Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Bubudede Míaƒe Ƒuƒoƒo Kɔkɔewo Ŋu

Bubudede Míaƒe Ƒuƒoƒo Kɔkɔewo Ŋu

Bubudede Míaƒe Ƒuƒoƒo Kɔkɔewo Ŋu

“Mana woade nye to kɔkɔe la gbɔ, eye mado dzidzɔ na wo le nye gbedoxɔ me.”—YESAYA 56:7.

1. Ŋɔŋlɔawo me susu kawo tae míedea bubu si sɔ míaƒe kpekpewo ŋu?

YEHOWA ƒo eƒe amewo, Kristotɔ amesiaminawo kple woƒe zɔhɛwo, nu ƒu be woade ta agu na ye le yeƒe “to kɔkɔe” la gbɔ. Ele dzidzɔ dom na wo le eƒe “gbedoxɔ,” alo eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ, si nye “dukɔwo katã ƒe gbedoxɔ” la me. (Yesaya 56:7; Marko 11:17) Nudzɔdzɔ sia le eɖem fia be tadedeagu na Yehowa le kɔkɔe, le dzadzɛ, eye eƒo bubuawo katã ta. Ne míedea bubu si sɔ kpekpe siwo míewɔna hena nusɔsrɔ̃ kple tadedeagu na Mawu ŋu la, ke míele eɖem fia be Yehowa ƒe nukpɔsusu le nu kɔkɔewo ŋu le mía si.

2. Nukae ɖenɛ fiana be, Yehowa bua teƒe si wòtia be woade ta agu na ye le la nu kɔkɔe, eye aleke Yesu ɖee fia be ye hã yebunɛ nenemae?

2 Le blema-Israel la, wobua teƒe si Yehowa tia be woade ta agu na ye le la teƒe kɔkɔe. Ele be woakɔ avɔgbadɔa kple eme nuwo ŋu, ‘awɔ wo kɔkɔe, bena woanye nu kɔkɔetɔwo.’ (Mose II, 30:26-29) Woma avɔgbadɔa ƒe kɔkɔeƒea ɖe akpa eve me heyɔ ɖeka be, “kɔkɔeƒe,” eye evelia be, “kɔkɔeƒe ƒe kɔkɔeƒe.” (Hebritɔwo 9:2, 3) Emegbe wova zãna gbedoxɔ si nɔ Yerusalem la ɖe avɔgbadɔa teƒe. Esi wònye Yerusalem ye nye tadeaguƒe vevitɔ na amesiwo subɔa Yehowa ta la, woyɔe be “du kɔkɔe la.” (Nexemya 11:1; Mateo 27:53) Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa me la, eya ŋutɔ hã de bubu si dze gbedoxɔa ŋu. Edo dziku ɖe amesiwo tsɔ gbedoxɔa wɔ asitsaƒe, kple amesiwo tsɔe wɔ mɔ kpui si wotona ne wotsɔ agba yina dua ƒe akpa aɖe la ŋu.—Marko 11:15, 16.

3. Nukae ɖee fia be Israel-viwo ƒe takpekpewo le kɔkɔe?

3 Israel-viwo ƒoa ƒu edziedzi be woade ta agu na Yehowa ahaɖo to eƒe Sea ne wole exlẽm. Woyɔ woƒe ŋkekenyuiwo ƒe ŋkeke aɖewo be takpekpe kɔkɔewo alo takpegbe kɔkɔewo, si ɖee fia be wobua ƒuƒoƒo siawo nu kɔkɔewoe. (Mose III, 23:1, 3, 36, 37) Le dutoƒotakpekpe aɖe si wowɔ le Ezra kple Nexemya ŋɔli la, Lewi-viwo ‘ɖe se la me na dukɔ la.’ Esi ‘dukɔ bliboa nɔ avi fam, le esime wose se la me nyawo’ ta la, “Lewi-viwo fa akɔ na dukɔ blibo la gblɔ bena: Mizi ɖoɖoe, elabena ŋkeke sia ŋu kɔ.” Esia megbe Israel-viwo ɖu Agbadɔŋkekenyuie la ŋkeke adre sɔŋ “wònye dzidzɔ gã ŋutɔ.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woxlẽ “Mawu ƒe segbalẽ la gbesiagbe tso ŋkeke gbãtɔ dzi vaseɖe ŋkeke mlɔetɔ dzi. Woɖu ŋkekenyuie la ŋkeke adre sɔŋ, eye ŋkeke enyilia nye takpegbe, abe alesi wònye kɔnui ene.” (Nexemya 8:7-11, 17, 18) Nyateƒee, wɔna siawo nye wɔna kɔkɔe siwo me wobia toɖoɖo blibo tso vavalawo si le.

Míaƒe Kpekpewo Nye Ƒuƒoƒo Kɔkɔewo

4, 5. Nukawoe yia edzi le míaƒe kpekpeawo me si ɖee fia be ƒuƒoƒo kɔkɔewoe wonye?

4 Enye nyateƒe be egbea, du kɔkɔe ŋutɔŋutɔ aɖeke megale Yehowa si le anyigba dzi, si me gbedoxɔ tɔxɛ aɖe, si ŋu wokɔ hena tadedeagu na eyama le o ya. Gake mele be míaŋlɔ be gbeɖe be ƒuƒoƒo kɔkɔewoe míaƒe kpekpe siwo míewɔna hena tadedeagu na Yehowa nye o. Míeƒoa ƒu zi etɔ̃ le kwasiɖa me hena Ŋɔŋlɔawo xexlẽ kple wo sɔsrɔ̃. ‘Woɖea’ Yehowa ƒe Nya la me henana nyaselawo ‘sea nusi woxlẽ la gɔme,’ abe alesi ko wònɔ le Nexemya ŋɔli ene. (Nexemya 8:8) Míetsɔa gbedodoɖa dzea míaƒe kpekpeawo katã gɔme hegatsɔnɛ wua wo nui, eye míedzia ha tsɔ kafua Yehowa le kpekpe siawo ƒe akpa gãtɔ me. (Psalmo 26:12) Míaƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖee hamea ƒe kpekpeawo nye vavã, eye ele be míaɖe mawuvɔvɔ̃ ƒe nɔnɔme afia ahaɖo to bubutɔe le kpekpe siawo me.

5 Yehowa yrana eƒe amewo ne woƒo ƒu ɖekae be yewoade ta agu na eyama, asrɔ̃ eƒe Nya la, eye be, yewoakpɔ dzidzɔ le Kristotɔwo ƒe hadede tuameɖo me. Ne ɣeyiɣi de be míayi kpekpe la, míate ŋu aka ɖe edzi be, afimae ‘Yehowa ɖoe be yeƒe yayra’ nanɔ. (Psalmo 133:1, 3) Yayra siawo ɖea vi na mí ne míeyi kpekpe siawo heɖo to nyuie esi wole Mawu ƒe nufiamewo nam mí. Gawu la, Yesu gblɔ be: “Afisi ame eve alo ame etɔ̃ wokpe ta ɖo le nye ŋkɔa dzi la, afima mele wo titina.” Togbɔ be nya siwo ƒo xlã nya sia ɖee fia be Kristotɔ hamemetsitsiwo ƒe kpekpe hena amewo dome kuxi gãwo gbɔ kpɔkpɔ ŋue kpukpui sia ku ɖo tẽ hã la, míate ŋu awɔ gɔmeɖose sia ŋudɔ wòaku ɖe míaƒe kpekpewo hã ŋu. (Mateo 18:20) Ne Kristo nɔa Kristotɔwo dome ne wokpe ta le eƒe ŋkɔa me to gbɔgbɔ kɔkɔea dzi la, ɖe mele be míabu míaƒe ƒuƒoƒo siawo nu kɔkɔewoe oa?

6. Nukae míate ŋu agblɔ tso míaƒe tadeaguƒe gãwo kple suewo siaa ŋu?

6 Enye nyateƒe be, Yehowa menɔa gbedoxɔ si wotsɔ asi wɔe me ya o. Ke hã, míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo nye teƒe siwo míetsɔa tadedeagu vavãtɔ nana Yehowa le. (Dɔwɔwɔwo 7:48; 17:24) Míekpena le afima be míasrɔ̃ Yehowa ƒe Nya la, ado gbe ɖa nɛ, ahadzi ha akafui. Nenema ke ko wòle le míaƒe Takpexɔwo hã gome. Teƒe siwo míehayana—abe xɔ gãwo, adzɔnuɖefiaƒewo, alo lãmesẽfefewɔƒewo ene—hena kpekpe gãwo wɔwɔ zua tadeaguƒewo ne míele wo zãm hena ƒuƒoƒo kɔkɔewo. Edze be míade bubu tadeaguƒe siawo, gãwo kple sueawo siaa ŋu, eye ele be, míaƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo naɖe esia afia.

Mɔ Siwo Dzi Míato Ade Bubu Míaƒe Ƒuƒoƒowo Ŋu

7. Nuwɔna ŋutɔŋutɔ ka dzie míate ŋu ato ade bubu míaƒe ƒuƒoƒowo ŋu?

7 Míate ŋu ato nuwɔna ŋutɔŋutɔ aɖewo dzi ade bubu míaƒe ƒuƒoƒowo ŋu. Mɔ ɖekae nye be, míanɔ kpekpea me ahakpɔ gome le Fiaɖuƒehawo dzidzi me. Wotrɔ asi le ha siawo dometɔ geɖe ŋu wonye gbedodoɖawo, eye le esia ta, ele be míadzi wo atsɔ ade bubu Mawu ŋui. Apostolo Paulo yɔ Psalmo 22 lia me nyawo hezãe abe Yesu ƒe nyawo ene be: “Matsɔ wò ŋkɔ aɖe gbeƒã na nɔvinyewo, le hame la titina madzi ha akafu wò.” (Hebritɔwo 2:12) Eyata ele be míaɖoe wòanye míaƒe taɖodzinu be míanɔ míaƒe zikpuiwo dzi hafi kpekpea ƒe zimenɔla nayɔ ha si míatsɔ adze egɔmee, eye míadzi ha la ahatsɔ susu aɖo gɔmesese si le hagbeawo ŋu dzi. Mina míaƒe hadzidziwo naɖe seselelãme si nɔ hakpala la si afia, esi wòŋlɔ bena: “Makafu Yehowa tso dzi blibo me le dzime dzɔdzɔe tɔwo ƒe adaŋu me kple amehawo dome.” (Psalmo 111:1) Ẽ, kafukafuhawo dzidzi na Yehowa nye susu vevi aɖe si ta míadi be míaɖo kpekpeawo kaba ahanɔ anyi vaseɖe esime woakpã.

8. Biblia me kpɔɖeŋu kae ɖee fia be, edze be míaɖo to gbe siwo wodona ɖa le míaƒe kpekpewo me tso dzi blibo me?

8 Nu bubu si gadea asixɔxɔ míaƒe kpekpeawo katã ŋu le gbɔgbɔ mee nye, gbe si wodona ɖa tso dzime ɖe vavalawo ta. Ɣeaɖeɣi la, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒo ƒu ɖekae le Yerusalem, eye “wokɔ woƒe gbe dzi na Mawu kple tame ɖeka” hedo gbe ɖa vevie. Esia wɔe be wote ŋu yi edzi ‘gblɔ mawunya la kple dzideƒo,’ togbɔ be wonɔ wo yome tim hã. (Dɔwɔwɔwo 4:24-31) Ðe wòanya wɔ be kpekpe sia me nɔla aɖe naɖe mɔ eƒe susu nanɔ tsaglãla tsam esime wonɔ gbea dom ɖa? Ao, ke boŋ wodo gbe ɖa “kple tame ɖeka.” Gbe siwo wodona ɖa le míaƒe kpekpewo me ɖea vavalawo katã ƒe seselelãme gblɔna. Ele be míaɖo to gbedodoɖa siawo tso dzi blibo me.

9. Aleke míate ŋu ade bubu míaƒe ƒuƒoƒowo ŋu to míaƒe awudodowo kple nuwɔnawo dzi?

9 Gakpe ɖe eŋu la, míate ŋu aɖe alesi gbegbe míebua míaƒe ƒuƒoƒowo nu kɔkɔewoe afia to míaƒe awudodo dzi. Míaƒe dzedzeme, le alesi míedoa awui kple alesi míetrɔa asi le míaƒe taɖawo ŋui me, ate ŋu ana bubu nanɔ míaƒe kpekpewo ŋu geɖe wu. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu mí be: “Mele didim bena, ŋutsu nado gbe ɖa le afisiafi, eye woado asi kɔkɔewo ɖe dzi, dɔmedzoe kple ɖikeke aɖeke manɔmee. Nenema ke nyɔnuwo nado awu ɖe nɔnɔme nyui me, eye woawɔ leke na wo ɖokui le ŋukpekpe kple ɖokuidziɖuɖu me; menye kple ɖaƒoƒo vivivo kple sika alo adzagbawo alo awu xɔasi dodo o, ke nusi dze nyɔnu, siwo ʋua Mawu ƒe subɔsubɔ me.” (Timoteo I, 2:8-10) Ne míede takpekpe gã, siwo wowɔna le agbadɔwo gɔme le gbadzaƒewo la, míaƒe nudodowo ate ŋu asɔ ɖe yamenutoame ƒe nɔnɔmewo nu, gake ele kokoko be, wòanɔ nɔnɔme si ade bubu kpekpea ŋu me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, bubudede wɔnaawo ŋu ana be, míaƒo asa na nuɖuɖu, alo aŋekpetikewo ɖuɖu le wɔnawo wɔɣi. Ne míedo awu ɖe nɔnɔme nyui me heɖea nɔnɔme nyuiwo fiana le míaƒe ƒuƒoƒo siawo me la, edea bubu Yehowa Mawu ŋu, eye wògadea bubu tadedeagu si míetsɔna nɛ, kple mía hati tadeagulawo hã ŋu.

Nɔnɔme si Dze na Mawu ƒe Aƒemetɔwo

10. Aleke apostolo Paulo ɖee fiae be, ehiã be míanɔ agbe ɖe dzidzenu kɔkɔwo nu le míaƒe Kristotɔwo ƒe kpekpewo me?

10 Le Korintotɔwo ƒe agbalẽ gbãtɔ ƒe ta 14 lia me la, apostolo Paulo ɖo aɖaŋu si me nunya le le alesi míawɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewoe ŋu. Eƒo eƒe aɖaŋuɖoɖoa ta be: “Mina woawɔ nuwo katã, alesi dze ɖe eteƒeteƒe.” (Korintotɔwo I, 14:40) Míaƒe kpekpewo nye ɖoɖo siwo le Kristo-hamea me la ƒe akpa vevi aɖe, eye ebia be, míaɖe nɔnɔme siwo dze na Yehowa ƒe aƒemetɔwo la afia le teƒe siawo.

11, 12. (a) Nuka gɔmee wòle be míana ɖevi siwo dea míaƒe kpekpewo nase nyuie? (b) Mɔ nyui ka dzie ɖeviwo ate ŋu ato aʋu woƒe xɔse me le míaƒe kpekpewo me?

11 Ehiã vevie le ɖeviwo koŋ gome be woafia wo alesi woawɔ nusi dze hesɔ le míaƒe kpekpewo me. Ele na dzila Kristotɔwo be woana wo viwo nase egɔme nyuie be menye fefeƒee Fiaɖuƒe Akpata me kple Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒewo nye o. Ke boŋ wonye teƒe siwo míedea ta agu na Yehowa hesrɔ̃a eƒe Nya la le. Fia nyanu Salomo ŋlɔ bena: “Ne èyina ɖe wò Mawu ƒe me la, kpɔ wò afɔ dzi; eye [yi be nàse nya].” (Nyagblɔla 4:17) Mose fia Israel-viwo be woaƒo ƒu ɖekae, tsitsiawo kple “ɖeviwo” siaa. Egblɔ be: ‘Ƒo dukɔ la nu ƒu, ne woasee, eye woasrɔ̃e, woavɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, eye woalé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi. Eye wo vi, siwo mele naneke nyam haɖe o la, nasee, ne woanya alesi woavɔ̃ Yehowa.’—Mose V, 31:12, 13.

12 Nenema ke egbea la, susu vevi si ta ɖeviwo dea kpekpeawo kple wo dzilawoe nye be, woase nya ahasrɔ̃ nu. Ne ɖeviawo ate ŋu aɖo to, eye woate ŋu ase Biblia me gɔmedzenufiafia veviwo gɔme ko la, woawo hã woate ŋu ‘aʋu’ woƒe xɔse me to gomekpɔkpɔ le nyaŋuɖoɖo kpuiwo me. (Romatɔwo 10:10) Ðevi sue ate ŋu azã nya ʋɛ aɖewo atsɔ aɖo nyabiase siwo gɔme wòse la ŋu. Ðewohĩ gbã la, anɔ nyaŋuɖoɖoawo xlẽm tẽ le agbalẽa me, gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, adze agbagba atsɔ eya ŋutɔ ƒe nyagbewo aɖo nyabiaseawo ŋui. Esia aɖe vi na ɖevia ahado dzidzɔ nɛ, eye eƒe xɔsemeʋuʋu faa alea ado dzidzɔ na ame tsitsi siwo va kpekpea. Zi geɖe la, dzilawoe ɖoa kpɔɖeŋu le go sia me to woa ŋutɔwo ƒe nyaŋuɖoɖo me. Ne anya wɔ la, anyo be Biblia, hadzigbalẽ, kple agbalẽ si srɔ̃m míele nanɔ ɖeviawo ŋutɔ si. Ele be woafia wo alesi woalé be na agbalẽ siawoe. Míato esiawo katã wɔwɔ me amla mía viwo ahana wòade dzi gbɔ na wo be míaƒe kpekpeawo nye ƒuƒoƒo kɔkɔewo.

13. Nukae nye míaƒe didi ku ɖe amesiwo vaa míaƒe kpekpeawo zi gbãtɔ ŋu?

13 Enye nyateƒe be, míadi be míaƒe kpekpewo nanɔ abe Kristodukɔa ƒe sɔlemewɔnawo ene o. Sɔlemewɔna siawo dometɔ aɖewo nɔna miɔɔ, eye amesiwo kpɔa gome le wɔna mawo me bua wo ɖokui ame kɔkɔewoe akpa, eye sɔlemeha bubuwo hã ƒe wɔnawo nyea toɣliɖeɖenuwɔna, siwo sɔ kple fefewɔƒe, afisiwo wodzia rock-hawo le la tɔ. Míedi be kpekpe siwo míewɔna le míaƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me nanye esiwo dzroa ame, siwo me woɖea vividoɖeameŋu fiana le, gake mele be wòagbɔ eme ahade sɔsɔ ge kple hadomedzidzɔkpɔƒewo o. Esi wònye be míekpea ta hena tadedeagu na Yehowa ta la, ele be míade bubu míaƒe kpekpeawo ŋu ɣesiaɣi. Míaƒe didie nye be ne amesiwo va zi gbãtɔ eye wose nuƒoawo hekpɔ mía kple mía viwo ƒe nɔnɔme nyuiwo la, woagblɔ be: “Mawu le mia dome vavã.”—Korintotɔwo I, 14:25.

Nusi Míewɔna Ðaa le Míaƒe Tadedeagu Me

14, 15. (a) Aleke míate ŋu aƒo asa na ‘mía Mawu ƒe aƒe la gbegblẽ ɖi’? (b) Aleke Yesaya 66:23 me nyawo le eme vam fifiae?

14 Abe alesi míegblɔe do ŋgɔ ene la, Yehowa le amewo nu ƒom ƒu eye wòle dzidzɔ dom na wo le eƒe “gbedoxɔ,” alo eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔa me. (Yesaya 56:7) Ŋutsu wɔnuteƒe Nexemya ɖo ŋku edzi na ehati Yudatɔwo be, woade bubu si dze gbedoxɔ si wotu kple asi ɣemaɣi la ŋu to ŋutilãmekpekpeɖeŋu nana me. Egblɔ be: “[Mele be] míagblẽ mía Mawu ƒe aƒe la ɖi o.” (Nexemya 10:40) Gawu la, mele be míagbe wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe mía kpekpe be míava de ta agu na ye le yeƒe “gbedoxɔ” me la dzi o.

15 Esime Yesaya nɔ gbe tem ɖe kpekpewo dede edziedzi hena tadedeagu na Yehowa ƒe vevienyenye dzi la, egblɔ ɖi be: “[Ava eme], ne dzinu yeye sia dzinu yeye kple dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe ɖo la, ŋutilãwo katã ava ado gbe ɖa le ŋkunye me, Yehowa ye gblɔe!” (Yesaya 66:23) Esia le eme vam egbea. Kristotɔ ɖeadzɔgbewo va ƒoa ƒu ɖekae edziedzi hena tadedeagu na Yehowa kwasiɖa sia kwasiɖa le ɣleti sia ɣleti me. Nusiwo wowɔna le tadedeagu na Yehowa me dometɔ aɖewoe nye, Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gomekpɔkpɔ le dutoƒosubɔsubɔdɔa me. Amesiwo ‘va doa gbe ɖa le Yehowa ŋkume’ edziedzi la dometɔ ɖekae nènyea?

16. Nukatae wòle be míana kpekpeawo dede edziedzi nanye nusi míanɔ wɔwɔm ɖaa le míaƒe agbe me fifia?

16 Yesaya 66:23 me nyawo ava eme bliboe le Yehowa subɔlawo ƒe agbenɔnɔ me, le xexe yeye, si ƒe ŋugbe wòdo la me. Le ɣemaɣi la, “ŋutilãwo katã ava do gbe ɖa” alo ade ta agu ŋutɔŋutɔ kwasiɖa sia kwasiɖa kple ɣleti sia ɣleti le Yehowa ŋkume, heyi ɖe mavɔmavɔ me. Esi wònye be kpekpe ɖekae hena tadedeagu na Yehowa anye nusi míawɔ ɖaa le míaƒe tadedeagu me ta la, ɖe manyo be míana míaƒe ƒuƒoƒe kɔkɔewo dede edziedzi nanye nusi míayi edzi anɔ wɔwɔm ɖaa le míaƒe agbe me fifia oa?

17. Nukatae wòhiã be míade míaƒe kpekpeawo ‘geɖe wu zi alesi míekpɔ bena, ŋkeke la le ɖoɖom’?

17 Esi nuwuwua le aƒe tum ta la, ele be míaɖoe kplikpaa fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe be míanɔ gome kpɔm le míaƒe Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo siwo me míedea ta agu na Yehowa le la me. Esi míebua míaƒe kpekpewo be wole kɔkɔe ta la, míeɖea mɔ dɔwɔɖui, sukudɔdasi loo alo fiẽsukuwo dede, xea mɔ na mí míedoa kpo ƒuƒoƒo edziedzi kple míaƒe haxɔsetɔwo o. Míehiã ŋusẽdodo si míekpɔna tsoa hadede ɖekae me. Míaƒe kpekpewo naa mɔnukpɔkpɔ mí be, míanya mía nɔewo nyuie, ade dzi ƒo na mía nɔewo, eye míado ŋusẽ mía nɔewo le ‘lɔlɔ̃ kple dɔ nyuiwo’ wɔwɔ me. Ele be “míawɔ esia geɖe wu, zi alesi [míekpɔ] bena, ŋkeke la le ɖoɖom la.” (Hebritɔwo 10:24, 25) Eyata mina míayi edzi anɔ bubu si dze dem míaƒe ƒuƒoƒo kɔkɔeawo ŋu, to kpekpewo dede edziedzi, awudodo ɖe nɔnɔme nyui me, kple to nɔnɔme nyuiwo ɖeɖe fia me. Ne míeyi edzi alea la, míanɔ eɖem fia be Yehowa ƒe nukpɔsusu le nu kɔkɔewo ŋu le mía si.

Numetoto

• Nukae ɖenɛ fiana be ele be Yehowa ƒe amewo ƒe ƒuƒoƒowo nanɔ kɔkɔe?

• Ðoɖo kawoe yia edzi le míaƒe kpekpeawo me, siwo ɖenɛ fiana be, ƒuƒoƒo kɔkɔewoe wonye?

• Aleke ɖeviwo ate ŋu aɖee afia be, yewobua míaƒe kpekpeawo nu kɔkɔewoe?

• Nukatae wòle be míana kpekpeawo dede edziedzi nanye nusi míanɔ wɔwɔm ɖaa le míaƒe agbe me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Kpekpe siwo míewɔna hena tadedeagu na Yehowa nye ƒuƒoƒo kɔkɔewo, eɖanye afikae míewɔ wo le o

[Nɔnɔmetata si le axa 31]

Mía vi suewo dea kpekpeawo be woase nya ahasrɔ̃ nu