Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

India—“Ðekawɔwɔ le Nɔnɔme Vovovowo Me”

India—“Ðekawɔwɔ le Nɔnɔme Vovovowo Me”

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

India​—“Ðekawɔwɔ le Nɔnɔme Vovovowo Me”

“ÐEKAWƆWƆ le Nɔnɔme Vovovowo me” nye nyagbɔgblɔ nyanyɛ aɖe si wotsɔna ɖɔa dukɔmetɔwo ƒe ɖekawɔwɔ le India. Be woawɔ ɖeka le dukɔ gã sia si me vovototowo le le dekɔnu, gbegbɔgblɔ, mawusubɔsubɔ, teƒe siwo amewo tso, awudodo, kple nuɖuɖu gome mele bɔbɔe o. Gake wokpɔa ɖekawɔwɔ sia le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔdzikpɔƒe si le India, togbɔ be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le afima hewɔa dɔ le afima la tso nuto kple nuto gã geɖe me eye wodoa gbe vovovo geɖe hã.

• Wo dometɔ ɖekae nye Rajrani—ɖetugbi aɖe si tso Punjab, le India ƒe dzieheɣetoɖoƒe ɖaa. Esi Rajrani nɔ suku la, eƒe sukuxɔmetɔ aɖe te Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo. Nyɔnuvi dzaa sia dze agbagba be yeanyɔ Rajrani ƒe ɖetsɔleme ɖe Biblia ŋu. Esi eƒe sukuxɔmetɔa menya Eŋlisigbe nyui o eye wometaa Gbetakpɔxɔ ɖe Punjabigbe me ɣemaɣi o ta la, ebia Rajrani be wòakpe ɖe ye ŋu aɖe magazinea me nyawo gɔme na ye. Nusi Rajrani xlẽ le Gbetakpɔxɔ me te ŋusẽ kpɔkpɔ ɖe eyama dzi ale gbegbe be togbɔ be edzilawo tsi tre ɖe eŋu hã la, ewɔ ŋgɔyiyi tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa Mawu. Egbea ele subɔsubɔm le India Betel eye dɔ si tututu wòwɔ si na wòke ɖe nyateƒea ŋu la ke wɔmee wòle le afima. Eɖea Kristotɔwo ƒe agbalẽwo gɔme ɖe Punjabigbe me!

• Bu Bijoe hã ŋu kpɔ, amesi tso India ƒe akpa bubu—anyieheɣetoɖoƒenuto si nye Kerala. Wonya Bijoe le suku le esi mekpɔa gome le dulɔlɔ̃ ƒe azãwo ɖuɖu me o ta. Esi wotsɔ ɣeyiɣi didi aɖe drɔ̃ nya la le ʋɔnudrɔ̃ƒe vɔ wòzu aʋadziɖuɖu ɖedzesi na tadedeagu dzadzɛ megbe la, wogaxɔ Bijoe ɖe suku. * Eyi edzi va ɖo kɔledzi. Gake agbegbegblẽnuwɔna siwo yia edzi le afima ɖe fu na eƒe dzitsinya, eyata edzudzɔ sukua le ƒe gbãtɔ ƒe akpa gbãtɔ me. Fifia le ƒe 10 si wòtsɔ wɔ dɔ le Betel megbe la, ekpɔe be eɖe vi geɖe na ye be yenye Betel-ƒomea me tɔ siwo tso teƒe vovovowo evɔ wowɔ ɖeka la wu alesi wòanɔ le sukukɔkɔdede me.

• Norma kple Lily siaa xɔ ƒe 70 kple edzivɔ eye wonye ahosiwo ƒe geɖe. Wo dometɔ ɖesiaɖe tsɔ ƒe 40 kple edzivɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae. Lily nye Tamilgbegɔmeɖela le alɔdzedɔwɔƒea anɔ ƒe 20 kloe. Ƒe 13 enye si va yi esime Norma va Betel le srɔ̃aŋutsu ƒe ku megbe. Tsɔ kpe ɖe dɔwɔla ku kutri kple fɔléɖenuŋula ƒe kpɔɖeŋuɖola siwo wonye ŋu la, wokpɔa ŋusẽ ɖe ɖekawɔwɔ si le Betel-ƒome bliboa me dzi. Vividodo ɖe amedzrowo ŋu dzɔa dzi na wo, eye ƒomea me tɔ siwo nye sɔhɛwo domenɔnɔ, ahanɔ Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ɣeyiɣi didi me dzidzɔwo gblɔm na wo vivia wo nu. Eye sɔhɛawo hã kpea wo vaa woƒe xɔwo me be woava de ha kpli yewo eye wonaa kpekpeɖeŋu wo ne ehiã. Woɖoa kpɔɖeŋu nyuiwo nyateƒe!

Esi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo ɖu masɔmasɔ siwo hea dzrewɔwɔ kple tɔtɔ vɛ le teƒe geɖewo dzi la, wozu India Betel-ƒomea me tɔ siwo tsɔa dzidzɔ wɔa dɔ ɖekae tsɔ subɔa ame bubuwo.—Psalmo 133:1.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 5 Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, November 1, 1987, axa 21.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 8]

Megbe ɖaa: Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.