Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Mɔfiafia kawoe Ŋɔŋlɔawo na ku ɖe vihehe ŋu ne dzila ɖeka nye Yehowa Ðasefo eye evelia menyee o?

Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose vevi eve na alesi woahe vii ŋuti mɔfiame dzila Ðasefo si ƒe kpeɖeŋutɔ menye Ðasefo o. Ðekae nye: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.” (Dɔwɔwɔwo 5:29, NW ) Eveliae nye: “Ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene.” (Efesotɔwo 5:23) Menye srɔ̃nyɔnu siwo srɔ̃wo nye Ðasefo ɖeɖeko ŋue evelia ku ɖo o ke boŋ eku ɖe esiwo srɔ̃wo menye Ðasefo o hã ŋu. (Petro I, 3:1) Aleke dzila Ðasefo awɔ gɔmeɖose siawo ŋudɔe ne ele nu fiam viawo?

Ne srɔ̃ŋutsuae nye Yehowa Ðasefo la, eya ƒe agbanɔamedzie wònye be wòana gbɔgbɔ kple ŋutilã me nuhiahiãwo eƒe ƒomea. (Timoteo I, 5:8) Togbɔ be vidada dzimaxɔsetɔa nɔa wo viawo gbɔ wu hã la, ele na vifofo Ðasefoa be wòafia nu viawo to gbɔgbɔmehehe nana wo le aƒeme kple wo kpɔkplɔ yi Kristotɔwo ƒe kpekpewo, afisi woakpɔ agbenyuinɔnɔ ƒe mɔfiafia kple hadede tuameɖo le me.

Ke ne srɔ̃nyɔnua si nye dzimaxɔsetɔ la te tɔ ɖe wo viawo kpɔkplɔ yi eƒe tadeaguƒe alo eƒe dzixɔsewo fiafia wo dzi ya ɖe? Dukɔa ƒe se ate ŋu aɖe mɔ nɛ be wòawɔ ema. Nenye be subɔsubɔnuwɔna siwo yia edzi le afima adzro ɖeviawo loo madzro wo o la nɔ te ɖe vifofoa ƒe gbɔgbɔmenu siwo wòfiaa wo la ƒe nyonyome dzi. Ne ɖeviawo le tsitsim la, ele be Ŋɔŋlɔawo me nu siwo vifofoa fia wo nakpe ɖe wo ŋu be woawɔ ɖe Mawu ƒe Nya me nyateƒea dzi. Aleke gbegbee wòadzɔ dzi na srɔ̃ŋutsu xɔsetɔa enye si ne viawo va li ke le nyateƒea me!

Ne vidadae nye Yehowa Ðasefo la, ele nɛ be wòade bubu tanyenye ƒe gɔmeɖosea ŋu ahatsɔ ɖe le viawo ƒe nyonyo me ɣesiaɣi hã. (Korintotɔwo I, 11:3) Zi geɖe la, srɔ̃ŋutsua si nye dzimaxɔsetɔ magblɔ nya aɖeke ne srɔ̃anyɔnua si nye Ðasefo la fiaa agbenyuinɔnɔ kple gbɔgbɔmenuwo viawo o, eye woate ŋu akpɔ kpekpeɖeŋu na ema le Yehowa ƒe amewo ƒe kpekpewo me. Vidadaa ate ŋu akpe ɖe srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔa ŋu wòakpɔ vi siwo hehe si xɔm wo viwo le to Yehowa ƒe habɔbɔa dzi le ɖeɖem adze sii. Ate ŋu atsɔ ŋuɖɔɖo ate gbe ɖe asixɔxɔ si le Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe gɔmeɖose ƒaƒã ɖe wo viwo me, esi agbenɔnɔ le xexeme si ƒe agbenyuinɔnɔ me le gbegblẽm ɖe edzi dze ŋgɔ wo ta dzi.

Gake srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔa ate ŋu ate tɔ ɖe edzi be ye viwo nanɔ yeƒe subɔsubɔha me, eye wòanɔ wo kplɔm anɔ eƒe tadeaguƒe yimee ahanɔ eƒe subɔsubɔdzixɔsewo fiam wo. Alo srɔ̃ŋutsua ate ŋu atsi tre ɖe subɔsubɔ ɖesiaɖe ŋu ahate tɔ ɖe edzi be woagafia subɔsubɔdzixɔse aɖeke ye viwo o. Esi eyae nye ƒomea ƒe ta ta la, eyae wòle be wòawɔ nyametsotsoa. *

Togbɔ be srɔ̃nyɔnu xɔsetɔ, si nye Kristotɔ ɖeadzɔgbe, ade bubu srɔ̃ŋutsua ƒe tanyenye ŋu hã la, apostolo Petro kple Yohanes ƒe nɔnɔme anɔ susu me nɛ, amesiwo gblɔ be: “Míate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi míekpɔ kple nusi míese la ŋuti o.”  (Dɔwɔwɔwo 4:19, 20) Le alesi vidada si nye Ðasefo tsɔ ɖe le viawo ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ me ta la, adi mɔnukpɔkpɔwo atsɔ afia agbenyuinɔnɔ wo. Agbanɔamedzi le edzi le Yehowa ŋkume be wòafia nusi wònya be wonye nyateƒe la ame bubuwo, eye mele be wòagblẽ viawo ya ɖi o. (Lododowo 1:8; Mateo 28:19, 20) Aleke vidada si nye Ðasefo akpɔ kuxi sia gbɔe?

Le kpɔɖeŋu me, bu Mawu ŋuti dzixɔse ƒe nyaa ŋu kpɔ. Ðewohĩ srɔ̃nyɔnu Ðasefoa mate ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple viawo tẽ o le srɔ̃ŋutsua ƒe mɔxeɖenuwo ta. Ðe wòle be esia nawɔe be wòagbe Yehowa ŋu nya ɖesiaɖe gbɔgblɔ na viawoa? Ao. Eƒe nyawo kple nuwɔnawo aɖe dzixɔse si le esi ɖe Wɔla la me afia. Ðikeke mele eme o be viawo abia nyawo tso eŋu godoo. Ele be wòatsɔ dziɖeɖi awɔ subɔsubɔblɔɖe si le esi la ŋudɔ to nuƒoƒo tso dzixɔse si le esi na Wɔla la ŋu na viawo hã. Ne mate ŋu awɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ɖeviawo alo akplɔ wo ayi kpekpewo edziedzi o gɔ̃ hã la, ate ŋu aƒã Yehowa Mawu ŋuti sidzedze ɖe wo me.—Mose V, 6:7.

Apostolo Paulo ŋlɔ ku ɖe ƒomedodo si anɔ Ðasefo si srɔ̃aŋutsu alo srɔ̃anyɔnu nye dzimaxɔsetɔ ŋu be: “Ŋutsu, si mexɔ se o la, ŋuti kɔ le srɔ̃a me, eye nyɔnu, si mexɔ se o la, hã ŋuti kɔ le ŋutsua me; ɖe menye nenem o la, ne mia viwo anye ame makɔmakɔwo, ke azɔ la wole kɔkɔe.” (Korintotɔwo I, 7:14) Yehowa bua ƒomedodoa be eŋu kɔ le srɔ̃a si nye xɔsetɔ la ta, eye wobua ɖeviawo be wo ŋu kɔ le Yehowa ŋkume. Ele be srɔ̃nyɔnu Ðasefoa nawɔ etɔ sinua atsɔ akpe ɖe viawo ŋu be woase nyateƒea gɔme, eye wòagblẽ mamlɛa ɖe Yehowa si me.

Ne ɖeviawo le tsitsim la, woa ŋutɔwoe anɔ te ɖe nufiame si woxɔ tso wo dzilawo gbɔ dzi atia akpa si dzi woanɔ. Woate ŋu atiae be yewoawɔ nu wòasɔ ɖe Yesu ƒe nya siawo nu be: “Amesi ke lɔ̃a fofo alo dada wum la, eya medzem o.” (Mateo 10:37) Wode se na wo hã be: “Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me.” (Efesotɔwo 6:1) Ðevi geɖewo tiae be ‘yewoaɖo to Mawu abe dziɖula ene’ wu dzila si menye Ðasefo o, metsɔ le nɔnɔme sesẽ si dzila ma ahe va wo dzi me o. Viɖe kae nye si wòanye na dzila Ðasefoa be wòakpɔe be ɖeviawo tiae be yewoasubɔ Yehowa togbɔ be wotsi tre ɖe wo ŋu hã!

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 7 Subɔsubɔblɔɖe si le srɔ̃nyɔnua si le se nu la lɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ɖe eme. Le nudzɔdzɔ aɖewo me la, srɔ̃ŋutsua metsɔa ɖeke le ɖeviawo dzi kpɔkpɔ le ɣeyiɣi mawo me o, eyata vidada lɔ̃ame tsɔnɛ ɖoa eɖokui dzi kplɔa wo yia eƒe kpekpewoe.