Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Amesi Bua Mokaname La, Adze Nunya”

“Amesi Bua Mokaname La, Adze Nunya”

“Amesi Bua Mokaname La, Adze Nunya”

LODODOWO 23:12 gblɔ be: “Trɔ wò dzi ɖe amehehe ŋu kple wò to ɖe sidzedze ƒe nyawo ŋu.” Nya “amehehe” si wozã le afisia ku ɖe ɖokuimamla kple mokaname si míexɔna tso ame bubuwo gbɔ ŋu. Hafi ame aɖe nana hehe sia la, ele be wòanya nusi ŋu wòle hehea na ge le kple alesi wòle be wòanae. Eyata ‘sidzedze ƒe nya’ si ŋu kakaɖedzi le hiã le amehehe me.

Nya siwo me nunya le dometɔ geɖe le Biblia-gbalẽ si nye Lododowo me. Lododo siwo le eme la li “ne woadze nunya kple amehehe, . . . ne woaxɔ amehehe, si fiaa gɔmesese ame, dzɔdzɔenyenye, nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ.” (Lododowo 1:1-3) Ne ‘míetrɔ míaƒe to’ ɖe wo ŋu la, míadze nunya. Lododowo ta 15 na nuxlɔ̃ame nyuiwo ku ɖe dziku nu léle, míaƒe aɖe zazã, kple nu fiafia amewo ŋu. Mina míadzro ta ma ƒe kpukpui aɖewo me akpɔ.

Nukae “Tsia Dziku Nu”?

Esi blema Israel-fia Salomo nɔ alesi nya si wogblɔ nana dziku nu fana alo flana ɖɔm la, egblɔ be: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.” (Lododowo 15:1) Wogblɔna be ame do “dziku” ne mekpɔ dzidzɔ ɖe nane si wowɔ ŋu kura o. Wogblɔna be ame do “dɔmedzoe” ne ekpɔ dziku heliheli, si nu menya léna o. Aleke lododo sia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ nu kple amesi do dziku alo alé mía ŋutɔwo tɔ nu?

Gbedaɖeamegbɔ ate ŋu ana ame ƒe dziku nu nafla. Gake zi geɖe la, nyaŋuɖoɖo fafɛ nana ame ƒe dzi fana. Ke hã, menye ɣesiaɣie wònɔa bɔbɔe be míatsɔ gbe ɖɔɖɔe aƒo nu na amesi do dziku o. Gake anyo be míadze agbagba anya nusita amea do dziku ɖo. Biblia gblɔ be: “Amesi gbɔa dzi blewu la, nunyalae, eye bubu wònye nɛ, nenye be, eɖe kɔ ɖa le dzidada ŋu.” (Lododowo 19:11) Ðe wòanye be esi amea meka ɖe eɖokui dzi o alo susui be wometsɔ ɖeke le eme na ye o tae wòdo dziku ɖoa? Ðewohĩ menye nya si míegblɔ alo nusi míewɔ tae amea do dziku ɖo ŋutɔŋutɔ o. Ðe menye alakpanya siwo wogblɔ na aƒemenɔlawo tso mía ŋu, alo nukpɔsusu totro siwo le wo si, tae wo dometɔ geɖe tsɔa dziku ɖoa nya ŋu na mí le gbeadzi oa? Ðe wòle be míana wòave mí eye míaɖo eŋu dzikutɔea? Ne míenya nusita ame aɖe do dziku ɖo o hã la, eŋu ɖoɖo nɛ dzikutɔe afia be míeɖua mía ɖokui dzi o. Mina míatsri nya ŋu ɖoɖo dzikutɔe.

Aɖaŋu si woɖo be míagaɖo nya ŋu le dziku me o ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míalé mía ŋutɔwo míaƒe dziku hã nu. Míewɔa aɖaŋuɖoɖo sia dzi ne míeɖea míaƒe seselelãmewo fiana le mɔ si maɖe fu na amewo o nu. Ne míele nu ƒom na míaƒe ƒometɔwo la, le esi míada gbe ɖe wo gbɔ alo azã dzugbewo teƒe la, míate ŋu adze agbagba atsɔ gbe ɖɔɖɔe aƒo nui. Zi geɖe la, ne wodzu ame aɖe la, eya hã dina be yeadzu amea ɖe eteƒe. Míaƒe seselelãmewo ɖeɖe gblɔ tufafatɔe medzena abe mokaname ene o, eye ate ŋu ana amea nawɔ ɖɔɖɔɖo.

“Nunyala ƒe Aɖe Hea Sidzedze Vɛ

Ehiã be míamlã mía ɖokui le alesi míeƒoa nui kple nya siwo míegblɔna siaa me. Salomo gblɔ be: “Nunyala ƒe aɖe hea sidzedze vɛ; ke bometsitsi doa go tso bometsila nu gbẽgbẽgbẽ.” (Lododowo 15:2) Ne míedi vevie be míakpe ɖe amewo ŋu, eye míeƒoa nu tso Mawu ƒe tameɖoɖo kple eƒe ɖoɖo nyuiawo ŋuti la, ɖe menye ‘sidzedzee ma hem’ míele yina na wo oa? Bometsila mete ŋu wɔa nusia o, elabena menya naneke o.

Hafi Salomo, nana mɔfiame bubuwo tso aɖe la zazã ŋu la, egblɔ ŋkubiãnya aɖe. “Yehowa ƒe ŋku le vɔ̃ kple nyui ŋu le afiawo katã.” (Lododowo 15:3) Ele be dzi nadzɔ mí ɖe nya sia ŋu elabena woka ɖe edzi na mí be: “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (Kronika II, 16:9) Ne míele nu nyui wɔm la, Mawu nyana. Ekpɔa amesiwo le nu gbegblẽ wɔm hã, eye abia akɔnta tso wo si.

Salomo yi edzi gblɔ viɖe si le gbe ɖɔɖɔe tsɔtsɔ ƒo nui ŋu, be: “Aɖe fafɛ enye agbeti; ke ne alakpa le eŋu la, enye abidede dzi ŋu.” (Lododowo 15:4) “Agbeti” ate ŋu ayɔ dɔ ame, eye ate ŋu ana nunyiame hã. (Nyaɖeɖefia 22:2) Gbe fafɛ si nunyala tsɔ ƒoa nui nana eƒe nyawo dea dzi ƒo na amesiwo senɛ. Enana eƒe nyaselawo ƒe nɔnɔme nyuiwo dzena. Gake alakpadada alo nya tɔamewo gbɔgblɔ nana ame ƒe dzi gbãna.

Xɔ Amehehe eye ‘Nàkaka Sidzedze’

Fia nyanua yi edzi gblɔ be: “Bometsila doa vlo fofoa ƒe amehehe, ke amesi bua mokaname la, adze nunya.” (Lododowo 15:5) Aleke ame awɔ ‘abu mokaname’ ne mexɔe o? Ðe mawunyakpukpui sia mefia be ele be woaka mo na ame ne ehiã oa? Le ƒomea me la, dzilawo—vevietɔ vifofoa—ƒe agbae wònye be woana hehe, eye ɖeviwo ƒe agbae wònye be woaxɔe. (Efesotɔwo 6:1-3) Ke hã, Yehowa subɔlawo katã xɔa hehe le mɔ aɖe nu godoo. Hebritɔwo 12:6 gblɔ be: “Amesi ke Aƒetɔ [Yehowa] . . . lɔ̃na la, eya wòhea to na, eye wòƒoa vi sia vi, si wòxɔna la, kple atam.” Alesi míewɔa nui ɖe amehehe ŋu la ɖenɛ fiana ne nunyalawo alo bometsilawoe míenye.

Salomo gatsɔ ameƒomevi eve sɔ kple wo nɔewo ale: “Nunyalawo ƒe nuyiwo le [sidzedze kakam]; ke bometsila ƒe dzi metoa mɔ ɖeka o.” (Lododowo 15:7) Be woakaka sidzedze sɔ kple nuku wuwu. Le blema la, agbledela meƒãa eƒe nukuwo katã le ɣeyiɣi ɖeka me o. Eƒãa wo vivivi le ɣeyiɣi vovovowo me. Nenema kee wòle le sidzedze hã gome. Le kpɔɖeŋu me, ne míedo go ame aɖe le gbeadzi la, manyo be míalɔ Biblia me sidzedzea katã akɔ ɖe edzi gbeɖeka o. Nunyala mlaa eɖokui le nuƒoƒo me. Edzroa Biblia me nyateƒeawo me ɖekaɖeka kple amea le tɔtrɔyi ɖesiaɖe me, hedzroa bubuwo me kplii vivivi le alesi amea xɔ nyae nu. Aleae míaƒe Kpɔɖeŋuɖola Yesu Kristo wɔ na Samaria-nyɔnu si wòɖo dze kple.—Yohanes 4:7-26.

Be míakaka sidzedze bia be míagblɔ nya siwo atu ame ɖo ahaɖe vi. Nuŋububu nyui hiã hafi míate ŋu agblɔ nya siwo aɖe vi. Eyatae “ame dzɔdzɔe ƒe dzi bua tame, ne wòaɖo nya ŋu.” (Lododowo 15:28) Ele vevie ŋutɔ be míaƒe nyawo nanɔ abe tsidzadza si naa anyigba bɔbɔna heɖea vi ene, ke menye abe tɔɖɔɖɔ si kplɔa nusianu dzonae le eƒe mɔ dzi la ene o!

‘Anyinɔnɔ Kɔkɔe’

Le nyateƒe me la, nunya le eme be míakaka sidzedze si ku ɖe Yehowa kple eƒe tameɖoɖo ŋu, eye míatsɔ “kafukafuvɔsa” ana eyama to míaƒe “nuyi” dzi. (Hebritɔwo 13:15) Gake hafi míaƒe vɔsa nadze Yehowa ŋu la, ele be ‘míanɔ kɔkɔe le míaƒe anyinɔnɔ katã me.’ (Petro I, 1:14-16) Salomo do lo eve siwo ku ɖe nusiwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ŋuti tsɔ ɖe nyateƒenya sia fia. Egblɔ be: “Ame vɔ̃ɖiwo ƒe vɔsa enye ŋunyɔ na Yehowa; ke nuteƒewɔlawo ƒe gbedodoɖa dzea eŋu. Ame vɔ̃ɖiwo ƒe zɔzɔme enye ŋunyɔ na Yehowa; ke elɔ̃a amesi tia dzɔdzɔenyenye yome.”Lododowo 15:8, 9.

Aleke amesiwo tra le agbemɔa dzi la bua mokanamee, eye nukae adzɔ ɖe wo dzi? (Mateo 7:13, 14) “Tohehe vɔ̃ɖi enye amesi gblẽ mɔ dzɔdzɔe ɖi la tɔ; amesi lé fu mokaname la, aku.” (Lododowo 15:10) Le esi teƒe be amesiwo le afɔ baɖa aɖe ɖem la nalɔ̃ axɔ aɖaŋuɖoɖo tso amesiwo xɔa ŋgɔ le Kristo-hamea me gbɔ eye woatrɔ dzime vavã la, wo dometɔ aɖewo tianɛ be yewoatrɔ ɖa le dzɔdzɔenyenyemɔa dzi. Bometsitsie ma!

Ke ne ame aɖe wɔa nu abe ɖe wòxɔa mokaname ene evɔ medzɔa dzi nɛ ŋutɔŋutɔ hafi o ya ɖe? Nunya mele nu wɔwɔ alea hã me o. Israel-fiaa gblɔ be: “Tsiẽƒe kple aʋlime le nuvo le Yehowa ŋku me, ʋuu keke wòahayi amegbetɔviwo ƒe dzi nye ge!” (Lododowo 15:11) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, naneke mele adzɔge ʋĩ tso Mawu gbagbe la gbɔ de tsiẽƒe nu o. Gake eya hã le nuvo le eŋku me. Enya amesiwo katã le afima kple woƒe nɔnɔmewo, eye ate ŋu afɔ wo ɖe tsitre. (Psalmo 139:8; Yohanes 5:28, 29) Ðe mele bɔbɔe ŋutɔ na Yehowa be wòanya nusi le amegbetɔ ƒe dzi me oa? Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Woklo nu le nuwo katã dzi, eye wotsi ƒeƒle le amesi gbɔ míaƒe nya le la ŋku me!” (Hebritɔwo 4:13) Woate ŋu aflu amegbetɔwo, gake womate ŋu aflu Mawu ya o.

Menye mokaname koe amesiwo gbea amehehe la léa fui o, woléa fu amesiwo kaa mo na wo hã vevie. Salomo gblɔ be: “Fewuɖula melɔ̃na be, woagbe nya na ye o.” Egblɔ nya aɖe si ɖi ema be yeatsɔ kɔ nyaa me nyuie, be: “Meyia nunyalawo gbɔ o.” (Lododowo 15:12) Mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke meli be amesia tɔgbe atrɔ eƒe nɔnɔme o!

Nukpɔsusu Nyui ƒe Ame si Nɔnɔ

Lo etɔ̃ siwo Salomo do kplɔe ɖo la katã ku ɖe dzi ŋu. Fia nyanua gblɔ tso dɔ si míaƒe seselelãmewo wɔna ɖe míaƒe mo ƒe dzedzeme dzi ŋu be: “Dzi konu nana mo kɔna; ke ne dzi le nu xam la, ekema wɔna vɔna le dzideƒo ŋu.” Lododowo 15:13.

Nukae ate ŋu ana ame naxa nu? Biblia gblɔ be: “Nuxaxa le dzi me tea ame ɖe anyi [wòléa blanui].” (Lododowo 12:25) Nukae míate ŋu awɔ be agbemekuxiwo nagagbã dzi na mí o? Le esi teƒe be míanɔ dzi tsim ɖe nusiwo ŋuti míate ŋu awɔ nu boo aɖeke le o ŋu la, míate ŋu ade ŋugble le alesi Yehowa le mía yram geɖe fifia kple nusi wòawɔ na mí le etsɔme ŋu boŋ. Esia ana míate ɖe eyama ŋu wu. Nyateƒee, tete ɖe ‘dzidzɔ Mawu’ la ŋu ahe dzidzɔ vɛ na mí godoo ne míele nu xam.—Timoteo I, 1:11.

Gawu la, nya siwo le Biblia me la faa akɔ hedoa dzidzɔ na ame ale gbegbe. Hakpala la gblɔ be dzidzɔtɔe nye amesi “[kpɔa] dzidzɔ le Yehowa ƒe se la ŋu, eye wòdea ŋugble le eƒe se la ŋu zã kple keli.” (Psalmo 1:1, 2) Ne míele nu xam kura gɔ̃ hã la, ne míexlẽa Biblia hedea ŋugble le emenyawo ŋu la, dzi aɖo mía ƒo. Subɔsubɔdɔ si Mawu de mía si la hã li. Woka ɖe edzi na mí be “amesiwo ƒã nu kple aɖatsiwo la, woaŋe nu kple aseyetsotso.”—Psalmo 126:5.

Salomo gblɔ be: “Nugɔmesela ƒe dzi dia sidzedze; ke bometsilawo ƒe nu meɖena le bometsitsi ŋu o.” (Lododowo 15:14) Lododo sia na míekpɔ vovototo gã si le nunyala ƒe aɖaŋuɖoɖo kple bometsila tɔ dome. Hafi nugɔmesela naɖo aɖaŋu na ame la, ewɔa numekuku. Eɖoa to sea nyawo nyuie ale be wòanya nu tso nya bliboa ŋu. Edzroa Ŋɔŋlɔawo me be wòakpɔ se kple gɔmeɖose siwo ku ɖe nyaa ŋu. Etua eƒe aɖaŋuɖoɖoa ɖe Mawu ƒe Nya la koŋ dzi. Gake bometsila ya meɖea fu na eɖokui be yeanya nya bliboa hafi aƒo nu o; eyata egblɔa nya sia nya si va ta me nɛ. Eyata ne míele aɖaŋuɖoɖo dim la, anyo be míate ɖe ame tsitsi nyanuwo ŋu tsɔ wu be míayi amesiwo agblɔ nya siwo asɔ ɖe míaƒe didi nu na mí la gbɔ. Ðe menyo ŋutɔ be ‘amesiwo nye nunanawo,’ amesiwo “dia sidzedze” hafi ɖoa aɖaŋu na mí la, le Kristo-hamea me oa?—Efesotɔwo 4:8.

Lododo si kplɔe ɖo gblɔ viɖe nyui aɖe si le nukpɔsusu nyui ƒe ame si nɔnɔ ŋu. Israel-fiaa gblɔ be: “Hiãtɔ ƒe ŋkekewo katã nye vɔ̃; ke dzi kpɔdzidzɔ enye aglotutu atraɖi.” (Lododowo 15:15) Yayrawo kple fukpekpewo le agbea me; ɣeaɖewoɣi míekpɔa dzidzɔ, eye ɣeaɖewoɣi hã míefaa konyi. Ne míaƒe kuxiwo ŋu koe míebuna ɣesiaɣi la, ekema konyifafa axɔ susu me na mí, eye míakpɔ dzidzɔ le agbe me gbeɖe o. Ke hã, ne míena yayra siwo míekpɔna kple mɔkpɔkpɔ si Mawu na mí xɔa míaƒe susu me la, míaŋlɔ nusiwo doa nuxaxa na mí le agbe me la be, eye míaƒe dzi adze eme. Nukpɔsusu nyui ƒe ame si nɔnɔ ana ‘míanɔ aglotutu dzi atraɖii.’

Eyata, mina míade asixɔxɔ gã aɖe amehehe ŋu. Menye míaƒe seselelãmewo, nuƒoƒo, kple nuwɔnawo me koe wòle be míana hehe mía ɖokui le o, ele be míana hehe mía ɖokui le míaƒe tamebubu hã me.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

“Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu”

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Dzilawo ƒe agbae wònye be woahe wo viwo

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

‘Nunyalawo ƒe nuyiwo le sidzedze kakam’