Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wokpɔa Dzidzɔ Ðe Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Ŋu

Wokpɔa Dzidzɔ Ðe Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Ŋu

Wokpɔa Dzidzɔ Ðe Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ Ŋu

YESU ɖo kpɔɖeŋu ɖi na Kristotɔwo katã to gbe dodo ɖa na Fofoa me be: “Menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò woawɔ.” (Luka 22:42) Mawu subɔla miliɔn geɖe siwo li egbea hã gblɔa nya mawo tɔgbe heɖea Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ ɖe Yehowa te ƒe nɔnɔme ma ke fiana. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Sukua ƒe klass 120 lia nuwula 52-awo hã le amesiawo dome. Le March 11, 2006 dzi la, sukunuwula siawo kpɔ dzidzɔ be mɔnukpɔkpɔ su yewo si hena Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le dukɔ vovovowo me, le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me.

Nukae ʋã sukunuwula siawo be woɖe mɔ be Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ naxɔ nɔƒe gbãtɔ le yewoƒe agbe me? Chris kple Leslie, siwo nye srɔ̃tɔ siwo wode dɔ asi na be woaɖawɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ le Bolivia, ɖo eŋu be: “Esi míegbe nu le mía ɖokui gbɔ ta la, míedi be míatsɔ mía ɖokui aɖo anyi na nusianu si Yehowa ƒe habɔbɔa abia tso mía si la wɔwɔ.” (Marko 8:34) Jason kple Chere, amesiwo wode dɔ asi na be woayi Albania, hã gblɔ be: “Dɔdasi ɖesiaɖe si míexɔ tso Yehowa ƒe habɔbɔa gbɔ la kple eƒe kuxie. Ke hã, míekpɔe be Yehowa dze na míaƒe ŋuɖoɖeŋu blibo.”

Dzideƒo Be Woawɔ Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu

George Smith, si nye Betel-ƒomea me tɔ, si wɔa dɔ le Nɔnɔmetata Dɔwɔƒea, do gbe ɖa tsɔ dze wɔnawo gɔmee. Stephen Lett, amesi nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha me tɔ, kple sukunuwuwu wɔnaa ƒe zimenɔla, do dzaa na vavalawo. Amewo tso dukɔ 23 me va Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe, si le Patterson, New York, be yewoakpɔ wɔna dodzidzɔname sia teƒe. Nɔviŋutsu Lett gblɔ na sukunuwulawo be wole “dɔ triakɔ aɖe” wɔ ge. Ehe susu yi “nusiwo ƒo ke ɖe to sesĩe”—abe aʋatsodzixɔsewo ene—si sukunuwulaawo anɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe ŋusẽ dzi aho ɖa la dzi. (Korintotɔwo II, 10:4, 5, NW) Ewu eƒe nya la nu be: “Dzidzɔ ka gbegbee nye si miakpɔ ne Yehowa zã mi tsɔ ho nusiwo ƒo ke ɖe to sesĩe ɖe dzianukwaretɔ siwo ŋu miake ɖo le miaƒe dɔdasia wɔwɔ me ƒe dzi me la ɖa!”

Harold Jackson, si nye amesiwo wɔa dɔ le habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe gã la dometɔ ɖeka, ƒo nu tso tanya si nye “Nu Ʋɛ Siwo Dzi Wòle Be Miaɖo Ŋkui” ŋu. Egblɔ be mele be dutanyanyuigblɔla yeyeawo naŋlɔ ‘fiaɖuƒea kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi gbãgbiagbã’ be gbeɖe o. (Mateo 6:33) Ele be wòanɔ susu me na wo be ‘lɔlɔ̃ la tua ame ɖo,’ medoa kpo nu o, eye wònye nusi le vevie hena dzidzedze kpɔkpɔ. (Korintotɔwo I, 8:1) Egblɔ be: “Mina lɔlɔ̃ nanye nusi ʋãa mi le alesi miewɔa nu ɖe amewo ŋui me.”

Emegbe, Geoffrey Jackson, amesi nye Dziɖuha la me tɔ, si subɔ abe dutanyanyuigblɔla ene tso ƒe 1979 va ɖo 2003 me, bia sukunuwulaawo be, “Wò Agbanɔamedzi Yea?” Ete gbe ɖe alesi wòle be nukpɔsusu si da sɔ ku ɖe wo ɖokui kple subɔsubɔdɔa ŋu nanɔ wo si dzi. Enye Kristotɔwo ƒe agbanɔamedzi be woawɔ dɔ vevie le nyateƒea ƒe kuwo ƒaƒã kple tsi dede wo me. Gake, be woatsi le gbɔgbɔ me nye Yehowa ƒe agbanɔamedzi, elabena “Mawue nana wotsina.” (Korintotɔwo I, 3:6-9) Nɔviŋutsu Jackson gblɔ kpee be: “Yehowa kpɔa mɔ be miana ŋusẽ nanɔ mia ŋu le gbɔgbɔ me. Gake nukae nye miaƒe agbanɔamedzi gãtɔ kekeake? Eyae nye be mialɔ̃ Yehowa eye mialɔ̃ amesiwo subɔ ge miala.”

Lawrence Bowen, si nye Gilead-sukua ƒe nufiala, ƒo nu tso tanya si nye “Minya Alesi Mianɔ Agbee” ŋu. Eɖo ŋku edzi na sukunuwulaawo be Yehowa kplɔ Israel-viwo hekpɔ wo ta le gbeadzi nukutɔe. (Mose II, 13:21, 22) Mɔ siwo dzi wòtona kplɔa mí egbea hekpɔa mía ta dometɔ ɖeka enye, to Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea, si nye “nyateƒe ƒe sɔti,” la dzi. (Timoteo I, 3:14, 15) Ele be dutanyanyuigblɔla yeyeawo naʋli nyateƒe, si fiaa mɔ ame fafawo hekpɔa wo ta, la ta.

Wallace Liverance, si nye Gilead-sukua ƒe nufiala bubu, xlɔ̃ nu sukunuwulaawo be woagaŋlɔ Mawu ƒe nya si ɖina le wo “megbe” la be o. Mawu ƒe nyaa ɖina le mía megbe le gɔmesesea nu be, wowu Biblia ŋɔŋlɔ nu ƒe alafa geɖewoe nye esia. Abe alesi alẽkplɔla nɔa alẽha megbe nɔa mɔ fiam wo ene la, Yehowa le eƒe amewo megbe hele mɔfiame nam wo to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi. (Yesaya 30:21; Mateo 24:45-47) Gilead-sukua kpe ɖe sukunuwulaawo ŋu be woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe dɔla ƒe ha sia ŋu dzi ɖe edzi. “Dɔla” la ta New World Translation of the Holy Scriptures (Les Saintes Écritures — Traduction du monde nouveau) Biblia la gɔ̃ hã. Nuƒolaa de dzi ƒo na sukunuwulaawo be: “Mizã nyatakaka xɔasiwo dzraɖoƒe sia tsɔ fia nu amewo.”—Mateo 13:52.

Yehowa ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔwɔ le Gbeadzisubɔsubɔdɔa Me

Le wɔnaa ƒe akpa si ƒe tanyae nye “Didi Vevie be Woagblɔ Nyanyuia” me la, Gilead-sukua ƒe nufiala, Mark Noumair, ƒo nu tso sukunuwulaawo ƒe nuteƒekpɔkpɔ aɖewo siwo su wo si le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me, esime wonɔ Gilead-sukua dem, la ŋu. (Romatɔwo 1:15) Gbe biabia sukunuwulaawo ɖee fia be woɖe didi vevie si le wo me be yewoaɖe gbeƒã le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me fia wòɖe dzesi nyateƒe.

Kenneth Flodin bia gbe dzikpɔla mɔzɔla etɔ̃ siwo le subɔsubɔm fifia le United States, eye esia hã gade dzi ƒo na sukunuwulaawo. Richard Keller kple Alejandro Lacayo, amesiwo wɔ subɔsubɔdɔa le Anyiehe kple Titina Amerika tsã la, gblɔ alesi wote ŋu nɔ te ɖe dodokpɔ vovovowo nu, kple yayra siwo wokpɔ esime wonɔ subɔsubɔm abe dutanyanyuigblɔlawo ene. Moacir Felisbino gblɔ hehe si wòxɔ esime wònɔ subɔsubɔdɔa wɔm aduadu kple dutanyanyuigblɔlawo le Brazil, afisi wòtsi le.

David Schafer bia gbe dutanyanyuigblɔla kpɔnuteƒe etɔ̃, siwo nye Robert Jones, Woodworth Mills, kple Christopher Slay. Nɔviŋutsu etɔ̃ siawo gblɔ alesi wosrɔ̃ kaka ɖe Yehowa dzi le woƒe nuwɔnawo me le nɔnɔme sesẽwo me. Wona kakaɖedzi sukunulaawo be hehe si Yehowa ƒe habɔbɔa na yewo la dzra yewo ɖo nyuie ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu, eye be akpe ɖe woawo hã ŋu. Nɔviŋutsu Mills ƒo eta alea: “Menye Gilead-sukua ƒe agbalẽmenunya koŋue kpe ɖe ŋunye o, ke boŋ nusi mesrɔ̃ le sukua ku ɖe ɖokuibɔbɔ kple lɔlɔ̃ ŋue.”

Guy Pierce, si nye Dziɖuha la me tɔ, ƒo nuƒo vevitɔ si nye “Yehowa Mado Kpo Nu Gbeɖe O.” Adam do kpo nu, gake ɖe ema fia be Mawu hã do kpo nua? Ðe Mawu mete ŋu wɔ Adam wòde blibo o, abe alesi ame aɖewo gblɔnɛ enea? Gbeɖe, elabena ‘Mawu vavã la wɔ amegbetɔwo nyuie alesi dze.’ (Nyagblɔla 7:29) Nuƒolaa gblɔ be, Yesu ƒe nuteƒewɔwɔ le dodokpɔ sesẽtɔ kekeake me le anyigba dzi ɖo kpe edzi be, “Adam mate ŋu ado taflatse aɖeke, be susu si kple ekemɛ tae yedo kpo nu ɖo o.” Toɖoɖo ƒe dodokpɔ si dze ŋgɔ Adam le Eden-bɔa me nɔ bɔbɔe kura wu dodokpɔ si Yesu kpe akɔ kple dzidzedzetɔe. Ke hã, Adam do kpo nu. Gake Yehowa ya mado kpo nu gbeɖe o. Eƒe tameɖoɖowo ava eme. (Yesaya 55:11) Nɔviŋutsu Pierce gblɔ na dutanyanyuigblɔla yeyeawo be: “Mɔnukpɔkpɔ su mia si be miade bubu Yehowa ŋu to miaƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ la dzi. Yehowa nenɔ anyi kple mia dometɔ ɖesiaɖe le afisiafi si miasubɔ eyama le abe dutanyanyuigblɔlawo ene.”

Esi zimenɔla, Nɔviŋutsu Lett, xlẽ gbedonamenya siwo tso Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe vovovowo gbɔ vɔ la, etsɔ sukunuwulawo ƒe ɖaseɖigbalẽ kple woƒe dɔdasiwo na wo. Vernon Wisegarver, amesi nye Betel-ƒomea me tɔ ɣeyiɣi didi aɖe la, nɔ vavalawo teƒe do gbe ɖa tsɔ wu sukunuwuwu ƒe wɔna la nu.

Vavala siwo ƒe xexlẽme nye 6,872 se le wo ɖokui me be sukunuwuwu wɔna la gade dzo yeye yewo me ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu. (Psalmo 40:9) Sukunuwula Andrew kple Anna gblɔ be: “Míetsɔ míaƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Míedo ŋugbe na Yehowa be míawɔ nusianu si wòabia tso mía si. Azɔ, Yehowa bia tso mía si be míayi Cameroon, Afrika.” Woa kple sukunuwula bubuawo le klalo be yewoadze dɔ si ana yewoakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme la gɔme. Le nyateƒe me la, wokpɔa dzidzɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu.

[Aɖaka si le axa 17]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKA

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 6

Dukɔ siwo me woɖo wo ɖo ƒe xexlẽme: 20

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 52

Ƒe si woxɔ le mama dedie nu: 35.7

Ƒe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 18.3

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔƒewo le mama dedie nu: 14.5

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 120 lia Nuwulawo

Ðoɖo si nu woŋlɔ ŋkɔawo ɖo le ete yi ale: Woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee, eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Wright, S.; Suárez, B.; Croisant, B.; Davenport, L. (2) Johnson, A.; Ali, C.; Cady, K.; Guerrero, P.; Ases, A. (3) Ortiz, L.; Lyall, K.; Uzeta, M.; Perez, R.; Backus, K.; Caterina, C. (4) Palmer, B.; Loving, D.; Macdonough, J.; Bostock, D.; Benetatos, L. (5) Jasicki, M.; Sarafianos, E.; Stelter, C.; Vaira, R.; Woon, J.; Prentice, K. (6) Davenport, H.; Croisant, H.; Perez, M.; Vaira, E.; Suárez, A.; Caterina, I.; Wright, C. (7) Cady, K.; Macdonough, J.; Ortiz, M.; Woon, J.; Ali, J.; Ases, M. (8) Sarafianos, G.; Lyall, D.; Uzeta, C.; Stelter, P.; Prentice, G.; Johnson, A.; Benetatos, C. (9) Palmer, J.; Jasicki, W.; Backus, J.; Bostock, S.; Guerrero, J. M.; Loving, S.