Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Xana Kpɔ Dzidzemee

Ale Si Xana Kpɔ Dzidzemee

 Ale Si Xana Kpɔ Dzidzemee

NYƆNU nuteƒewɔla aɖe kɔ gbe dzi do gbe ɖa tsɔ kafu Yehowae. Ese le eɖokui me be Mawu lé ye fɔ tso anyigba hena yeƒe nuxaxa trɔ zu dzidzɔ.

Nyɔnua ŋkɔe nye Xana. Nu ka gbɔe wòtso be ale si wòsena le eɖokui me trɔ nenema gbegbe? Nu ka tae wòle dzidzɔ kpɔm fifia ɖo? Nu kae míawɔ be nu siwo me wòto naɖe vi na míi? Be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo la, mina míadzro Xana ƒe ŋutinya me akpɔ.

Ƒome Aɖe Si Dzi Nu Te Ðo

Xana nye Elkana, ame si nye Lewi vi aɖe si nɔ Efrayim nuto me, srɔ̃nyɔnu eveawo dometɔ ɖeka. (Samuel I, 1:1, 2a; Kronika I, 6:18, 19) Togbɔ be srɔ̃ geɖe ɖeɖe menɔ tame si Mawu ɖo le gɔmedzedzea me me o hã la, eɖe mɔ ɖe eŋu hewɔ sewo ɖe eŋu le Mose ƒe Sea me. Elkana ƒe ƒomea subɔa Yehowa; gake zi geɖe la, srɔ̃ geɖe ɖeɖe hea nyaʋiʋli dea ƒomewo me, abe ale si wòdze le Elkana ƒe ƒomenyawo mee ene.

Xana tsi ko, evɔ viwo nɔ Penina, si nye Elkana srɔ̃ evelia, ya si. Penina nye Xana ƒe atsusi.—Samuel I, 1:2b.

Israel nyɔnuwo bua kotsitsi be enye ŋukpe, eye wobunɛ gɔ̃ hã be enye dzesi be asixɔxɔ aɖeke mele konɔ la ŋu le Mawu ŋkume o. Gake naneke meli si fia be Xana ƒe kotsitsia nye kpeɖodzi be Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu o. Le esi teƒe be Penina nadze agbagba be yeafa akɔ na Xana la, ɖe wòzãa eƒe vidzidzi tsɔ doa nuxaxa na etsusia boŋ.

Mɔzɔzɔ Yi Yehowa Ƒe Me

Togbɔ be nɔnɔmeawo sesẽ le ƒomea me alea hã la, Elkana kplɔa eƒe ƒomea woyina ɖasaa vɔ le Yehowa ƒe me, le Silo ƒe sia ƒe. * Edze abe afɔe wotona tsɔ zɔa mɔ si yiyi kple gbɔgbɔ anye kilometa 60 aɖewo la ene. Ɣeyiɣi siawo anya sesẽ na Xana ŋutɔ, elabena Penina kple viawo xɔa akpedavɔsalã ƒe akpa gãtɔ, ke Xana ya xɔa akpa ɖeka ko. Penina wɔa mɔnukpɔkpɔ ma ŋu dɔ tsɔ doa dziku na Xana henana eƒe dzi gbãna, le esi wòdze abe ɖe “Yehowa tsi eƒe dɔ nu” ene ta. Penina nɔa nu sia wɔwɔ dzi ƒe sia ƒe, si wɔe be Xana faa avi eye wògbea nuɖuɖu. Mɔzɔzɔ si ado dzidzɔ nɛ hafi la zua nuxaxa nɛ. Ke hã, Xana zɔa mɔa yia Yehowa ƒea me.—Samuel I, 1:3-7.

Èkpɔ ale si Xana ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na mía? Ne dzi ɖe le ƒowò la, aleke nèwɔa nui? Ðe nèɖea ɖokuiwò ɖe aga hedzudzɔa hadede kple hatitadeagulawoa? Xana mewɔe nenema o. Ena Yehowa subɔlawo dome nɔnɔ zu numame nɛ. Togbɔ be nɔnɔmeawo le sesẽm hã, ele be míawo hã míawɔe nenema ke.—Psalmo 26:12; 122:1; Lododowo 18:1; Hebritɔwo 10:24, 25.

Elkana dze agbagba be yeafa akɔ na Xana, eye wòde dzi ƒo nɛ be wòaɖe eƒe dzimenyawo agblɔ. Ebiae be: “Xana, nuka le wɔwòm nèle avi fam, eye nukaŋuti nègbe nuɖuɖu, eye wò  dzi le nu xam? Ðe nyemede ŋutsuvi ewo nu na wò oa?” (Samuel I, 1:8) Ðewohĩ Elkana menyae be Penina wɔa ŋlɔmi le Xana ŋu o, eye Xana hã anya ɖoe be yemakɔ nu le nyaa dzi o. Aleke kee wòɖale o, Xana ame si tsɔa ɖe le Mawu subɔsubɔ me vevie la trɔ ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me hena dzidzemekpɔkpɔ.

Xana Ðe Adzɔgbe

Yehowa ƒea mee woɖua akpedavɔsalã la le. Esi Xana do le xɔ si me wole nua ɖum le me la, eyi ɖado gbe ɖa na Mawu. (Samuel I, 1:9, 10) Eƒo koko be: “Yehowa Zebaot, ne èkpɔ wò dɔlanyɔnu ƒe hiã ɖa, eye nèɖo ŋku wò dɔlanyɔnu dzi, mèŋlɔe be o, eye nèna ŋutsuvi wò dɔlanyɔnu la, ekema matsɔe na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, eye talũhɛ made ta ŋu nɛ o!”—Samuel I, 1:11.

Xana do gbe ɖa bia nane koŋ. Edo gbe ɖa bia ŋutsuvi eye wòɖe adzɔgbe be yeatsɔe ana Yehowa wòanye Nasiretɔ le eƒe agbemeŋkekewo katã me. (Mose IV, 6:1-5) Ele be srɔ̃aŋutsua nalɔ̃ ɖe adzɔgbeɖeɖea dzi gbã, eye nɔnɔme siwo Elkana ɖe fia emegbe ɖee fia be eda asi ɖe srɔ̃a, si gbɔ melɔ̃a nu le o la, ƒe ŋugbedodo sia dzi.—Mose IV, 30:7-9.

Ale si Xana do gbea ɖae na be Nunɔlagã Eli bui ahamulae. Xana ƒe nuyiwo le ʋaʋam, gake Eli mele gbe aɖeke sem o, elabena ele nu ƒom le dzi me. Edo gbe sia ɖa tso dzi blibo me. (Samuel I, 1:12-14) Bu ale si Xana anya se le eɖokui me esime Eli ka mo nɛ hegblɔ be ahae wòmu la ŋu kpɔ! Ke hã, eɖo nya ŋu na nunɔlagã la bubutɔe. Esi Eli va de dzesii be gbe dom ɖae Xana nɔ, eye be eƒe “hiãwo kple nuxaxawo ŋu [wònɔ nu ƒom] le” la, egblɔ nɛ be: “Israel ƒe Mawu la awɔ nusi nèbiae la na wò!” (Samuel I, 1:15-17) Xana dzo le egbɔ yi ɖaɖu nu, eye “megato mo azɔ o.”—Samuel I, 1:18.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu siawo katã me? Ne míele gbe dom ɖa na Yehowa tso míaƒe dzimaɖitsitsiwo ŋu la, míate ŋu ana wòanya ale si míele sesem le mía ɖokui me ahabia nu si tututu míedi tso dzi me. Ne naneke megali míate ŋu awɔ atsɔ akpɔ kuxia gbɔe o la, ele be míagblẽ nyaa ɖe esi me. Nu nyui aɖeke meli míate ŋu awɔ wu esia o.—Lododowo 3:5, 6.

Ne Yehowa subɔlawo do gbe ɖa tso dzi blibo me vɔ la, ɖikeke mele eme o be woakpɔ ŋutifafa si tɔgbi Xana kpɔ la. Apostolo Paulo gblɔ le gbedodoɖa ŋu be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Ne míedro míaƒe agbawo ɖe Yehowa dzi la, ele be míaɖe mɔ nɛ wòatsɔ wo. Eye abe Xana ene la, magahiã be míatsi dzi akpa o.—Psalmo 55:23.

Ŋutsuvi Si Wokplɔ Yi Na Yehowa

Mawu trɔ eƒe susu ɖe Xana ŋu azɔ; efɔ fu eye wòdzi ŋutsuvi. (Samuel I, 1:19, 20) Esiae nye Biblia me nudzɔdzɔ ʋɛ aɖewo siwo me Mawu ŋutɔ na wodzi ame aɖe si ava azu esubɔla la dometɔ ɖeka. Elkana kple Xana ƒe vi, Samuel, ava azu Yehowa ƒe nyagblɔɖila, ame si awɔ akpa vevi aɖe le fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le Israel me.

Ðikeke mele eme o be Xana te nufiafia Samuel tso Yehowa ŋu tso eƒe ɖevime ke. Gake ɖe wòŋlɔ adzɔgbe si wòɖe la bea? Gbeɖegbeɖe! Egblɔ be: “Ne ɖevi la ɖi no la, ekema makplɔe ayii, be wòado ɖe Yehowa ŋku me, eye wòatsi afima ɖaa.” Esime Samuel ɖi no, ɖewohĩ esime wòxɔ tso ƒe etɔ̃ yina la, Xana kplɔe yi be wòaɖanɔ Yehowa ƒe me, abe ale si ko wòɖe adzɔgbee ene.—Samuel I, 1:21-24; Kronika II, 31:16.

Esime Xana kple srɔ̃a sa vɔ na Yehowa vɔ la, wokplɔ Samuel yi Eli gbɔe. Xana anya lé via suea ɖe asi esime wònɔ gbɔgblɔm na Eli  be: “Nye aƒetɔ, taflatse! Nye aƒetɔ, meta wò siaa! Nyee nye nyɔnu, si tsi tre ɖe gbɔwò le teƒe sia do gbe ɖa na Yehowa. Ðevi sia tae medo gbe ɖa le, eye Yehowa na nusi mebiae la, va me nam. Eyata mekplɔe vɛ na Yehowa le eƒe agbe me ŋkekewo katã me, elabena Yehowa si me wobiae le.” Ale Samuel dze Mawu subɔsubɔdɔ tɔxɛ si wòwɔ le eƒe agbemeŋkekeawo katã me la gɔmee nye esi.—Samuel I, 1:25-28; 2:11.

Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, Xana anya ɖoa ŋku Samuel dzi godoo. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Dadaa tɔa dziwui ɖagbi aɖe vana nɛ ƒe sia ƒe, ne eya kple srɔ̃a wova ƒevɔ sa ge.” (Samuel I, 2:19) Kakaɖedzitɔe la, Xana yia edzi doa gbe ɖa ɖe Samuel ta. Ðikekemanɔmee la, edea dzi ƒo na via be wòayi edzi awɔ nuteƒe le subɔsubɔdɔ si wɔm wòle na Mawu la me ƒe sia ƒe si wòva esrã ge kpɔ.

Esi Samuel dzilawo gava gbe ɖeka la, Eli yra wo eye wògblɔ na Elkana be: “Yehowa ana nyɔnu sia nadzi vi na wò natsɔ ɖo amesi nèbia Yehowa la teƒe!” Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, wotsɔ ŋutsuvi etɔ̃ kple nyɔnuvi eve yra Xana kple Elkanae.—Samuel I, 2:20, 21.

Kpɔɖeŋu nyui kae nye esi Elkana kple Xana ɖo ɖi na dzila Kristotɔwo! Ne míagblɔe la, dzila geɖe le lɔlɔ̃m faa le wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo tsɔm na Yehowa, to ale si wodea dzi ƒo na wo be woaƒo wo ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me le duta me. Dzila lɔ̃ame siawo dze na kafukafu le nu gbogbo siwo wotsɔna saa vɔe la ta. Eye Yehowa aɖo eteƒe na wo godoo.

Xana Ƒe Dzidzɔgbedodoɖa

Aleke Xana si nye konɔ tsã la va le dzidzɔ kpɔmee nye esi! Ƒã hafi woŋlɔa nyɔnuwo ƒe gbedodoɖawo ɖe Ŋɔŋlɔawo me. Gake le Xana gome la, míenya nu tso eƒe gbedodoɖa eve ŋu. Le gbãtɔa me la, eɖe eƒe seselelãme gblɔ esime eƒe dzi gbã eye wòle nu xam, eye evelia nye akpedagbe aɖe si wòdo ɖa kple dzidzɔ. Xana dze egɔme ale: “Nye dzi le aseye tsom le Yehowa me.” Etso aseye be, ‘konɔ ke hã dzi vi,’ eye wòkafu Yehowa be ‘efɔa ame ɖe dzi. Eɖea hiãtɔwo tsoa ke me.’ Nyateƒee, ‘ehea ame dahewo tsoa ba me.’—Samuel I, 2:1-10.

Nuŋlɔɖi sia, si tso gbɔgbɔ me, si ku ɖe Xana ŋu ɖee fia be ame bubuwo ƒe blibomademade alo woƒe nu manyomanyo wɔwɔ ɖe mía ŋu ate ŋu agbã dzi na mí. Gake mele be míaɖe mɔ dodokpɔ siawo natsi míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa subɔsubɔ me nu o. Eyae nye Gbedodoɖasela gãtɔ, ame si sea esubɔla wɔnuteƒewo ƒe ɣlidodowo, eye eɖea wo tso nuxaxa me, eye wònana wokpɔa ŋutifafa gbogbo aɖe kple yayra geɖewo la.—Psalmo 22:24-27; 34:7-9; 65:3.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 9 Biblia yɔ teƒe sia si wotsɔa tadedeagu vavã na Mawu le la be Yehowa ƒe “gbedoxɔ.” Gake le Israel ƒe ŋutinya me la, nubablaɖaka ganɔ avɔgbadɔ me kokoko ɣemaɣi. Woatu gbedoxɔ gbãtɔ si anɔ anyi ɖaa la na Yehowa le Fia Salomo ƒe dziɖuɣi.—Samuel I, 1:9; Samuel II, 7:2, 6; Fiawo I, 7:51; 8:3, 4.

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Xana kplɔ Samuel va na Yehowa