Luka 4:1-44

  • Abosam te Yesu kpɔ (1-13)

  • Yesu dze gbeƒãɖeɖe gɔme le Galilea (14, 15)

  • Nazaretetɔwo gbe Yesu (16-30)

  • Le ƒuƒoƒe si le Kapernaum (31-37)

  • Woda gbe le Simon lɔ̃xo kple ame bubuwo ŋu (38-41)

  • Amehawo ke ɖe Yesu ŋu le afi si ame aɖeke mele o (42-44)

4  Ke Yesu si gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ fũu la trɔ tso Yordan-tɔsisia nu, eye gbɔgbɔ la kplɔe yi teƒeteƒewo le gbedadaƒo+  ŋkeke blaene, eye Abosam tee kpɔ.+ Meɖu naneke hã le ŋkeke mawo me o, eya ta esi ŋkekeawo wu enu la, dɔ wui.  Eye Abosam gblɔ nɛ be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema gblɔ na kpe sia be wòatrɔ azu abolo.”  Ke Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Woŋlɔ ɖi be, ‘Menye abolo ɖeɖe ko nu amegbetɔ anɔ agbe ɖo o.’”+  Ekplɔe yi teƒe kɔkɔ aɖe eye wòɖe anyigbadzifiaɖuƒewo katã fiae le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.+  Eye Abosam gblɔ nɛ be: “Matsɔ ŋusẽ siawo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe ana wò, elabena nyee wotsɔe de asi na,+ eye matsɔ wo ana ame sia ame si melɔ̃.  Eya ta wò la, ne ède ta agu nam la, wo katã azu tɔwò.”  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Woŋlɔ ɖi be, ‘Yehowa* wò Mawue nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe nàsubɔ.’”*+  Egakplɔe yi Yerusalem eye wòtsɔe ɖo gbedoxɔ la tame* hegblɔ nɛ be: “Ne Mawu ƒe vie nènye la, ekema ti kpo tso afi sia nàɖadze anyigba,+ 10  elabena woŋlɔ ɖi be, ‘Ade se na eƒe dɔlawo le ŋutiwò, be woakpɔ tawò,’ 11  eye, ‘Woaxe wò kple woƒe asiwo be nàgatsɔ wò afɔ axlã ɖe kpe o.’”+ 12  Yesu ɖo eŋu nɛ be: “Wogblɔ be, ‘Mègate Yehowa* wò Mawu kpɔ o.’”+ 13  Eye esi Abosam wu tetekpɔawo katã nu la, edzo le egbɔ hena ɣeyiɣi bubu si agasɔ nɛ.+ 14  Eye Yesu gbugbɔ yi Galilea le gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me.+ Eŋu nya nyui ɖi hoo le afi ma nutoa katã me. 15  Eye wòde asi nufiafia me le woƒe ƒuƒoƒewo, eye amewo katã kafui. 16  Eyi Nazaret,+ afi si wonyii le, eye abe ale si wòlɔ̃a wɔwɔ le Sabat ŋkeke dzi ene la, eyi ƒuƒoƒe la,+ eye wòtsi tsitre be yeaxlẽ nu. 17  Eya ta wotsɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xatsaxatsa la nɛ, eye wòʋu agbalẽ xatsaxatsa la hekpɔ teƒe si woŋlɔ ɖo be: 18  “Yehowa* ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena esi ami nam be magblɔ nya nyui na ame dahewo. Edɔm be maɖe gbeƒã ablɔɖe na ame siwo woɖe aboyoe, mana ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, mana ablɔɖe ame siwo wote ɖe anyi,+ 19  eye maɖe gbeƒã Yehowa* ƒe amenuveƒe la.”+ 20  Azɔ eŋlɔ́ agbalẽa hetsɔe de asi na subɔvi la, eye wòbɔbɔ nɔ anyi; eye ame siwo katã le ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii. 21  Eye wògblɔ na wo be: “Ŋɔŋlɔ sia si miese fifi laa la va eme egbea.”+ 22  Eye wo katã woɖi ɖase nyui tso eŋu, eye nya vivi siwo le dodom le eƒe nu me la wɔ nuku na wo,+ eye wobia be: “Menye Yosef ƒe vi lae nye esia oa?”+ 23  Egblɔ na wo be: “Ðikeke aɖeke mele eme o be miagblɔ nya sia ɖe ŋunye be, ‘Gbedala, da gbe le ɖokuiwò ŋu. Nu siwo míese be wodzɔ le Kapernaum la, wɔ wo le mia de afi sia hã.’”+ 24  Eya ta egblɔ na wo be: “Vavã mele egblɔm na mi be, womexɔa nyagblɔɖila aɖeke le wo de o.+ 25  Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli esime wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple ɣleti ade, ale be dɔ gã aɖe to le anyigba ma katã dzi.+ 26  Gake womedɔ Eliya ɖe nyɔnu mawo dometɔ aɖeke gbɔ o, negbe ɖe ahosi aɖe si le Zarefat le Sidon-nyigba dzi la gbɔ ko.+ 27  Nenema kee anyidɔléla* geɖewo nɔ Israel le nyagblɔɖila Elisa ŋɔli; gake womekɔ wo dometɔ aɖeke ŋuti o,* negbe Siriatɔ Naaman ko.”+ 28  Ke ame siwo katã le ƒuƒoƒea le nya siawo sem la do dziku helĩhelĩ,+ 29  eye wotso hetutui kabakaba do goe le dua me, eye wokplɔe va ɖo to si dzi wotsò woƒe dua ɖo la tame be yewoatu asi ʋume nɛ ɖo ɖe aga me. 30  Ke eto wo dome dzo.+ 31  Eye wòɖi va Galilea du si nye Kapernaum me. Efia nu wo le Sabat dzi,+ 32  eye woƒe nu ku le ale si wòfia nui ta,+ elabena eƒo nu kple ŋusẽ. 33  Azɔ ŋutsu aɖe si me gbɔgbɔ makɔmakɔ aɖe le la le ƒuƒoƒe la, eye wòdo ɣli sesĩe be:+ 34  “Agoo gbɔ! Nya kae le mí kpli wò dome, wò, Yesu Nazaretetɔ?+ Ðe nèva be yeatsrɔ̃ mía? Menya ame si tututu nènye. Mawu ƒe Kɔkɔetɔ lae nènye.”+ 35  Ke Yesu ka mo nɛ be: “Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme.” Eye esi gbɔgbɔ vɔ̃ la tsɔ amea xlã ɖe anyi le wo dome la, edo go le eme, eye mewɔ nu vevi aɖekee o. 36  Esia wɔ moyaa na wo katã, eye wogblɔ na wo nɔewo be: “Nya kae nye esia? Elabena ŋusẽ le esi wòɖea gbe na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye wodoa go!” 37  Ale eŋu nya kaka le nuto ma katã me. 38  Esi wòdzo le ƒuƒoƒea la, eva Simon ƒe me. Ke asrã* sesẽ aɖe lé Simon lɔ̃xo, eye woɖe kuku nɛ be wòakpe ɖe eŋu.+ 39  Yesu tsi tsitre, ebi ɖe edzi, eye wòblu ɖe asrã la ta, eye asrã la dzo le edzi. Enumake nyɔnua fɔ hede asi wo subɔsubɔ me. 40  Ke esi ɣe le to ɖom la, ame siwo si dɔ vovovo lélawo le la kplɔ wo va egbɔ. Eda eƒe asiwo ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi heda dɔa na wo.+ 41  Gbɔgbɔ vɔ̃wo hã doa go le ame geɖewo me hedoa ɣli be: “Wòe nye Mawu ƒe Vi la.”+ Ke ekaa mo na wo, eye meɖea mɔ na wo be woaƒo nu o,+ elabena wonya be eyae nye Kristo la.+ 42  Esi ŋu ke la, edzo yi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o.+ Ke amehawo dii heva afi si wòle, eye wodi be yewoasikae ɖi be wòagadzo le yewo gbɔ o. 43  Ke egblɔ na wo be: “Ele nam be magblɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la na du bubuwo hã, elabena esia tae wodɔm ɖo.”+ 44  Eya ta eyi edzi ɖe gbeƒã le ƒuƒoƒewo le Yudea.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.”
Alo, “ƒe kɔkɔƒe.”
Alo, “kpodɔléla.”
Alo, “womeda dɔ na wo dometɔ aɖeke o.”
Alo, “atiketsi.”