Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Eŋutinunyalawo” ƒe Dodo Kple Woƒe Kpododonu

“Eŋutinunyalawo” ƒe Dodo Kple Woƒe Kpododonu

“Eŋutinunyalawo” ƒe Dodo Kple Woƒe Kpododonu

LE EGBEXEXEA me la, amesiwo zãa kɔmpiuta ate ŋu adi “vihehe ŋuti ɖaŋuɖoɖowo” le Internet dzi, eye enumake woake ɖe eŋutinyatakaka miliɔn 26 sɔŋ ŋu. Ne miniti ɖeka pɛ koe nète ŋu tsɔ xlẽ nyatakaka siawo dometɔ ɖesiaɖe hã la, viwòa atsi asɔ ta kpli wò ahanɔ eɖokui si hafi nàwu nyatakaka siawo katã xexlẽ nu.

Do ŋgɔ na ɖeviwo ƒe lãmesẽnyawo ŋuti nunyalawo, susu ŋuti nunyalawo, kple Internet ƒe ɣeyiɣia la, afikae dzilawo xɔa aɖaŋuɖoɖo tsonae? Zi geɖe la, wotrɔna ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu. Vidadawo, vifofowo, tasiwo, kple tɔgãwo nɔa klalo te ŋu nana mɔfiamewo, kple gakpekpeɖeŋuwo, eye wonana kpekpeɖeŋu le vidzĩwo gbɔ kpɔkpɔ hã me. Gake le dukɔ geɖe me la, amewo ƒe ʋuʋu tso woƒe nutowo me yi dugãwo me wɔe be ƒomekadodo mawo me tso keŋkeŋ kloe. Eyata nusi dzɔna egbeae nye be, vidadawo kple vifofowo ŋutɔ koe dzea ŋgɔ dzilanyenye ƒe agbanɔamedziwo.

Ðikeke mele eme o be, esiae nye susu siwo tae vidzikpɔdɔwɔƒewo va le agbɔ sɔm le míaƒe ɣeyiɣi siawo me la dometɔ ɖeka. Susu bubue nye alesi ame geɖewo va le ŋu ɖom ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋui. Kaka ƒe 1800-awo ƒe nuwuwu naɖo la, Amerikatɔwo te edzixɔxɔse be, dzɔdzɔmeŋutinunya ate ŋu ana amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi le go sia go me. Ke ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu akpɔ ɖeviwo hehe ŋuti nyawo hã gbɔ oa? Eyata esi Amerika Dukɔa me Vidadawo ƒe Habɔbɔ fa konyi le “dzilawo ƒe kpododonu le wo viwo hehe me” ŋu le ƒe 1899 me la, enumake dzɔdzɔmeŋutinunyala gbogbo aɖewo, siwo ɖoa aɖaŋu le ɖeviwo ƒe nyawo gbɔ kpɔkpɔ me la do. Wodo ŋugbe be, yewoakpe ɖe vidada kple vifofo, siwo mele dzidzedze kpɔm le wo viwo hehe me o la ŋu.

Vihehe to Agbalẽ Dzi

Azɔ nukae ɖeviwo hehe ŋuti nunyalawo te ŋu wɔ? Ðe dzila siwo li egbea ƒe dzimaɖitsitsiwo dzi ɖe kpɔtɔ eye wosu te na wo viwo hehe nyuie wu dzila siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ mea? Numekuku si wowɔ nyitsɔ laa le Britain (Angleterre), ɖee fia be mele nenema o. Numekukua ɖee fia be, dzila siwo si ɖevi suewo le dometɔ 35 le alafa me gakpɔtɔ le aɖaŋuɖoɖo siwo dzi woate ŋu aka ɖo dim. Ame aɖewo kpɔe be, naneke meli yewoawɔ wu be yewoakpe akɔ kple ɖeviwo hehe ƒe agbanɔamedzia le yewo ɖokui si o.

Agbalẽŋlɔla Ann Hulbert do afɔ na ɖeviwo hehe ŋuti ɖaŋuɖoɖo vovovo siwo ŋuti woŋlɔ nu tsoe kpɔ heŋlɔ nusiwo ŋu wòke ɖo ɖe eƒe agbalẽ si nye Raising America: Experts, Parents, and a Century of Advice About Children me. Aƒenɔ Hulbert, si ŋutɔ nye vidada si si vi eve le, gblɔ be vihehe ŋuti nunyalawo ƒe aɖaŋuɖoɖo ʋɛ aɖewo koe wotu ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya vavã dzi. Le nyateƒe me la, le aɖaŋuɖola siawo dometɔ akpa gãtɔ gome la, nusiwo me woa ŋutɔwo to le agbe mee kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe aɖaŋuɖoɖoawo dzi, ke menye nyatakaka siwo ŋu kpeɖodzi le ye o. Ŋkuléle ɖe nusiwo dzɔ va yi ŋu ɖee fia be, edze abe nusiwo amesiawo ŋlɔ ƒe akpa gãtɔ meɖɔ ʋu o, wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu, eye wonye aɖaŋuɖoɖo manyatalenuwo ene.

Ke nɔnɔme ka mee nusia kplɔ dzilawo de egbea? Le nyateƒe me la, wo dometɔ geɖe tɔtɔ, eye ele na wo be woawɔ tiatia le aɖaŋuɖoɖo, nukpɔsusu, kple susu vovovo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu egbea la me wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Gake menye dzilawo katãe menya afisi woatrɔ ɖo hena aɖaŋuɖoɖo o. Le xexeame godoo la, dzila gbogbo aɖewo ke ɖe nunyatsoƒe aɖe, si li tso blema ke, si ƒe aɖaŋuɖoɖowo ŋu kakaɖedzi le la ŋu, abe alesi nyati si gbɔna aɖee fia ene.