Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yayratɔwoe Nye Amesiwo Tsɔa Ŋutikɔkɔe Na Mawu

Yayratɔwoe Nye Amesiwo Tsɔa Ŋutikɔkɔe Na Mawu

Yayratɔwoe Nye Amesiwo Tsɔa Ŋutikɔkɔe Na Mawu

‘Aƒetɔ, woava de ta agu na wò, eye woade bubu wò ŋkɔ ŋu.’​—PSALMO 86:9.

1. Nukatae míete ŋu kafua Mawu le mɔ siwo de ŋgɔ sasasã wu kafukafu si nuwɔwɔ siwo me agbe mele o tsɔna nɛ nu?

YEHOWA dze na eƒe nuwɔwɔwo katã ƒe kafukafu si woatsɔ nɛ. Esime eƒe nuwɔwɔ siwo me agbe mele o kafu nɛ le ɖoɖoezizi me la, ŋutete le mí amegbetɔwo si be míabu tame, ase nu gɔme, akpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu, eye be míasu bɔ. Ekema míawoe hakpala la nɔ gbɔgblɔm na be: “Mi [anyigba dzitɔwo katã], mitso aseye na Mawu! Midzi ha na eƒe ŋkɔ ƒe bubu, eye mido kɔkɔe eƒe kafukafu la!”—Psalmo 66:1, 2.

2. Amekawoe wɔ ɖe sedede si nye be woatsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu ƒe ŋkɔ la dzi, eye nukatae?

2 Ame akpa gãtɔ gbea lɔlɔ̃ ɖe Mawu ƒe anyinɔnɔ dzi alo wogbea ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ nɛ. Gake le dukɔ 235 me la, Yehowa Ðasefo siwo wu miliɔn ade ɖenɛ fiana be yewokpɔa Mawu ƒe ‘nɔnɔme siwo womekpɔna kple ŋku o’ la kɔte to nusiwo wòwɔ dzi eye be ‘yewosea’ ɖase si ɖim nuwɔwɔwo le le ɖoɖoezizi me. (Romatɔwo 1:20; Psalmo 19:3, 4) To Biblia sɔsrɔ̃ me la, wova nyaa Yehowa eye wolɔ̃nɛ hã. Psalmo 86:9, 10 gblɔe ɖi be: “Aƒetɔ, dukɔ, siwo katã nèwɔ la, ava de ta agu na wò, eye woade bubu wò ŋkɔ ŋu. Elabena èlolo, eye nèwɔa nukunuwo; wò ɖeɖe koe nye Mawu.”

3. Aleke “ameha gã” la ‘subɔna zã kple kelii’?

3 Nenema kee Nyaɖeɖefia 7:9, 15 ƒo nu tso tadeagulawo ƒe “ameha gã” aɖe siwo le “[Mawu subɔm] zã kple keli le eƒe xɔ la me” ŋu. Menye ɖe Mawu di tso esubɔlawo si be woanɔ ye kafum atraɖii madzudzɔmadzudzɔe o, ke eƒe tadeagulawo nye xexeame godoo ƒe habɔbɔ. Eyata ne zã do le dukɔ aɖewo me la, ŋu kena le anyigba ƒe akpa bubuwo si wɔnɛ be Mawu ƒe subɔlawo yia edzi nɔa ɖase ɖim vevie. Eyata woate ŋu agblɔe be ɣe meɖoa to gbeɖe ɖe amesiwo tsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa la dzi o. Eteƒe madidi o “nusianu, si me gbɔgbɔ le” akɔ gbe dzi akafu Yehowa. (Psalmo 150:6) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, nukae mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ atsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu? Kuxi kawoe ate ŋu adze ŋgɔ mí? Eye yayra kawoe le amesiwo tsɔa ŋutikɔkɔe naa Mawu lalam? Be míaɖo nya sia ŋu la, mina míade ŋugble tso Biblia me nudzɔdzɔ aɖe si ku ɖe Israel-vi siwo tso Gad ƒe toa me ŋu la ŋuti.

Blemakuxi Aɖe

4. Kuxi kae dze ŋgɔ Gad toa?

4 Hafi Israel-viwo nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, amesiwo tso Gad ƒe toa me bia be woaɖe mɔ na yewo yewoanɔ nuto si nyo na lãnyinyi la me le Yordan-tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome. (Mose IV, 32:1-5) Afima nɔnɔ ana be woato kuxi sesẽwo me. Yordan-balia—si nye dzɔdzɔmekpoxɔnu alo takpɔkpɔ tso futɔwo ƒe amedzidzedze me—azu takpɔnu na Israel-viwo ƒe to siwo anɔ Yordan-tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒe gome. (Yosua 3:13-17) Gake The Historical Geography of the Holy Land, si George Adam Smith ŋlɔ, gblɔ le anyigbaa ƒe akpa si le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome ŋu be: “Anyigba sia le gbadzaa, eye akpoxɔnu boo aɖeke menɔ edzi le Arabia-kponyigba gã gbadza la dzi o. Esia wɔe be kponyigba gã gbadza siawo nɔ nuvo tso gbaɖegbe ʋĩ ke si na be tsatsala dɔwuitɔwo va ƒona ɖe teƒe siawo ƒe sia ƒe hena woƒe lãhawo nyinyi.”

5. Aleke Yakob de dzi ƒo na Gad-viwo be woawɔ nui ne wodze wo dzi?

5 Aleke amesiwo tso Gad ƒe toa me anɔ te ɖe fuɖename atraɖii ma nui? Ƒe alafawo do ŋgɔ la, wo tɔgbui Yakob gblɔe ɖi le eƒe kuba dzi nyagblɔɖi me be: “Gad la, adzohawo ava dze edzi; ke eya ayɔ wo ɖe nu.” (Mose I, 49:19) Ne èxlẽ nya siawo zi gbãtɔ la, eme makɔ na wò tututu o. Gake le nyateƒe me la, nya mawo nye ŋusẽdoamenyawo na Gad-viwo be woanya futɔawo ɖe enu. Yakob na kakaɖedzi wo be ne wonya amedzidzelaawo ɖe enu la, woasi adzo ŋukpetɔe.

Kuxi Siwo Míedoa Goe le Míaƒe Tadedeagu me Egbea

6, 7. Aleke nɔnɔme siwo me tom Kristotɔwo le egbea ɖi esiwo me Gad toa metɔwo to lae?

6 Egbea Kristotɔwo doa go nyaƒoɖeamenuwo kple Satana ƒe xexea ƒe fuɖenamenuwo, abe alesi wònɔ na amesiwo tso Gad ƒe toa mee ene; womekpɔa míata nukutɔe tẽ le akɔkpekpe kple kuxiawo me o. (Hiob 1:10-12) Ele be mía dometɔ geɖewo nanɔ te ɖe kuxi siwo le sukudede, agbemenuhiãhiãwo didi, kple ɖeviwo nyinyi me la nu. Lãmesẽkuxiwo alo seselelãmekuxiwo hã ɖea fu na mí. Ele na ame aɖewo be woado dzi anɔ te ɖe ‘ŋù si le woƒe ŋutilã me’ si ate ŋu anye nuwɔametɔnyenye alo dɔléle vɔ̃ɖi aɖe la nu. (Korintotɔwo II, 12:7-10) Sese le ame ɖokui me be yemeɖi naneke o hã wɔa fu ame aɖewo. Tsitsi le ƒe me ƒe “ŋkeke vɔ̃wo” ate ŋu ado kplamatse Kristotɔ tsitsiwo be womagate ŋu asubɔ Yehowa kple dzonɔameme abe tsã ene o.—Nyagblɔla 12:1.

7 Apostolo Paulo hã ɖo ŋku edzi na mí be “míele kame tem kple . . . vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me.” (Efesotɔwo 6:12) Míedzea ŋgɔ “xexeme ƒe gbɔgbɔ,” si nye aglãdzedze kple agbegbegblẽnɔnɔ ƒe gbɔgbɔ, si Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dona ɖe ŋgɔ la ɣesiaɣi. (Korintotɔwo I, 2:12; Efesotɔwo 2:2, 3) Abe alesi wòdzɔ ɖe mawuvɔ̃la Lot dzii ene la, amesiwo dome míele ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nuwɔnawo kple nyagbɔgblɔwo aɖe fu na mí. (Petro II, 2:7) Míedzea ŋgɔ Satana ƒe amedzidzedze tẽ hã. Satana ho aʋã ɖe amesiamina susɔeawo, “amesiwo léa Mawu ƒe seawo me ɖe asi, eye Yesu ƒe ɖaseɖiɖi le wo si la” ŋu. (Nyaɖeɖefia 12:17) Satana toa mɔxeɖenuwo kple yometitiwo dzi dzea Yesu ƒe ‘alẽ bubuawo’ hã dzi.—Yohanes 10:16.

Àna Ta loo alo Àkpe Akɔ Kplii?

8. Aleke wòle be míawɔ nu ɖe Satana ƒe amedzidzedzewo ŋui, eye nukatae?

8 Aleke wòle be míawɔ nu ɖe Satana ƒe amedzidzedzea ŋui? Abe alesi amesiwo tso Gad ƒe toa me le blema wɔ nui ene la, ele be míasẽ ŋu le gbɔgbɔ me eye míatsi tre ɖe Satana ŋu le Mawu ƒe mɔfiafia te. Nublanuitɔe la, agbe me nuteɖeamedziwo tsɔtsɔ va le ame aɖewo glom, eye wole aɖaba ŋem ƒu woƒe gbɔgbɔmegbanɔamedziwo dzi. (Mateo 13:20-22) Ðasefo aɖe gblɔ tsɔ ɖe nusitae kpekpevalawo ƒe agbɔsɔsɔme dzi ɖe kpɔtɔ le hamea me nui be: “Nu le nɔviawo glom. Nu ti kɔ na wo.” Nyateƒee be susu geɖewo li si ta nu tia kɔ na amewo egbea. Eyata ele bɔbɔe be woabu tadedeagu na Mawu be enye nuteɖeamedzi, alo agbanɔmedzi kpekpe bubu aɖe. Gake ɖe susu ma sɔa?

9. Aleke Kristo ƒe kɔkuti tsɔtsɔ naa gbɔdzɔe amee?

9 De ŋugble tso nya si Yesu gblɔ na ameha siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me siwo hã agbe me nuteɖeamedziwo tsɔtsɔ ti kɔ na ŋu kpɔ: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi.” Ðe Yesu ƒe nyawo le fiafiam be ame akpɔ gbɔdzɔe to eƒe Mawu subɔsubɔdɔa dzi ɖeɖe akpɔtɔ mea? Ðe Yesu nɔ gbɔgblɔm boŋ be: “Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.” Kɔkuti nye nusi wotsɔ ati alo ga wɔe si ame alo lã aɖe zãna tsɔ tsɔna agba kpekpe aɖee. Ke aleke wòanya wɔe be ame aɖe nalɔ̃ be yeatsɔ kɔkuti ma tɔgbe? ‘Agba mele míakpem’ xoxo oa? Nyateƒee, gake woagate ŋu axlẽ mawunyakpukpuia le Helagbea me be: “Ge ɖe nye kɔkutia te kplim.” Wò ya bu eŋu kpɔ ko: Yesu be yeado alɔ mí míatsɔ míaƒe agba! Míele agbaa tsɔ ge le mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me o.—Mateo 9:36; 11:28, 29; Korintotɔwo II, 4:7.

10. Viɖe kae dona tsoa míaƒe agbagbadzedzewo be míatsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu me?

10 Ne míetsɔ Yesu ƒe nusrɔ̃lanyenye ƒe kɔkutia la, Satanae ma míele avu wɔm kplii. Yakobo 4:7 do ŋugbe na mí be, “Mitsi tre ɖe Abosam ŋu, eye wòasi le mia gbɔ.” Nya sia mele fiafiam be tsitretsitsi ɖe Abosam ŋu anɔ bɔbɔe o. Mawu subɔsubɔ bia kutrikuku geɖe. (Luka 13:24) Gake Biblia do ŋugbe sia le Psalmo 126:5 be: “Amesiwo ƒã nu kple aɖatsiwo la, woaŋe nu kple aseyetsotso.” Nyateƒee, menye Mawu si mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o ye míedea ta agu na o. Enye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie,” eye wòyraa amesiwo tsɔa ŋutikɔkɔe nɛ.—Hebritɔwo 11:6.

Ŋutikɔkɔe Tsɔtsɔ Na Mawu abe Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ene

11. Aleke gbeadzisubɔsubɔdɔa nyea ametakpɔnu na mí le Satana ƒe amedzidzedzewo mee?

11 Yesu de se be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.” Gbeƒãɖeɖedɔae nye mɔ vevitɔ si dzi woato atsɔ “kafukafuvɔsa” anɔ Mawu nam. (Mateo 28:19; Hebritɔwo 13:15) Míaƒe “aʋawɔnu blibo la katã”—míaƒe ametakpɔnu le Satana ƒe amedzidzedzewo me—ƒe akpa vevi aɖee nye be míatsɔ “dzadzraɖoɖi na ŋutifafa nyanyui la bla miaƒe afɔ gɔme.” (Efesotɔwo 6:11-15) Mawu kafukafu le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me nye mɔ nyui aɖe si dzi míato ado ŋusẽ míaƒe xɔse. (Korintotɔwo II, 4:13) Ekpena ɖe mía ŋu míeɖea susu ɖa le tamesusu madeamedziwo dzi. (Filipitɔwo 4:8) Gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kple hati tadeagulawo naa míesea vivi na hadede tuameɖo.

12, 13. Aleke gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me edziedzi ate ŋu aɖe vi na ƒomewoe? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

12 Gbeƒãɖeɖedɔa hã ate ŋu anye ƒomegbenɔnɔ me nuwɔna tuameɖo aɖe. Ele eme be ɖeviwo hiã modzakaɖeɖe si da sɔ ya. Gake mele be ƒomea ƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔɣiwo nanye dɔ sesẽ tiame o. Dzilawo ate ŋu atrɔ asi le eŋu wòado dzidzɔ na ame wu to hehe nana wo viwo be woƒe nyawo nawɔ dɔ ɖe amewo dzi le subɔsubɔdɔa me. Ðe menye nyateƒe be dzi dzɔa ɖeviwo le nane wɔwɔ nyuie ta oa? Dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo viwo ŋu be dzi nadzɔ wo le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ne wowɔ nu le mɔ si da sɔ nu, eye womebia nusiwo gbɔ ɖeviawo ƒe ŋutete ŋu tso wo si o.—Mose I, 33:13, 14.

13 Gakpe ɖe eŋu la, ƒome si me tɔwo kafua Mawu ɖekae dome va nɔa kplikplikpli wu. De ŋugble tso nɔvinyɔnu aɖe si srɔ̃a dzimaxɔsetɔ gblẽ ɖi, eye vi atɔ̃ dzi kpɔkpɔ va tsi eya ɖeka dzi ŋu kpɔ. Agbanɔamedzi si nye be wòadi dɔ awɔ ahadi ŋutilãmenuhiãhiãwo na viawo va dze ŋgɔe. Ðe nu ti kɔ nɛ akpa be wòŋe aɖaba ƒu viawo ƒe gbɔgbɔmenuwo gbɔ kpɔkpɔ dzia? Egblɔ be: “Mesrɔ̃ Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo moveviɖoɖotɔe eye medze agbagba wɔ ɖe nusiwo mesrɔ̃ dzi. Mekplɔ ɖeviawo yi kpekpewo, eye míekpɔ gome le tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu dɔa me edziedzi. Nukae do tso nye agbagbadzedzeawo me? Vinye atɔ̃awo katã xɔ nyɔnyrɔ.” Gomekpɔkpɔ bliboe le subɔsubɔdɔa me ate ŋu akpe ɖe wò hã ŋu nenema ke le wò agbagbadzedzewo be nànyi viwòwo “le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.”—Efesotɔwo 6:4.

14. (a) Aleke sɔhɛwo ate ŋu atsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu le sukui? (b) Nukae ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be ‘nyanyui la makpe ŋu na wo o.’?

14 Sɔhɛwo, ne miele dukɔ siwo me se ɖe mɔ le dutoƒogbeƒãɖeɖe ŋu me la, ɖe mietsɔa ŋutikɔkɔe naa Mawu to ɖaseɖiɖi le suku mea, alo ɖe mienaa amegbetɔ vɔvɔ̃ ɖua mia dzia? (Lododowo 29:25) Ðasefo aɖe si xɔ ƒe 13, le Puerto Rico, gblɔ be: “Gbeƒãɖeɖe le suku mekpe ŋu nam kpɔ gbeɖe o, elabena menya be nyateƒeae nye esia. Mekɔa asi dzi le sukuxɔ me gblɔa nusi mesrɔ̃ le Biblia me ɣesiaɣi. Meyina sukua ƒe agbalẽdzraɖoƒe va xlẽa Young People Ask gbalẽa ne mevo vie.” * Ðe Yehowa yra ɖe eƒe agbagbadzedzewo dzia? Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, nye sukuxɔmehatiwo biam nyawo, eye wobiana tsoa asinye be madi agbalẽa ƒe ɖe vɛ na yewo.” Ne èhena ɖe megbe le ewɔwɔ alea me la, ɖewohĩ ehiã be nàdzro “nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ” to ɖokuisinusɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe me. (Romatɔwo 12:2) Ne èkpɔ kakaɖedzi be nusi yesrɔ̃e nye nyateƒea la, ‘nyanyui la makpe ŋu na wò o.’—Romatɔwo 1:16.

Subɔsubɔdɔ ƒe ‘Ʋɔtru si Ʋu Ði’

15, 16. “Ʋɔtru gã, si na dɔ geɖe” ame, ka mee Kristotɔ aɖewo ge ɖo, eye yayra kawoe wokpɔ?

15 Apostolo Paulo ŋlɔ bena woʋu “ʋɔtru gã, si na dɔ geɖe” la na ye. (Korintotɔwo I, 16:9) Ðe wò nɔnɔmewo aɖe mɔ na wò be nàdzi wò subɔsubɔdɔa ɖe edzia? Le kpɔɖeŋu me, gomekpɔkpɔ le mɔɖeɖedɔa alo kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔwɔ me, abia tso asiwò be nàzã gaƒoƒo 70 alo 50 ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu le ɣleti ɖeka me. Enye nyateƒe be Kristotɔ haxɔsetɔwo melɔ̃a nu le mɔɖelawo gbɔ o le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ nuteƒewɔwɔtɔe ta. Gake mɔɖelaawo mesena le wo ɖokui me be yewo de ŋgɔ wu yewo nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo le esi wozãa ɣeyiɣi geɖe le subɔsubɔdɔa me ta o. Ke boŋ, wotua nɔnɔme si Yesu kafu la ɖo be: “Dɔla madzemadzewo míenye; nusi le na mí be, míawɔ la, eya koe míewɔ.”—Luka 17:10.

16 Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ biaa ame ɖokui mamlã, ɖoɖo nyui wɔwɔ ɖe nuwo ŋu, kple lɔlɔ̃ faa be woatsɔ nuwo asa vɔe. Gake yayra siwo le eme la sɔ gbɔ ŋutɔ. Tamika, si nye mɔɖela sɔhɛ aɖe, gblɔ be: “Be woanye amesi te ŋu mãa nyateƒenya la me pɛpɛpɛ nyea yayra ŋutɔŋutɔ. Ne èle mɔɖeɖedɔa wɔm la, àzã Biblia edzidzi. Fifia ne mele ɖase ɖim tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu la, mete ŋu ɖoa ŋku mawunyakpukpui siwo sɔ na aƒemenɔla ɖesiaɖe la dzi.” (Timoteo II, 2:15) Mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Mica gblɔ be: “Alesi nyateƒea le ŋusẽ nyui kpɔm ɖe amewo ƒe nɔnɔme dzii la teƒe kpɔkpɔ nyea yayra wɔnuku bubu.” Nenema ke sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Matthew hã ƒo nu tso dzidzɔ si wònyena be ‘nàkpɔ ame aɖe wòava xɔ nyateƒea, la ŋu. Naneke medzɔa dzi na ame dea esia nu o.’

17. Aleke Kristotɔ aɖe wɔ ɖu alesi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ medzro nɛ kura o la dzii?

17 Èbua mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ŋua? Ðewohĩ àdi be yeawɔ mɔɖeɖedɔa gake ewɔna na wò be yemedze o. Kenyatte, si nye nɔvinyɔnu sɔhɛ aɖe, gblɔ be: “Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ medzroam kura o. Mebunɛ be nyemedze o. Nyemenya alesi wodzrana ŋgɔdonyawo ɖoe loo alo alesi wotsɔa Ŋɔŋlɔawo dzroa nya mee o.” Ke hã, hamemegãwo tsɔe de asi na nɔvinyɔnu mɔɖela bibi aɖe be wòawɔ dɔ kplii. Kenyatte gblɔ be: “Dɔwɔwɔ kple mɔɖela sia dzɔa dzi nam ŋutɔ. Esia na medi be mawɔ mɔɖeɖedɔa.” Ðewohĩ wò hã àdi be yeawɔ mɔɖeɖedɔa ne wode dzi ƒo na wò hena hehe wò.

18. Yayra kawoe amesiwo ge ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me ate ŋu akpɔ?

18 Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ate ŋu aʋu subɔsubɔdɔa ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo ɖi na wò. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃tɔ aɖewo ate ŋu adze na dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe hehe xɔxɔ si ana woaɖo wo ɖe dutanyigba aɖe dzi be woaɖae ɖe gbeƒã. Ele be dutanyanyuigblɔlawo nawɔ asitɔtrɔwo be woate ŋu anɔ dukɔ bubu me, ɖewohĩ ate ŋu anye alesi woasrɔ̃ gbegbɔgblɔ yeye aɖe, dekɔnu yeye aɖe, kple nu yeyewo ɖuɖu. Gake yayra siwo dona tsoa eme la ƒoa fuɖenamenu siawo ta sasasã. Mildred, si nye mɔɖela kpɔnuteƒe aɖe le Mexico, gblɔ be: “Mevem kpɔ be metso nya me be manye dutanyanyuigblɔla o. Enye nusi wɔwɔ dzrom tso keke esime menye nyɔnuvi sue ko ke.” Yayra kawoe wòkpɔ? “Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ nyea nu sesẽ ŋutɔ le míade dukɔ me. Gake le Mexico la, ele bɔbɔe, eye edzɔ kpɔ be nye nusrɔ̃vi ene sɔŋ dze gbeadzi dede gɔme le ɣeyiɣi ɖeka me!”

19, 20. Aleke Betel-subɔsubɔdɔ, dukɔwo dome xɔtudɔ, kple Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua he yayrawo vɛ na ame geɖee?

19 Amesiwo le dɔ wɔm le Betel le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒewo hã kpɔa yayra gbogbowo. Sven, si nye ɖekakpui aɖe si le subɔsubɔm le Germany, gblɔ tso dɔ si wòwɔna le Betel ŋu be: “Mesena le ɖokuinye me be mele nane si ŋu viɖe mavɔ le la wɔm. Anye ne mate ŋu azã nye dɔwɔɖaŋu le xexeame hafi. Gake anye ne ɖeko wòanɔ abe gadede gadzraɖoƒe aɖe si aɖu agba kpuie ene.” Nyateƒee, be woanye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla si womaxe fetu na o bia ɖokuitsɔtsɔsavɔ. Ke hã, Sven gblɔ be: “Ne miekpã eye nèɖo aƒeme la, àsee le ɖokuiwò me be Yehowae yewɔ nusianu na le ŋkeke ma dzi. Eye ema nana be ame ƒe dzi dzea eme ŋutɔ.”

20 Nɔvi aɖewo se vivi na yayra si le dukɔwo dome xɔtudɔ, si me wokpea asi ɖe alɔdzedɔwɔƒewo tutu ɖe dutanyigbawo dzi ŋu le la me. Nɔvi aɖe kple srɔ̃a siwo wɔ dɔ le dutadukɔwo me le dukɔ vovovo enyi me ŋlɔ bena: “Nɔvi siwo le afisia doa vivi ɖe ame ŋu ŋutɔ. Anye dzi gbagbã na mí be woagaɖe mí adzoe—si anye zi enyilia si ‘míagalé blanui vevie.’ Nuteƒekpɔkpɔ lédziname kae nye si su mía si!” Azɔ hã, Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasukua ƒe yayrawo li. Wotoa suku sia dzi naa gbɔgbɔmehehe nɔviŋutsu tre, siwo dze. Hehenasuku sia nuwula aɖe gblɔ be: “Nyemete ŋu kpɔ nya si tututu magblɔ atsɔ ada akpe na mi ɖe suku wɔnuku sia ta o. Habɔbɔ bubu kae gali si adze agbagba sia gbegbe le hehenana me?”

21. Kuxi kae dze ŋgɔ Kristotɔwo katã le woƒe Mawu subɔsubɔ me?

21 Nyateƒee, dɔ geɖe wɔwɔ ƒe ʋɔtruwo le ʋuʋu ɖi. Ele eme be mía dometɔ akpa gãtɔ mate ŋu awɔ dɔ le Betel alo dutanyigba aɖe dzi ya o. Yesu ŋutɔ gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be Kristotɔwo ‘atse ku’ le agbɔsɔsɔ vovovowo me le esi nɔnɔmewo to vovo ta. (Mateo 13:23) Eyata gbetɔame si dze ŋgɔ mí abe Kristotɔwo ene enye be míawɔ míatɔ sinu ade goe—akpɔ gome le Yehowa ƒe dɔa me bliboe le alesi míaƒe nɔnɔmewo aɖe mɔe nu. Ne míewɔe alea la, ke míele ŋutikɔkɔe tsɔm na Yehowa, eye míate ŋu aka ɖe edzi be ekpɔa ŋudzedze ɖe eŋu. De ŋugble le Ethel, si nye nɔvinyɔnu tsitsi aɖe, si le dɔnɔdzikpɔƒe aɖe ŋu kpɔ. Eɖea gbeƒã na ehati siwo le dɔnɔdzikpɔƒea edziedzi eye wòɖia ɖase to telefon dzi hã. Togbɔ be lãmesenyawo medea edzi o hã la, ewɔa eƒe subɔsubɔdɔa kple luʋɔ blibo.—Mateo 22:37.

22. (a) Mɔ bubu siwo nu míate ŋu atsɔ ŋutikɔkɔe na Mawu le dometɔ aɖewo ɖe? (b) Ɣeyiɣi nyui kae le míalalam?

22 Gake ɖo ŋku edzi be, gbeƒãɖeɖedɔa nye mɔ siwo dzi míetona tsɔa ŋutikɔkɔe naa Yehowa la dometɔ ɖeka ko. Míetoa míaƒe kpɔɖeŋu nyui ɖoɖo le agbenɔnɔ kple dzedzeme le dɔme, le suku, kple le aƒeme me dzi doa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Lododowo 27:11) Lododowo 28:20 do ŋugbe be: “Woayra nuteƒewɔla geɖe.” Eyata ele be ‘míaƒã nu le yayra me’ le míaƒe Mawu subɔsubɔdɔa me, esi míenya be míaxa nu hã le yayra me ta. (Korintotɔwo II, 9:6) Esia wɔwɔ ana be mɔnukpɔkpɔ nasu mía si be míanɔ agbe le ɣeyiɣi nyui ma si me “nusianu, si me gbɔgbɔ le” atsɔ ŋutikɔkɔe si Yehowa dzena ale gbegbe anɛ la me!—Psalmo 150:6.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 14 Yehowa Ðasefowoe ta agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke Mawu ƒe amewo subɔa Yehowa ‘zã kple kelii’?

• Kuxi kae dze ŋgɔ Gad toa, eye nusɔsrɔ̃ kae le eme na Kristotɔwo egbea?

• Aleke gbeadzisubɔsubɔdɔa nyea ametakpɔnu na mí le Satana ƒe amedzidzedzewo mee?

• Subɔsubɔdɔ ƒe ‘ʋɔtru si ʋu ɖi’ ka mee ame aɖewo ge ɖo, eye yayra kawoe wokpɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Abe alesi Gad-viwo wɔ avu kple adzohawoe ene la, ele be Kristotɔwo hã nakpe akɔ kple Satana ƒe amedzidzedzewo

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Míesea vivi le hadede tuameɖowo me le gbeadzi subɔsubɔdɔa me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ate ŋu aʋu subɔsubɔdɔ ƒe ʋɔtru bubuwo ɖi na mí, wo dometɔ aɖewoe nye:

1. Dukɔwo dome xɔtudɔ

2. Betel-subɔsubɔdɔ

3. Dutanyanyuigbɔgblɔdɔ