Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpɔ Ða! Kekelia Wɔ Nuku Loo!

Kpɔ Ða! Kekelia Wɔ Nuku Loo!

Kpɔ Ða! Kekelia Wɔ Nuku Loo!

NE ÈTSA asi le blukɔ me kpɔ la, ànya ale si nudidi le viviti me sesẽnɛ. Dzidzɔ kae nye esi wònyena ne wokpɔ kekelii! Ðewohĩ wò hã ènɔ nɔnɔme aɖe si woate ŋu atsɔ asɔ kple viviti me kpɔ. Ðewohĩ esia dzɔ esime menya ale si tututu nàwɔ akpɔ kuxi aɖe gbɔ o. Eye vivivi la, èkpɔ kekeli—eva ke ɖe ale si nàkpɔ kuxia gbɔe ŋu. Be woado tso viviti ma gbegbe me ahage ɖe kekeli me nye nu wɔnuku aɖe ŋutɔ.

Le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame akpa gãtɔ nɔ gbɔgbɔmeviviti aɖe me. Apostolo Petro ŋlɔ na ame siwo gblẽ woƒe dzixɔse tsãtɔwo ɖi heva zu Kristotɔwo la be: “[Mawu] yɔ mi tso viviti me va ye ŋutɔ ƒe nukukekeli gbɔ.” (Petro I, 2:9) Enɔ na wo abe ale si ko wodona tsoa viviti tsiɖitsiɖi me hegena ɖe kekeli si kɔ nyuie me ene. Woagate ŋu atsɔe asɔ kple ale si woatsi akogo mɔkpɔkpɔ manɔamesii, eye emegbe woava zu ƒome aɖe si etsɔme nyui aɖe li na me tɔ.—Efesotɔwo 2:1, 12.

“Nègblẽ Wò Gbã Lɔlɔ̃ La Ði”

Kristotɔ gbãtɔwo ke ɖe “nyateƒe la”—si fia Kristotɔwo ƒe xɔse vavã la—ŋu. (Yohanes 18:37) Wokpɔ nyateƒea ƒe kekeli wɔnuku la, eye wodo tso gbɔgbɔmeviviti me va ge ɖe kekeli si me kɔ nyuie me. Gake esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, dzonɔameme si nɔ Kristotɔ aɖewo me le gɔmedzedzea me la nu va fa. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa gbãtɔ ƒe nuwuwu lɔƒo la, kuxi sesẽ aɖe do mo ɖa le Efeso hamea me. Yesu Kristo si wofɔ ɖe tsitre kpɔ kuxia dze sii, eye wògblɔ be: “Mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, nègblẽ wò gbã lɔlɔ̃ la ɖi. Eyata ɖo ŋku afisi nège tso la dzi, ne natrɔ le dzi me, eye nawɔ gbã dɔwɔwɔawo.” (Nyaɖeɖefia 2:4, 5) Ele be Kristotɔ siwo nɔ Efeso nagbugbɔ dzo ade lɔlɔ̃ si nɔ wo si na Mawu kple na nyateƒea tsã la me.

Ke míawo ya ɖe? Dzi dzɔ míawo hã esi míeva ke ɖe kekelia kple Mawu ƒe Nyaa me nyateƒe wɔnuku la ŋuti. Míeva lɔ̃ nyateƒea. Gake kuxi siwo vaa ameƒomea dzi ate ŋu ana be míaƒe lɔlɔ̃ na nyateƒea nu natsi. Nu siwo wogblɔ ɖi be adzɔ le “ŋkeke mamlɛawo” me hã kpe ɖe kuxi siawo ŋu. Míele xexe si me ‘ɣeyiɣiawo nye vɔ̃’ le la me—xexe si me nɔlawo nye “ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo.” (Timoteo II, 3:1, 2) Woƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ate ŋu ana míaƒe dzonɔameme nu nafa, eye wòana lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa nu natsi.

Ne míebu gbã lɔlɔ̃ si nɔ mía si la, ehiã be ‘míaɖo ŋku afi si míege tso la dzi ahatrɔ le dzi me.’ Ehiã be míagbugbɔ atu míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ɖo. Gawu la, ele be míakpɔ nyuie be míagaɖe mɔ míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nyateƒea ŋu dzi naɖe akpɔtɔ o. Aleke wòle vevie be mí katã míayi edzi alé nukpɔsusu nyui kple dzidzɔ me ɖe asi ahana lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu kple na nyateƒea me nasẽe nye esi!

‘Nyateƒe Si Wɔa Mí Ablɔɖeviwoe’

Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ƒe kekelia wɔ nuku ŋutɔ, elabena Biblia ɖoa nyabiase vevi siwo ɖe fu na ameƒomea ƒe akpe geɖewoe nye esia la ŋu. Nyabiase siawo dometɔ aɖewoe nye: Nu ka tae míele anyigba dzi ɖo? Tameɖoɖo kae le agbe ŋu? Nu ka tae vɔ̃ɖinyenye li ɖo? Ðe míeganɔa agbe le ku megbea? Yehowa na nyateƒe si ku ɖe Biblia me nufiafiawo ŋu me kɔ na mí. Ðe mele be míada akpe ɖe esia ta oa? Megadzɔ gbeɖe be míabu nu siwo míesrɔ̃ la nu tsɛwoe o!

Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.” (Yohanes 8:32) Yesu ƒe tafevɔsa la wɔe be woate ŋu aɖe amewo atso nu vɔ̃ kple ku me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nyateƒe xɔasi sia wɔ mí ablɔɖeviwoe tso xexe sia si le viviti me ƒe numanyamanya kple mɔkpɔkpɔmanɔamesi me. Ŋugbledede ŋudzedzekpɔkpɔtɔe atso nu siwo míesrɔ̃na ŋu ana lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa kple na eƒe Nya la me nasẽ ɖe edzi.

Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika be: “Esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.” (Tesalonikatɔwo I, 2:13) Tesalonikatɔwo se Mawu ƒe nya la eye ‘woxɔe kple dzidzɔ.’ Womeganɔ “viviti me” o. Ke boŋ wotrɔ zu “kekeli viwo.” (Tesalonikatɔwo I, 1:4-7; 5:4, 5) Kristotɔ mawo va nyae be Yehowae nye Wɔla la, eye be ŋusẽkatãtɔ, nunyala, amelɔ̃la, kple nublanuikpɔlae wònye. Abe Kristo yomedzela bubuwo ene la, wosrɔ̃e hã be Yehowa wɔ ɖoɖo ɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖeɖeɖa ŋu to Via, Yesu Kristo, ƒe tafevɔsa dzi.—Dɔwɔwɔwo 3:19-21.

Togbɔ be Biblia me nyateƒea katã mesu Tesalonikatɔwo si o hã la, wonya afi si tututu woadi sidzedze le. Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la ate ŋu ana “Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Timoteo II, 3:16, 17) Kristotɔ siwo nɔ Tesalonika ate ŋu ayi edzi anɔ nu srɔ̃m ahanɔ ale si kekeli si tso Mawu gbɔ la wɔ nukui ŋutɔ la kpɔm. Susu geɖe li si ta wòle be dzi nanɔ wo dzɔm ɣeawokatãɣi ɖo. (Tesalonikatɔwo I, 5:16) Nenema kee wòle le míawo hã gome.

Kekeli Na Míaƒe Toƒe

Esi hakpala la nɔ nu si tae kekelia wɔ nuku ɖo gblɔm la, edzi ha be: “Wò nya enye akaɖi na nye afɔ kple kekeli na nye toƒe.” (Psalmo 119:105) Mɔfiame siwo míexɔna tsoa Mawu ƒe Nyaa me ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖoɖo si ana míawɔ nu nunyatɔe ahakpɔ dzidzedze le agbe me. Mele be míanɔ abe tɔdziʋu si tra mɔ ene o. Nyateƒea nyanya kple etsɔtsɔ de dɔwɔwɔ me kpɔa mía ta be míenyea ame siwo “nufiafia ƒe ya sia ya ƒona yina gaƒona gbɔna, eye wònyama wo” la o.—Efesotɔwo 4:14.

Biblia gblɔ be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” Egblɔ hã be: “Woayra amesi Yakob ƒe Mawu la nye xɔname na, amesi ƒe mɔkpɔkpɔ le Yehowa, eƒe Mawu la dzi.” (Psalmo 146:3, 5) Gawu la, ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu kpena ɖe mía ŋu míeɖua vɔvɔ̃ kple dzimaɖitsitsi dzi. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Nyateƒee, eɖea vi na mí ŋutɔ ne míena Mawu ƒe Nyaa ƒe kekelia fia mɔ mí.

Keklẽ Abe Akaɖiwo Ene Le Xexea Me

Susu bubu si hã tae kekeli si tso Mawu ƒe Nyaa me la wɔ nuku ɖoe nye be eʋua dɔ si ŋu asixɔxɔ gã aɖe le ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖi na amegbetɔwo. Yesu de se na eyomedzelawo be: ‘Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la; eye kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.’ Egblɔ do ŋgɔ na eƒe sedede sia be: “Wotsɔ ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi la, de asi nam.”—Mateo 28:18-20.

Bu ame siwo le kpekpeɖeŋu nam Kristotɔ vavãwo le gbeƒãɖeɖe nyanyuia kple Biblia me nyateƒea fiafia dukɔwo katã me tɔwo me ŋu kpɔ. Yesu do ŋugbe na eyomedzelawo be yeanɔ anyi kpli wo. Le nyateƒe me la, Ele kpekpem ɖe wo ŋu hele alɔ dom wo le woƒe subɔsubɔdɔa me esime wona ‘woƒe kekeli le keklẽm’ to mɔ sia kple ‘nu nyui wɔwɔ’ bubuwo dzi. (Mateo 5:14-16) Mawudɔlawo hã le gome kpɔm le gbeƒãɖeɖedɔ sia me. (Nyaɖeɖefia 14:6) Ke Yehowa Mawu ya ɖe? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Medo nu, eye Apolo de tsii, ke Mawue nana wotsina nyuie.” Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi wònye be míanɔ “Mawu ƒe hadɔwɔlawo” dome!—Korintotɔwo I, 3:6, 9.

Bu ale si woyrana ɖe agbagba siwo míedzena le dɔ si Mawu de asi na mí la wɔwɔ me dzii hã ŋu kpɔ. Naneke meli si sɔ kple mɔnukpɔkpɔ si Mawu na mí be míanye ame siwo ‘klẽna abe akaɖiwo ene le xexea me’ o. To Mawu ƒe Nya la me kekelia ɖeɖe fia le míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me dzi la, míete ŋu le kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ nam dzianukwaretɔwo. (Filipitɔwo 2:15) Eye dzi ate ŋu anɔ mía dzɔm esi míele gbeƒã ɖem hele nu fiam amewo dzonɔamemetɔe, ‘elabena Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ míaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si míeɖe fia le eƒe ŋkɔ ta be o.’—Hebritɔwo 6:10.

‘Ƒle Ŋkutike Nàsi Ðe Wò Ŋkuwo’

Le gbedeasi aɖe si Yesu ɖo ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Laodikea hamea me la, egblɔ be: ‘Ƒle ŋkutike le asinye, be nàsi ɖe wò ŋkuwo, be nàkpɔ nu. Nye la, ame geɖe alesi nu melɔ̃na la, mekaa ŋku me na, eye mehea to na.’ (Nyaɖeɖefia 3:18, 19) Nu si ate ŋu ada woƒe gbɔgbɔmeŋkuagbãa na wo ŋutɔŋutɔe nye “ŋkutike”—Yesu ƒe nufiafiawo kple eƒe tohehe. Be míanɔ gbɔgbɔmelãmesẽ me la, ele be míaxɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo ahawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoawo kple mɔfiame siwo katã le Biblia me siaa dzi. Ele hã be míana tamesusu ƒe nɔnɔme si tɔgbi nɔ Kristo si la nanɔ mía si eye míasrɔ̃ eƒe kpɔɖeŋu. (Filipitɔwo 2:5; Petro I, 2:21) Míate ŋu akpɔ ŋkutike sia femaxe o. Yesu gblɔ be: ‘Ƒlee le asinye.’ Fe si míaxe la bia míaƒe ɣeyiɣi kple agbagbadzedze.

Ne míedo tso viviti tsiɖitsiɖi aɖe me hege ɖe kekeli me la, axɔ ɣeyiɣi aɖe hafi míaƒe ŋku natrɔ ɖe nɔnɔme yeyea ŋu. Nenema kee wòbia ɣeyiɣi be woatsɔ asrɔ̃ Mawu ƒe Nya la ahakpɔ nyateƒea ƒe kekeli la. Ebiaa ɣeyiɣi be míatsɔ ade ŋugble le nu si míesrɔ̃na kple ale si nyateƒea xɔa asii la ŋu. Gake nu si wòabia tso mía si mesesẽ akpa o. Nu ka tae? Elabena kekeli la wɔ nuku ŋutɔ!

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

‘Ƒle ŋkutike le asinye, be nàsi ɖe wò ŋkuwo, be nàkpɔ nu’