Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mena Kpɔɖeŋu Mi”

“Mena Kpɔɖeŋu Mi”

“Mena Kpɔɖeŋu Mi”

“Ele na mi be, mianye nufialawo le ɣeyiɣi la ƒe didi nu.”—HEBRITƆWO 5:12.

1. Nukatae wòsɔ be Kristotɔ nase le eɖokui me be Hebritɔwo 5:12 me nyawo ka ye?

ESI nèxlẽ mawunyakpukpui si dzi míetu míaƒe tanyaa ɖo me nya siwo tso gbɔgbɔ me la, ɖe nèse le ɖokuiwò me be eka ye le mɔ aɖe nua? Ne nenemae la, menye wò ɖeɖekoe o. Abe Kristo yomedzelawo ene la, míenya be ele be míanye nufialawo. (Mateo 28:19, 20) Míenya be ɣeyiɣi si me míele la na wòhiã kpata be míafia nu nyuie alesi míate ŋui. Eye míenya be míaƒe nufiafia ate ŋu anye agbe alo ku na amesiwo míefiaa nui la! (Timoteo I, 4:16) Ekema esɔ be míabia mía ɖokuiwo ase be: ‘Nufiala si wòle be manye la tututue menyea? Aleke mawɔ aganyo ɖe edzi?’

2, 3. (a) Aleke nufiala aɖe ɖe nusi dzi nufiafia nyui nɔ te ɖo la mee? (b) Nufiafia ŋuti kpɔɖeŋu kae Yesu na mí?

2 Mehiã be dzi naɖe le mía ƒo le seselelãme mawo ta o. Ne míebu nufiafia be enye nusi bia aɖaŋu tɔxɛ aɖewo ɖeɖeko la, asesẽ na mí be míabu ŋgɔyiyi wɔwɔ ŋu. Gake nusi dzi nufiafia nyui nɔ te ɖo la menye aɖaŋu o, ke nane si le vevie wu. Se nya si nufiala kpɔnuteƒe aɖe ŋlɔ ɖe agbalẽ aɖe me le nya sia ŋu ɖa: “Nufiafia nyui menye aɖaŋu alo atsyã, ɖoɖo alo nuwɔna tɔxɛ aɖewo ƒe nya o. . . . Nusi nufiafia bia koŋ enye lɔlɔ̃.” Ele eme baa be sukunufiafia ŋu nya gblɔm wòle ya. Ke hã eƒe nyaa sɔ na nufiafiadɔ si wɔm mí Kristotɔwo míele gɔ̃ hã wu. Le mɔ ka nu?

3 Amesi ɖo nufiafia ƒe kpɔɖeŋu na mí menye ame bubu aɖeke tsɔ wu Yesu Kristo o, amesi gblɔ na eyomedzelawo be: “Mena kpɔɖeŋu mi.” (Yohanes 13:15) Enɔ nu ƒom tso ɖokuibɔbɔ ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo ŋu, gake kpɔɖeŋu si Yesu na mí la lɔ dɔ vevi si wòva wɔ le anyigba dzi abe amegbetɔ ene—si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia la fiafia amewo—la ɖe eme. (Luka 4:43) Le esia ta, ne wobia tso asiwò be nàzã nya ɖeka atsɔ aɖɔ nusi ɖe dzesi le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu la, ɖewohĩ ayɔ “lɔlɔ̃,” alo menye nenema oa? (Kolosetɔwo 1:15; Yohanes I, 4:8) Lɔlɔ̃ si nɔ Yesu si na eƒe Dziƒofofo, Yehowa, de ŋgɔ wu ɖesiaɖe. (Yohanes 14:31) Gake abe nufiala ene la, Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia le mɔ eve bubuwo nu. Elɔ̃ nyateƒenya siwo fiam wònɔ la, eye wòlɔ̃ amesiwo wònɔ wo fiamee la hã. Mina míalé ŋku ɖe kpɔɖeŋu siawo siwo wòna mí la ƒe akpa eve ŋu.

Lɔlɔ̃ na Mawu ƒe Nyateƒeawo tso Gbaɖegbe Ke

4. Aleke Yesu wɔ tu lɔlɔ̃ na Yehowa ƒe nufiafiawo ɖoe?

4 Nufiala ƒe nɔnɔme ɖe amesiwo wòle nu fiamee ŋu kpɔa ŋusẽ gã aɖe ɖe eƒe nufiafia ƒe nyonyome dzi. Ðekematsɔmatsɔ le wo me ava ɖe dzesi eye eƒe nusrɔ̃viawo hã asrɔ̃e. Yesu mewɔ naneke tsɔ fia be yemetsɔ ɖeke le nyateƒe xɔasi si fiam yenɔ ku ɖe Yehowa kple Eƒe Fiaɖuƒea ŋu la me o. Lɔlɔ̃ si le Yesu si ɖe nusi fiam wònɔ ŋu la de to ŋutɔ. Etu lɔlɔ̃ sia ɖo esime wònye nusrɔ̃vi. Le ƒe gbogbo siwo Tenuvi la tsɔ nɔ agbee do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu me la, enye nusrɔ̃vi veviedonula. Yesaya 50:4, 5 ŋlɔ nya siawo si sɔ la ɖi be: “Aƒetɔ Yehowa tsɔ nusrɔ̃viwo ƒe aɖe nam, ne manya alesi matsɔ nuƒoƒo akpe ɖe amesiwo ŋu ɖeɖi te la ŋui. Enyɔam ŋdi sia ŋdi, eʋua to nam, ne mase nu abe nusrɔ̃vi ene. Aƒetɔ Yehowa ʋu to nam, nyemesẽ to o, eye nyemede megbe o.”

5, 6. (a) Nuka teƒee Yesu kpɔ le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi si dze ƒã, eye ŋusẽ kae wòkpɔ ɖe edzi? (b) Vovototo kae míekpɔ le Yesu kple Satana dome le alesi wozã Mawu ƒe Nyaa me?

5 Esime Yesu nɔ tsitsim abe amegbetɔ ene le anyigba dzi la, eyi edzi lɔ̃ mawumenunya. (Luka 2:52) Emegbe, le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi la, ekpɔ nu tɔxɛ aɖe teƒe. Luka 3:21 gblɔ be: “Dziƒo ʋu.” Edze ƒã be, tso ɣemaɣi dzi la, Yesu te ŋu ɖo ŋku eƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu dzi. Le esia megbe la, etsɔ ŋkeke 40 tsi nu dɔ le gbedzi. Ŋugbledede le nu geɖe siwo wòsrɔ̃ le Yehowa gbɔ le dziƒo ŋu anya do dzidzɔ nɛ ale gbegbe. Gake eteƒe medidi o, wodo lɔlɔ̃ si le esi na Mawu ƒe nyateƒea kpɔ.

6 Esime ɖeɖi te Yesu ŋu eye dɔ nɔ ewum la, Satana di be yeatee akpɔ. Vovototo kae nye si míekpɔ le Mawu ƒe vi eve siawo dome! Woa kple evea siaa yɔ nya tso Hebri Ŋɔŋlɔawo me—gake kple tameɖoɖo siwo to vovo kura. Satana trɔ Mawu ƒe Nya la gbo hezãe amemabumabutɔe be yeatsɔ ana yeƒe ɖokuitɔdidi ƒe tameɖoɖowo nava eme. Le nyateƒe me la, naneke menɔ aglãdzela ma si wòana wu be wòado vlo Mawu ƒe nyateƒea o. Gake edze ƒã be Yesu ya yɔ Ŋɔŋlɔawo le lɔlɔ̃ me eye wòzã Mawu ƒe Nya la ŋuɖɔɖotɔe le nyaawo katã ŋuɖoɖo me. Yesu nɔ anyi xoxoxo hafi wova ŋlɔ nya mawo siwo tso gbɔgbɔ me la ɖi, ke hã ede bubu wo ŋu vevie. Wonye nyateƒe xɔasi siwo tso eƒe Dziƒofofoa gbɔ! Egblɔ na Satana be nya mawo siwo tso Yehowa gbɔ la le vevie wu nuɖuɖu. (Mateo 4:1-11) Ẽ, Yesu lɔ̃ nyateƒe siwo katã Yehowa fiae la. Gake aleke wòɖe lɔlɔ̃ ma fia abe nufiala ene?

Lɔlɔ̃ Nɔ Esi na Nyateƒe si Wòfia La

7. Nukatae Yesu ƒo asa na eya ŋutɔ ƒe nufiafiawo toto vɛ?

7 Lɔlɔ̃ si nɔ Yesu si na nyateƒe si wòfia la dze ɣeawokatãɣi. Ne èbu eŋu kpɔ la, ate ŋu awɔ nusi eya ŋutɔ susu la bɔbɔe hafi. Sidzedze kple nunya gbogbo aɖee nɔ esi. (Kolosetɔwo 2:3) Ke hã eɖo ŋku edzi na eƒe nyaselawo edziedzi be nusianu si fiam yele la menye ye tɔ o, ke boŋ ye Fofo si le dziƒo la tɔe. (Yohanes 7:16; 8:28; 12:49; 14:10) Elɔ̃ Mawu ƒe nyateƒea ale gbegbe be mate ŋu atsɔ eya ŋutɔ ƒe tamesusuwo aɖɔlii o.

8. Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze la, aleke wòɖo ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe Nya ŋu ƒe kpɔɖeŋu ɖie?

8 Esi Yesu dze eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa gɔme la, eɖo kpɔɖeŋu aɖe ɖi enumake. Bu mɔ si dzi wòto ɖee fia Mawu ƒe amewo gbã be yee nye Mesia si ƒe ŋugbe wodo la ŋu kpɔ ko. Ðeko wòdo ɖe amewo ŋkume, gblɔ be yee nye Kristo, eye emegbe wòwɔ nukunu tɔxɛwo tsɔ ɖo kpe edzia? Ao. Eyi ɖe ƒuƒoƒe aɖe, afisi Mawu ƒe amewo xlẽa Ŋɔŋlɔawo edziedzi le. Le afima la, exlẽ nyagblɔɖi si le Yesaya 61:1, 2 wose eye wòɖe eme be ye ŋue nyagblɔɖinya me nyateƒe siawo ku ɖo. (Luka 4:16-22) Nukunu gbogbo siwo wòwɔ la ɖo kpe edzi be Yehowa nɔ megbe nɛ. Ke hã egakpɔtɔ ɖoa ŋu ɖe Mawu ƒe Nya ŋu le eƒe nufiafia me ɣesiaɣi.

9. Le nuwɔwɔ kple Farisitɔawo me la, aleke Yesu ɖe nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si nɔ esi na Mawu ƒe Nya fiae?

9 Esime amesiwo tsi tre ɖe Yesu ƒe subɔsubɔ ŋu tɔ gbee la, mehe glãka kpli wo be woaɖe woƒe nunya afia o, togbɔ be ate ŋu aɖu wo dzi bɔbɔe le esia me hã. Ke boŋ, ena Mawu ƒe Nya ɖu wo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ɖo ŋku esime Farisitɔwo tsɔ nya ɖe Yesu yomedzelawo ŋu be woda le Sabat ƒe sea dzi esime wonɔ lugble aɖe me tom eye wogbe lu aɖewo ɖu la dzi. Yesu ɖo eŋu be: “Alo miexlẽ nusi Dawid wɔ, esime dɔ wu eya kple amesiwo kpe ɖe eŋuti la, kpɔ o mahã?” (Mateo 12:1-5) Ele eme baa be ɖokuiŋudzela mawo anya xlẽ nuŋlɔɖi ma si tso gbɔgbɔ me si woŋlɔ ɖe Samuel I, 21:1-6. Ne woxlẽe la, ke womete ŋu kpɔ nusɔsrɔ̃ vevi si le eme la dze sii o. Gake Yesu wɔ nusi de ŋgɔ wu nuŋlɔɖia xexlẽ dzro ko. Ede ŋugble le eŋu hetsɔ gɔmeɖose si woate ŋu asrɔ̃ le eme la wɔ dɔe. Elɔ̃ gɔmeɖose si Yehowa na le Ŋɔŋlɔa ƒe akpa ma. Eyata ezã nuŋlɔɖi ma, tsɔ kpe ɖe Mose ƒe Sea me kpɔɖeŋu aɖe ŋu, tsɔ ɖe alesi Sea da sɔe me. Nenema kee nuteƒewɔwɔ ƒe lɔlɔ̃ si nɔ Yesu si na Mawu ƒe Nya ʋãe be wòʋli eta esime subɔsubɔhakplɔlawo nɔ agbagba dzem be woatrɔe ɖe woƒe didiwo nu alo atsɔ amegbetɔwo ƒe kɔnyinyi gbogboawo atsyɔ edzi.

10. Aleke Yesu na nyagblɔɖi siwo ku ɖe eƒe nufiafia ŋu la va emee?

10 Lɔlɔ̃ si nɔ Yesu si na nusi fiam wònɔ la maɖe mɔ nɛ gbeɖe be wòalé nua ɖe ta me anɔ gbɔgblɔm ko le mɔ si tea ɖeɖi ame ŋu alo le kplalaa nu o. Nyagblɔɖi siwo tso gbɔgbɔ me la gblɔ be ‘amenuveve anɔ’ Mesia la ‘ƒe nuyiwo dzi’ eye wòazã ‘nya viviwo.’ (Psalmo 45:3; Mose I, 49:21) Yesu na nyagblɔɖi mawo va eme to nana be eƒe gbedasia navivi eye agbe nanɔ eme me, eye wòzã ‘amenuvevenyawo’ le nyateƒe siwo wòlɔ̃ vevie la fiafia me. (Luka 4:22) Ðikeke mele eme o be eƒe dzonɔamemea dze le eŋu, eye dzidzɔ dze le mo nɛ ɖe nusi fiam wòle la ŋu. Dzidzɔ kae nye si toɖoɖo eyama anye, eye kpɔɖeŋu nyui kae nye si wònye na mí be míasrɔ̃ ne míele nusi míesrɔ̃ la gblɔm na amewo!

11. Nukatae nufiafia ƒe ŋutete si nɔ Yesu si la mena wòda eɖokui o?

11 Ðe Mawu ŋuti nyateƒe gbogbo siwo gɔme Yesu se kple eƒe nuƒo wɔdɔɖeamedziawo ƒoe ɖe enu be wòada eɖokuia? Esia dzɔna zi geɖe le nufiala siwo nye amegbetɔwo gome. Gake ɖo ŋku edzi be Yesu nye nunyala le mawusosroɖamɔ nu. Nunya sia meɖea mɔ ɖe ɖokuidodoɖedzi ŋu o, elabena “amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le.” (Lododowo 11:2) Nu bubu aɖe hã nɔ anyi si tae Yesu meda alo do eɖokui ɖe dzi o.

Yesu Lɔ̃ Amesiwo Wòfia Nui La

12. Aleke Yesu ɖee fiae be yemedi be yeƒe nusrɔ̃lawo navɔ̃ ye o?

12 Lɔlɔ̃ deto si nɔ Yesu si na amewo dze le eƒe nufiafia me ɣeawokatãɣi. Eƒe nufiafia meda amewo ɖe anyi abe alesi amegbetɔ dadalawo tɔ nɔna ene o. (Nyagblɔla 8:9) Esi Petro kpɔ Yesu ƒe nukuwo dometɔ ɖeka teƒe la, eƒe nu ku eye wòdze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu. Gake Yesu medi be yeƒe nusrɔ̃lawo navɔ̃ na ye o. Egblɔ nɛ dɔmenyotɔe be: “Megavɔ̃ o!” eye emegbe wògblɔ nusrɔ̃lawo wɔwɔ ƒe dɔ dodzidzɔname si me Petro akpɔ gome le la nɛ. (Luka 5:8-10) Yesu di be lɔlɔ̃ na Mawu ŋuti nyateƒe xɔasi siwo su yeƒe nusrɔ̃lawo si naʋã wo, ke manye vɔvɔ̃ na woƒe nufiala o.

13, 14. Mɔ kawo nue Yesu se veve ɖe amewo nu le?

13 Lɔlɔ̃ si nɔ Yesu si na amesiwo wòfia nui hã dze le veve si wòse ɖe wo nu me. “Esi wòkpɔ amehawo la, eƒe dɔme trɔ ɖe wo ŋuti; elabena woƒe lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ abe alẽ, siwo kplɔla meli na o la ene.” (Mateo 9:36) Nɔnɔme wɔnublanui si me wole la na wòse veve ɖe wo nu eye wòʋãe be wòakpe ɖe wo ŋu.

14 Kpɔ alesi Yesu se veve ɖe wo nui le ɣebubuɣi la ɖa. Esi nyɔnu aɖe si ŋu ʋu nɔ sisim le te ɖe eŋu le amehawo me heka asi eƒe awutoga ŋu la, eƒe dɔa vɔ nukutɔe. Yesu se le eɖokui me be ŋusẽ do le ye ŋu, gake mekpɔ amesi haya la o. Ete tɔ ɖe edzi be yeakpɔ nyɔnua. Nukatae? Menye kple susu be yeado ŋukpee le esi wòda le Sea alo agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe sewo dzi, abe alesi nyɔnua vɔ̃e ene la ta o. Ke boŋ, egblɔ nɛ be: “Vinyenyɔnuvi, wò xɔse la ɖe wò; heyi le ŋutifafa me, wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!” (Marko 5:25-34) De dzesi veveseɖeamenu si le nya mawo me. Menye ɖeko wògblɔ be: “Haya” o. Ke boŋ egblɔ be: “Wò lãme nasẽ tso wò dɔléle la me!” Le afisia la, Marko zã nya aɖe si ate ŋu afia “ƒoƒo” ŋutɔŋutɔ, si sɔ kple ƒoƒo atsɔ wɔ fu amee. Eyata Yesu kpɔe dze sii be eƒe dɔlélea na wòkpe fu geɖe, siwo ɖewohĩ nye ŋutilã kple seselelãme ƒe vevesesewo. Ese veve ɖe enu.

15, 16. Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me nudzɔdzɔ kawoe ɖee fia be edi nyui si le amewo me?

15 Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia amewo hã to ŋkuléle ɖe nɔnɔme nyui siwo le wo si ŋu. Bu nusi dzɔ esime wòdo go Natanael, si va zu apostolo emegbe, la ŋu kpɔ. “Yesu kpɔ Natanael gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ le eŋuti bena: Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o.” Yesu kpɔ Natanael ƒe dzi me nukutɔe henya nu geɖe tso eŋu. Gake menye ɖe Natanael de blibo ya o. Vodadawo nɔ eŋu abe míawo ke ene. Le nyateƒe me la, esi wòse Yesu ŋkɔ la, nya trama aɖe boŋue wògblɔ be: “Ðe nu nyui aɖe ate ŋu atso Nazaret mahã?” (Yohanes 1:45-51) Gake le nusiwo katã woate ŋu agblɔ le Natanael ŋu me la, Yesu tia nane si woate ŋu akafu le eŋu, eƒe anukwareɖiɖi.

16 Nenema kee, esime asrafomegã aɖe—si ɖewohĩ enye Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ, Romatɔ aɖe—te ɖe Yesu ŋu hebia be wòada dɔ na kluvi aɖe si ƒe lãme gblẽ la, Yesu nya be vodadawo nɔ asrafoa ŋu. Ɣemaɣiwo me asrafomegãwo anya wɔ ŋutasẽnu, akɔ ʋu ɖi, ahaƒo wo ɖokui ɖe alakpasubɔsubɔ me nuwɔna geɖewo me godoo. Ke hã Yesu de dzesi nɔnɔme nyui aɖe le eŋu—si nye ŋutsua ƒe xɔse ɖedzesi la. (Mateo 8:5-13) Emegbe, esi Yesu ƒo nu na nuvɔ̃wɔla si nɔ fuwɔameti si le exa ŋu la, Yesu meka mo na ŋutsua ɖe nuvlo siwo wòwɔ va yi la ta o ke boŋ etsɔ etsɔme ƒe mɔkpɔkpɔ de dzi ƒo nɛ. (Luka 23:43) Yesu nyae nyuie be ɖeko nazãbubu kple fɔbubu amewo aɖe dzi le wo ƒo boŋ. Ðikeke mele eme o be agbagba siwo wòdze be nɔnɔme nyui siwo le amewo si nanɔ susu me na ye de dzi ƒo na ame geɖe be woawɔ asitɔtrɔwo.

Elɔ̃na Faa be Yeasubɔ Amewo

17, 18. Esi Yesu xɔ dɔdasia heva anyigba dzi la, aleke wòɖe didi be yeasubɔ amewo fiae?

17 Kpeɖodzi sẽŋu bubu si le lɔlɔ̃ si nɔ Yesu si na amesiwo wòfiaa nui ŋu enye eƒe lɔlɔ̃ faa be yeasubɔ wo. Do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu la, Mawu ƒe Vi la kpɔa dzidzɔ ɖe ameƒomea ŋu ɣesiaɣi. (Lododowo 8:30, 31) Abe Yehowa ƒe “Nya” alo nyanuɖela ene la, kadodo geɖe si nɔ woa kple amegbetɔwo dome anya do dzidzɔ nɛ. (Yohanes 1:1) Gake be wòate ŋu afia nu ameƒomea tẽ, si nye susu siwo ta wòva anyigba dzi dometɔ ɖeka la, “eɖi gbɔlo eɖokui, esime wòtsɔ dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi” hegblẽ nɔƒe kɔkɔ si wòle le dziƒo la ɖi. (Filipitɔwo 2:7; Korintotɔwo II, 8:9) Esime wònɔ anyigba dzi la, Yesu mekpɔ mɔ be subɔviwo nanɔ ye ŋu ahanɔ ye subɔm o. Ke boŋ egblɔ be: “Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Mateo 20:28) Yesu nɔ agbe ɖe nya siawo nu bliboe.

18 Yesu kpɔ amesiwo wòfia nui la ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo ɖokuibɔbɔtɔe eye mehe ɖe megbe le eɖokui tsɔtsɔ ɖo anyi na wo me o. Ezɔ afɔ kilometa geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa ta le Ŋugbedodonyigba bliboa dzi kple susu be yeaɖo ame geɖe gbɔ alesi wòanya wɔ. To vovo na Farisitɔwo kple agbalẽfiala dadalawo la, eyi edzi bɔbɔ eɖokui eye amewo tena ɖe eŋu. Ame ƒomeviwo katã—bubumewo, asrafowo, senyalawo, nyɔnuwo, ɖeviwo, ame dahewo, dɔnɔwo, amesiwo amewo mebuna ɖe naneke me o gɔ̃ hã—te ɖe eŋu kple dzidzɔ, vɔvɔ̃manɔmee. Togbɔ be Yesu de blibo hã la, amegbetɔe wònye eye ɖeɖi tea eŋu eye dɔ wunɛ. Gake esime ɖeɖi te eŋu alo wòhiã be wòaɖi ɖe eme alo wòazã ɖoɖoeziɣi aɖe atsɔ ado gbe ɖa gɔ̃ hã la, etsɔ amewo ƒe nuhiahiãwo ɖo ŋgɔ na etɔwo.—Marko 1:35-39.

19. Aleke Yesu na nuwɔwɔ ɖokuibɔbɔtɔe, dzigbɔɖitɔe, kple tufafatɔe ƒe kpɔɖeŋu eƒe nusrɔ̃lawoe?

19 Yesu lɔ̃ faa be yeasubɔ ye ŋutɔ ƒe nusrɔ̃lawo hã. Ewɔ esia to nufiafia wo tufafatɔe kple dzigbɔɖitɔe me. Esime womele nusɔsrɔ̃ vevi aɖewo gɔme sem kabakaba o la, mena ta, do dziku, alo blu ɖe wo ta o. Eyi edzi di mɔ bubu siwo nu wòato ana woase egɔme. Le kpɔɖeŋu me, bu zi alesi eƒe nusrɔ̃lawo ʋli nya le amesi nye gãtɔ le wo dome ŋu kpɔ. Enuenu, vaseɖe zã si do ŋgɔ na ewuwu me la, Yesu di mɔnu yeye siwo dzi wòato afia alesi woawɔ nu ɖokuibɔbɔtɔe kple wo nɔewo la wo. Le ɖokuibɔbɔ ƒe nya sia me, abe alesi wòle le nu bubuwo hã mee ene la, Yesu te ŋu gblɔ wòsɔ be: “Mena kpɔɖeŋu mi.”—Yohanes 13:5-15; Mateo 20:25; Marko 9:34-37.

20. Nufiafia mɔnu kae na Yesu to vovo tso Farisitɔwo gbɔ, eye nukatae viɖe nɔ mɔnua ŋu ɖo?

20 De dzesii be menye ɖeko Yesu gblɔ nusi kpɔɖeŋua nye na eƒe nusrɔ̃lawo o; ‘eɖo kpɔɖeŋua.’ Efia nu wo to kpɔɖeŋuɖoɖo me. Meɖe gbe na wo, abe ɖe wòbu eɖokui be ye gbɔ nusi gblɔm yele na wo be woawɔ la wɔwɔ me ene o. Nenemae Farisitɔwo wɔa nui. Yesu gblɔ le wo ŋu be: “Wogblɔnɛ, ke womewɔnɛ o.” (Mateo 23:3) Yesu tsɔ ɖokuibɔbɔ fia gɔmesese si tututu le eƒe nufiafiawo ŋu to agbe nɔnɔ ɖe wo nu me, ede wo dɔwɔwɔ me. Eyata esime wòxlɔ̃ nu eyomedzelawo be woanɔ agbe kpokploe si me ŋutilãmenuwo medoa kplamatse ame le o la, mehiã be woasusu nusi fiam wònɔ la gɔme ase o. Wote ŋu se eƒe nya siwo nye: “Abeiwo kpɔ dowo, eye dziƒoxeviwo hã kpɔ atɔwo; ke Amegbetɔvi la mekpɔ afisi wòatsɔ ta aziɔ ɖo o” la gɔme ŋutɔŋutɔ. (Mateo 8:20) Yesu subɔ eƒe nusrɔ̃lawo to kpɔɖeŋu nana wo ɖokuibɔbɔtɔe me.

21. Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Ðikeke mele eme o be, Yesue nye Nufiala gãtɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ! Lɔlɔ̃ si nɔ esi na nusi wòfia kple lɔlɔ̃ si nɔ esi na amesiwo wòfia nui la dze ƒã na dzianukwaretɔ siwo katã kpɔe heɖo to eƒe nyawo la. Nenema kee wòdze ƒã na mía dometɔ siwo srɔ̃a kpɔɖeŋu si wòna mí la egbea. Gake aleke míate ŋu adze Kristo ƒe kpɔɖeŋu deblibo la yomee? Nyati si kplɔe ɖo adzro biabia ma me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nuka dzie nufiafia nyui nɔ te ɖo, eye amekae wɔ eƒe kpɔɖeŋu?

• Mɔ kawo nue Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia ɖe nyateƒe si wòfia la ŋu le?

• Aleke Yesu ɖe lɔlɔ̃ fia amesiwo wòfia nui?

• Kpɔɖeŋu kawoe ɖe alesi Yesu lɔ̃ faa ɖokuibɔbɔtɔe be yeasubɔ amesiwo wòfia nui la fia?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Aleke Yesu ɖee fia be yelɔ̃ gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nya la mee?