Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Yehowa Ƒe Nya La Keke Ta’

‘Yehowa Ƒe Nya La Keke Ta’

 ‘Yehowa Ƒe Nya La Keke Ta’

“Eya, amesi do eƒe nya ɖe anyigba dzi, eye eƒe sedede ɖi du.”—PSALMO 147:15.

1, 2. Dɔ kae Yesu de asi na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nukae wòlɔ ɖe eme?

BIBLIA me nyagblɔɖi siwo wɔ nuku ŋutɔ dometɔ ɖeka dze le Dɔwɔwɔwo 1:8. Esi wòsusɔ vie Yesu nayi dziƒo la, egblɔ na eyomedzelawo be: “Miaxɔ [gbɔgbɔ kɔkɔe], si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo . . . vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” Dɔ gã nyadri ka gbegbee nye si dɔ sia ava nye!

2 Be woaɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la le anyigba katã dzi anya ɖi dɔ sesẽ aɖe na nusrɔ̃la ʋɛ mawo siwo wodee asi na. Bu nusi wòlɔ ɖe eme ŋu kpɔ. Ele be woakpe ɖe ameawo ŋu be woase Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gɔme. (Mateo 24:14) Ðaseɖiɖi le Yesu ŋu bia hã be woagblɔ eƒe nufiafia sẽŋuwo na ame bubuwo eye woaɖe eƒe wɔƒe le Yehowa ƒe tameɖoɖo me la me na wo. Gakpe ɖe eŋu la, dɔa bia be woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo ahanyrɔ wo. Eye xexeame katãe wòle be woawɔ dɔ sia le!—Mateo 28:19, 20.

3. Nuka ƒe kakaɖedzie Yesu na eyomedzelawo, eye aleke wowɔ dɔ si wòde asi na woe?

3 Ke hã la, Yesu na kakaɖedzi eyomedzelawo be gbɔgbɔ kɔkɔea anɔ anyi kpli wo le dɔ si yede wo si la wɔwɔ me. Eyata, togbɔ be dɔdasia lolo eye tsitretsiɖeŋulawo yi edzi to ŋutasẽmɔwo nu dze agbagba be yewoana Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nadzudzɔ dɔa hã la, wowɔ dɔ si wòde asi na wo la dzidzedzetɔe. Enye nuŋlɔɖi ŋutɔŋutɔ si womate ŋu agbe o.

4. Aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ dze le dɔ si wòde asi be woaɖe gbeƒã ahafia nu amewo mee?

4 Xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa nye lɔlɔ̃ si le Mawu si na amesiwo menyae o la ɖeɖe fia. Ena mɔnukpɔkpɔ su wo si be woate ɖe Yehowa ŋu eye wòatsɔ woƒe nuvɔ̃wo ake wo. (Dɔwɔwɔwo 26:18) Gbeƒãɖeɖe kple nufiafia ƒe dɔdasia ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ na amesiwo si wòtsɔ gbedasia dee hã fia, elabena eʋu mɔ na wo be woaɖe wo ɖokuitsɔtsɔna Yehowa afia ahaɖe lɔlɔ̃ si le wo me na wo havi amegbetɔwo afia. (Mateo 22:37-39) Apostolo Paulo de asixɔxɔ Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu ale gbegbe be wòyɔe be “kesinɔnu.”—Korintotɔwo II, 4:7.

5. (a) Afikae míekpɔ Kristotɔ gbãtɔwo ŋuti nuŋlɔɖi nyuitɔ kekeake le, eye dzidziɖedzi ka ŋue woƒo nu tsoe le eme? (b) Nukatae viɖe le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ŋu na Mawu subɔlawo egbea?

5 Kristotɔ gbãtɔwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋuti nuŋlɔɖi nyuitɔ kekeake dze le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽ si tso gbɔgbɔ me, si nusrɔ̃la Luka ŋlɔ, la me. Enye nudzɔdzɔ wɔnuku kple dzidziɖedzi kabakaba ŋuti nuŋlɔɖi. Mawu ƒe Nya ŋuti sidzedze ƒe dzidziɖedzi sia na míeɖo ŋku nya si le Psalmo 147:15 dzi, si gblɔ be: “[Yehowa] do eƒe nya ɖe anyigba dzi, eye eƒe sedede ɖi du.” Kristotɔ gbãtɔawo, amesiwo gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽe, ŋuti nuŋlɔɖia doa dzidzɔ na mí eye viɖe hã le eŋu na mí egbea. Gbeƒãɖeɖe kple nusrɔ̃lawɔwɔdɔ ma ke wɔmee Yehowa Ðasefowo hã le, ke ɖeko wo tɔa lolo wu. Kuxi siwo ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo do goe tɔgbee míawo hã míedzea ŋgɔe.  Alesi Yehowa yra Kristotɔ gbãtɔwo hedo ŋusẽ woe me dzodzro ado ŋusẽ míaƒe xɔse be ele megbe na mí.

Nusrɔ̃lawo ƒe Xexlẽme Dzi Ðe Edzi

6. Dzidziɖedzi ŋuti nyagbe kae dze zi etɔ̃ le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me, eye nuka ŋue wòku ɖo?

6 Mɔ siwo dzi míato alé ŋku ɖe Dɔwɔwɔwo 1:8 me vava ŋu dometɔ ɖekae nye be míadzro nyagbɔgblɔ si nye ‘Yehowa ƒe nya la yi edzi keke ta’ me, si nye nyagbe si me vovototo sue aɖe dze le le alesi wogblɔ woe me, si dze le Biblia me zi etɔ̃ pɛ ko, eye Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa mee wodze le. (Dɔwɔwɔwo 6:7; 12:24; 19:20) ‘Yehowa ƒe nya,’ alo ‘Mawu ƒe nya,’ si dze le kpukpui siawo me la nye nyanyuia—si nye Mawu ƒe nyateƒe ŋuti gbedasi si ʋãa ame, si le agbe, eye wònye gbedasi sẽŋu si trɔ amesiwo xɔe la ƒe agbenɔnɔ.—Hebritɔwo 4:12.

7. Nuka ŋue Mawu ƒe nya ƒe takeke si dze le Dɔwɔwɔwo 6:7 ku ɖo, eye nukae dzɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi?

7 Zi gbãtɔ si woƒo nu le Mawu ƒe nya ƒe takeke ŋu dze le Dɔwɔwɔwo 6:7. Míexlẽ le afima be: “Eye mawunya la keke ta, eye nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ŋutɔ le Yerusalem; eye nunɔlawo ƒe ha gã aɖe hã na ta xɔse la.” Dzidziɖedzi si ŋu woƒo nu tsoe le afisia ku ɖe nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme si nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi la ŋu. Do ŋgɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea dzi la, wokɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ɖe nusrɔ̃la siwo ade 120, siwo ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe me la dzi. Ɣemaɣi la, apostolo Petro ƒo nuƒo ʋãme aɖe, eye amesiwo se nya la dometɔ siwo ƒe xexlẽme anɔ 3,000 va zu xɔsetɔwo gbemagbe. Aleke gbegbe teƒea anɔ ɖiɖim hoo enye si esime ame akpewo zɔ ɖo ta alo tawo gbɔ le Yerusalem dua me kple egodo be woanyrɔ yewo le Yesu, ŋutsu si wohe ɖe ati ŋu abe nuvlowɔla ene ŋkeke 50 aɖewoe nye ma va yi la ƒe ŋkɔ me!—Dɔwɔwɔwo 2:41.

8. Aleke nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi le ƒe siwo kplɔ ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekea ɖo mee?

 8 Le nyateƒe me la, gɔmedzedzea koe nye ema. Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo ƒe agbagbadzedze agbadre be yewoablu afɔ gbeƒãɖeɖedɔa zu dzodzro. Nunɔla mawo tɔtɔ ale gbegbe esi ‘Yehowa yi edzi tsɔ amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la le kpekpem ɖe nusrɔ̃lawo ŋu gbesiagbe.’ (Dɔwɔwɔwo 2:47) Eteƒe medidi o “ŋutsuawo ƒe xexlẽme [ɖo] akpe atɔ̃.” Le ema megbe la, “ame geɖe wu va kpe ɖe wo ŋu, amesiwo xɔ Aƒetɔ la dzi se, ŋutsuwo kple nyɔnuwo geɖe fũ ŋutɔ.” (Dɔwɔwɔwo 4:4; 5:14) Míexlẽ le ɣeyiɣi siwo kplɔ emawo ɖo ŋu be: “Azɔ hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui, eye wole zɔzɔm le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye wosɔ gbɔ to [gbɔgbɔ kɔkɔe] la ƒe akɔfafa me.” (Dɔwɔwɔwo 9:31) Ƒe aɖewo megbe, ɖewohĩ le ƒe 58 M.Ŋ. me la, woƒo nu tso ‘ame akpeakpewo siwo xɔe se’ ŋu. (Dɔwɔwɔwo 21:20) Ɣemaɣi la, Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ geɖewo hã zu xɔsetɔwo.

9. Aleke nàɖɔ Kristotɔ gbãtɔwoe?

9 Dzimetrɔla yeye siwo va kpena ɖe wo ŋu gbɔe xexlẽmea ƒe dzidziɖedzi sia ƒe akpa gãtɔ tso. Ðeko subɔsubɔhaa do yeyee koe nye ma—gake wodoa vevie subɔsubɔ ale gbegbe. Nusrɔ̃lawo mewɔ wo ɖokui sɔlemedela dzrowo ko kura o, wotsɔ wo ɖokui katã ke Yehowa kple eƒe Nya la, eye ɣeaɖewoɣi la, wo dometɔ aɖewo srɔ̃ nyateƒea tso amesiwo yome woti kutɔkutɔe gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 16:23, 26-33) Amesiwo xɔ Kristotɔnyenye la va zui le nyametsotso si nɔ te ɖe nuŋububu nyui dzi si wowɔ ta. (Romatɔwo 12:1) Wofia nu wo tso Mawu ƒe mɔwo ŋu; nyateƒea nɔ woƒe susu kple dzi me. (Hebritɔwo 8:10, 11) Wolɔ̃ be yewoaku ɖe nusi dzi woxɔ se la ta.—Dɔwɔwɔwo 7:51-60.

10. Agbanɔamedzi kae Kristotɔ gbãtɔwo xɔ, eye eƒe kpɔɖeŋu kae li míakpɔ egbea?

10 Amesiwo xɔ Kristotɔwo ƒe nufiafia kpɔe dze sii be enye yewoƒe agbanɔamedzi be yewoagblɔ nyateƒea ŋu nya na ame bubuwo. Esia na nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽmea yi edzi dzi ɖe edzi. Biblia-nyala aɖe gblɔ be: “Womebu be xɔsea ŋu nya gbɔgblɔ na ame bubuwo nye amesiwo me dzo le ŋutɔ alo amesiwo wotia be woanye mawunyagblɔlawo ɖeɖeko ƒe dɔ o. Mawunyagbɔgblɔ nye gomenɔamesi kple Hametɔ ɖesiaɖe ƒe dɔ. . . . Alesi Kristotɔawo katã lɔ̃ faa yia amewo gbɔe nye nusi de dzo Kristotɔnyenye me ale gbegbe tso gɔmedzedzea me ke.” Eŋlɔ yi edzi be: “Mawunyagbɔgblɔ koŋue nye Kristotɔ gbãtɔwo ƒe agbeʋu.” Aleae wòle le Kristotɔ vavãwo hã gome egbea.

Takeke Yi Nutowo Katã Me

11. Dzidziɖedzi ka tɔgbe ŋue woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo 12:24, eye mɔ ka nue wòto va?

11 Teƒe evelia si woƒo nu tso Mawu ƒe nya ƒe takeke ŋu le enye Dɔwɔwɔwo 12:24: “[Yehowa ƒe nya] la tsi, eye wòkeke ta.” Nyaa ƒe takeke yi nutowo katã me ŋue nyagbea ku ɖo le afisia. Togbɔ be dziɖuɖuwo tsi tre ɖe dɔa ŋu hã la, eyi edzi kpɔ dzidzedze. Yerusalem ye wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe anyi le zi gbãtɔ, eye tso afima la, nyaa keke ta kabakaba. Nusrɔ̃laawo yome titi le Yerusalem na wokaka ɖe Yudea kple Samaria nutowo katã me. Nukae do tso eme? “Amesiwo ka hlẽ la, le tsatsam hele nyanyui la gblɔm fia.” (Dɔwɔwɔwo 8:1, 4) Wofia mɔ Filipo wòyi ɖaɖi ɖase na ŋutsu aɖe, eye le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, etsɔ gbedasia yi Etiopia. (Dɔwɔwɔwo 8:26-28, 38, 39) Enumake nyateƒea ɖo Lida kple Saron-tagba kple Yope. (Dɔwɔwɔwo 9:35, 42) Emegbe apostolo Paulo zɔ mɔ kilometa akpe geɖe le ƒu kple anyigba dzi, henɔ hamewo ɖom ɖe Mediterranea-dukɔ geɖe me. Apostolo Petro yi Babilon. (Petro I, 5:13) Le gbɔgbɔ kɔkɔea kɔkɔ ɖe anyi le Pentekoste ƒe ƒe 30 megbe la, Paulo ŋlɔ bena ‘woɖe gbeƒã nyanyuia na nuwɔwɔwo katã le dziƒo te,’ eye anye xexeme si wonya ɣemaɣi ŋue wònɔ nu ƒom tsoe.—Kolosetɔwo 1:23.

12. Aleke amesiwo tsi tre ɖe Kristotɔnyenye ŋu lɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe nya la keke ta ɖo nutowo katã mee?

12 Amesiwo tsi tre ɖe Kristotɔnyenye ŋu gɔ̃ hã  lɔ̃ ɖe edzi be Mawu ƒe nya la xɔ Roma Fiaɖuƒea katã. Le kpɔɖeŋu me, Dɔwɔwɔwo 17:6 gblɔ be tsitretsiɖeŋulawo gblɔ le Tesalonika, dziehe Hela, be: “Amesiwo de zi xexeame la, wova afisia hã.” Emegbe le ƒe alafa evelia ƒe gɔmedzedze la, Pliny Suetɔ ŋlɔ agbalẽ tso Bithynia ɖo ɖe Roma Fiagã Trajan tso Kristotɔnyenye ŋu. Efa konyi be: “Menye dugãwo ɖeɖeko mee wòɖo o, ke eƒe aɖi wuamea kaka ɖe kɔƒeduwo kple dukɔa me.”

13. Mɔ ka nue nyaa ƒe takeke ɖo nutowo katã me nye Mawu ƒe lɔlɔ̃ na ameƒomea ɖeɖefia?

13 Nyaa ƒe kaka ɖe nutowo katã me alea nye lɔlɔ̃ deto si le Yehowa si na ameƒomea me tɔ siwo lɔ̃ be yewoakpɔ xɔxɔ la ɖeɖefia. Esi Petro kpɔ be wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ Kornelio dzi la, egblɔ be: “Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Ẽ, nyanyuia nye gbedasi na amesiame ƒomevi ɣemaɣi, eye amesiame tɔe wònye egbea hã, eye Mawu ƒe nya la ƒe takeke ɖo nutowo katã me na mɔnukpɔkpɔ amesiame le afisiafi woaxɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃. Le ƒe alafa 21 lia sia me la, Mawu ƒe nya la keke ta ɖo anyigbaa ƒe akpa sia kpa ŋutɔŋutɔ.

Takeke si Ðu Dzi

14. Dzidziɖedzi ka tɔgbe ŋue woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo 19:20, eye nuka dzie Mawu ƒe nya la ɖu?

14 Teƒe etɔ̃lia si Mawu ƒe nya ƒe takeke dze le enye Dɔwɔwɔwo 19:20: “[Yehowa] ƒe nya la tsi kple ŋusẽ, eye wòkpɔ dziɖuɖu.” Helagbe me nya si gɔme woɖe be “dziɖuɖu” le gɔmedzedzea me fia “ŋusẽkpɔkpɔ ɖe nu bubuwo dzi.” Kpukpui siwo do ŋgɔ gblɔ be ame geɖewo va zu xɔsetɔwo le Efeso, eye ame geɖe siwo kaa afa la tɔ dzo woƒe agbalẽwo le amewo katã ŋkume. Eyata Mawu ƒe nya la ɖu alakpasubɔsubɔ dzixɔsewo dzi. Nyanyuia ɖu mɔxenu bubuwo, abe yometiti ene, hã dzi. Naneke mete ŋu tsi enu o. Le esia hã me la, míekpɔ Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesi le míaƒe ŋkekea me.

15. (a) Nya kae Biblia-ŋutinyaŋlɔla aɖe ŋlɔ tso Kristotɔ gbãtɔwo ŋu? (b) Ameka gbɔe nusrɔ̃laawo gblɔ be yewoƒe dzidzedzekpɔkpɔa tso?

15 Apostolo kple Kristotɔ gbãtɔ bubuwo ɖe gbeƒã Mawu ƒe nya la dzonɔamemetɔe. Bibliaŋutinyaŋlɔla aɖe gblɔ le wo ŋu be: “Ne didia le amewo me be yewoaƒo nu tso woƒe Aƒetɔ ŋu la, wotoa mɔ geɖe nu wɔnɛ. Le nyateƒe me la, nusi le ŋutsu kple nyɔnu siawo ʋãm ye wɔ dɔ ɖe mía dzi wu mɔnu siwo dzi wotona wɔa dɔa.” Ke hã, Kristotɔ gbãtɔ mawo nya be yewoƒe subɔsubɔdɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔ menɔ te ɖe yewoƒe agbagbadzedze ɖeɖe dzaa ko dzi o. Mawue de dɔ asi na wo be woawɔ, eye Mawue da megbe na wo be woawɔe. Gbɔgbɔmedzidziɖedzi tsoa Mawu gbɔ. Apostolo Paulo lɔ̃ ɖe esia dzi le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Korinto-hamea me. Eŋlɔ bena: “Nye la medo nu, eye Apolo de tsii, ke Mawue nana wotsina nyuie. Elabena Mawu ƒe hadɔwɔlawo míenye.”—Korintotɔwo I, 3:6, 9.

 Gbɔgbɔ Kɔkɔea Le Dɔ Dzi

16. Nukae ɖee fia be gbɔgbɔ kɔkɔea do ŋusẽ nusrɔ̃lawo woƒo nu kple dzideƒo?

16 Ðo ŋku edzi be Yesu na kakaɖedzi eƒe nusrɔ̃lawo bena gbɔgbɔ kɔkɔea awɔ akpa aɖe le Mawu ƒe nya ƒe takeke me eye be gbɔgbɔ kɔkɔea ado ŋusẽ nusrɔ̃laawo le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. (Dɔwɔwɔwo 1:8) Aleke esia dzɔe? Esime wokɔ gbɔgbɔa ɖe nusrɔ̃laawo dzi le Pentekoste megbe kpuie la, wohe Petro kple Yohanes yi Yudatɔwo ƒe Sanhedrin, si nye ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ le anyigba ma dzi, si ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ta dzie Yesu Kristo wuwu ƒe agba le, la ŋku me be woaƒo nu. Ðe apostoloawo adzo nyanyanya kple vɔvɔ̃ le tsitretsiɖeŋulawo ƒe ʋɔnu gã ma ŋkumea? Kura koŋ o! Gbɔgbɔ kɔkɔe do ŋusẽ Petro kple Yohanes woƒo nu kple dzideƒo ale gbegbe be woƒe futɔwo ƒe mo wɔ yaa, eye ‘wova dze sii be woa kple Yesue nɔ anyi.’ (Dɔwɔwɔwo 4:8, 13) Gbɔgbɔ kɔkɔea ʋã Stefano hã wòɖi ɖase na Sanhedrin la kple dzideƒo. (Dɔwɔwɔwo 6:12; 7:55, 56) Do ŋgɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔea ʋã nusrɔ̃laawo woɖe gbeƒã kple dzideƒo. Luka ka nya ta be: “Esi wodo gbe ɖa vɔ la, teƒe, si woƒo ƒu ɖo la, ʋuʋu; eye [gbɔgbɔ kɔkɔe] la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo.”—Dɔwɔwɔwo 4:31.

17. Mɔ bubu kawo hã nue gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe nusrɔ̃lawo ŋu le le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me?

17 Yehowa to eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe sẽŋu la dzi woa kple Yesu si wofɔ ɖe tsitre la fia mɔ gbeƒãɖeɖedɔa. (Yohanes 14:28; 15:26) Esi wokɔ gbɔgbɔa ɖe Kornelio, eƒe ƒometɔwo, kple exɔlɔ̃ veviwo dzi la, apostolo Petro kpɔe dze sii be Trɔ̃subɔdukɔ me tɔ aʋamatsomatsotɔwo ate ŋu adze woanyrɔ wo ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔa me. (Dɔwɔwɔwo 10:24, 44-48) Emegbe gbɔgbɔa wɔ akpa vevi aɖe le Barnaba kple Saul (apostolo Paulo) tiatia hena dutanyanyuigbɔgblɔdɔ wɔwɔ kple le mɔfiafia wo le afisi woayi kple afisi womayi o me. (Dɔwɔwɔwo 13:2, 4; 16:6, 7) Efia mɔ apostoloawo kple ame tsitsiwo le Yerusalem le nyametsotso wɔwɔ me. (Dɔwɔwɔwo 15:23, 28, 29) Gbɔgbɔ kɔkɔea na dzikpɔlawo ɖoɖo le Kristo-hamea me ŋuti mɔfiame hã.—Dɔwɔwɔwo 20:28.

18. Aleke Kristotɔ gbãtɔwo ɖe lɔlɔ̃ fiae?

18 Gakpe ɖe eŋu la, gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe eɖokui fia le Kristotɔawo ŋutɔ hã me, si na woɖe mawumenɔnɔmewo, abe lɔlɔ̃ ene fiana. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Lɔlɔ̃ ʋã nusrɔ̃laawo woma woƒe nuwo kple wo nɔewo. Le kpɔɖeŋu me, le Pentekoste ƒe 33 M.Ŋ. megbe la, nusrɔ̃lawo tsɔa woƒe ga ƒoa ƒu tsɔ kpɔa nusrɔ̃la siwo le Yerusalem la ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔe. Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ be: “Hiãtɔ aɖeke mele wo dome o; elabena ame geɖe alesi si anyigbawo alo xɔwo le la, tsɔ wo dzra, eye wotsɔ nusiwo wodzra la ƒe home vɛ, eye wotsɔe da ɖe apostolowo ƒe afɔ nu; eye womãe na amesiame le ɖesiaɖe ƒe hiahiã nu.” (Dɔwɔwɔwo 4:34, 35) Menye haxɔsetɔwo ɖeɖekoe woɖe lɔlɔ̃ sia fiae o, ke woɖee fia ame bubuwo hã, le nyanyuia gbɔgblɔ kple dɔmenyonu bubuwo hã wɔwɔ me. (Dɔwɔwɔwo 28:8, 9) Yesu gblɔ be ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe lɔlɔ̃ ye anye dzesi le ye yomedzelawo ŋu. (Yohanes 13:34, 35) Vavãe nɔnɔme vevi si nye lɔlɔ̃ he amewo va Mawu  gbɔ eye wònye nusiwo na nyaa keke ta le ƒe alafa gbãtɔa me dometɔ ɖeka abe alesi wòwɔnɛ egbea ene.—Mateo 5:14, 16.

19. (a) Mɔ etɔ̃ kawo nue Yehowa ƒe nya la keke ta le le ƒe alafa gbãtɔ me? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

19 Le wo katã me la, nyagbe “gbɔgbɔ kɔkɔe” dze zi 41 le Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me. Edze ƒã be Kristotɔ vavãwo ƒe dzidziɖedzi le ƒe alafa gbãtɔ me do ƒome kplikplikpli kple gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ kple mɔfiafia. Nusrɔ̃laawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi, Mawu ƒe nya la keke ta de teƒe geɖe, eye wòɖu subɔsubɔhawo kple xexemenunya siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi mawo me la dzi. Ƒe alafa gbãtɔa me dzidziɖedzia ƒe kpɔɖeŋu dze le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔna ŋu egbea. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro Mawu ƒe nya ƒe takeke si ɖe dzesi nenema ke le egbeŋkekea me la me.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke nusrɔ̃la gbãtɔwo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzii?

• Mɔ ka nue Mawu ƒe nya la keke ta ɖo nutowo katã me le?

• Mɔ ka nue Mawu ƒe nya la ɖu dzi le ƒe alafa gbãtɔ me le?

• Akpa kae gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ le Mawu ƒe nya la ƒe takeke me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Filipo ɖe gbeƒã na Etiopiatɔ la, si na be nyanyuia keke ta yi nuto geɖe me

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ apostolowo kple amegã xoxowo le Yerusalem

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 10]

Etame nuɖusime dzogoe dzi: Reproduction of the City of Jerusalem at the time of the Second Temple-located on the grounds of the Holyland Hotel, Jerusalem