—Mateo 19:5.

Eya ta woate ŋu atsɔ ɖokuitsɔtsɔna asɔ kple simitiba si wotsɔ lé xɔ sesẽ aɖe ƒe xɔtukpewo ɖekae. Nu vovovo siwo nye ke, simiti, kple tsi ye wotsɔ nyaa simitiba. Le mɔ ma ke nu la, nu vovovo siwo dometɔ aɖewoe nye ame ƒe agbanɔamedzi tsɔtsɔ, kaka ɖe ame nɔewo dzi, kple xɔlɔ̃wɔwɔ ye ɖokuitsɔtsɔna nye. Nu kae ate ŋu agbɔdzɔ kadodo ma me?

Nu Kawoe Nye Kplamatsɛdonuawo?

Ðokuitsɔtsɔna bia kutrikuku kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ. Ebia be nàlɔ̃ faa atsɔ wò ŋutɔ wò didiwo asa vɔe be nàdze srɔ̃wò ŋu. Ke hã, nukpɔsusu si nye be woatsɔ ame ƒe didiwo asa vɔ ɖe ame bubu tɔwo ta medoa dzidzɔ na ame akpa gãtɔ o, eye ame aɖewo gɔ̃ hã susu be mesɔ o. Zi geɖe la, hafi woawɔ nane la, wobiana be ‘viɖe kae makpɔ tso eme.’ Gake bia ɖokuiwò be, ‘Ðokuitɔdila nenie menya siwo le dzidzɔ kpɔm le woƒe srɔ̃ɖeɖe me?’ Anɔ eme be ƒãa hafi nàkpɔ ɖe. Nu ka tae? Ame si nye ɖokuitɔdila la madi be yeatsɔ ye ɖokui ana le srɔ̃ɖeɖea me ne ehiã be wòatsɔ nanewo asa vɔe o, vevietɔ ne makpɔ naneke tso nu suesue siwo wòatsɔ asa vɔe la me enumake o. Aleke kee srɔ̃tɔ aɖewo ɖalɔ̃ wo nɔewo le gɔmedzedzea me o, ne wometsɔ wo ɖokuiwo na wo nɔewo le srɔ̃ɖeɖea me o la, vivisese manɔ srɔ̃ɖeɖea me o.

Biblia ɖee fia nyateƒetɔe be ebia kutrikuku hafi srɔ̃ɖeɖe nakpɔ dzidzedze. Egblɔ be “ŋutsu si ɖe srɔ̃ la tsia dzi ɖe xexea me nuwo ŋu, ale si wòawɔ adze srɔ̃a ŋu,” eye “nyɔnu si ɖe srɔ̃ la tsia dzi ɖe xexea me nuwo ŋu, ale si wòawɔ adze srɔ̃a ŋu.” (1 Korintotɔwo 7:33, 34) Nublanuitɔe la, srɔ̃tɔ siwo nye ɖokuitɔmadilawo gɔ̃ hã mekpɔa wo nɔewo ƒe dzimaɖitsitsiwo dzea sii alo dea asixɔxɔ wo srɔ̃wo ƒe agbagbadzedzewo ŋu ɣesiaɣi o. Ne atsu kple asi aɖe do kpo ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia wo nɔewo la, anɔ eme godoo be “xaxa” si woakpɔ “le ŋutilã” me la asɔ gbɔ wu esi woakpɔ ne woɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiaa wo nɔewo.—1 Korintotɔwo 7:28.

Ne èdi be yeƒe srɔ̃ɖeɖe nato nɔnɔme sesẽwo me ado, eye wòanyo ɖe edzi le ɣeyiɣi deamedziwo me la, ke ehiã be wòanye wò taɖodzinu be ƒomedodo sia nanɔ anyi ɖaa. Aleke nàwɔ hafi aɖo taɖodzinu ma gbɔ, eye aleke nàte ŋu akpe ɖe srɔ̃wò ŋu be wòayi edzi aku ɖe ŋuwò?

Nu Siwo Doa Ŋusẽ Ðokuitsɔtsɔna

Nu vevi aɖe si naa ɖokuitsɔtsɔna me sẽna ɖe edzie nye wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le Mawu ƒe Nya, Biblia, me la dzi ɖokuibɔbɔtɔe. To esia wɔwɔ dzi la, eme ‘anyo na’ mia kple srɔ̃wò siaa. (Yesaya 48:17) De ŋugble tso nu ŋutɔŋutɔ eve siwo gbɔna si nàte ŋu awɔ la ŋu kpɔ.

1. Na wò srɔ̃ɖeɖea nanye nu vevitɔ na wò. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Mikpɔ nu siwo le vevie wu la dze sii nyuie.’ (Filipitɔwo 1:10) Le Mawu gbɔ la, ale si atsu kple asi wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu la le vevie nɛ ŋutɔ. Mawu ade bubu ŋutsu si dea bubu srɔ̃a ŋu la ŋu. Eye “asixɔxɔ gã le” nyɔnu si bua srɔ̃a la ŋu “le Mawu ŋkume.”—1 Petro 3:1-4, 7.

Aleke gbegbee wò srɔ̃ɖeɖea le vevie na wòe? Nu si le vevie na ame la, vevize mee woɖanɛ le, eye zi geɖe la, eya ŋue wozãa ɣeyiɣi ɖo wu. Bia ɖokuiwò be: ‘Le ɣleti si va yi me la, ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme kae meɖo anyi koŋ tsɔ ɖo dze kple srɔ̃nye? Nu ŋutɔŋutɔ kawoe mewɔ tsɔ na kakaɖedzi srɔ̃nye be megakpɔtɔ nye exɔlɔ̃ vevi?’ Ne ɣeyiɣi vi aɖe koe nèzã ɖe srɔ̃wò ŋu alo mekpɔ vovo aɖeke kura ɖe eŋu o la, asesẽ nɛ be wòaxɔe ase be ètsɔ ɖokuiwò na le srɔ̃ɖeɖea me.

Ðe srɔ̃wò kpɔnɛ be ètsɔ ɖokuiwò na le srɔ̃ɖeɖea mea? Aleke nàwɔ anya?

TE MƆNU SIA KPƆ: Ŋlɔ nu atɔ̃ siwo gbɔna la ɖe agbalẽ dzi: ga, dɔ, srɔ̃ɖeɖe, modzakaɖeɖe, kple xɔlɔ̃wo. Azɔ gbugbɔ ɖo nu siawo ɖe ɖoɖo nu. Dze egɔme tso esi nèsusu be eyae le vevie na srɔ̃wò wu la dzi va se ɖe mamlɛtɔ dzi. Na srɔ̃wòa hã nawɔe nenema ke. Ne miewɔe vɔ la, tsɔ tɔwòa nae eye eya hã natsɔ etɔa ana wò. Ne srɔ̃wòa sena le eɖokui me be mèzãa ɣeyiɣi ɖe srɔ̃ɖeɖea ŋu hekpea asi ɖe eŋu ale si dze o la, miɖo dze tso tɔtrɔ siwo wòahiã be miawɔ bene miado ŋusẽ miaƒe srɔ̃ɖekadodoa ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, bia ɖokuiwò be, ‘Nu kae mate ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be metsɔ ɖe le nu siwo le vevie na srɔ̃nye la me geɖe wu?’

2. Ƒo asa na nuteƒemawɔmawɔ ɖe sia ɖe ƒomevi. Yesu Kristo gblɔ be: “Ame sia ame si yia edzi nɔa ŋku lém ɖe nyɔnu aɖe ŋu, si na wòdzroe la, ewɔ ahasi kplii xoxo le eƒe dzi me.” (Mateo 5:28) Ne srɔ̃tɔawo dometɔ ɖeka dɔ kple ame bubu aɖe la, egblẽa nu le srɔ̃ɖeɖea ŋu vevie, eye Biblia gblɔ be woate ŋu anɔ te ɖe esia dzi agbe srɔ̃. (Mateo 5:32) Ke hã, Yesu ƒe nya siawo ɖee fia be, dzodzro vɔ̃ ate ŋu anɔ ame ƒe dzi me ɣeyiɣi didi aɖe hafi wòava wɔ ahasi la ŋutɔŋutɔ. Dzodzro vɔ̃ mawo ŋu bubu ŋutɔ hã nye nuteƒemawɔmawɔ na ame srɔ̃ le eɖokui si.

Be nàyi edzi atsɔ ɖokuiwò ana le srɔ̃ɖeɖea me la, ɖoe kplikpaa be yemakpɔ amamaɖeɖenuwɔna aɖeke gbeɖe o. Nu ka kee ame bubuwo ɖagblɔ o, nyateƒeae nye be, amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ nye aɖi vɔ̃ɖi aɖe si gblẽa nu le srɔ̃ɖeɖea ŋu. Se ale si srɔ̃nyɔnu aɖe ɖe eƒe seselelãme gblɔ tso srɔ̃a ƒe amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋui la ɖa: “Srɔ̃nye gblɔ be, amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ naa míaƒe lɔlɔ̃wɔwɔ gavivina ɖe edzi. Gake ɖeko esia nana mesena le ɖokuinye me be viɖe aɖeke mele ŋunye o, eye nyemesu nɛ o. Ne ele ekpɔm la, menɔa aba dzi nɔa avi fam ʋuu, alɔ̃ koe xɔnɛ le asinye.” Ðe nàgblɔ be ŋutsu sia le ŋusẽ dom eƒe srɔ̃ɖeɖea loo, alo ele edome gblẽm? Èsusui be nu si wɔm wòle la ana wòanɔ bɔbɔe na srɔ̃a be wòayi edzi atsɔ eɖokui ana le srɔ̃ɖeɖea me geɖe wua? Ðe wòle nu wɔm ɖe eŋu abe exɔlɔ̃ vevitɔ enea?

Nuteƒewɔla Hiob ɖe ale si wòtsɔ eɖokui na le eƒe srɔ̃ɖeɖea me kple ale si wòtsɔ eɖokui na Mawu la gblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋku.” Eɖoe kplikpaa be ‘yemalé ŋku ɖe ɖetugbui ŋu o.’ (Hiob 31:1) Aleke nàte ŋu asrɔ̃ Hiob?

Tsɔ kpe ɖe asaƒoƒo na amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ ŋu la, ehiã be nàdzɔ wò dzi ŋu bene ame aɖe si menye srɔ̃wò o la ƒe nu nagalé dzi na wò le mɔ si mesɔ o la nu o. Enye nyateƒe be, ame geɖe susunɛ be ahiãmoɖoɖo na ame aɖe si menye ame srɔ̃ o la megblẽa naneke le srɔ̃ɖeɖe ŋu o. Gake Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ameka ahadze sii ma?” (Yeremiya 17:9) Ðe wò dzi flua wòa? Bia ɖokuiwò be: ‘Ame kae metsɔa ɖe le eme na wu—srɔ̃nye loo alo ame bubu aɖe si menye srɔ̃nye o yea? Ne mese nya nyui aɖe la, ame kae megblɔnɛ na gbã, srɔ̃nye loo alo ame bubu aɖe? Ne srɔ̃nye bia tso asinye be maɖe hadede kple ame aɖe si menye srɔ̃nye o dzi kpɔtɔ la, aleke mawɔ nui? Ðe mado dziku loo alo ɖe dzi adzɔm be mawɔ tɔtrɔ siwo hiã la?’

TE MƆNU SIA KPƆ: Ne ède dzesii be ame aɖe si menye srɔ̃wò o ƒe nu lé dzi na ye la, ɖe wò hadede kple amea dzi kpɔtɔ, eye ne ehiã be miado go la, ke ele be wòanye ɖe nya vevi aɖe gbɔ kpɔkpɔ ta ko. Mèganɔ mɔ vovovo siwo nu nèsusu be amea nyo wu srɔ̃wò le la ŋu bum o. Ðe ema teƒe la, wò susu nenɔ srɔ̃wò ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. (Lododowo 31:29) Wò susu nenɔ nu siwo na nèlɔ̃ srɔ̃wòa le gɔmedzedzea me la ŋu. Bia ɖokuiwò be, ‘Ðe nɔnɔme nyui mawo megale srɔ̃nye ŋu oa, alo nye ŋutɔe ŋea aɖaba ƒua wo dzia?’

Wɔ Nane Nàtsɔ Akpɔ Kuxia Gbɔ

Michael kple Maria, srɔ̃tɔ siwo ƒe nya míegblɔ va yi ɖoe be yewoabia aɖaŋuɖoɖo tso ale si yewoakpɔ yewoƒe kuxiawo gbɔe ŋu. Aɖaŋuɖoɖo didi nye afɔɖeɖe gbãtɔ ko. Ke hã esi Michael kple Maria di be yewoakpɔ yewoƒe kuxia gbɔ eye wolɔ̃ faa di kpekpeɖeŋu la, woɖee fia be yewotsɔ yewo ɖokuiwo na le srɔ̃ɖeɖea me, eye yewolɔ̃ faa be yewoadze agbagba be srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze.

Wò srɔ̃ɖeɖea ɖali ke o, kuxiwo le eme o, ele vevie be srɔ̃wò nakpɔe adze sii be èdi vevie be yeana srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze. Wɔ nu sia nu si nàte ŋui be nàna kakaɖedzi ma nasu esi. Èle klalo be yeawɔea?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Míetrɔ ŋkɔawo.

^ mm. 5 Togbɔ be kpɔɖeŋu sia ku ɖe srɔ̃ŋutsu aɖe si kpɔ amamaɖeɖenuwɔnawo ŋu hã la, srɔ̃nyɔnu si kpɔa nu siawo hã manɔ ɖokuitsɔtsɔna ɖem fia le srɔ̃ɖeɖea me o.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

▪ Dɔwɔna kawo dzie mate ŋu aɖe akpɔtɔ be makpɔ vovo ɖe srɔ̃nye ŋu geɖe wu?

▪ Nu kae mate ŋu awɔ be mana srɔ̃nye naka ɖe edzi be metsɔ ɖokuinye na le míaƒe srɔ̃ɖeɖea me?

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Kpɔ vovo ɖe srɔ̃wò ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Nuteƒemawɔmawɔ dzea egɔme tso dzi me