Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fiaɖuƒe Ŋuti Nyanyuia—Nukae Wònye?

Fiaɖuƒe Ŋuti Nyanyuia—Nukae Wònye?

Fiaɖuƒe Ŋuti Nyanyuia—Nukae Wònye?

Le ƒe si va yi me la, ame 6,035,564, siwo nye ɖeviwo kple ame tsitsiwo, zã gaƒoƒo 1,171,270,425 tsɔ ƒo nu tso eŋu na ame bubuwo le dukɔ 235 me. Tsɔ kpe ɖe egbɔgblɔ kple nu ŋu la, wona agbalẽ miliɔn 700 kple edzivɔ amewo tsɔ ɖe gbeƒãe heɖe eme. Woma kasɛt kple videokasɛt akpe geɖe hã tsɔ na amewo nya nu tso eŋu. Nukae “wònye”?

MAWU Fiaɖuƒe ŋuti nyanyui ‘lae.’ Nyateƒee, womeɖe gbeƒã “fiaɖuƒe ŋuti nyanyui sia” wòde alesi wole ewɔmee egbea nu kpɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me o.—Mateo 24:14.

Amesiwo le xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ sia wɔm la katã nye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo. Le xexeame ƒe nukpɔsusu nu la, adze abe womedze na dɔ sia wɔwɔ o ene. Ke nukae na dzi le wo ƒo eye wole dzidzedze kpɔm le dɔa wɔwɔ me? Ŋusẽ si le Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ŋu wɔa akpa vevi aɖe le esia me, elabena enye yayra siwo ameƒomea ava kpɔ ŋuti nya. Enye yayra siwo amewo katã dina—dzidzɔkpɔkpɔ, gakuxi ƒe anyimanɔmanɔ, dziɖuɖu nyui, ŋutifafa kple dedienɔnɔ, kple nu bubu aɖe si ŋu ame akpa gãtɔ mebuna gɔ̃ hã o—si nye agbe mavɔ! Esia nye nyanyui na amesiwo le gɔmesese kple tameɖoɖo si le agbe ŋu dim la vavã. Ẽ, yayra siawo kple bubuwo ate ŋu asu asiwò ne èxɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia henɔ agbe ɖe enu.

Nukae Fiaɖuƒea Nye?

Ke nukae Fiaɖuƒe si wole gbeƒã ɖemee be enye nyanyui la nye? Enye Fiaɖuƒe si wofia ame miliɔn geɖe be woado gbe ɖa abia le nya nyanyɛ siawo me be: “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:9, 10.

Enye Fiaɖuƒe si ŋu Hebritɔ nyagblɔɖila Daniel ƒo nu tsoe ƒe alafa 25 kple edzivɔ va yi esime wòŋlɔ bena: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.

Eyata nyanyui la ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe, alo dziɖuɖu, si aɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔwo katã ɖa eye wòaɖu anyigba katã dzi le ŋutifafa me ŋu. Ana tameɖoɖo si le Wɔla la si na ameƒomea kple anyigba tso gɔmedzedzea me la nava eme.—Mose I, 1:28.

“Dziƒofiaɖuƒe la Ðo Vɔ”

Ƒe 2,000 kloe enye si va yi la, ŋutsu aɖe si tsɔ eɖokui ke si ƒe dzedzeme kple nɔnɔme he ame geɖe ƒe susu lae ɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia zi gbãtɔ le dutoƒo. Ŋutsu mae nye Yohanes Amenyrɔɖetsimela, si nye Yudatɔ nunɔla Zaxarya kple srɔ̃a Elizabet ƒe viŋutsu. Yohanes do awu si nye kposɔfu, eye wòtsɔ lãgbalẽ bla ali dzii, abe alesi Eliya si nye vɔvɔli nɛ la doa awui ene. Gake eƒe gbedasia ye he ame geɖe ƒe susu. Eɖe gbeƒãe be: “Mitrɔ le miaƒe dzi me; elabena dziƒofiaɖuƒe la ɖo vɔ.”—Mateo 3:1-6.

Amesiwo se Yohanes ƒe nyawo la nye Yudatɔwo, amesiwo gblɔ be yewonye Mawu vavã, Yehowa, subɔlawo. Woƒe dukɔa xɔ Se ƒe nubabla la to Mose dzi anɔ ƒe 1,500 do ŋgɔ. Gbedoxɔ dzeania, afisi wosaa vɔ siwo Sea bia le la, kpɔtɔ nɔ Yerusalem. Yudatɔwo ka ɖe edzi be yewoƒe tadedeagu dzea Mawu ŋu.

Gake esi ame aɖewo se Yohanes ƒe gbeƒãɖeɖe la, wova kpɔe be yewoƒe subɔsubɔha la mele abe alesi yewobui ene o. Helatɔwo ƒe nuwɔna kple xexemenunya va ge ɖe Yuda-subɔsubɔ ƒe nufiafiawo me. Wotsɔ dzixɔse kple kɔnu siwo woa ŋutɔwo to vɛ la tɔ tsi se si woxɔ tso Mawu gbɔ to Mose dzi eye womegabunɛ gɔ̃ hã o. (Mateo 15:6) Esi woƒe subɔsubɔhakplɔla dzimesẽlawo kple nublanuimakpɔlawo kplɔ wo trae ta la, ame akpa gãtɔ ƒe tadedeagu megadze Mawu ŋu o. (Yakobo 1:27) Ele be woatrɔ dzime le nuvɔ̃ siwo wowɔ ɖe Mawu ŋu kple Se ƒe nubabla si dzi woda le la me.

Ɣemaɣi la, Yudatɔ geɖe nɔ mɔ kpɔm na Mesia, alo Kristo, si ŋugbe wodo la ƒe dodo eye ame aɖewo nɔ ɖi kem le wo ɖokui me le Yohanes ŋu be: “Ðewo mahĩ eyae nye Kristo la.” Gake Yohanes gblɔ be menye yee o eye efia asi ame bubu na wo, amesi ŋu wògblɔ le be: “Amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matui o.” (Luka 3:15, 16) Esi Yohanes nɔ amesi Yesu nye ɖem fia eƒe nusrɔ̃lawo la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!”—Yohanes 1:29.

Esia nye nyanyui nyateƒe, elabena Yohanes to ema dzi nɔ asi fiam agbe kple dzidzɔkpɔkpɔ ƒe mɔ na amewo katã—mɔ mae nye Yesu, amesi “le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina.” Wodzi amegbetɔwo katã ɖe nuvɔ̃ kple ku ƒe ŋusẽ te le esi míenye Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo ta. Romatɔwo 5:19 ɖe eme be: “Alesi to ame ɖeka [Adam] ƒe tomaɖomaɖo me wowɔ ame geɖewo zu nuvɔ̃wɔlawo la, nenema ke to ame ɖeka [Yesu] ƒe toɖoɖo me hã woawɔ ame geɖewo woazu ame dzɔdzɔewo.” Yesu si le abe vɔsalẽvi ene la ‘atsɔ nuvɔ̃ ayii’ eye wòana nɔnɔme wɔnublanui si me amegbetɔ le natrɔ. Biblia gblɔ be: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.”—Romatɔwo 6:23.

Yesu si nye ame deblibo—amesi nye ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ—la ɖe gbeƒã nyanyuia. Biblia me nuŋlɔɖi si le Marko 1:14, 15 gblɔ na mí be: “Ke esi wolé Yohanes de gaxɔ me megbe la, Yesu va Galilea hele gbeƒã ɖem Mawu ƒe nyanyui la bena: Azãgbe la ɖo dzi, eye mawufiaɖuƒe la ɖo vɔ. Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mixɔ nyanyui la dzi se!”

Amesiwo xɔ Yesu ƒe gbedasia hexɔ nyanyuia dzi se la kpɔ yayra geɖe. Yohanes 1:12 gblɔ be: “Ame geɖe alesinu [xɔ Yesu] la, ena ŋusẽ wo, be woazu mawuviwo, amesiwo xɔa eƒe ŋkɔ dzi sena.” Esi wozu Mawu ƒe viwo ta la, wodze axɔ teƒeɖoɖo si nye agbe mavɔ.—Yohanes I, 2:25.

Gake menye ƒe alafa gbãtɔ me tɔwo koe wotsɔ Fiaɖuƒea ƒe yayrawo xɔxɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ na o. Abe alesi míegblɔe va yi ene la, wole gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia hele efiam egbea le anyigba ƒe afisiafi. Eyata Fiaɖuƒea ƒe yayrawo gali amewo naxɔ. Nukae wòle be nàwɔ hafi axɔ yayra siawo? Nyati si kplɔe ɖo aɖe eme.