Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristotɔnyenye Vavãtɔ Ðu Dzi!

Kristotɔnyenye Vavãtɔ Ðu Dzi!

Kristotɔnyenye Vavãtɔ Ðu Dzi!

“[Yehowa] ƒe nya la tsi kple ŋusẽ, eye wòkpɔ dziɖuɖu.”​—DƆWƆWƆWO 19:20.

1. Ƒo nu tso alesi Kristotɔnyenye keke tae le ƒe alafa gbãtɔ me ŋu.

ESI gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ de dzo Kristotɔ gbãtɔawo me ta la, wotsɔ dzonɔameme si nu womate ŋu atsi o ɖe gbeƒã Mawu ƒe nya lae. Ŋutinyaŋlɔla aɖe ŋlɔ bena: “Kristotɔnyenye keke ta kabakaba wòɖe dzesi le Roma xexeame. Kaka ƒe 100 naɖo la, Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo nɔ nuto ɖesiaɖe si ɖe liƒo kple Mediterranea la me.”

2. Aleke Satana te kpɔ be yeatsi nyanyuia nui, eye aleke wogblɔ esia ŋu nya ɖii?

2 Satana Abosam mete ŋu tsi Kristotɔ gbãtɔwo nu o. Ke boŋ eto mɔ bubu dzi be yeatsi nyanyuia ƒe ŋusẽkpɔkpɔ ɖe amewo dzi nu—si nye xɔsegbegbe. Yesu gblɔ nudzɔdzɔ sia ŋu nya ɖi le lu kple gbe wuwluia ƒe lo si wòdo me. (Mateo 13:24-30, 36-43) Apostolo Petro hã xlɔ̃ nu be aʋatsonufialawo ava hamea me, woatsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamawo ava tra ɖe eme. (Petro II, 2:1-3) Nenema ke apostolo Paulo hã xlɔ̃ nu tẽ be xɔsegbegbe ava do ŋgɔ na Yehowa ƒe ŋkekea.—Tesalonikatɔwo II, 2:1-3.

3. Nukae dzɔ le apostoloawo ƒe ku megbe?

3 Le apostoloawo ƒe ku megbe la, trɔ̃subɔlawo ƒe nufiafiawo kple xexemenunya va vu tsyɔ nyanyuia dzi. Abe alesi wogblɔe ɖii ene la, aʋatsonufiafia va tro nyateƒe gbedasi dzadzɛ la hetɔ tsii. Ʋɛʋɛʋɛ la, yeaɖi Kristotɔnyenye si woyɔna be Kristodukɔa va vu tsyɔ Kristotɔnyenye vavãtɔ dzi. Nunɔlawo ƒe ha aɖe va do, si te kpɔ be yeana Biblia nagaka ame tsɛwo si o. Togbɔ be amesiwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo dzi ɖe edzi hã la, woƒe subɔsubɔ medza o. Kristodukɔa keke ta ɖo nutowo katã me eye wòva nye nuɖoanyi sẽŋu aɖe si kpɔ ŋusẽ le Ɣetoɖoƒe-dukɔwo me, gake Mawu ƒe yayra kple eƒe gbɔgbɔ menɔ edzi o.

4. Nukatae tame si Satana ɖo be yeablu afɔ na Mawu ƒe tameɖoɖo medze edzi o?

4 Ke hã, tame si Satana ɖo be yeablu afɔ na Yehowa ƒe tameɖoɖo ado kpo nu godoo. Le ɣeyiɣi si me xɔsegbegbe nɔ ŋusẽ kpɔm vevie wu gɔ̃ hã me la, Kristotɔnyenye vavãtɔ kpɔtɔ nɔ agbe kokoko le wo dometɔ aɖewo dome. Ŋutsu siwo gbugbɔ Biblia ŋlɔ ɖoe wo ɖokui dzi be yewoaŋlɔe wòade pɛpɛpɛ. Eyata togbɔ be amesiwo be ŋusẽ le yewosi yewoafia Biblia amewo tɔ tsi eƒe gɔmesese hã la, emenyawo ŋutɔ ya kpɔtɔ le dedie. Le ƒe alafa siwo va yi me la, agbalẽnyalawo abe Jerome kple Tyndale ene tsɔ dzideƒo ɖe Mawu ƒe Nya la gɔme hemae. Ame miliɔn geɖe va nya nu tso Biblia kple Kristotɔnyenye ƒomevi aɖe ŋu, togbɔ be menye vavãtɔe o hã.

5. Nya kae nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi tso ‘sidzedze vavãtɔ’ ŋu?

5 Mlɔeba, abe alesi wogblɔe ɖi le Daniel ƒe agbalẽa me ene la, ‘sidzedze vavãtɔ va dzi ɖe edzi.’ Nusia dzɔ le “nuwuɣi”—si nye ŋkeke si me míele fifia la me. (Daniel 12:4) Gbɔgbɔ kɔkɔea na nyateƒelɔ̃lawo ke ɖe nyateƒe Mawu la kple eƒe tameɖoɖo ŋuti sidzedze vavãtɔ ŋu le xexeame godoo. Le xɔsegbenuwo fiafia ƒe alafa geɖe megbe hã la, Mawu ƒe nya la kpɔtɔ le dzi ɖum kokoko! Egbea, wole gbeƒã ɖem nyanyuia le afisiafi, hele mɔ fiam amewo yi xexe yeye dodzidzɔname aɖe ƒe mɔkpɔkpɔ gbɔe. (Psalmo 37:11) Azɔ mina míalé ŋku ɖe Mawu ƒe nya ƒe takeke le egbeŋkekeawo me ŋu.

Nya la ƒe Takeke Egbea

6. Kaka ƒe 1914 naɖo la, nyateƒenya kawo gɔmee Biblia Nusrɔ̃viwo va se?

6 Le ƒe alafa 19 lia ƒe ƒe mamlɛawo me la, Biblia ƒe nyateƒea ʋã Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe, si woyɔna egbea be Yehowa Ðasefowo. Kaka ƒe 1914 naɖo la, ŋusẽ gaɖo Biblia ŋu le wo dome. Wose Mawu ƒe tameɖoɖo ŋuti nyateƒe wɔnukuwo gɔme. Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si na wòɖo Via ɖe anyigba dzi, heʋu mɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ, la ʋã wo vevie. Azɔ hã wova nya Mawu ƒe ŋkɔ kple eƒe nɔnɔme hekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Gakpe ɖe eŋu la, wova de dzesii be “Trɔ̃subɔlawo ƒe ɣeyiɣi la” wu enu xoxo, si le fiafiam be ɣeyiɣi de be Mawu ƒe Fiaɖuƒe ƒe dziɖuɖu nahe yayrawo vɛ na ameƒomea. (Luka 21:24) Nyanyui wɔnuku ka gbegbee nye si! Ehiã be woagblɔ nyateƒe wɔnuku siawo ŋu nya na amesiame, le afisiafi. Amewo ƒe agbe ɖo afɔku me!

7. Aleke Biblia ƒe nyateƒea ɖu dzi le egbeŋkekeawo mee?

7 Yehowa yra Kristotɔ amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue ma. Egbea la, amesiwo va xɔ Kristotɔnyenye vavãtɔ la ƒe xexlẽme wu miliɔn ade. Mawu nya la keke ta ɖo nutowo katã hã me, elabena Yehowa Ðasefowo le anyigba 235 dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia ƒe nyateƒea ɖo ŋusẽ, heɖu mɔxenuwo katã, subɔsubɔhawo tɔ kple bubuawo dzi. Xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ sia hã ganye kpeɖodzi si womate ŋu agbe o be Yesu va le Fiaɖuƒe ŋusẽ me.—Mateo 24:3, 14.

8. Nya kae ame aɖewo gblɔ tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzidziɖedzi ŋu?

8 Abe alesi ŋutinyaŋlɔlawo ƒo nu tso Kristotɔnyenye ƒe takeke ɖedzesia ŋui le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, agbalẽnyala geɖe ƒo nu tso Yehowa ƒe amewo ƒe dzidziɖedzi le egbeŋkekeawo me la ŋu nenema ke. Le United States la, agbalẽnyala eve wɔ ɖeka ŋlɔ bena: “Le ƒe 75 siwo va yi me la, dzidzim ɖe edzi koe Yehowa Ðasefowo le eteƒe mekɔ o . . . eye xexeame katãe wòle dzɔdzɔm le nenema.” Ɣedzeƒe Afrika nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe yɔ Ðasefowo be wonye “subɔsubɔha siwo kekea ta kabakaba eye wodea bubu wo ŋu vevie le dukɔ ɖesiaɖe me ɖe alesi wokuna ɖe Biblia ƒe nufiafiawo ŋu vevie ta la dometɔ ɖeka.” Eye Katoliko kɔnuwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe, si wotana le Europa la ƒo nu tso “Yehowa Ðasefowo ƒe dzidziɖedzi si teƒe mekɔ o” ŋu. Nuka gbɔe dzidziɖedzi sia tso?

Alesi Gbɔgbɔ Kɔkɔea Le Dɔ Dzi Egbeae

9. (a) Nuka koŋ gbɔe Mawu ƒe nya la ƒe dziɖuɖu tso egbea? (b) Aleke Yehowa hea amewo vaa eɖokui gbɔe?

9 Nusi gbɔ koŋue wòtso be Mawu ƒe nya la le dzi ɖum egbea enye be Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dɔ wɔm sesĩe, abe alesi ko wònɔ le ƒe alafa gbãtɔa mee ene. Yesu gblɔ be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” (Yohanes 6:44) Nya siawo fia be Mawu fiaa mɔ amesiwo ƒe nɔnɔme dze la tufafatɔe, eye wòɖoa amewo ƒe dzi gbɔ. Yehowa to eƒe Ðasefowo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi le ‘dukɔwo ƒe nu vevitɔwo’—si nye amesiwo nye anyigba dzi me fafawo, amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo, la hem va eƒe subɔsubɔdɔa mee.—Xagai 2:6, 7.

10. Ameƒomevi kawoe xɔ Mawu ƒe nya la?

10 Menye Mawu nya la koe gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ Mawu ƒe amewo wotsɔ yi anyigba seƒe ke o; ke eʋã ameƒomevi ɖesiaɖe hã be woaɖo to nyanyuia. Le nyateƒe me la, amesiwo xɔ Mawu ƒe nya la do tso “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple du sia du kple dukɔ sia dukɔ me.” (Nyaɖeɖefia 5:9; 7:9, 10) Amesiwo nye kesinɔtɔwo kple hiãtɔwo, agbalẽnyalagãwo kple ame manyagbalẽwo siaa le wo dome. Wo dometɔ aɖewo xɔ nya la le aʋawɔɣi ƒe nɔnɔme kple yometiti sesẽwo me, eye bubuwo xɔe le ŋutifafa kple nudzedziname ɣeyiɣiwo me. Ŋutsuwo kple nyɔnuwo xɔ nyanyui la nyuie, le dziɖuɖu ƒomevi ɖesiaɖe te, le dekɔnu ɖesiaɖe me, tso fuwɔamegaxɔwo kple fiasãwo me.

11. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea wɔa dɔ le Mawu ƒe amewo ƒe agbe mee, eye vovototo kae dze?

11 Togbɔ be ameƒomevi vovovowoe Mawu ƒe amewo nye hã la, wonɔa anyi kple wo nɔewo le ɖekawɔwɔ me. (Psalmo 133:1-3) Esia hã ganye kpeɖodzi bubu be gbɔgbɔ kɔkɔea le dɔ wɔm le amesiwo le Mawu subɔm la ƒe agbe me. Eƒe gbɔgbɔ nye ŋusẽdoamenu sẽŋu aɖe hena nyuiwɔwɔ, si kpena ɖe esubɔlawo ŋu be woaɖe lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dɔmenyonyo, kple nɔnɔme nyui bubuwo afia. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Egbea la, míele nya si nyagblɔɖila Maleaxi gblɔ ɖi gbaɖegbe ke va yi la gɔme sem ƒã be: “[Miakpɔ] vovo, si le ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi dome, kple vovo, si le mawusubɔla kple amesi mesubɔnɛ o la dome.”—Maleaxi 3:18.

Mawu ƒe Nya Ðu Dzi le Dɔwɔla Dovevienuwo Dome

12. Aleke Yehowa Ðasefowo sena le wo ɖokui me tso nyanyuigbɔgblɔdɔa ŋu, eye nɔnɔme kawoe wokpɔ mɔ be yewoado goe le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me?

12 Yehowa Ðasefo siwo li egbea menye sɔlemedela dzrowo ko o. Wokpɔa gome le nyanyuigbɔgblɔdɔa me moveviɖoɖotɔe. Abe Kristotɔ gbãtɔawo ene la, wotsɔ wo ɖokui na faa be yewoawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, eye wole didim be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe Fiaɖuƒe ƒe ŋugbedodowo ŋu. Wonye Mawu ƒe hadɔwɔlawo, amesiwo wɔ ɖeka kple gbɔgbɔ kɔkɔea le ame bubuwo nu ƒom ƒu va Yehowa ƒe subɔsubɔa me. Woto esia wɔwɔ me le Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ ɖem fia ameƒome dzimaxɔsetɔwo. Eye wowɔa esia togbɔ be wodzea ŋgɔ amewo ƒe ɖekematsɔleme, fewuɖuɖu, kple yometiti hã. Yesu dzra eyomedzelawo ɖo ɖe mɔ vovovo siwo ŋu woawɔ nu ɖe nyanyuia ŋu le la ŋu. Egblɔ be: “Dɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome, ne wolé nye nya me ɖe asi la, woalé miawo hã tɔ me ɖe asi.”—Yohanes 15:20.

13. Nukawoe mele Kristodukɔa me o siwo xɔ anyinɔ le Yehowa Ðasefowo dome?

13 Alesi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔna sɔ kple amesiwo xɔ Kristotɔnyenye vavãtɔ le ƒe alafa gbãtɔ me tɔ wɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Esi gaɖe dzesi ŋutɔe nye vovototo si le Yehowa Ðasefowo kple Kristodukɔa dome egbea. Esi agbalẽnyala aɖe ŋlɔ nu tso nyanyuigbɔgblɔ ƒe dzo si nɔ Kristotɔ gbãtɔwo me ŋu megbe la, efa konyi be: “Ne tɔtrɔ aɖeke meva le sɔlemedede ko ƒe subɔsubɔ si li egbea me, ale be mawunyagbɔgblɔ nagava nye nane si Kristotɔ ɖesiaɖe si wode tsi ta na nabu dɔdasii, eye agbenɔnɔ si ƒomevi kɔkɔ sã wu esi dzimaxɔsetɔwo ɖena fiana ɖe dzesi le dɔa wɔlawo ŋu o la, míete ŋu le ŋgɔyiyi boo aɖeke wɔ ge o.” Nusiwo tututu mele Kristodukɔa me o ye xɔ anyinɔ ɖe Yehowa Ðasefowo dome! Xɔse gbagbe, xɔse vavã, kple xɔse si wotu ɖe Biblia me nyateƒe dzi, si le wo si tae wosenɛ le wo ɖokui me be yewoagblɔe na amesiwo katã aɖo to.—Timoteo I, 2:3, 4.

14. Aleke Yesu bu eƒe subɔsubɔdɔae, eye nɔnɔme kae eƒe nusrɔ̃lawo ɖena fiana egbea?

14 Yesu mefe kple eƒe subɔsubɔdɔa kura o, eyae nye nu vevitɔ si ŋu wòtsi dzi ɖo. Egblɔ na Pilato bena: “Esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Mawu ƒe amewo sena le wo ɖokui me abe Yesu ene. Esi Biblia ƒe nyateƒea le dzi me na wo ta la, wodzea agbagba dia mɔnuwo gblɔnɛ na ame alesinu woate ŋui. Mɔnu siawo dometɔ aɖewo ɖe aɖaŋudzedze si ɖe dzesi ŋutɔ fia.

15. Aleke ame aɖewo ɖe aɖaŋudzedze fia le gbeƒãɖeɖe nyanyuia mee?

15 Le Anyiehe Amerika dukɔ aɖe me la, Ðasefowo zɔa Amazon-tɔsisia ƒe alɔdze aɖe ŋu yia eƒe anyigbe ke hafi te ŋu tsɔa nyateƒea ɖoa amewo gbɔe. Gake esi dukɔmeviʋa dzɔ le ƒe 1995 me la, wode se be dumevi dzrowo nagazɔ mɔ to tɔsisia ŋu o. Esi Ðasefoawo ɖoe kplikpaa be yewoayi edzi atsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo anɔ ɖetsɔlemetɔwo nam ta la, woɖoe be yewoakɔ gbedasia ɖe tsisisia dzi wòahe ayii. Woŋlɔa lɛta kpena ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ŋu tsɔ dena aŋetukpawo me. Emegbe wokɔa atukpaawo ɖe tɔsisia me. Wowɔ esia ƒe ene kple afã sɔŋ vaseɖe esime woʋu mɔ be dumevi dzrowo nate ŋu azɔ mɔ to tɔa ŋu. Amesiwo le tɔsisia ŋu godoo daa akpe na Ðasefoawo ɖe agbalẽawo ta. Nyɔnu aɖe si wonɔ Biblia srɔ̃m kplii kpla asi kɔ na wo kple aɖatsi gblɔ be: “Mesusu be nyemegale mia kpɔ ge akpɔ o. Gake esi mete agbalẽawo xɔxɔ le atukpaawo me la, menya be mieŋlɔm be o!” Ame bubu siwo hã nɔ tɔsisia ŋu gblɔ be yewoxlẽ magazineawo edziedzi. “Posu dɔwɔƒe” nɔ kɔƒedu geɖe me—si nye teƒe siwo tsisisia hea nusiwo ho ɖe tsia dzi va kɔna ɖo vie. Afimawoe ɖetsɔlemetɔwo yina edziedzi be yewoaxɔ “nubablɛ” siwo tsia tsɔ vɛ.

16. Aleke mía ɖokui tsɔtsɔna ɣeaɖewoɣi ʋua mɔ na nusrɔ̃la wɔwɔe?

16 Yehowa Mawu kple eƒe dɔla sẽŋuwoe fiaa mɔ gbeƒãɖeɖe nyanyuia hedaa megbe nɛ. (Nyaɖeɖefia 14:6) Ne míenya tsɔ mía ɖokui na ko la, mɔnukpɔkpɔ siwo míele mɔ kpɔm na o aʋu ɣeaɖewoɣi hena nusrɔ̃lawo wɔwɔ. Le Nairobi, Kenya la, nyɔnu Kristotɔ eve wu dɔwɔwɔ le aƒe siwo wode wo si me nu. Enumake ɖetugbi aɖe te ɖe wo ŋu kple dzidzɔ gblɔ be: “Menɔ gbe dom ɖa be mado go ame aɖe abe miawo ene.” Eɖe kuku na Ðasefoawo be woava yeƒe aƒeme enumake yewoadzro nya aɖe me, eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii gbemagbe ke. Nukatae nyɔnua te ɖe Kristotɔ eveawo ŋu kpata nenema ɖo? Anye kwasiɖa evee ma va yi la, via ku. Eyata esi wòkpɔ ɖevi aɖe wòlé trakt si nye “Mɔkpɔkpɔ Kae Li na Lɔlɔ̃tɔ Siwo Ku?” ɖe asi la, edi vevie be wòasu ye si, eye wòbia ŋutsuvia be wòatsɔe na ye. Egbe, gake hefia asi Ðasefo siwo tsɔ trakt la nɛ lae. Eteƒe medidi o nyɔnua te gbɔgbɔmeŋgɔyiyi nyui wɔwɔ eye wòsu te wu te ŋu nɔ te ɖe nuxaxa si via ƒe ku dona nɛ nu.

Ele be Mawu ƒe Lɔlɔ̃ Naɖu Dzi

17-19. Lɔlɔ̃ kae Yehowa to tafea dzi ɖe fia ameƒomea?

17 Mawu ƒe nya la ƒe takeke le anyigba bliboa dzi la do ƒome kple Kristo Yesu ƒe tafevɔsa la kplikplikpli. Abe tafea ene la, gbeƒãɖeɖedɔa nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃ na amewo la ɖeɖefia le afisiafi. Gbɔgbɔ ʋã apostolo Yohanes wòŋlɔ bena: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a [ameƒomea ƒe] xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.

18 Bu lɔlɔ̃ si Yehowa ɖe fia be wòtsɔ tafea na ŋu kpɔ. Ƒomedodo kplikplikpli nɔ Mawu kple eƒe Tenuvi si gbɔ melɔ̃a nu le o, “amesi nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze” dome ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ. (Nyaɖeɖefia 3:14) Yesu lɔ̃ Fofoa vevie, eye Yehowa lɔ̃ Via “hafi woɖo xexeame gɔme anyi.” (Yohanes 14:31; 17:24) Yehowa ɖe mɔ Via lɔlɔ̃a sia ku ale be amegbetɔwo nate ŋu akpɔ agbe mavɔ. Lɔlɔ̃ wɔnuku ka gbegbe enye si wòɖe fia ameƒomea!

19 Yohanes 3:17 gblɔ be: “Mawu medɔ via ɖe xexeame, be wòadrɔ̃ ʋɔnu xexeame o; ke boŋ be woaɖe xexeame to eyama dzi.” Eyata amewo ɖeɖe lɔlɔ̃tɔe ƒe dɔe Yehowa de Via si, ke menye ʋɔnudɔdrɔ̃ kple fɔbubu amewo ƒe dɔe wòde esi o. Esia wɔ ɖeka kple Petro ƒe nyawo be: “[Yehowa] melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.”—Petro II, 3:9.

20. Mɔ ka nue ɖeɖekpɔkpɔ do ƒome kple gbeƒãɖeɖe nyanyuia le?

20 Esi ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si Yehowa ʋu ɖi le se nu xɔ asi na eya ŋutɔ ale gbegbe ta la, edi be ame geɖe ŋutɔ nawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ alesi wòanya wɔe. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Amesiame, si ayɔ [Yehowa] ƒe ŋkɔa dzi la, woaɖee. Azɔ aleke woayɔ amesi dzi womexɔ se o la mahã? Ke aleke woaxɔ amesi ŋutinya womese kpɔ o la dzi ase mahã? Ke aleke woase nya, ne nyanyui gbeƒãɖela aɖeke mele wo si o mahã?”—Romatɔwo 10:13, 14.

21. Aleke wòle be míase le mía ɖokui me tso gbeƒãɖeɖedɔa ƒe mɔnukpɔkpɔa ŋu?

21 Mɔnukpɔkpɔ nyui ka gbegbe enye si be míakpɔ gome le xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ sia me! Menye dɔ bɔbɔe wònye o, gake aleke gbegbee wònyea dzidzɔ na Yehowae nye si ne ekpɔ eƒe amewo le agbe nɔm ɖe nyateƒea nu anukwareɖiɖitɔe hele nyanyuia gblɔm na ame bubuwo! Eyata aleke ke wò nɔnɔmewo ɖale o, na Mawu ƒe gbɔgbɔ kple lɔlɔ̃ si le wò dzime naʋã wò nàkpɔ gome le dɔ sia wɔwɔ me. Eye ɖo ŋku edzi be dɔ si kpɔm míele wole wɔwɔm le xexeame godoo ɖo kpe edzi kɔte be madidi o Yehowa Mawu awɔ ŋugbe si wòdo be yeahe “dziƒo yeye kple anyigba yeye” wɔnuku, si me “dzɔdzɔenyenye anɔ” vɛ la dzi.—Petro II, 3:13.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae xɔsegbegbe mete ŋu tsi nyanyuigbeƒãɖelawo nu o?

• Aleke Mawu ƒe nya ɖu dzi le míaƒe ŋkekea mee?

• Mɔ kawo nue Mawu ƒe gbɔgbɔa le dɔ wɔm le egbea?

• Aleke tafea do ƒome kple gbeƒãɖeɖe nyanyuiae?

[Biabiawo]

[Akɔntabubu/​Nɔnɔmetata si le axa 16]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo ƒe xexlẽme ƒe dzidziɖedzi le ƒe alafa 20 lia me

Gbeƒãɖelawo ƒe Mama Dedie (wobui ɖe miliɔn me)

6.0

5.5

5.0

4.5

4.0

3.5

3.0

2.5

2.0

1.5

1.0

0.5

1900 1910 1920 1930 1940 1950 1960 1970 1980 1990 2000

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

JEROME

TYNDALE

GUTENBERG

HUS

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Gutenberg kple Hus: Etso agbalẽ si nye The Story of Liberty, 1878, me

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Biblia Nusrɔ̃vi siwo nɔ gbeƒã ɖem nyanyuia le ƒe 1920-awo me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Amewo le nyanyui la xɔm le xexeame godoo

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Abe Yesu Kristo ƒe tafevɔsaa ene la, gbeƒãɖeɖedɔa ɖea Mawu ƒe lɔlɔ̃ fiana