Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Miva Xɔ Na Mí’

‘Miva Xɔ Na Mí’

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

‘Miva Xɔ Na Mí’

LE JULY 2000 me la, woɖo amekpekpe aɖe ɖe Austria, Germany, kple Switzerland be Ðasefo Germanygbedolawo nava Bolivia. Nukatae? Elabena le agbledela saɖeaga aɖewo ƒe nuto siwo gbɔ didi kilometa 300 tso Santa Cruz, Bolivia, gbɔ me la, Mennotɔ Germanygbedolawo va nɔ ɖe tsɔm le Biblia me vevie.

Ðasefo siwo ade ame 140 wɔ ɖe amekpekpea dzi. Ame aɖewo yi ɖaxɔ kwasiɖa ʋɛ aɖewo le afima, bubuwo nɔ afima ƒe ɖeka alo wu nenema. Le esia wɔwɔ me la, woɖe gbɔgbɔ si ɖi ƒe alafa gbãtɔ me dutanyanyuigblɔlawo tɔ la fia, amesiwo wɔ ɖe amekpekpe si nye be, ‘Mitso ƒu va Makedonia, eye miaxɔ na mí’ la dzi.—Dɔwɔwɔwo 16:9, 10.

Aleke ɖaseɖiɖidɔ wɔwɔ le afima nɔ? Afima hamemegã aɖe ɖe eme ale: “Ʋu sesẽ aɖe tsɔtsɔ ato mɔ siwo womedo o dzi ayi Mennotɔwo ƒe nuto 43-awo dometɔ aɖe me ate ŋu axɔ gaƒoƒo enyi sɔŋ. Zi geɖe la, nutoa ƒe mlɔenu ke yiyi xɔa ŋkeke ene eye míetsia avɔgbadɔ me dɔna le zã aɖewo me. Gake agbagba siwo míedze la ɖe vi ŋutɔ, elabena amesiawo dometɔ aɖeke mese nyanyuia kpɔ o.”

Le gɔmedzedzea me la, Mennotɔ geɖe mexɔ amedzroawo nyuie o. Gake agbagba siwo wodze edzidzi la kpe ɖe wo ŋu be wova kpɔ ŋudzedze ɖe nusi Ðasefoawo tsɔ vɛ ŋu. Le kpɔɖeŋu me, agbledela aɖe gblɔ be ƒe ɖeka enye ema si yenɔ Nyɔ! magazine la xlẽm. Emegbe egblɔ kpee be: “Menyae be amesiwo le afisia la dometɔ geɖe melɔ̃ ɖe nya si gblɔm miele la dzi o, gake mexɔe se be nyateƒeae wònye.” Le nuto bubu me la, ŋutsu aɖe gblɔ be: “Nye aƒelikawo dometɔ aɖewo le gbɔgblɔm be mienye aʋatsonyagblɔɖilawo, bubuwo be nyateƒea tom miele. Medi be nye ŋutɔ maku eme.”

Fifia la, Germanygbe hame aɖe si me gbeƒãɖela 35 si me tɔ 14 nye ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla lae le Bolivia. Va ɖo fifia la, ame 14 siwo nye Mennotɔwo tsã la va zu Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo, eye 9 bubu dea kpekpeawo edziedzi. Ŋutsu tsitsi aɖe si xɔ nyɔnyrɔ nyitsɔ laa gblɔ be: “Míekpɔe be Yehowae le mɔa fiam. Edɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Germanygbedola bibiwo ɖa be woava kpe ɖe mía ŋu. Míeda akpe ɖe eta ŋutɔ.” Ŋutsua ƒe vinyɔnuvi si xɔ ƒe 17, si hã xɔ nyɔnyrɔ, gblɔ kpee be: “Ðekakpui kple ɖetugbi siwo va afisia la ƒe dzonɔameme wɔ dɔ ɖe amewo dzi. Wo dometɔ akpa gãtɔ nye mɔɖelawo eye wozãa woƒe ɣeyiɣi kple ga tsɔ kpe ɖe ame bubuwo ŋui. Ena nye hã medi be mawɔ nenema ke.”

Nyateƒee, amesiwo tsɔ wo ɖokui na ‘yi’ ɖana kpekpeɖeŋu la le dzidzɔ kple dzidzeme geɖe kpɔm.